Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
Woadzro biabia siwo gbɔna me eye woagblɔ ŋuɖoɖoawo tẽ le April 26, 2004 ƒe kwasiɖaa ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Sukudzikpɔlaa akpɔ miniti 30 ƒe numetoto si wotu ɖe March 1 vaseɖe April 26, 2004 ƒe dɔdasiwo dzi la dzi. [Mide Dzesii: Le biabia siwo yome womefia asi nyawo tsoƒe o la, ahiã be wò ŋutɔ nàwɔ wò numekuku be nàke ɖe ŋuɖoɖoawo ŋu.—Kpɔ Subɔsubɔ Suku gbalẽa, axa 36-7.]
NUƑOƑO ƑE NUDIDIWO
1. Ne míele nuƒo ƒom la, nukatae wòanyo be míazã nuƒogbalẽ si dzi míeŋlɔ nya veviawo ɖo kpuie ko tsɔ wu be míazã nuƒogbalẽ si dzi míeŋlɔ nya sia nya ɖo? [be-EW axa 166 mm. 3]
2. Ne míele dzadzram ɖo ɖe gbeadziyiyi ŋu la, aleke míate ŋu aɖo nya siwo míagblɔ la ɖe susu mee? [be-EW axa 167 mm. 3]
3. Zã nya siwo le Dɔwɔwɔwo 13:16-41 kple Dɔwɔwɔwo 17:2, 3 nàtsɔ aɖe alesi Paulo ‘ɖee fiae kɔte bena Yesu ye nye Kristo’ la me. (Dɔw. 9:22) [be-EW axa 170 mm. 2]
4. Viɖe siwo le nuƒoƒo faa tso susu me ŋu dometɔ aɖewo ɖe? [be-EW axa 175 mm. 1-4]
5. Kuxi kawoe ate ŋu ado mo ɖa le nuƒoƒo faa tso susu me la me, eye nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na wo? [be-EW axa 175 mm. 5–axa 176 mm. 3]
DƆDASI GBÃTƆ
6. Le nuŋlɔɖi si le Mose I, 32:25-33 nu la, nukae Yakob si xɔ ƒe 97 wɔ hafi Yehowa yrae, eye nufiame kae le eme na mí? [w02-EW 8/1 axa 29-31]
7. Nukae nye ‘tamebubu ŋutete,’ eye aleke wòate ŋu akpe ɖe mía ŋui be míagatra alo ahe dzigbagbã va mía ɖokui dzi madzemadzee o? (Lod. 1:4) [w02-EW 8/15 axa 21-2]
8. Aleke dutoƒonuƒolawo ate ŋu ana be woƒe nuƒowo nanɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzii? [be-EW axa 52 mm. 6–axa 53 mm. 5]
9. Ne nuƒola aɖe be yeatrɔ asi le nuƒogbalẽ aɖe, si dzi woŋlɔ nya veviawo ko ɖo, ŋu be wòazu Ŋɔŋlɔawo me numeɖeɖe deto aɖe la, nyametsotso kawoe wòle be wòawɔ? [be-EW axa 54 mm. 2-4]
10. Nukatae Yehowa tsɔ mana nyi Israel-viwo kwasiɖa sia kwasiɖa, ɣleti sia ɣleti le gbeadzi, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso eme? (Mose V, 8:16) [w02-EW 9/1 axa 30 mm. 3-4]
KWASIÐA SIA KWASIÐA ƑE BIBLIA XEXLE
11. Le nya si dze le Mose I, 37:12-17 nu la, go ka mee Yosef kple Yesu sɔ le? [w87 5/1 axa 12 mm. 12]
12. Abe alesi míate ŋu ade dzesii le Mose I, 42:25-35 ene la, aleke Yosef ɖe nublanuikpɔkpɔ si sɔ kple nublanuikpɔkpɔ si Yesu ɖe fia la fiae? [w87 5/1 axa 18 mm. 10; axa 19 mm. 17]
13. Aleke nusi dɔla ƒe ha la nana egbea sɔ kple nuku mama si wowɔ le Yosef ƒe ŋkekea mee? (Mose I, 47:21-25)
14. Nukae Yehowa nɔ ɖeɖem fia ku ɖe eƒe ŋkɔa ŋu esi wògblɔ be “Amesi menye, eyae menye”? (Mose II, 3:14, 15)
15. Afɔku gã eve siwo le nyatoƒoetoto me kawoe dze le Mose II, 16:2, 3? [w93-EW 3/15 axa 20-1]