“Wonye Ðekawɔwɔ Ƒe Kpɔɖeŋu”
EMAE nye tanya si woɖo na nyadzɔdzɔ aɖe si wota le Indaiatuba, São Paulo, Brazil. Amekawoe nye kpɔɖeŋua? Nuŋlɔlaa ɖe nu me be: “Yehowa Ðasefowo, amesiwo ɖoe be yewoatu ‘Fiaɖuƒe Akpata’ yeye, si nye alesi woyɔa woƒe gbedoxɔ alo takpexɔwoe, la le ɖekawɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nyui matrɔmatrɔ aɖe si dzi womate ŋu aŋe aɖaba aƒui o la ɖom ɖi.”
Ðekawɔwɔ si le Yehowa Ðasefowo dome la ɖea dzesi le wɔna siawo tɔgbe wɔƒe. Eyata nyatia ɖee fia be: “Ewɔa dɔ ɖe ame dzi ale gbegbe be woakpɔ ŋutsu, nyɔnu, kple ƒewuivi lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo woanɔ dɔ wɔm faa ɖekae be yewoatu xɔ si me yewoaƒo ƒu ɖo ɖekae asubɔ Mawu.”
Yehowa Ðasefowo ɖoa kpɔɖeŋu nyui le nu bubuwo hã me. Nuŋɔŋlɔa gblɔ kpee be: “Tsɔ kpe ɖe nusɔsrɔ̃ kple gbedodoɖa ŋu la, woƒe taɖodzinu enye be yewoatrɔ asi le ahatsunolawo kple atikevɔ̃ɖizãlawo ŋu woagbugbɔ aɖɔ woƒe agbe ɖo eye yewoafia ɖekawɔwɔ kple lɔlɔ̃ ƒe mɔ amewo.” Mɔ ka nue wotona ɖoa esia gbɔ? Ðasefowo nya be Biblia sɔsrɔ̃ kple eƒe aɖaŋuɖoɖo dzi wɔwɔ kpena ɖe ame ŋu wòdzudzɔa nugbegblẽwɔwɔ. Ema tae wodzea agbagba be yewoafia nusi yewosrɔ̃ tso Biblia me la ame bubuwo. Nyadzɔdzɔa wu enu be: “Ðikeke mele eme o be [woƒe] kpɔɖeŋua nye esi hiã kpata be woasrɔ̃.”
Amesiame ate ŋu ava Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo faa, eye womedzɔa ga le ame aɖeke si o. Míetsɔ vividoɖeameŋu le kpewòm be nàɖi tsa ayi Fiaɖuƒe Akpata si te ɖe ŋuwò me.