Èɖo Ŋku Wo Dzia?
Ðe Gbetakpɔxɔ siwo do nyitsɔ laa xexlẽ vivi nuwòa? Ne nenemae la, ke ŋkuɖoɖo nya siwo gbɔna dzi adzɔ dzi na wò:
◻ Nya siwo Kristotɔ eve ate ŋu abia wo ɖokui hafi ado srɔ̃ɖeɖe ŋugbe na wo nɔewo la dometɔ aɖewo ɖe?
‘Ðe meka ɖe amea ƒe gbɔgbɔmemenyenye kple ɖokuitsɔtsɔna Mawu dzi ŋutɔŋutɔa? Ðe mekpɔ be mía kple ame ma míate ŋu asubɔ Mawu le míaƒe agbemeŋkekewo katã mea? Ðe míenya mía nɔewo ƒe nɔnɔmewo nyuiea? Ðe meka ɖe edzi be míasɔ na mía nɔewo tegbeea? Ðe míenya nu tso mía nɔewo ƒe tsãgbenɔnɔ kple fifi nɔnɔmewo ŋu nyuiea?’—8/15, axa 31.
◻ Nukae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ na eyomedzelawo be: “Miawoe nye anyigba ƒe dze”? (Mateo 5:13)
Yesu ƒe nya siawo fia be gbeƒã si ye yomedzelawo aɖe tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu na amewo ate ŋu alé woƒe nyaselawo ɖe te, alo axɔ wo ɖe agbe. Le nyateƒe me la, woakpɔ amesiwo wɔa Yesu ƒe nyawo dzi la ta tso agbenɔnɔ kple gbɔgbɔ me nuwɔna gbegblẽ siwo yia edzi le xexeame la me.—8/15, axa 32.
◻ Aleke ame eve siwo le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe awɔ aƒo asa na gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ?
Ne gbeɖoɖoɖi le mia kple amesi nèdi be yeaɖe dome la, nunya manɔ eme be mi ame evea dzaa miaɖe vovo le nɔnɔme siwo medze o me o. Anyo awu be miazɔ kple mia nɔewo le ƒuƒoƒo me, alo mianɔ afisiwo amewo le. Miɖo seɖoƒe na lɔlɔ̃ɖeɖefia, eye amesiame nade bubu nɔvia ƒe seselelãme kple dzitsinya ŋu.—9/1, axa 17, 18.
◻ Nukae nye nugɔmesese?
Eyae nye ŋutete si wotsɔ kua nya me léa ŋku ɖe eƒe akpa vovovoawo ŋu be woanya alesi nya bliboa le si ana be woase egɔme. (Lododowo 4:1)—9/15, axa 13.
◻ Nukae Yehowa bia tso mía si egbea?
Nu vevitɔ si Yehowa bia tso mía si enye be míaɖo to Via eye míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu ahanɔ eƒe nufiafiawo yome. (Mateo 16:24; Petro I, 2:21)—9/15, axa 22.
◻ Amekawo koe ate ŋu anɔ ŋutifafa me?
Esi Yehowa nye “ŋutifafa Mawu” ta la, amesiwo lɔ̃ Mawu eye wodea bubu deto eƒe gɔmeɖose dzɔdzɔewo ŋu koe ate ŋu anɔ ŋutifafa me. (Romatɔ 15:33)—10/1, axa 11.
◻ Aleke Yosef wɔ te ŋu lé agbenyuinɔnɔ me ɖe asi eye wògbe Potifar srɔ̃ ƒe nyawo tso ŋkeke yi ŋkeke?
Yosef de asixɔxɔ geɖe eya kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu wu ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe vivisese. Gakpe ɖe eŋu la, togbɔ be Mawu ƒe se aɖeke meblae o hã la, Yosef nya gɔmeɖose siwo ku ɖe agbenyuinɔnɔ ŋu nyuie. (Mose I, 39:9)—10/1, axa 29.
◻ Aleke wòle vevie be míalɔ̃ faa atsɔ ake mía nɔviwo?
Alesi míalɔ̃ faa be míatsɔ ake mía nɔewo dzi koŋue tsɔtsɔke si míate ŋu akpɔ tso Mawu gbɔ la nɔ te ɖo. (Mateo 6:12, 14; Luka 11:4)—10/15, axa 17.
◻ Nuvɔ̃ ka ƒomeviwo ŋue Mateo 18:15-17 ƒo nu tsoe, eye nukae ɖe esia fia?
Nuvɔ̃ siwo Yesu wɔnɛ la lolo ale gbegbe be ate ŋu ana woabu amesi wɔe “abe trɔ̃subɔla kple nudzɔla ene.” Yudatɔwo medea ha kple Trɔ̃subɔlawo o, eye woƒoa asa na nudzɔlawo. Eyata nuvɔ̃ gãwo ŋue Mateo 18:15-17 me nyawo ku ɖo, menye ame nɔewo dome vodada alo dziku siwo woate ŋu atsɔ ake ahaŋlɔ be o. (Mateo 18:21, 22)—10/15, axa 19.
◻ Nukae Mawu ƒe Nya la lɔlɔ̃ ŋutɔŋutɔ fia?
Mawu ƒe Nya la lɔlɔ̃ na wonɔa agbe ɖe eme nudidiwo nu. (Psalmo 119:97, 101, 105) Esia bia be ame nanɔ asi trɔm le eƒe tamebubu kple alesi wònɔa agbee ŋu ɣesiaɣi.—11/1, axa 14.
◻ Esi Yehowa na nu geɖe mí ta la, nukae míawo hã míate ŋu atsɔ na Fia kple Nunala gãtɔ kekeake la?
Biblia ɖee fia be nunana nyuitɔ kekeake si míate ŋu atsɔ na Yehowa enye “kafukafuvɔsa.” (Hebritɔwo 13:15) Nukatae? Elabena vɔsa sia do ƒome tẽ kple agbexɔxɔ si nye nu vevi aɖe na Yehowa le nuwuɣi sia me. (Xezekiel 18:23)—11/1, axa 21.
◻ Nukae Salomo wɔnɛ esime wògblɔ be: “Nunyalawo ƒe nyawo le abe ŋu . . . ene”? (Nyagblɔla 12:11)
Amesiwo si mawumenunya le ƒe nyawo ƒona ɖe nyaa xlẽlawo alo eselawo be woawɔ ŋgɔyiyi wòawɔ ɖeka kple nya siwo me nunya le siwo woxlẽ alo se.—11/15, axa 21.
◻ Nukae nye mawumenugɔmesese?
Enye ŋutete si anɔ ame si be wòate ŋu ade vovototo nyui kple vɔ̃ dome ahatia mɔ nyuitɔa. Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ kple etsɔtsɔ wɔ dɔe naa nugɔmesese sua ame si.—11/15, axa 25.
◻ Nukae wòle be ame nawɔ tsɔ kpe ɖe lɔlɔ̃ faa axɔ agbanɔamedziwoe ŋu? (Timoteo II, 3:1)
Ele be woabu nuwo ŋu nyuie hafi alɔ̃ axɔ wo. Mele be ame aɖeke naxɔ dɔdasiwo fũ akpa si awɔe be dzi magadzɔe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me o. Ðokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ nyo ŋutɔ, gake ele be dadasɔ kple ‘susu ŋudɔwɔwɔ nyuie’ hã nadze le ɖokuitsɔtsɔna me. (Tito 2:12; Nyaɖeɖefia 3:15, 16)—12/1, axa 28.
◻ Aleke woate ŋu akpe akɔ kple vinyinyi me kuxiwoe?
Mawu xlɔ̃ nu dzilawo be woanye kpɔɖeŋuɖolawo, zɔhɛwo, dzeɖolawo, kple nufialawo.—Mose V, 6:6, 7.—12/1, axa 32.