Sɔhɛwo Biana Be . . .
Ameɖokuiwuwue Akpɔ Kuxia Gbɔa?
“Fɔfɔ ŋdi sia ŋdi va tim. Metɔtɔ. Mebi dzi. Nye dzi ɖea fu nam. . . . Eyata meva bu eŋu kpɔ be madzo. . . . Menye nye didie wònye be madzo ya o, gake ewɔ nam be ele be madzo. . . . Viviti kple fukpekpe koe nye nusiwo mekpɔ be wogbɔna dzinye va ge le etsɔ me.”—Lɛta si Peter si xɔ ƒe 21 si wu eɖokui la ŋlɔa
AMESIWO nya nu le sɔhɛ siwo wua wo ɖokui ŋu la gblɔ be le United States la, sɔhɛ siwo nye miliɔn eve sɔŋ ye dina be woawu wo ɖokui. Nublanuitɔe la, wo dometɔ siwo ade 5,000 te ŋu wua wo ɖokui ƒe sia ƒe. Gake menye United States ɖeɖekoe sɔhɛwo wua wo ɖokui le o. Sɔhɛ siwo ade 30,000 wu wo ɖokui le India le ƒe 1990 me. Le dukɔ siwo nye Canada, Finland, France, Israel, Netherlands, New Zealand, Spania, Switzerland, kple Thailand me la, sɔhɛ siwo wua wo ɖokui ƒe agbɔsɔsɔ va dzi ɖe edzi kpata ŋutɔ.
Nukae ame awɔ ne ese le eɖokui me be nuxaxa va glo ye—alo wòwɔ nɛ be vevesese na yexaxa eye menya alesi wòawɔ akpɔ gbɔdzɔe o? Adzroe be yeawu ye ɖokui, gake le nyateƒe me la, agbedomegbegblẽ dzodzro koe wònye. Nuxaxa kple vevesese koe wògblẽna ɖe megbe na xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo. Aleke ke ame ƒe etsɔ me doblukɔ eye eƒe kuxiwo dzi ŋɔe o, ame ɖokuiwuwu makpɔ kuxia gbɔ o.
Nusitae Ame Aɖewo Sena le Wo Ðokui me Nenema
Ame dzɔdzɔe Hiob nya alesi wònɔna ne mɔkpɔkpɔ bu ɖe ame. Esi wòbu eƒe ƒome, eƒe nunɔamesiwo, kple eƒe lãmesẽ vɔ megbe la, egblɔ be: “Nye luʋɔ di be, gbɔgbɔtsixe natsi ye ƒo, eye wòlɔ̃ ku wu ƒuɖiɖi glaŋglaŋ sia.” (Hiob 7:15) Ewɔna na egbe sɔhɛ aɖewo hã nenema. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be: “Nuteɖeamedzi. . . hea vevesese (nuveviwɔame kple vɔvɔ̃) [si] kplɔa ame yia ameɖokuitaʋiʋli (agbagbadzedze be woasi le vevesese nu) gbɔ la vɛ.” Eyata ameɖokuiwuwu nye agbagbadzedze manyomanyo be woasi le vevesese si wɔ abe ɖe wòglo ame ene la nu.
Nukae hea vevesese sia vɛ? Nudzɔdzɔ aɖewo, abe nya sesẽ aɖe hehe kple ame dzilawo alo ame ƒe ahiãvi ene ate ŋu ahee vɛ. Esi Brad si xɔ ƒe 16 kple eƒe ahiãvi dome gblẽ vɔ megbe la, mɔkpɔkpɔ bu ɖee. Gake megblɔ nusi nɔ fu ɖem nɛ la na ame aɖeke o. Ðeko wòde ka ve hewu eɖokui.
Sunita si xɔ 19 la va lé blanui esi edzilawo va de dzesii be enɔ agbe gbegblẽ nɔm kple eƒe ahiãvi. Eɖo ŋku edzi be: “Menya be nyemedi be mayi edzi anɔ agbe ma nɔm o. Eyata ɖeko meva aƒeme gbeɖeka ƒe zã eye melɔ atikekuiwo nɔ mimim. Esi ŋu ke ŋdi la, menɔ ʋu ɖem. Menye nye agbee medi be maɖe ɖa o ke boŋ nye agbenɔnɔe medi be matrɔ.”
Suku hã ate ŋu anye afisi nuteɖeamedzi sesẽwo atso. Ðekakpui si ŋkɔe nye Ashish megate ŋu dɔa alɔ̃ o eye wòɖea eɖokui ɖe aga, le esi edzilawo (siwo ŋutɔ nye aɖɔktawo) ƒoe ɖe enu be wòava zu ɖɔkta ta. Esi Ashish mete ŋu le edzilawo ƒe agbalẽsɔsrɔ̃ ƒe taɖodzinua gbɔ ɖom o la, elɔ alɔ̃dɔtikekui gbogbo aɖe mi. Esia ɖo ŋku Lododowo 15:13 dzi na mí le Biblia me be: “Ne dzi le nu xam la, ekema wɔna vɔna le dzideƒo ŋu.”
Ƒomexaxawo
Ƒome ƒe tɔtɔ—abe dzilawo ƒe wo nɔewo gbegbe alo woƒe kaklã, ƒomea me tɔ aɖe ƒe ku, alo ʋuʋu yi teƒe yeye—nye nya bubu si ta sɔhɛ aɖewo wua wo ɖokui. Le kpɔɖeŋu me, Brad si ŋu míeƒo tsoe va yi xɔlɔ̃ vevi eve kple nyruia ƒe vi ɖeka ku le lɔrifɔku aɖe me. Emegbe gakuxiwo va nɔ fu ɖem na eƒe ƒomea. Nu va ti kɔ na Brad. Ðeko wòse le eɖokui me abe hakpala la ene, amesi do ɣli be: “Fukpekpe ɖi ƒo na nye luʋɔ . . . Wo katã tim ɖe to ɖem.”—Psalmo 88:4, 18.
Wole nuxaxa ƒomevi bubuwo dom na sɔhɛ gbogbo aɖewo: wole ŋuta sẽm le wo ŋu le ŋutilã, susu, kple gbɔdɔdɔ me. India-du si nye Kerala nye afisi sɔhɛ siwo wua wo ɖokui sɔ gbɔ ɖo wu la dometɔ ɖeka le dukɔ ma me. Afima nyɔnuvi siwo le ƒewuiwo me la dometɔ geɖe dze agbagba be woawu wo ɖokui le esi wo fofowo sẽ ŋuta le wo ŋu ta. Ŋutasesẽ le ɖeviwo ŋu le mɔ vovovowo nu va dzi ɖe edzi ŋutɔ le xexeame katã, eye ate ŋu azu nuxaxa sesẽ na ɖevi maɖifɔ siwo ŋu wòle nu gblẽm le la.
Nu Bubu Siwo Hã Na Woxaa Nu
Gake menye ɖokuiwuwu ƒe seselelãmewo katãe tsoa gotagomenyawo gbɔ o. Numekuku ŋuti nyatakaka aɖe gblɔ le ƒewuivi maɖesrɔ̃wo ŋu be: “Ele bɔbɔe na ŋutsu kple nyɔnu siwo ƒo wo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ kple aha geɖe nono me be woawu wo ɖokui wu amesiwo meƒoa wo ɖokui ɖe wo me o.” Sunita to eƒe agbegbegblẽnɔnɔ me va fɔ fu—si wòge. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo I, 6:18.) Esi wòva nɔ fɔ bum eɖokui la eɖoe be yeawu ye ɖokui. Nenema ke Brad hã nɔ aha sesẽ nom tso eƒe 14 xɔɣi ke eye wòdea kplɔ̃ɖoƒe siwo wonoa aha geɖe le la edziedzi. Vavãe, ne wono aha sesẽ fũ la, “eɖua ame abe da ene.”—Lododowo 23:32
Ame ŋutɔ ƒe ‘dzimaɖitsitsiwo’ kura hã ate ŋu ahe ameɖokuiwuwu ƒe seselelãmewo vɛ. (Psalmo 94:19) Ðɔktawo gblɔ be ɣeaɖewoɣi la, blanuiléle ƒe tamebubuwo ate ŋu atso lãmenu vovovowo ƒe dɔwɔwɔ gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, wodo Peter si míeyɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze la kpɔ eye wokpɔ be do ŋgɔ na eɖokuiwuwu la, eƒe ahɔhɔ̃menu aɖewo menɔ dɔ wɔm nyuie o. Blanuiléle si gbɔ womekpɔ o la nu ate ŋu ava sẽ; ate ŋu ava wɔ na ame be ɖeko wòle be wòawu eɖokui ene.
Alesi Nàwɔ Akpɔ Kpekpeɖeŋu
Gake mele be woabui be ɖeko wòle be woawu ame ɖokui o. Ne míenya alo míenyae o hã la, nusi tagbɔdɔléleŋutinunyala Alan L. Berman kple David A. Jobes woyɔ be ‘ememe kple gotagome nu si wotsɔ nɔa te ɖe nuteɖeamedzi kple nyaʋiʋliwo nu’ la le mí katã si. Nusiawo dometɔ ɖekae nye ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo. Lododowo 12:25 gblɔ be: “Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi; ke xɔlɔ̃nya doa dzidzɔ na ame.” Vavãe, xɔlɔ̃nya si nugɔmesela aɖe agblɔ la ana nɔnɔmea nàtrɔ kura!
Eyata ne ame aɖe lé blanui alo tsi dzimaɖi la, anyo be eya ɖeka magakpe eƒe fu o. (Lododowo 18:1) Amea ate ŋu agblɔ eƒe seselelãmewo na ame aɖe si dzi wòka ɖo. Egbɔgblɔ na ame kpena ɖe ame ŋu be wòaɖe veveseseawo dzi akpɔtɔ, ana wòatsɔ nukpɔsusu bubu akpɔ kuxiawoe. Nenye be xɔlɔ̃ alo lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe kuku he dzigbagbã vɛ na ame aɖe la, ele be amea naƒo nu tso eŋu na ame aɖe si dzi wòka ɖo. Ne wolɔ̃ ɖe edzi na amea be vavãe lɔlɔ̃tɔ ƒe kuku alea vena eye wose veve kplii la, efaa akɔ nɛ. (Nyagblɔla 7:1-3) Ne amea do ŋugbe na amesi dzi wòka ɖo be yeagatrɔ ava ne ameɖokuiwuwu ƒe seselelãmewo gaho na ye la, ate ŋu akpe ɖe eŋu.
Nyateƒee, asesẽ be woaka ɖe ame dzi. Gake esi wònye agbee ɖo afɔku me ta la, ɖe manyo be amea nàtee kpɔ oa? Ate ŋu ava eme be nu vevi wɔwɔ ame ɖokui ƒe nyaƒoɖeamenua nu ava yi godoo ne woɖo dze tso eŋu na ame aɖe. Ame aɖe abia be: ‘Kple ameka?’ Ne dzila mawuvɔ̃lawo le amea si la, nukatae madze agbagba ‘atsɔ eƒe dzi’ na wo o? (Lododowo 23:26) Woase nu gɔme nyuie wu alesi ame geɖe susui eye woakpe ɖe amea ŋu. Ne ewɔ abe kpekpeɖeŋu bubu gahiã—abe ɖɔktawo ƒe dodokpɔ wɔwɔ ene la—dzilawo ate ŋu awɔ eƒe ɖoɖo.
Amesiwo le Kristo-hame me la hã nye kpekpeɖeŋutsoƒe bubu. Gbɔgbɔmemetsitsi siwo le hamea me la ate ŋu ado ŋusẽ blanuilélelawo ahakpe ɖe wo ŋu. (Yesaya 32:1, 2; Yakobo 5:14, 15) Le Sunita ƒe agbagbadzedze be yeawu eɖokui vɔ megbe la, exɔ kpekpeɖeŋu tso ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela (mɔɖela) aɖe gbɔ. Sunita gblɔ be: “Elé ɖe ŋunye kplikplikpli le nɔnɔme ɖesiaɖe me. Ðe menye eyae kpe ɖe ŋunye o la, ne medze aɖaʋa.”
Tenɔnɔ ɖe Enu
Ememenuwo hã li siwo woate ŋu atsɔ nɔ te ɖe enui. Le kpɔɖeŋu me, ɖe fɔbuameɖokui si le fu ɖem na amea la tso nuvɔ̃ aɖe si wòwɔ gbɔa? (Tsɔe sɔ kple Psalmo 31:10.) Le esi teƒe be ame nana seselelãme mawo nu nasẽ ɖe edzi la, ele be wòadze agbagba aɖɔ nyawo ɖo. (Yesaya 1:18; tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 7:11.) Nu nyuitɔ si wòle be ame nawɔe nye be wòagblɔe na edzilawo. Ele eme be ana woatɔtɔ gbã ya. Gake woaɖoe be yewoana kpekpeɖeŋu godoo. Woka ɖe edzi na mí hã be Yehowa “tsɔa nuvɔ̃ kena” dzimetrɔla vavãwo “geɖe.” (Yesaya 55:7) Yesu ƒe tafevɔsaa ɖea dzimetrɔlawo ƒe nuvɔ̃ ɖa.—Romatɔwo 3:23, 24.
Xɔse, Ŋɔŋlɔawo me sidzedze, kple ƒomedodo kple Yehowa Mawu enye nusi le Kristotɔwo si si ado ŋusẽ wo. Le ɣeyiɣi vovovo aɖewo dzi la, hakpala Dawid xa nu ale gbegbe be wògblɔ be: “Futɔ la . . . xlã nye agbe ɖe anyi.” Mena dziɖeleameƒo ɖu edzi o. Eŋlɔe be: “Metsɔ nye gbe do ɣli na Yehowa, nye gbe metsɔ ƒo koko na Yehowa.” “Mede ŋugble le wò nuwɔwɔwo katã ŋu, eye mesusu wò asinudɔwɔwɔwo katã ŋu.”—Psalmo 142:2; 143:3-5.
Ne ameɖokuiwuwu ƒe didia nu va sẽ la, ele be woado gbe ɖa na Yehowa. Ese amesi le fu kpem la ƒe vevesesewo gɔme eye wòdi be amea nanɔ agbe! (Psalmo 56:9) Enaa “ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gba go” la ame be wòakpe ɖe eŋu woanɔ te ɖe vevesesea nu. (Korintotɔwo II, 4:7) Ele be amea nade ŋugble le vevesese si ameɖokuiwuwu ado na ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, kple Yehowa ŋutɔ hã ŋu. Ŋugbledede le nusiawo ŋu akpe ɖe ame ŋu ŋutɔ be wòatsi agbe.
Elabena togbɔ be awɔ abe ɖe vevesesea nu mayi gbeɖe o ene hã la, woate ŋu aka ɖe edzi na wo be ame aɖewo to vevesese mawo ke me do. Wote ŋu gblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔ be nuwo ate ŋu atrɔ eye wotrɔna hã. Ame aɖewo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu si ate ŋu alé amea ɖe te le veveseɣi mawo me. Ele be blanuilélawo nadi kpekpeɖeŋu si wohiã—eye woayi edzi anɔ agbe!
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Enyo wu ne woƒo nu tso vevesesewo ŋu na ame aɖe