INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w03 4/15 axa 32
  • Aleke Gbegbee Amenuveve Le Vevie?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Gbegbee Amenuveve Le Vevie?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
w03 4/15 axa 32

Aleke Gbegbee Amenuveve Le Vevie?

BIBLIA gblɔ be: ‘Amenuveve enye amegbetɔ ƒe atsyɔ̃.’ (Lododowo 19:22) Nyateƒee wònye be amenuveve siwo lɔlɔ̃ ʋãa ame be wòaɖe afia la nyoa ame ŋu vavã. Ke hã, nya “amenuveve” si le Biblia me la ku ɖe dɔmenyo si woadi be woaɖe afia le kadodo si li xoxo, abe dɔmenyo si ame ɖeka wɔ na nɔvia va yi ene la ta. Esia fia be ebia be woanye nuteƒewɔla.

Yuda-fia Yoas mete ŋu tu nɔnɔme nyoameŋu sia ɖo o. Enyi akpedada ƒe fe gã aɖe le tea, kple etɔgã, Yoyada ŋu. Esi Yoas mekpɔ xɔ ƒe ɖeka o la, mamaa vɔ̃ɖi la ɖo eɖokui fianyɔnui eye wòwu Yoas nɔviŋutsu siwo ava nyi fiazikpuia dome la katã. Gake mete ŋu wu Yoas, si nye ɖevi sue ya o elabena tea kple etɔgã tsɔe ɣla nyuie. Wofia Mawu ƒe Sea hãe. Esi Yoas xɔ ƒe adre la, etɔgã zã eƒe ŋusẽ abe nunɔlagã ene hena wowu fianyɔnu vɔ̃ɖi la eye wòɖo Yoas fiae.—Kronika II, 22:10–23:15.

Yoas ɖu fia le mɔ nyui nu vaseɖe esime etɔgã la ku, eye emegbe la, eva trɔ ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu. Mawu dɔ Zaxarya, si nye Yoyada viŋutsu, be wòaɖaxlɔ̃ nu Yoas le eƒe xɔsegbegbea ŋu. Yoas na woƒu kpe Zaxarya wòku. Nuteƒemawɔmawɔ na ƒome si ŋu wònyi fe gbogbo aɖe le ƒe nuwɔna dovoɖiname kae nye si!—Kronika II, 24:17-21.

Biblia gblɔ be: “Ke fia Yoas meɖo ŋku alesi [Zaxarya fofo] ve enu la dzi o, eye wòwu via.” Esi Zaxarya ɖo eƒe kudonu la, egblɔ be: “Yehowa kpɔe, eye abia eta.” Abe alesi Zaxarya gblɔe ɖi ene la, Yoas va dze dɔ vevie eye eya ŋutɔ ƒe subɔviwo wui.—Kronika II, 24:17-25.

Le esi teƒe be míava nɔ abe Fia Yoas ene la, amesiwo katã wɔna ɖe nuxlɔ̃amenya sia dzi la akpɔ yayrawo le etsɔme, esi gblɔ be: “Amenuveve kple nyateƒe megate ɖa le ŋuwò o. . . . Ekema amenuveve . . . asu asiwò le Mawu kple amegbetɔwo ŋku me.”—Lododowo 3:3, 4.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe