Emenyawo
JUNE 27, 2016–JULY 3, 2016 ƑE KWASIÐA
3 Mikpɔ Masɔmasɔwo Gbɔ Le Lɔlɔ̃ Me
Esi mí katã míede blibo o ta la, ɣeaɖewoɣi dzre ɖoa mía kple mía nɔviwo dome. Nyati sia adzro Biblia ƒe mɔfiame vevi aɖewo siwo akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ nyaʋiʋliwo gbɔ ale be ŋutifafa nanɔ mía dome la me.
JULY 4-10, 2016 ƑE KWASIÐA
9 “Miheyi Ðawɔ Dukɔwo Katã Me Tɔwo Woanye Nusrɔ̃lawo”
Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu si tae wònye nyateƒe be Yehowa Ðasefowo koe nye ƒuƒoƒo si le anyigba dzi si na Yesu ƒe nyagblɔɖi si le Mateo 24:14 la le eme vam. Míakpɔ nu si wòfia be míanye ‘ameɖelawo’ hã.—Mateo 4:19.
JULY 11-17, 2016 ƑE KWASIÐA
15 Nu Kae Akpe Ðe Ŋuwò Nàtso Nya Me Nyuie?
Ne èle nya me tsom la, nu si wò ŋutɔ nèsusu be esɔ koe nèwɔna? Alo ɖe nèbiaa amewo be woagblɔ nu si yeawɔ na yea? Nyati sia adzro nu si tae míaƒe nyametsotsowo anyo wu ne míebu Yehowa Mawu ƒe susu le eŋu hafi wɔe la me.
JULY 18-24, 2016 ƑE KWASIÐA
21 Ðe Biblia Kpɔtɔ Le Wò Agbenɔnɔ Trɔma?
Anɔ eme be èwɔ tɔtrɔ gãwo le wò agbe me hafi xɔ nyɔnyrɔ. Gake ɖe tɔtrɔ suesue siwo hiã be nàsrɔ̃ Yehowa kple Yesu nyuie wu la wɔwɔ le sesẽm na wòa? Nyati sia dzro nu si tae tɔtrɔ siawo wɔwɔ sesẽna na mí kple ale si Biblia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu me.
JULY 25-31, 2016 ƑE KWASIÐA
27 Na Yehowa Ƒe Nunanawo Naɖe Vi Na Wò Bliboe
Le nyati sia me la, míadzro nu siwo wòle be míatsri kple nu siwo míawɔ be Yehowa ƒe nunanawo katã naɖe vi na mí la me.