INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w02 4/1 axa 32
  • Mètsi Akpa na Nusɔsrɔ̃ O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mètsi Akpa na Nusɔsrɔ̃ O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
w02 4/1 axa 32

Mètsi Akpa na Nusɔsrɔ̃ O

WODZI Kseniya le ƒe 1897 me. Vinyɔnuvi 3, viŋutsuvi ɖeka, mamayɔvi 15, kple mamagãyɔvi 25 ye le esi. Le eƒe agbe me katã la, nusiwo edzilawo fiae ye wòwɔna. Togbɔ be eʋu tso Abkhaz-dukɔ si ŋu aʋawɔwɔ gblẽ nu le, si le Ƒu Yibɔa kple Caucasus dome va nye sitsoƒedila le Moscow hã la, ekpɔ ŋudzedze ɖe eƒe agbe ŋu, vevietɔ ɖe nusi wòyɔ be yeƒe xɔse si dome yenyi la ŋu.

Le ƒe 1993 me la, Kseniya vinyɔnu Meri, va zu Yehowa Ðasefo. Meri dze dzeɖoɖo gɔme tso Yehowa Mawu kple Biblia ŋu na Kseniya, gake medi be yeaɖo to o. Kseniya nɔ egbɔgblɔ dzi na via be, “Metsi akpa na nu yeye sɔsrɔ̃.”

Ke hã vianyɔnu Meri; mamayɔvia srɔ̃nyɔnu, Londa; kple mamagãyɔvi siwo nye Nana kple Zaza, siwo katã zu Yehowa Ðasefowo la, yia edzi nɔa nu ƒom nɛ tso Biblia ŋu. Gbeɖeka fiẽ le ƒe 1999 me la, woxlẽ ŋɔŋlɔ aɖe na Kseniya si ʋã dzi nɛ. Yesu ƒe nya ʋãme siwo wògblɔ na eƒe apostolo wɔnuteƒewo, esime wònɔ Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖom anyi ƒe nyawoe woxlẽ nɛ. (Luka 22:19, 20) Le fiẽ ma, le eƒe ƒe 102 xɔxɔ me la, Kseniya tso nya me be yeadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme.

Kseniya gblɔ be: “Le agbe nɔnɔ ƒe 102 vɔ megbe la, meva se agbe gɔme mlɔeba. Medze sii azɔ be naneke menyo wu mía Mawu Yehowa, amesi nyo eye wòlɔ̃a ame la subɔsubɔ o. Ŋusẽ le ŋunye eye mele lãmese me kokoko. Mete ŋu xlẽa nu gaŋkui mazãmazãe hewɔa ɖeka kple nye ƒomea bliboe.”

Le November 5, 2000 dzi la, Kseniya xɔ nyɔnyrɔ. Egblɔ be: “Fifia la, metsɔ nye agbe na Yehowa be masubɔe lɔlɔ̃tɔe. Menɔa anyi ɖe ʋuɖoƒe si te ɖe nye aƒe ŋu henaa magazine kple trakt amewo. Ƒometɔwo va srãa mí kpɔna edziedzi, eye megblɔa Yehowa ŋu nyateƒea na wo dzidzɔtɔe.”

Kseniya le mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me ‘dzo aɖo eƒe lãme wu ɖetugbi tɔ, eye wòagaɖo eƒe ɖetugbiŋkekewo me.’ (Hiob 33:25) Ne amesi xɔ ƒe 100 kple edzivɔ mese le eɖokui me be yetsi akpa asrɔ̃ gɔmesese si le agbe ŋu tso Biblia me o la, ke wò hã ɖe?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe