INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w00 4/15 axa 32
  • Nunana si Ŋu Asixɔxɔ Le le Yehowa Ŋku Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nunana si Ŋu Asixɔxɔ Le le Yehowa Ŋku Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
w00 4/15 axa 32

Nunana si Ŋu Asixɔxɔ Le le Yehowa Ŋku Me

Woŋlɔ lɛta si gbɔna ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Mozambique:

“Menye ŋutsuvi si xɔ ƒe adre. Mekpɔtɔ le gɔmedzesuku. Mele ga sia si mekpɔ to koklonyinyi me la ɖom ɖe mi. Medzrae Meticais 12,000 [$1.00, U.S.]. Meda akpe na Yehowa be wòna koklo gbãtɔ si menyi kpɔ la tsi zu koklotsu. Medi be miazã nye nunanaa atsɔ awɔ Yehowa ƒe Fiaɖuƒedɔae.

“N.B. Fofonyee kpe ɖe ŋunye meŋlɔ lɛta sia.”

Ame aɖewo susunɛ be amesiwo si ŋutilãmenu gbogbowo le koe ate ŋu anyo dɔme. Gake ne míexlẽ Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe ahosi si tsɔ ‘lepta eve siwo ƒe home mede naneke o’ de nudzɔɖakaa me ŋuti la, míate ŋu akpɔe adze sii be menye nu agbɔsɔsɔme si ame na ye wotsɔ dzidzea eƒe dɔmenyonyo o, ke boŋ dzi ƒe ameʋaʋã nyuitɔ si ʋãe be wònae ye.—Luka 21:1-4.

Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe nunana ɖesiaɖe si tso dzi si lɔlɔ̃ ʋã me ŋu, eɖanye aleke kee wòle sue o. Eye edudua eƒe yayra kɔna ɖe amesiwo srɔ̃a eƒe dɔmenyowɔwɔ to woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, alo ŋutilã me nuwo zazã ɖe Fiaɖuƒe nuwo ŋu me la dzi.—Mateo 6:33; Hebritɔwo 6:10.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe