NƆ ŊUDZƆ!
Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Nɔnɔmewɔwɔwo Subɔsubɔ Ŋu?
Katolikotɔwo ƒe nyadzɔdzɔdɔwɔƒe aɖe gblɔ be le wɔna aɖe si wowɔ le St. Peter’s Basilica le March 25, 2022 dzi la, Katolikotɔwo ƒe fada gãtɔ Papa Francis tɔ ɖe Maria kpetata aɖe ŋkume eye “womia eƒe ŋkuwo bɔbɔ ta do gbe ɖa le susu me.” “Eɖe kuku na Maria” be woana ŋutifafa yewo. Vatikan ƒe nyadzɔdzɔdɔwɔƒea hã gblɔ kpe ɖe eŋu be “gbe si Papa la do ɖa la nye esi wodona ɖa to Maria dzi biaa Yesu be wòakpɔ ameƒomea katã ta, eye ebia ametakpɔkpɔ sia na Russia kple Ukraine etɔxɛ.”
Nu kae nèsusu? Ðe wòsɔ be míatɔ ɖe kpetata alo nɔnɔmewɔwɔwo ŋkume ado gbe ɖa, alo azã wo le mawusubɔsubɔ mea? Lé ŋku ɖe mawunyakpukpui siawo ŋu kpɔ:
“Mègawɔ legba alo nu siwo le dziƒo, alo anyigba dzi, alo nu siwo le tsi me le anyigba dzi la ƒe nɔnɔme na ɖokuiwò o. Mègade ta agu na wo o, eye mègasubɔ wo o, elabena nye Yehowa wò Mawu la, Mawu si biaa ɖokuitsɔtsɔna blibo ye menye.”—2 Mose 20:4, 5. a
“Woƒe legbawo nye klosalo kple sika, amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔ wonye. Nu li na wo, gake womeƒoa nu o; ŋku li na wo, gake womekpɔa nu o; to li na wo, gake womesea nu o; ŋɔti li na wo, gake womeʋẽa nu sena o; asi li na wo, gake wometea nu kpɔna o; afɔ li na wo, gake womezɔa azɔli o; womeƒoa nu to veme o. Ame siwo wɔa wo la anɔ abe woawo ke ene, nenema kee nye ame siwo katã ɖoa dzi ɖe wo ŋu la hã.”—Psalmo 115:4-8.
“Nyee nye Yehowa. Ŋkɔnyee; nyemama nye ŋutikɔkɔe kple ame bubu aɖeke o, alo atsɔ nye kafukafu ana legbawo o.”—Yesaya 42:8, etenuŋɔŋlɔ.
“Misi le trɔ̃subɔsubɔ nu.”—1 Korintotɔwo 10:14.
“Mikpɔ mia ɖokui dzi le trɔ̃wo ŋu.”—1 Yohanes 5:21.
Ne èdi be yeanya nu geɖe tso nya si Biblia gblɔ tso nɔnɔmewɔwɔwo zazã le mawusubɔsubɔ me ŋu la, xlẽ nyati si nye “Nu Si Biblia Gblɔ—Nɔnɔmewɔwɔwo” alo kpɔ video si nye Ðe Nɔnɔmewɔwɔwo Zazã Le Subɔsubɔ Me Dzea Mawu Ŋua?
Ðewohĩ àdi be yeanya nu si Biblia gblɔ tso nyati siawo hã ŋu:
“Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Ðetugbui Leaƒe Maria Ŋu?” (Ele yevugbe me.)
“Ðe Wòle Be Nàdo Gbe Ða Na Ðetugbui Leaƒe Maria?” (Ele yevugbe me.)
“Ðe Nukunuwo Kple Gbɔgbɔwo Kpɔkpɔ Nye Dzesiwo Tso Mawu Gbɔa?” (Ele yevugbe me.)
Fotoawo tsoƒe: Vincenzo Pinto/AFP via Getty Images
a Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. (Psalmo 83:18) Kpɔ nyati si nye “Ame Kae Nye Yehowa?”