Nunana Si Xɔ Asi Sasasã Wu Ga
ETSO NYƆ! ƑE NUŊLƆLA SI LE CANADA GBƆ
The Monitor si nye Bridgetown, Nova Scotia nyadzɔdzɔgbalẽ, me nyati aɖe gblɔ be: “[Etsɔ] nunana si xɔ asi sasasã wu ga home ɖesiaɖe na vianyɔnu.” Nukae nye nunana ma? Eyae nye eƒe “nyateƒetoto ƒe kpɔɖeŋu si ƒomevi mebɔ o.”
Anna kple vianyɔnu Tanya ge ɖe adzɔnuxoxodzraƒe aɖe heƒlẽ akplo ɣi aɖe be Tanya natsɔ eƒe Biblia anɔ eme dem. Esi woɖo aƒeme eye Tanya ʋu kotoku bubu si wotɔ ɖe akploa me la, elulu esi wòkpɔ ga si ƒe home enye Canadatɔwo ƒe dɔlar $1,000. Enumake eya kple dadaa wotrɔ yi adzɔnuxoxodzraƒea eye wotsɔ gaa na nyɔnu si dzra akploa na wo. Edze ƒã be akplo sia si wozã eteƒe didi nye nudzralaa dada si dɔléle si nana ame ƒe susu megawɔa dɔ nyuie o le tsitsi ta wu eteƒe medidi la o tɔ, eye wometsa eme nyuie hafi dzrae o. Nyɔnua gblɔ kple akpedada blibo be: “Ena megaka ɖe amewo dzi azɔ . . . Enye nusi dea dzi ƒo be woanya be anukwareɖilawo gali kokoko.”
Nudzɔdzɔ sia dze le afima nyadzɔdzɔgbalẽ ƒe axa gbatɔ̃ me nyati si yɔ nya tso nya siwo Ana gblɔ me be: “Enye nuwɔna si bɔ ɖe mí Yehowa Ðasefowo dome. [Dzitsinya] si wotsɔ Biblia na hehee le mía si. Míedi hã be míafia Tanya nusi nye nu nyui.” Le Tanya gome la, akplo ɣia anye anukwareɖiɖi ƒe ŋkuɖodzinu tɔxɛ si maŋlɔ be akpɔ o.