Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
oadzro biabia siwo gbɔna me eye woagblɔ ŋuɖoɖoawo tẽ le October 31, 2005, ƒe kwasiɖaa ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me. Sukudzikpɔlaa akpɔ miniti 30 ƒe numetoto si wotu ɖe September 5 vaseɖe October 31, 2005, ƒe dɔdasiwo dzi la dzi. [Mide Dzesii: Le biabia siwo yome womefia asi nyawo tsoƒe o la, ahiã be wò ŋutɔ nàwɔ wò numekuku be nàke ɖe ŋuɖoɖoawo ŋu.—Kpɔ Subɔsubɔ Suku gbalẽa, axa 36-7.]
NUƑOƑO ƑE NUDIDIWO
1. Mɔ ka nue míate ŋu akpɔ egbɔ le be nusiwo míefiana tso Mawu ƒe Nya la me ɖoa amewo ƒe dzi gbɔ? (Mat. 13:19) [be-EW axa 258 mm. 1-2, aɖaka]
2. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míana ame nalɔ̃ faa agblɔ nusi le eƒe dzi me, gake nuka ŋue wòle be míakpɔ nyuie le? [be-EW axa 259 mm. 1-2]
3. Ne míele nu fiam la, nukatae wòle vevie be míate gbe ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo dzi? [be-EW axa 260 mm. 1]
4. Mɔ ka nue míate ŋu akpe ɖe míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo ŋu le be woakpɔ nusiwo me wòhiã le be woawɔ ŋgɔyiyi le la adze sii? [be-EW axa 260 mm. 4–axa 261 mm. 1]
5. Nukae míate ŋu awɔ atsɔ ana kpekpeɖeŋu míaƒe Biblia-nusrɔ̃viwo alo nyaselawo be woalé ŋku ɖe nusi ʋãa wo wowɔa nu ŋu? [be-EW axa 262 mm. 2-3]
DƆDASI GBÃTƆ
6. Nukae wòfia be ‘woadi Yehowa vevie,’ eye mɔ ka nue míate ŋu aɖee afia le be míele edim vevie? (Heb. 11:6) [w03-EW 8/15 axa 25 mm. 2; axa 26 mm. 1-2; axa 27 mm. 2]
7. Nukae nye ‘nya siwo le blibo la ƒe kpɔɖeŋu,’ eye mɔ ka nue hamemetsitsiwo ate ŋu aɖee afia le be yewolé eme ɖe asi? (Tim. II, 1:13, 14) [w03-EW 1/1 axa 29 mm. 3–axa 30 mm. 1]
8. Nyagbɔgblɔ “Biblia-gbalẽ siwo dzi woda asi ɖo be wosɔ” la gɔme ɖe, eye nusiwo dzi wonɔa te ɖo xɔa Biblia-gbalẽ aɖe dea eme be esɔ anye Biblia-gbalẽ nyateƒe la dometɔ aɖewo ɖe? [si axa 299 mm. 5-6]
9. Nukatae Muratori ƒe Agbalẽ Kakɛ, (si nye agbalẽ si me woɖo Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔa me gbalẽwo ƒe ŋkɔwo ɖe ɖoɖo nu le) si woŋlɔ le ƒe alafa evelia M.Ŋ. ƒe nuwuwu ƒe kakɛ aɖe, nye agbalẽ vevi aɖe le kpeɖoɖo edzi be Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔa me gbalẽawo sɔ anɔ Biblia-gbalẽwo dome? [si axa 302 mm. 19]
10. Nya kae Ŋɔŋlɔawo ŋutɔ gblɔ si fia be woɖe mɔ be woava ɖe Biblia gɔme ɖe gbegbɔgblɔ bubuwo me, eye nuka dzie Biblia siwo gɔme woɖe le blema la ɖo kpee? [si axa 307 mm. 9]
KWASIÐA SIA KWASIÐA ƑE BIBLIA XEXLẼ
11. Ðe Fiawo II, 13:21 da asi ɖe amesiwo ku la ƒe ƒuwo alo woƒe nuzazãwo subɔsubɔ dzia?
12. Ðe Xizkiya bla nu kple Egiptea? (Fia. II, 18:19-21, 25)
13. Togbɔ be Assyria alo Asur tɔwo meƒo nu tso alesi Yehowa ɖu Sanxerib ƒe asrafowo dzi nukutɔe ŋu le woƒe blemanuŋlɔɖiwo me tẽ o hã la, nya ɖedzesi kae nède dzesii le nuŋlɔɖi mawo me? (Fia. II, 19:35, 36)
14. Amekae nye Sealtiel fofo? (Kron. I, 3:16-18)
15. Le Fia Saul ŋɔli la, aleke Ruben-viwo, Gad-viwo, kple Manase ƒe to afã la me tɔwo ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na Mawu subɔlawo katã egbeae? (Kron. I, 5:18-22)