INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w00 1/1 axa 32
  • Ne ‘Ya Le Ƒoƒom Le Mía Kpem’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne ‘Ya Le Ƒoƒom Le Mía Kpem’
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
w00 1/1 axa 32

Ne ‘Ya Le Ƒoƒom Le Mía Kpem’

Esime Nyanyuiŋlɔla Marko nɔ nusi teƒe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kpɔ esime wonɔ tɔdziʋu me nɔ agbagba dzem be yewoatso Galilea Ƒua ɖɔm la, egblɔ be “wole fu kpem le [ʋua kuku] me; elabena ya ƒo le wo kpem.” Esi Yesu kpɔtɔ nɔ ƒua dzi la, ekpɔ fu si kpem wonɔ, eye wòzɔ ƒua dzi nukutɔe ɖakpe wo. Esi ‘wòge ɖe wo gbɔ le ʋu la me la, ya la dzudzɔ.’—Marko 6:48-51.

Biblia-ŋlɔla sia ke ka nya ta be le ɣeyiɣi aɖe si do ŋgɔ me la, “ahom sesẽ aɖe va tu.” Eye Yesu “[blu] ɖe ya la ta, . . . tete ya la dzudzɔ ƒoƒo, eye ɖoɖoe gã aɖe zi.”—Marko 4:37-39.

Togbɔ be mɔnukpɔkpɔ mesu mía si egbea be míakpɔ nudzɔdzɔ wɔnuku siawo teƒe o hã la, míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso wo me. Esi míenye amegbetɔ madeblibowo le ɣeyiɣi vɔ̃wo me ta la, míevo tso fukpekpe ƒe yaƒoƒowo me o. (Timoteo II, 3:1-5) Le nyateƒe me la, míasee le mía ɖokui me ɣeaɖewoɣi be dodokpɔ siwo vaa mía dzi ƒe fukpekpewo nu le sesẽm abe ahom sesẽ si le tutum ene. Gake míate ŋu akpɔ gbɔdzɔe! Yesu le mía kpem be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana dzudzɔ mi.”—Mateo 11:28.

Ne edze abe ɖe ‘ya le ƒoƒom le mía kpem’ ene la, míaƒe dzi ate ŋu ‘adze eme.’ Alekee? Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa Mawu ƒe ŋugbedodo siwo medoa kpo nu o la ŋu.—Tsɔe sɔ kple Yesaya 55:9-11; Filipitɔwo 4:5-7.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe