‘Nyɔnu Nyui si Srɔ̃ Kpɔa Dzidzɔ’
ƔEAÐEWOƔI la, ame aɖewo tsoa Yehowa Ðasefowo nu tẽ be wogblẽa srɔ̃ɖeɖe me na ame. Gake srɔ̃ɖeɖe geɖe siwo me srɔ̃tɔ ɖeka ko nye Yehowa Ðasefo le siwo kpɔ dzidzedze la ɖee fia be nya sia menye nyateƒe o. Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo ŋudɔwɔwɔ le ƒomegbenɔnɔ me naa dzidzɔkpɔkpɔ nɔa srɔ̃ɖeɖe me, abe alesi lɛta si gbɔna si wota ɖe Franse nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me ɖee fia ene.
“Ƒe 28 kloe nye sia si meɖe nyɔnu nyui aɖe si va zu Yehowa Ðasefo eye magblɔ be mele dzidzɔ kpɔm ale gbegbe. Enyi vi atɔ̃, siwo dometɔ eve menye eya ŋutɔ ƒe viwo o nam, eye wòlé be na wo katã sɔsɔe helɔ̃ wo vevie. Fifia si menye adzɔha si me dɔwɔla 45 le dzikpɔla la, mate ŋu agblɔ na mi kakaɖedzitɔe be ekpe ɖe ŋunye ŋutɔ be nye dɔa kpɔ dzidzedze. Eyata esi mekpɔ nyati aɖe le nyadzɔdzɔgbalẽ si melɔ̃a xexlẽ me be Yehowa Ðasefowo nye afɔku na Lot-et-Garonne nutoa la, meɖoe be mana ɖaseɖiɖi si ŋu kpeɖodzi le la mi.”
Lɛtaa gblɔ hã be: “Womenoa atama alo mua aha o. Afɔkue esia nyea? Wonye Kristotɔ nugɔmesenamela siwo mezia se siwo dzi wozɔna ɖo ɖe ame aɖeke dzi o. Ke boŋ woɖoa kpɔɖeŋu nyui le nu geɖe me. . . . Womeƒoa wo ɖokui ɖe nufitifitiwɔwɔ le ganyawo me alo atikevɔ̃ɖisitsatsa me o. Womekaa atam be yewomaɖe srɔ̃ o, eye mate ŋu agblɔ na mi kakaɖedzitɔe be wokpɔa dzidzɔ le agbe me. . . .
“Ðewohĩ esɔ be nàbiam be: Ke nukatae wò ŋutɔ mènye Yehowa Ðasefo o? Nusitae nye be ehiã Kristotɔwo ƒe xɔse kple agbenyuinɔnɔ me léle ɖe asi sesĩe, eye menye amesiamee te ŋu wɔnɛ o.”