INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g98 5/8 axa 14-15
  • Aleke Gbegbee Ƒe 2000 lia Le Vevie?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Gbegbee Ƒe 2000 lia Le Vevie?
  • Nyɔ!—1998
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa, Gamedziwɔla La
  • “Ɣekaɣie Nusiawo Ava?”
  • Ɣekaɣie Ƒe Akpe Etɔ̃lia Adze Egɔme?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • 2000—Ƒe Ðedzesi Aɖee Wònyea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Ka Ðe Yehowa—“Ɣeyiɣiwo Kple Azãgbewo” Ƒe Mawu La Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ɣeyiɣiwo Kple Azãgbewo Le Yehowa Si Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1998
g98 5/8 axa 14-15

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Aleke Gbegbee Ƒe 2000 lia Le Vevie?

AME akpa gãtɔ mebunɛ be ƒe 2000 lia nye ƒe vevi aɖeke le subɔsubɔnyawo me abe alesi amewo bunɛ le Ɣetoɖoƒedukɔwo kple dukɔ bubuwo me ene o. Le kpɔɖeŋu me, subɔsubɔha ƒe ɣletigbalẽ le Yudatɔwo, Moslemtɔwo, kple Hindutɔwo katã si siwo mesɔ kple Ɣetoɖoƒetɔwo tɔwo o. Dzinua ƒe tɔtrɔ dzie Chinatɔwo nɔa te ɖo bua woƒe subɔsubɔ kple dekɔnu ƒe ɣletiŋkekewo. Eyata egbea la, ame biliɔn geɖe, ɖewohĩ anye xexeamenɔla akpa gãtɔ, mebua susu tɔxɛ aɖeke ɖe ƒe 2000 lia ŋu o.a

Ke hã, vevietɔ le Ɣetoɖoƒedukɔwo me la, ame geɖe le mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me míadze ƒe akpe si gbɔna, si wobu le Gregory ƒe ɣletigbalẽa nu la gɔme. Menye didi dzro aɖe koe wònye le ame aɖewo me o. Wobua ƒe 2000 lia be ahe azã yeye aɖe vɛ, be anye ɣeyiɣi vevi aɖe le ŋutinya me. Ame geɖe siwo be yewoxɔ Biblia dzi se la bui be ƒe 2000 lia mee nyagblɔɖiwo ava eme le. Ame aɖewo le mɔ kpɔm be gbɔgbɔmenu gagãwo adzɔ. Ame bubuwo le vɔvɔ̃m be tsɔtsrɔ̃ gã aɖe gbɔna—si nye xexeame ƒe nuwuwu. Ðe kpeɖodzi aɖe le Biblia me si ta míakpɔ mɔ na nusiawoa?

Yehowa, Gamedziwɔla La

Woyɔ Biblia ƒe Mawu be ‘Amegã Ðeɖi.’ (Daniel 7:9) Ewɔna ɖe game dzi ale gbegbe be medana ƒuna o, eye eƒe kpeɖodzie nye alesi eƒe nuwɔwɔwo wɔa dɔe, tso ɣletinyigbawo ƒe totro dzi va ɖo nu suetɔwo kekeake ƒe zɔzɔ dzi. Ɣeyiɣiɖoɖiwo le eya ŋutɔ si si dzi wòwɔna ɖo pɛpɛpɛ. Biblia gblɔ be: “[Eɖo] azãgbewo kple [amewo ƒe] nɔƒe ƒe liƒowo da ɖi.” (Dɔwɔwɔwo 17:26) Yehowa nye Gamedziwɔla si medana ƒuna o.

Eyata ɣeyiɣikɔntabubu tɔxɛ le Biblia me. Nudzɔdzɔwo ŋuti nuŋlɔɖi siwo tsiã ɖe wo nɔewo nu le eme siwo ana míate ŋu abu akɔnta ayi megbemegbee ava ɖo amegbetɔŋutinya ƒe gɔmedzedze. Akɔntabubu ma fia be ƒe 4026 D.M.Ŋ. mee Mawu wɔ Adam. Wodzi Abraham le ƒe 2,000 megbe. Ƒe 2,000 bubu gava yi hafi wodzi Yesu.

Ame aɖewo siwo srɔ̃ Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu la to akɔntabumɔnu aɖewo vɛ le wo ɖokui si eye wotɔ asi ƒe tɔxɛ aɖewo dzi be wole ŋgɔ gbɔna. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo nɔ te ɖe ƒe 2,000 kloe siwo tsiã ɖe wo nɔewo nu siwo tso Adam, Abraham, kple Yesu ƒe agbenɔɣi dome dzi gblɔ be nya vɔ̃ aɖe adzɔ le ƒe 2,000 lia si kplɔ Yesu dziɣi ɖo la ƒe nuwuwu. Ɣeyiɣi ƒe akɔntabumɔnu siawo nye gbogbo siwo wobe wotu ɖe Biblia ƒe ɣeyiɣikɔntabubu dzi dometɔ ɖeka.

Enye nyateƒe be Biblia gblɔ be ɣeyiɣi gbɔna si me Yehowa Mawu ade nu amegbetɔ ƒe nyawo me aɖe nuvlowɔwɔ ɖa eye wòahe xexeme yeye aɖe vɛ. Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ƒo nu tso “nuwuɣi,” ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu,’ ‘ŋkeke mamlɛawo,’ kple ‘Yehowa ƒe ŋkeke’ ŋu. (Daniel 8:17; Mateo 24:3; Timoteo II, 3:1; Petro II, 3:12) Gake ‘nuwuwu’ si wogblɔ ɖi le Biblia me meku ɖe ƒe 2000 lia ŋu le mɔ aɖeke nu o. Naneke mele Ŋɔŋlɔawo me si bu ƒe akpe evelia ƒe nuwuwu si wobu le Gregory ƒe ɣletigbalẽ nu be enye ɣeyiɣi vevi o.

“Ɣekaɣie Nusiawo Ava?”

Yesu ƒe apostolowo di vevie be yewoanya Mawu ƒe ɣeyiɣiɖoɖi esime wobia Yesu be: “Gblɔe na mí, ɣekaɣie nusiawo ava? Eye ka enye wò vava la kple xexeame ƒe nuwuwu la ƒe dzesii?” (Mateo 24:3) Egbea ame geɖe hã di vevie be yewoanya etsɔme nenema ke. Esɔ be míadi vevie be míanya Biblia ƒe nyagblɔɖi vevi mawo kple ɣeyiɣi si me woava eme. Gake anyo wu be míaxɔ Mawu ƒe nukpɔsusu le nya la ŋu ahade bubu eŋu.

Yehowa to Via dzi gblɔ eƒe susu le nya la ŋu eye eɖo nyaa ŋu tẽ. Esi wòsusɔ vie Yesu nayi dziƒo la, eƒe nusrɔ̃lawo gava biae ɣeyiɣi si woɖo ɖi na Mawu ƒe ŋugbedodowo me vava. Yesu ɖo eŋu be: “Miawo la mele na mi be, mianya ɣeyiɣi alo azãgbe, siwo Fofo la ɖo le ye ŋutɔ ƒe ŋusẽ nu o.” (Dɔwɔwɔwo 1:7, míawoe te gbe ɖe edzi.) Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo do ŋgɔ be: “Le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, ame aɖeke menyae o; mawudɔla, siwo le dziƒowo, kple Vi la hã menyae o, negbe Fofonye ɖeka ko.”—Mateo 24:36.

Edze ƒã be egbɔ amegbetɔ ƒe ŋusẽ ŋu be ‘wòanya ɣeyiɣi alo azãgbewo o,’ vevietɔ ne Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava le etsɔme ŋue wòku ɖo. Mawu ŋutɔ medi be yeagblɔ ema na mí o. (Mateo 24:22-44) Ðe míatrɔ Mawu ƒe tameɖoɖo le mɔ aɖe nu ne míetso le mía ɖokui si va ke ɖe “ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma” ŋu, evɔ medii nenema hafi oa? Eme kɔ be nu ma manya wɔ o. (Mose IV, 23:19; Romatɔwo 11:33, 34) Biblia gblɔ be: “Yehowa ƒe adaŋudede li tegbee.” (Psalmo 33:11) Esi wònye Mawu ŋusẽkatãtɔ ta la, nu dzea edzi nɛ ɣesiaɣi.—Yesaya 55:8-11.

Togbɔ be Mawue kpɔ mɔ ‘anya ɣeyiɣi alo azãgbewo le ye ŋutɔ ƒe ŋusẽ nu’ hã la, ame geɖe susua nuwo ŋu gblɔna kokoko. Ame aɖewo wɔ wo ɖokui dzɔgbevɔ̃egblɔɖilawo. Susu sia tae apostolo Paulo na nuxlɔ̃me tɔxɛwo Tesalonikatɔwo tso afɔku si wòanye ne woɖoa to amesiwo susua ɣletiŋkekewo gblɔna ŋu. Eŋlɔ be: “Míele kuku ɖem na mi, . . . bene miagana woate mi ɖa kaba tso miaƒe tamesusu me o, eye miagana woado voɖi na mi hã o, eɖanye to gbɔgbɔ alo to nya me o alo to agbalẽ, si le abe mía gbɔ wòtso ene la me o, abe ɖe Aƒetɔ ƒe ŋkeke la ɖo vɔ ene. Migana ame aɖeke nable mi le mɔ aɖeke dzi o.”—Tesalonikatɔwo II, 2:1-3.

Yehowa Ðasefowo ka ɖe edzi vevie be Mawu ƒe tameɖoɖo na etsɔme ava eme godogodo le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi, eye ava eme le ŋkeke kple gaƒoƒo si wòɖo la dzi tututu. (Xabakuk 2:3; Petro II, 3:9, 10) Eye míexɔe se be madidi o nudzɔdzɔ siawo ava eme. (Timoteo II, 3:1-5) Gake míesusua nuwo ŋu abe alesi amewo le wo ŋu bum le mɔ geɖe nu egbea ene o eye míedaa asi ɖe susuawo dzi hã o.b Kakaɖedzitɔe la, ƒe 2000 lia loo alo ƒe 2001, alo ƒe aɖeke meli amegbetɔwo aɖo si ƒe gɔmedzedze do ƒome kple Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi o.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Le nya la nu la, ɣeyiɣi si wobe enye ƒe akpe etɔ̃lia la adze egɔme le January 1, 2001 dzi. Ƒe akpe ɖeka gbãtɔ medze egɔme tso ƒexexlẽ si nye zero dzi o, ke boŋ 1 dzie wòdze egɔme tsoe. Gake amewo yɔa “ƒe akpe etɔ̃lia” tɔna ɖe ƒe 2000 lia ŋu. Nusi ame geɖe le mɔ kpɔm na le ƒe 2000 lia me ŋue nyati sia ku ɖo.

b Gbetakpɔxɔ, September 1, 1997 ƒe tata, axa 21-2 gblɔ be: “Yehowa Ðasefowo di vevie be yewoanya ɣeyiɣi si me Yehowa ƒe ŋkekea ava. Le woƒe didi veviea me la, wodze agbagba be yewoasusu ɣeyiɣi si me wobu be ate ŋu ava la agblɔ. Gake le esia wɔwɔ me womewɔ ɖe Aƒetɔ la ƒe nuxlɔ̃amenya si gblɔ be ‘míenya ɣekaɣi azãgbe la le edzi su ge o’ la dzi o, abe Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo ene. (Marko 13:32, 33) Fewuɖulawo ɖe alɔme le Kristotɔ nuteƒewɔlawo ŋu ɖe nusiwo wonɔ mɔ kpɔm na do ŋgɔ na ɣeyiɣia ƒe dede ta. (Petro II, 3:3, 4) Ke hã Petro ka ɖe edzi na mí be Yehowa ƒe ŋkekea ava godoo, le Eƒe ɣeyiɣikɔntabubu nu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe