Emenyawo
MAY 30, 2016–JUNE 5, 2016 ƑE KWASIÐA
3 Nuteƒewɔlawo Ƒe Nu Dzea Mawu Ŋu!
Nyati sia ana míakpɔ nu si kpe ɖe Yefta kple vianyɔnu ŋu wowɔ nuteƒe le nɔnɔme sesẽwo me. Eye míakpɔe hã be ne míaƒe nu dze Mawu ŋu la, esia xɔ asi wu nu sia nu si míetsɔ sa vɔe.
JUNE 6-12, 2016 ƑE KWASIÐA
9 “Mina Dzidodo Nawu Eƒe Dɔwɔwɔ Nu”
Ele be míado dzi va se ɖe nuwuwu hafi akpɔ agbe mavɔ. Nyati sia dzro nu ene aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu míado dzi, kple nuteƒewɔla etɔ̃ aɖewo ƒe dzidodo me. Eye eɖe dɔ si nu wòle be dzidodo nawu le mía dometɔ ɖe sia ɖe gome hã me.
JUNE 13-19, 2016 ƑE KWASIÐA
15 Nu Ka Tae Wòle Be Míaƒo Ƒu Asubɔ Mawu?
Nu geɖewo li siwo ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míade kpekpeawo edziedzi. Nyati sia ade dzi ƒo na mí be míagagblẽ míaƒe kpekpewo ɖi o, eye aɖe ale si kpekpeawo dede ɖea vi na mía kple mía nɔviwo kpakple nu si ta wòdzea Yehowa ŋu la me.
JUNE 20-26, 2016 ƑE KWASIÐA
21 Mègade Akpa Aɖeke Dzi Le Dunyawo Me O!
Yehowa ƒe amewo medea nu dunyawo me o, eye egbea dukplɔla geɖewo metsia dzi ɖe esia ŋu o. Gake esi míele nuwuwua gogom la, míate ŋu akpɔ mɔ be nuwo atrɔ. Le nyati sia me la, míadzro nu ene aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu be míanɔ Yehowa ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe me.