Ta 21
Fukpekpe Siwo Yehowa He Va Kristodukɔa Dzi
Ŋutega 5—Nyaɖeɖefia 8:1–9:21
Nyati: Kpẽ adreawo dometɔ ade kuku
Emevaɣi: Tso Kristo Yesu ɖoɖo fiae le ƒe 1914 me dzi vaseɖe xaxa gã la dzi
1. Nukae dzɔ esime Alẽvi la ɖe nutrenu adrelia ɖa?
WOLÉ “yaƒoƒo eneawo” me ɖe asi vaseɖe esime woatre gbɔgbɔ me Israel-vi 144,000 la nu vɔ eye woada asi ɖe ameha gã la dzi hena agbetsitsi. (Nyaɖeɖefia 7:1-4, 9) Gake hafi ahom sesẽ ma natu le anyigba dzi la, ele be woaɖe ʋɔnu sesẽ si Yehowa adrɔ̃ Satana ƒe xexeame la hã afia! Esi Alẽvi la dze nutrenu adrelia si nye mamlea ɖeɖe ɖa gɔme la, Yohanes anya nɔ ŋku lém ɖi vevie be yeakpɔ nusi adzɔ. Azɔ egblɔ eƒe nuteƒekpɔkpɔa na mí be: “Eye esime [Alẽvi la ɖe] nutrenu adrelia ɖa la, ɖoɖoe zi le dziƒo anɔ gaƒoƒo afã. Eye mekpɔ mawudɔla adre, siwo le tsitre ɖe Mawu ƒe ŋku me la, eye wotsɔ kpẽ adre na wo.”—Nyaɖeɖefia 8:1, 2.
Gbedodoɖa Vevie ƒe Ɣeyiɣi
2. Nukae dzɔ le kpɔɖeŋu ƒe gaƒoƒo afã ƒe ɖoɖoezizi le dziƒo la me?
2 Ðoɖoezizi ɖedzesi aɖe enye sia! Gaƒoƒo afã ate ŋu adze ɣeyiɣi didi aɖe ne èle lalam be nane nadzɔ. Fifia ya kafukafuha si wodzina ɣesiaɣi le dziƒo la gɔ̃ hã megale ɖiɖim o. (Nyaɖeɖefia 4:8) Nukatae? Yohanes kpɔ nusitae le ŋutega la me: “Eye mawudɔla bubu va, eye wòtsi tre ɖe vɔsamlekpui la gbɔ, eye sikadzudzɔdosonu le esi, eye wotsɔ atike ʋeʋẽe geɖe nɛ, bene wòatsɔe akpe ɖe ame kɔkɔewo katã ƒe gbedodoɖawo ŋuti ada ɖe sikavɔsamlekpui, si le fiazikpui la ŋgɔ la dzi. Eye atike ʋeʋẽe la ƒe dzudzɔ kple ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo tu tso mawudɔla ƒe asi me yi dziƒo le Mawu ƒe ŋku me.”—Nyaɖeɖefia 8:3, 4.
3. (a) Nuka dzie dzudzɔ ʋeʋẽe dodo ɖo ŋkui na mí? (b) Tameɖoɖo ka tae wozi ɖoɖoe gaƒoƒo afã le dziƒo?
3 Esia ɖo ŋku edzi na mí be le Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia me la, wodo dzudzɔ ʋeʋẽe gbesiagbe le avɔgbadɔa me, kpakple le gbedoxɔa me le ƒe siwo va emegbe me. (Mose II, 30:1-8) Ne wole dzudzɔ ʋeʋẽe ma dom la, Israel-vi siwo menye nunɔlawo o la lalana le teƒe kɔkɔea godo henɔa gbe dom ɖa—ɖikeke mele eme o be anye le woƒe dzi me le ɖoɖoezizi me—na Amesi dzudzɔ ʋeʋẽea nɔ yiyim na. (Luka 1:10) Azɔ Yohanes kpɔ nu ma tɔgbe wòle dzɔdzɔm le dziƒo. Wotsɔ atike ʋeʋẽe si mawudɔla la tsɔ sa vɔe la ku ɖe “ame kɔkɔewo katã ƒe gbedodoɖawo” ŋu. Le nyateƒe me la, le ŋutega aɖe si do ŋgɔ me la, wogblɔ be atike ʋeʋẽe tsi tre ɖi na gbedodoɖa mawo. (Nyaɖeɖefia 5:8; Psalmo 141:1, 2) Ekema edze ƒã be nusita wozi kpɔɖeŋu ƒe ɖoɖoe le dziƒo enye be woaɖe mɔ be woase ame kɔkɔe siwo le anyigba dzi la ƒe gbedodoɖawo.
4, 5. Ŋutinya me nudzɔdzɔ kawoe kpe ɖe mía ŋu be míanya ɣeyiɣi si sɔ kple kpɔɖeŋu ƒe gaƒoƒo afã la?
4 Ðe míate ŋu anya ɣeyiɣi si me esia dzɔa? Ẽ, míate ŋui, to nya siwo ƒo xlãe la me dzodzro kpe ɖe nusiwo dzɔ le ŋutinya me le Aƒetɔ ƒe ŋkekea ƒe gɔmedzedze lɔƒo la ŋuti. (Nyaɖeɖefia 1:10) Le ƒe 1918 kple 1919 me la, nusiwo dzɔ le anyigba dzi wɔ ɖeka nukutɔe kple nusiwo woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia 8:1-4. Ƒe 40 do ŋgɔ na ƒe 1914 la, Biblia Nusrɔ̃viwo—si nye alesi woyɔna Yehowa Ðasefowoe ɣemaɣi—nɔ gbe ƒã ɖemee dzideƒotɔe be Trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣia awu nu le ƒe ma me. Xaxa ƒe nusiwo dzɔ le ƒe 1914 me la ɖo kpe edzi be nyateƒee woto. (Luka 21:24; Mateo 24:3, 7, 8) Gake wo dometɔ geɖe hã xɔe se be woaɖe yewo tso anyigba sia dzi le ƒe 1914 me ayi yewoƒe dziƒodomenyinyia me. Ema meva eme o. Ðe ema teƒe la, le xexemeʋa gbãtɔ me la, wodo dzi to yometiti ƒe ɣeyiɣi sesẽ aɖe me do. Le October 31, 1916 me la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla gbãtɔ Charles T. Russell ku. Azɔ le July 4, 1918 me la, wokplɔ zimenɔla yeye Joseph F. Rutherford kple Habɔbɔa teƒenɔla adre bubuwo yi ɖade gaxɔ me madzemadzee le Atlanta, Georgia be woanɔ afima ƒe geɖe.
5 Kristotɔ anukwaretɔ siwo le Yohanes habɔbɔa me la tɔtɔ. Nukae Mawu gadi be woawɔ? Ɣekaɣie woakplɔ wo ayi dziƒoe? Nyati aɖe si ƒe tanyae nye “Nuŋeŋe la Wu Nu—Nukae Ava ɖe Eyome?” la dze le May 1, 1919 ƒe The Watch Tower me. Edzro kakaɖedzimanɔamesi ƒe nɔnɔme sia me eye wòde dzi ƒo na anukwaretɔwo be woado dzi hegblɔ kpe ɖe eŋu be: “Míexɔe se be enye nyateƒenya be fiaɖuƒehabɔbɔ la nu ƒoƒo ƒu la nye nusi nu wowu, wotre ame mawo katã nu eye wotu ʋɔtrua.” Le ɣeyiɣi sesẽ sia me la, Yohanes habɔbɔa ƒe gbedodoɖa vevie nɔ dzi yim, abe atike ʋeʋẽe gbogbo aɖe ƒe dzudzɔ ene. Eye wonɔ woƒe gbedodoɖawo sem!
Dzo Tsɔtsɔ Aƒu Gbe ɖe Anyigba Dzi
6. Nukae dzɔ le ɖoɖoezizi le dziƒo la megbe, eye nuka ƒe ŋuɖoɖoe esia nye?
6 Yohanes gblɔ na mí bena: “Eye mawudɔla la tsɔ dzudzɔdosonu la, eye wòɖe dzo le vɔsamlekpui la me hede eme fũ, eye wòtsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye dziɖegbewo kple gbeɖiɖiwo kple dzikedzowo kple anyigbaʋuʋu va dzɔ.” (Nyaɖeɖefia 8:5) Le ɖoɖoezizia megbe la, wodze dɔwɔwɔ wɔdɔɖeamedzi gɔme le vo me kpoyi! Edze ƒã be esia nye ame kɔkɔeawo ƒe gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖo, esi wònye dzo si woɖe tso atike ʋeʋẽe ƒe vɔsamlekpuia dzie hee vɛ ta. Le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me le Sinai-toa gbɔ la, dziɖegbewo kple dzikedzowo, gbeɖiɖi gã aɖe, dzo kple to la ƒe ʋuʋu de dzesi Yehowa ƒe susu tɔtrɔ ɖe eƒe dukɔa ŋu la. (Mose II, 19:16-20) Nusiawo tɔgbe si ŋuti Yohanes ka nya ta le la ɖee fia be Yehowa trɔ eƒe susu ɖe eƒe dɔla siwo le anyigba dzi la ŋu. Gake ɖe woɖe nusi Yohanes kpɔ la fiae le dzesiwo me. (Nyaɖeɖefia 1:1) Eyata aleke woaɖe kpɔɖeŋu ƒe dzo, dziɖegbewo, gbeɖiɖiwo, dzikedzowo kple anyigbaʋuʋu la gɔmee egbea?
7. (a) Kpɔɖeŋu ƒe dzo kae Yesu do ɖe anyigba dzi le eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me? (b) Aleke Yesu ƒe gbɔgbɔmenɔviwo do dzo ɖe Kristodukɔa mee?
7 Ɣeaɖeɣi la Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: “Meva dzo da ge ɖe anyigba dzi.” (Luka 12:49) Nyateƒee, edo dzo ɖi. To eƒe gbeƒãɖeɖe dzonɔamemetɔe dzi la, Yesu tsɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖo Yudatɔwo ŋkume abe nya vevitɔ ene, eye esia he nyaʋiʋli sesẽ aɖe va dukɔ ma katã me. (Mateo 4:17, 25; 10:5-7, 17, 18) Le ƒe 1919 me la, Yesu ƒe gbɔgbɔmenɔvi siwo le anyigba dzi, siwo nye Kristotɔ amesiamina siwo to Xexemeʋa I ƒe dodokpɔɣia me do ƒe ha sue la do dzo ma tɔgbe ɖe Kristodukɔa me. Le ƒe ma ƒe September me la, Yehowa ƒe gbɔgbɔa ƒe dɔwɔwɔ dze wòɖe dzesi esime eƒe ɖasefo wɔnuteƒe siwo tso kpuiƒe kple didiƒe siaa kpe ta le Cedar Point, Ohio, U.S.A. Joseph F. Rutherford si woɖe tso gaxɔ me eteƒe medidi o eye woakɔ eŋu keŋkeŋ kpuie be meɖi fɔ o la ƒo nu na takpelawo dzideƒotɔe be: “Esi míewɔna ɖe mía Aƒetɔ ƒe sededea dzi, eye míekpɔ mɔnukpɔkpɔ kple dɔdasi si wònye na mí be míawɔ aʋa atsi tre ɖe vodada ƒe mɔ̃ sesẽ siwo me amewo nye kluviwo le ɣeyiɣi didi aɖe ŋu la dze sii la, enye míaƒe dɔ va yi eye wòkpɔtɔ nye míaƒe dɔ be míaɖe gbe ƒã Mesia ƒe ŋutikɔkɔefiaɖuƒe si dze dziɖuɖu gɔme la.” Emae nye nya vevitɔ—Mawu ƒe Fiaɖuƒe la!
8, 9. (a) Aleke Habɔbɔa ƒe zimenɔla ƒo nu tso Mawu ƒe amewo ƒe nɔnɔme kple didi le aʋawɔƒe sesẽ mawo me ŋue? (b) Aleke wotsɔ dzo ƒu gbe ɖe anyigba dzie? (d) Aleke dziɖegbewo, gbeɖiɖiwo, dzikedzowo kple anyigbaʋuʋu dzɔe?
8 Esime wònɔ nu ƒom tso nɔnɔme sesẽ siwo me Mawu ƒe amewo to va yi eteƒe medidi o ŋu la, nuƒola la gblɔ be: “Futɔ la ho ɖe mía ŋu nublanuimakpɔmakpɔtɔe ale gbegbe be Aƒetɔ ƒe alẽha si wòlɔ̃ la me tɔ geɖe tɔtɔ eye alesi woƒe mo wɔ yaa na wotɔ te, eye wonɔ gbe dom ɖa henɔ Aƒetɔ la sinu kpɔm be wòaɖe eƒe lɔlɔ̃nu afia. . . . Gake togbɔ be dzi ɖe le wo ƒo vie hã la, wodi vevie be yewoaɖe gbe ƒã fiaɖuƒe gbedasia.”—Kpɔ September 15, 1919 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 280.
9 Le ƒe 1919 me la, didi ma va eme na wo. Le gbɔgbɔ me nyagbɔgblɔ nu la, wode dzo Kristotɔwo ƒe habɔbɔ sia si le sue gake hele dɔ wɔm la me be woadze xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ aɖe gɔme. (Tsɔe sɔ kple Tesalonikatɔwo I, 5:19.) Wotsɔ dzo ƒu gbe ɖe anyigba dzi le gɔmesese sia nu be wona Mawu ƒe Fiaɖuƒea zu nya vevitɔ, eye ekpɔtɔ le nenema! Gbeɖiɖi sesẽwo va xɔ ɖe ɖoɖoezizi la teƒe hena Fiaɖuƒe gbedasia ɖi eme kɔ ƒã. Ahom ŋuti nuxlɔ̃me siwo ɖi dziɖegbe do tso Biblia me. Abe dzikedzo ene la, nyateƒea ƒe keklẽ siwo me kɔ do tso Yehowa ƒe Nyagblɔɖinya la me, eye wòʋuʋu mawusubɔsubɔhawo ɖo woƒe agunu ke, abe anyigbaʋuʋu gã aɖe ene. Yohanes habɔbɔa kpɔe be dɔ li yewoawɔ. Eye vaseɖe egbea dɔ ma yi edzi le ta kekem ŋutikɔkɔetɔe le anyigba ƒe akpa siwo katã amewo le!—Romatɔwo 10:18.
Dzadzraɖo Hena Kpẽawo Kuku
10. Nukae mawudɔla adreawo dzra ɖo be yewoawɔ, eye nukatae?
10 Yohanes yi edzi gblɔ be: “Eye mawudɔla adre, siwo lé kpẽ adre ɖe asi la, dzra wo ɖokui ɖo hena kpẽkuku.” (Nyaɖeɖefia 8:6) Nukae kpẽ mawo kuku fia? Le Israel-viwo ŋɔli la, wotsɔ kpẽkuku de dzesi ŋkeke veviwo alo nudzɔdzɔ ɖedzesiwoe. (Mose III, 23:24; Fiawo II, 11:14) Nenema kee kpẽkuku siwo Yohanes ase la ahe susu ayi nya siwo nye agbe kple ku ƒe nyawo dzi.
11. Dzadzraɖodɔ kae Yohanes habɔbɔa nɔ wɔwɔm kple ŋkubiã le anyigba dzi tso ƒe 1919 vaseɖe ƒe 1922 me?
11 Esi mawudɔlawo dzra ɖo be yewoaku kpẽ mawo la, ɖikeke mele eme o be wonɔ mɔfiafia hã nam le dzadzraɖodɔ aɖe wɔwɔ me le anyigba dzi. Tso ƒe 1919 vaseɖe ƒe 1922 me la, Yohanes habɔbɔa si me wogade dzoe la ƒe ŋku biã ɖe ɖoɖo wɔwɔ ake ɖe dutoƒosubɔsubɔdɔa ŋu kple agbalẽtamɔnuɖoɖowo tutu ɖo ŋu. Le ƒe 1919 me la, woɖe magazine si nye The Golden Age si woyɔna egbea be Awake! la ɖe go abe “Nyateƒe, Mɔkpɔkpɔ kple Kakaɖedzi ƒe Magazine” ene—wònye dɔwɔnu si le abe kpẽ ene si awɔ akpa vevi aɖe aklo nu le alakpasubɔsubɔha ƒe eɖokui si wòdena dunyahehe me la ŋu.
12. Nukae kpẽkukua ɖesiaɖe ɖe gbe ƒãe, esi ɖo ŋku nuka dzi na mí le Mose ŋɔli?
12 Abe alesi míakpɔe azɔ ene la, kpẽkuku siawo dometɔ ɖesiaɖe ɖe gbe ƒã nudzɔdzɔ ɖedzesi aɖe si me fukpekpe vɔ̃ɖiwo va anyigba ƒe akpa aɖewo dzi le. Esiawo dometɔ aɖewo ɖo ŋku fukpekpe siwo Yehowa he vɛ tsɔ he to na Egiptetɔwo le Mose ŋɔli la dzi na mí. (Mose II, 7:19–12:32) Esiawo nye ʋɔnu siwo Yehowa drɔ̃ dukɔ ma, eye woʋu mɔ na Mawu ƒe amewo be woado tso kluvinyenye me. Fukpekpe siwo Yohanes kpɔ la wɔ nu ma tɔgbe ke. Gake menye fukpekpe ŋutɔŋutɔwo wonye o. Dzesi siwo tsi tre ɖi na Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔewoe wonye.—Nyaɖeɖefia 1:1.
Sidzedze “Akpa Etɔ̃lia”
13. Nukae dzɔ esime woku kpẽ ene gbãtɔawo, eye nyabiabia kae esia fɔ ɖe te?
13 Abe alesi míakpɔe ene la, esime woku kpẽ ene gbãtɔawo la, wohe fukpekpewo va anyigba, atsiaƒu, tɔsisiwo kple tsi dzidziwo kpakple anyigba ƒe kekelitsoƒewo ƒe “akpa etɔ̃lia” dzi. (Nyaɖeɖefia 8:7-12) Akpa etɔ̃lia nye nu ƒe akpa gã aɖe gake menye nu bliboa o. (Tsɔe sɔ kple Yesaya 19:24; Xezekiel 5:2; Zaxarya 13:8, 9.) Eyata “akpa etɔ̃lia” kae adze na fukpekpe siawo wu ɖesiaɖe? Satana kple eƒe dzidzimevia gbã ŋku na ameƒomea me tɔ akpa gãtɔ hegblẽ wo. (Mose I, 3:15; Korintotɔwo II, 4:4) Nɔnɔmea le abe alesi Dawid ɖɔe ene be: “Wo keŋ wote ɖe aga, wo katã tim wogblẽ. Ame ɖeka hã meli, si wɔa nu nyui o, ɖeka hɔ̃ hã meli o.” (Psalmo 14:3) Ẽ, afɔku li be woadrɔ̃ tohehe ƒe ʋɔnu ameƒome bliboa katã. Gake akpa ɖeka ye ɖi fɔ koŋ. Ele be akpa ɖeka—si nye “akpa etɔ̃lia”—nawɔ nusi nyo wu hafi! Nukae nye “akpa etɔ̃lia” ma?
14. Nukae nye kpɔɖeŋu ƒe akpa etɔ̃lia si gbedasi wɔfuame siwo tso Yehowa gbɔ yi na la?
14 Eyae nye Kristodukɔa! Le ƒe 1920 ƒe ƒeawo me la, teƒe si dzi wòkpɔ ŋusẽ ɖo lɔ ameƒomea ƒe akpa si ade akpa etɔ̃lia ɖe eme. Eƒe subɔsubɔ nye Kristotɔnyenye vavãtɔ gbegbe gã la ƒe kutsetse—esi nye xɔsegbegbe si Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ ɖi la. (Mateo 13:24-30; Dɔwɔwɔwo 20:29, 30; Tesalonikatɔwo II, 2:3; Petro II, 2:1-3) Kristodukɔa ƒe osɔfowo gblɔna be yewole Mawu ƒe gbedoxɔ me eye woɖe wo ɖokui fia be yewonye amesiwo fiaa Kristotɔnyenye amewo. Gake woƒe nufiafiawo to vovo kura tso Biblia ƒe nyateƒea gbɔ, eye woyia edzi doa vlo Mawu ƒe ŋkɔ. Esi kpɔɖeŋu ƒe akpa etɔ̃lia la tsi tre ɖi na Kristodukɔa wòsɔ ta la, gbedasi sesẽ wɔfuamewo tso Yehowa gbɔ va nɛ. Ameƒomea ƒe akpa etɔ̃lia ma medze na Mawu ƒe amenuveve aɖeke o!
15. (a) Ƒe ɖeka aɖe me koe woku kpẽawo dometɔ ɖesiaɖe lea? Ðe eme. (b) Amekawoe va kpe ɖe Yohanes habɔbɔa ŋu le Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo ƒe gbeƒãɖeɖe me?
15 Le ɖekawɔwɔ me kple nyateƒe si wònye be woku kpẽawo ɖe wo nɔewo yome la, woɖe tameɖoɖo kplikpaa tɔxɛ adre ɖe go le takpekpe adre siwo wowɔ tso ƒe 1922 vaseɖe 1928 me la me. Gake kpẽkukua metɔ ɖe ƒe mawo dzi o. Nu koklo le Kristodukɔa ƒe mɔ vɔ̃ɖiawo ŋu le edzi yim tsiã ɖe enu esime Aƒetɔ ƒe ŋkekea le edzi yim. Ele be woaɖe gbe ƒã Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo le xexeame katã, na dukɔwo katã, togbɔ be dukɔwo dome fuléle kple yometitiwo li gake. Ema ko hafi Satana ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu ava. (Marko 13:10, 13) Dzidzɔtɔe la, fifia ameha gã la va kpe ɖe Yohanes habɔbɔa ŋu le gbeƒãɖeɖe mawo siwo nu sẽ abe dziɖegbe ene eye wole vevie na xexeame katã la gbɔgblɔ me.
Anyigba ƒe Akpa Etɔ̃lia Fiã
16. Nukae dzɔ esime mawudɔla gbãtɔa ku eƒe kpẽa?
16 Esi Yohanes nɔ nya ta kam ku ɖe mawudɔlaawo ŋu la, eŋlɔe bena: “Eye mawudɔla gbãtɔa ku kpẽ la, eye tsikpewo dza, eye dzo kple ʋu tɔtɔ, eye wotsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba, eye anyigba ƒe akpa etɔ̃lia fiã, eye atiwo ƒe akpa etɔ̃lia fiã, eye gbe mumuwo katã fiã.” (Nyaɖeɖefia 8:7) Esia ɖi fukpekpe adrelia si wohe va Egipte dzi, gake nukae wòfia na míaƒe ƒe alafa 20 lia?—Mose II, 9:24.
17. (a) Nukae nya “anyigba” si le Nyaɖeɖefia 8:7 me la tsi tre ɖi na? (b) Aleke wotɔ dzo Kristodukɔa si nye anyigba ƒe akpa etɔ̃lia wòfiãe?
17 Zi geɖe le Biblia me la, nya “anyigba” fiana ameƒomea. (Mose I, 11:1; Psalmo 96:1) Esi wònye atsiaƒu si hã ku ɖe ameƒomea ŋu la dzie fukpekpe evelia va ta la, “anyigba” la afia amegbetɔwo ƒe habɔbɔ si dze abe ɖe wòli ke ene si Satana ɖo anyi eye etsrɔ̃ɣi ɖo vɔ la. (Petro II, 3:7; Nyaɖeɖefia 21:1) Alesi fukpekpea dzée la ɖee fia be Yehowa ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ƒe dzoxɔxɔ sesẽ la fiã anyigba ƒe akpa etɔ̃lia si nye Kristodukɔa. Yehowa ƒe fɔbubu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti gbeƒãɖeɖe fiã eƒe ame ŋkutawo—amesiwo le tsitre abe atiwo ene le eme. Eƒe sɔlemehawo me tɔ miliɔn alafa geɖeawo katã va zuna abe gbe siwo ƒu, siwo yrɔ le gbɔgbɔ me le Mawu ŋkume la ene, ne woyi edzi le Kristodukɔa ƒe subɔsubɔ yome.—Tsɔe sɔ kple Psalmo 37:1, 2.a
18. Aleke woɖe gbe ƒã Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedasi lae le ƒe 1922 Cedar Point takpekpea me?
18 Aleke wogblɔa ʋɔnudrɔ̃gbedasi siae? Zi geɖe la, menye to xexeame ƒe nyadzɔdzɔwo gbɔgblɔ ƒe mɔnu, siwo nye xexeame ƒe akpa aɖe eye zi geɖe la wodoa vlo Mawu ƒe “dɔla” la dzie o. (Mateo 24:45) Woɖe gbe ƒãe le mɔ ɖedzesi aɖe nu le Mawu ƒe amewo ƒe takpekpe evelia si xɔ ŋkɔ le ŋutinya me si wowɔ le Cedar Point, Ohio la me, le September 10, 1922 dzi. Amesiawo katã da asi ɖe tameɖoɖo kplikpaa aɖe si ƒe tanyae nye “Gbetɔame na Xexeamekplɔlawo” dzi dzonɔamemetɔe. Le nyagbɔgblɔ kã me la, ena toklã egbegbe kpɔɖeŋu ƒe anyigba la ale: “Eyata míele anyigba dzi dukɔwo, woƒe dziɖulawo kple kplɔlawo, kpakple anyigba dzi sɔlemeha vovovoawo katã ƒe osɔfowo katã, kple wo yomedzelawo kple amesiwo de wo dzi, asi gã tsalawo kple dunyahelagãwo kpem be woaɖe kpeɖodzi si na wo tɔ dzɔ be wogblɔ be yewoate ŋu aɖo ŋutifafa kple dedienɔnɔ anyi ɖe anyigba dzi eye yewoana dzidzɔkpɔkpɔ nasu amewo si la afia; eye ne wodo kpo nu le esia me la, ekema míele wo kpem be woaɖo to míaƒe ɖaseɖiɖi abe Aƒetɔ la ƒe ɖasefowo ene, eye azɔ ne míaƒe ɖaseɖiɖia nye nyateƒe alo menye nyateƒe o la, woagblɔe.”
19. Ðase kae Mawu ƒe amewo ɖi na Kristodukɔa ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu?
19 Ðase kae Kristotɔ siawo ɖi? Eyae nye si: “Míexɔe se hele gbe ƒã ɖemee be Mesia ƒe Fiaɖuƒe lae nye amegbetɔƒomea ƒe kuxiwo katã gbɔkpɔnu blibo la eye ahe ŋutifafa ava anyigba dzi kple lɔlɔ̃nu nyui, si nye nusi dukɔwo katã di la vɛ na amewo; be woatsɔ ŋutifafa mavɔ, agbe, ablɔɖe kple dzidzɔkpɔkpɔ mavɔ ayra amesiwo lɔ̃na faa bɔbɔa wo ɖokui ɖe eƒe dziɖuɖu dzɔdzɔe si dze egɔme fifia la te.” Le gbegblẽ ƒe ɣeyiɣi siawo siwo me amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo, vevietɔ esiwo le Kristodukɔa me, le kpo dom nu vevie le xexeame ƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me la me la, gbetɔame ma si le abe kpẽ ene la le ɖiɖim sesĩe wu ƒe 1922 me gɔ̃ hã. Aleke wòhenye nyateƒee nye si be Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le eƒe Kristo aʋadziɖula la si me lae nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia la!
20. (a) Mɔ kawo dzie Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea to ɖe gbe ƒã ʋɔnudrɔ̃gbedasiwo le ƒe 1922 me kple emegbe? (b) Nukae dzɔ le Kristodukɔa me le kpẽkuku gbãtɔa ta?
20 To tameɖoɖo kplikpaawo, traktwo, agbalẽviwo, agbalẽwo, magazinewo kple nuƒowo dzi la, wogblɔ gbeƒãɖeɖe sia kple esiwo va emegbe la abe kpẽkuku ene to Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea dzi. Nusi do tso kpẽkuku gbãtɔa mee nye Kristodukɔa ƒoƒo abe tsikpe si le dzadzam ƒe tsi babla sesẽwoe ƒoe ene. Woklo nu le eƒe ʋufɔɖiɖi si tso gome si wòkpɔ le ƒe alafa 20 lia sia ƒe aʋawɔwɔwo me gbɔ la dzi, eye woɖee fia be edze be Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli nava edzi. Yohanes habɔbɔa si ameha gã la va na kpekpeɖeŋui emegbe la yi edzi na kpẽkuku gbãtɔa le ɖiɖim eye wòhe susu yi alesi Yehowa bua Kristodukɔa be edze na tsɔtsrɔ̃e la dzi.—Nyaɖeɖefia 7:9, 15.
Abe To si Le Bibim Ene
21. Nukae dzɔ esime mawudɔla evelia ku eƒe kpẽ la?
21 “Eye mawudɔla evelia ku kpẽ la, eye wotsɔ nane, si le abe to gã aɖe ene hele bibim kple dzo la ƒu gbe ɖe atsiaƒu me, eye ƒu ƒe akpa etɔ̃lia trɔ zu ʋu; eye nu gbagbe, siwo le atsiaƒu me la, ƒe akpa etɔ̃lia ku, eye ʋuwo ƒe akpa etɔ̃lia gbã.” (Nyaɖeɖefia 8:8, 9) Nukae nukpɔkpɔ dziŋɔ sia tsi tre ɖi na?
22, 23. (a) Tameɖoɖo kplikpaa kae ɖikeke mele eme o be enye kpẽ evelia kuku ƒe emetsonu? (b) Nukae “ƒu ƒe akpa etɔ̃lia” tsi tre ɖi na?
22 Míase egɔme nyuie ne Yehowa ƒe amewo ƒe takpekpe si wowɔ le Los Angeles, Kalifornia, U.S.A., le August 18-26, 1923 me la le susu me na mí. Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ƒe nuƒo si woɖe gbe ƒãe si wòƒo le Memleɖagbe ŋdɔ me la ku ɖe “Alẽwo kple Gbɔ̃wo” ƒe nyatia ŋu. Eɖee fia kɔte be ‘alẽawoe’ nye amesiwo lɔ̃a dzɔdzɔenyenye siwo anyi Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe nuto siwo le anyigba dzi la ƒe dome. Tameɖoɖo kplikpa aɖe si kplɔe ɖo la he susu yi “osɔfo xɔsegbelawo kple ‘woƒe alẽhawo me ame ŋkutawo,’ siwo nye xexemetɔ siwo si ŋusẽ le le ganyawo kple dunyahehe me” la ƒe alakpanuwɔwɔ dzi. Ebia tso “ame gbogbo siwo lɔ̃a ŋutifafa kple nuwo wɔwɔ ɖe ɖoɖo nu, siwo le sɔlemehawo ƒe kɔmamãwo me la . . . [si] be woaɖe wo ɖokui le mawusubɔsubɔ ƒe nuɖoanyi madzɔmadzɔ siwo Aƒetɔ la yɔ be ‘Babilon’ la me” eye woadzra ɖo “be yewoaxɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe yayrawo.”
23 Ðikeke mele eme o be tameɖoɖo kplikpa sia nye kpẽ evelia kuku ƒe emetsonu. Amesiwo ava wɔ ɖe gbedasi ma dzi emegbe la aɖe wo ɖokui ɖa le ƒuƒoƒo si ɖi gbɔ̃wo, siwo Yesaya ɖɔ le nya siawo me bena: “Ke ame vɔ̃ɖiwo le abe atsiaƒu dzeagbo ene, elabena mate ŋu anɔ anyi kpoo o, eye eƒe tsiwo le bà kple gbeɖuɖɔ ɖem ɖe go” la ŋu. (Yesaya 57:20; 17:12, 13) Eyata “atsiaƒu” la tsi tre ɖi na amegbetɔ manɔanyikpoo, madzeakɔanyi dzeaglã siwo hea zitɔtɔ kple tɔtrɔ kpata vɛ la wòsɔ. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 13:1.) Ɣeyiɣia ava esi me “atsiaƒu” ma maganɔ anyi o. (Nyaɖeɖefia 21:1) Gake fifia esi woku kpẽ evelia la, Yehowa he ʋɔnudɔdrɔ̃ va eƒe akpa etɔ̃lia—si nye akpa madzeakɔanyi si le Kristodukɔa ŋutɔ me—la dzi.
24. Nukae to si le bibim si wotsɔ ƒu gbe ɖe atsiaƒu me la tsi tre ɖi na?
24 Wotsɔ nane si le bibim si le abe to gã aɖe ene la ƒu gbe ɖe “atsiaƒu” sia me. Le Biblia me la, zi geɖe la towo tsia tre ɖi na dziɖuɖuwo. Le kpɔɖeŋu me, woɖɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒe la be ele abe to ene. (Daniel 2:35, 44) Babilon nugblẽla la va zu ‘to fiafiã.’ (Yeremya 51:25) Gake to si Yohanes kpɔ la gale bibim. Atsiaƒu me si wotsɔe ƒu gbe ɖo la tsi tre ɖi na alesi le xexemeʋa gbãtɔ me kple emegbe la dziɖuɖu ƒe nya la va zu nya vevi le ameƒomea me, vevietɔ le Kristodukɔa ƒe anyigbawo dzi, la wòsɔ. Le Italia la, Mussolini to Fasitɔnyenye vɛ. Germania xɔ Hitler ƒe Nazitɔnyenye la, eye dukɔ bubuwo te dziɖuɖu si me nuwo katã nye dziɖuɖua tɔ la ƒomevi vovovowo kpɔ. Tɔtrɔ gã aɖe va le Russia, afisi Bolshevik tɔtrɔ kpata la ɖo kɔmiunistɔwo ƒe dukɔ gbãtɔ anyi le, esi wɔe be ŋusẽ kple ŋusẽkpɔɖeamedzi meganɔ Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhakplɔlawo si le teƒe si nye afisiwo wokpɔ ŋusẽ le vevie la dometɔ ɖeka tsã la o.
25. Aleke dziɖuɖu yi edzi nye nyaʋiʋli sesẽ le Xexemeʋa II megbee?
25 Xexemeʋa evelia ɖe Fasitɔnyenye kple Nazitɔnyenye ƒe nutekpɔawo ɖa, gake dziɖuɖu yi edzi nye nyaʋiʋli sesẽ, eye amegbetɔwo ƒe atsiaƒu la yi edzi nɔ agbo dzem henɔ tɔtrɔ kpata ƒe dziɖuɖu yeyewo ɖem ɖe go. Le ƒe siwo va ɖe ƒe 1945 yome la me la, woɖo esiawo ɖe teƒe geɖewo abe China, Vietnam, Kiuba kple Nikaragua ene. Le Hela (Greece) la, asrafowo ƒe ŋutasẽdziɖuɖu aɖe si wote kpɔ la do kpo nu. Le Kampuchea (Kambodia) la, kɔmiunistɔwo ƒe dziɖuɖu si wote kpɔ la he ame miliɔn eve kple vɔ ƒe ku vɛ, abe alesi nyatakakawo gblɔe ene.
26. Aleke ‘to si le bibim kple dzo’ la yi edzi na ameƒomea ƒe atsiaƒu la le agbo dzemee?
26 ‘To ma si le bibim kple dzo’ la yi edzi na ameƒomea ƒe atsiaƒu la le agbo dzem. Woka nya ta be dziɖuɖu ŋuti hoʋiʋliwo le edzi yim le Afrika, Amerika-nyigbawo dzi, Asia kple Pasifik-ƒukpoawo dzi. Hoʋiʋli siawo dometɔ geɖe le edzi yim le Kristodukɔa ƒe anyigbawo dzi alo le afisiwo Kristodukɔa ƒe osɔfowo va zu zazɛnyahelawo le. Roma Katoliko-nunɔlawo zu kɔmiunistɔwo ƒe vivimeʋawɔhawo me tɔwo gɔ̃ hã hewɔ aʋa. Le ɣeyiɣi ma ke me la, Protestantɔwo ƒe nyanyuigblɔhawo dze agbagba le Titina Amerika be woatsi tre ɖe nusi woyɔna be kɔmiunistɔwo ƒe “ŋusẽdidi vɔ̃ɖi madzudzɔmadzudzɔe” la ŋu. Gake ameƒomea ƒe atsiaƒu la ƒe agbodzedze siawo dometɔ aɖeke mate ŋu ahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ vɛ o.—Tsɔe sɔ kple Yesaya 25:10-12; Tesalonikatɔwo I, 5:3.
27. (a) Aleke ‘ƒu ƒe akpa etɔ̃lia’ zu abe ʋu ene? (b) Aleke ‘lã siwo le atsiaƒu me la ƒe akpa etɔ̃lia’ kue eye nukae adzɔ ɖe “ʋuwo ƒe akpa etɔ̃lia” dzi?
27 Kpẽkuku evelia ɖee fia be ameƒomea me tɔ siwo ƒo wo ɖokui ɖe tɔtrɔ kpata ƒe dziɖuɖu ŋuti hoʋiʋliwo me le esi teƒe be woabɔbɔ ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea te la ɖi ʋufɔ. “Ƒu ƒe akpa etɔ̃lia” si nye Kristodukɔa koŋ zu ʋu. Nu gbagbe siwo katã le eme la ku le Mawu ŋkume. Habɔbɔ siwo lɔ̃a tɔtrɔ kpata sesẽwo wɔwɔ siwo le abe tɔdziʋu siwo le atsiaƒu ƒe akpa etɔ̃lia ma dzi ene la dometɔ aɖeke mate ŋu agbe gbagbã mlɔeba o. Aleke míekpɔa dzidzɔe nye si be ame miliɔn geɖe siwo ɖi alẽwo wɔ ɖe yɔyɔ si ɖi abe kpẽ ene be woate ɖa le amesiwo kpɔtɔ le mimlim le atsiaƒu ma ƒe nazãbubu ƒe dulɔlɔ̃ kple ʋufɔɖiɖi me la ŋu la dzi azɔ!
Ɣletivi aɖe Ge tso Dziƒo
28. Nukae dzɔ esime mawudɔla etɔ̃lia ku eƒe kpẽ la?
28 “Eye mawudɔla etɔ̃lia ku kpẽ la, eye ɣletivi gã aɖe, si le bibim abe kakati ene la, ge tso dziƒo, eye wòdze tɔsisiwo ƒe akpa etɔ̃lia kple tsi dzidziwo dzi. Eye ɣletivi ma ƒe ŋkɔe nye Apsinto (enye gbe, si vena abe atsa ene), eye tɔwo ƒe akpa etɔ̃lia trɔ zu tsi veve, eye amewo dome geɖeawo ku le tsiawo ta, le esi wole vevem akpa la ŋuti.” (Nyaɖeɖefia 8:10, 11) Le afisia hã la, Biblia ƒe akpa bubuwo kpe ɖe mía ŋu be míakpɔ nusi ŋu ŋɔŋlɔ sia ku ɖo le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la me la adze sii.
29. Nukae dzesi si nye “ɣletivi gã aɖe, si le bibim abe kakati ene” la tsi tre ɖi na, eye nukatae?
29 Míekpɔ nusi ɣletivi tsi tre ɖi na la xoxo le Yesu ƒe gbedasi siwo wòɖo ɖe hame adreawo me, esiwo me ɣletivi adreawo tsi tre ɖi na hamemegã siwo le hameawo me la.b (Nyaɖeɖefia 1:20) “Ɣletivi” amesiaminawo kple amesiamina bubuawo katã le dziƒonutowo me le gbɔgbɔ me gɔmesese nu tso esime wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea tre wo nu abe woƒe dziƒodomenyinyia ƒe dzesi ene. (Efesotɔwo 2:6, 7) Gake apostolo Paulo xlɔ̃ nu be xɔsegbela siwo nye kɔmamãwɔla siwo akplɔ alẽha la atrae la ava tso ame mawo siwo le abe ɣletiviwo ene la dome. (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) Anukwaremaɖimaɖi ma ahe xɔsegbegbe gã aɖe vɛ, eye hamemegã gege siawo ava ƒo ƒu azu sedzimawɔla ƒe habɔbɔ si ado eɖokui ɖe dzi azu abe mawu ene le ameƒomea me. (Tesalonikatɔwo II, 2:3, 4) Paulo ƒe nuxlɔ̃meawo va eme esime Kristodukɔa ƒe osɔfowo va do ɖe xexeame. Dzesi si nye “ɣletivi gã aɖe, si le bibim abe kakati ene” la tsi tre ɖi na habɔbɔ sia wòsɔ nyuie.
30. (a) Esime wogblɔ na Babilon-fia be enye amesi ge tso dziƒo la, nukae wòfia? (b) Nukae gege tso dziƒo ate ŋu afia?
30 Yohanes kpɔ ɣletivi sia wòle gegem tso dziƒo. Alekee? Blemafia aɖe ƒe nuteƒekpɔkpɔwo kpe ɖe mía ŋu be míase egɔme. Esime Yesaya nɔ nu ƒom na Babilon-fia la, egblɔ be: “Wò ŋukeɣletivi, agudzevi, ale nège tso dziƒo enye si! Wò, amesi te dukɔwo ɖe anyi, woƒo wò ƒu anyigba!” (Yesaya 14:12) Nyagblɔɖi sia va eme esime Kores ƒe aʋakɔwo ɖu Babilon dzi eye eƒe fia la ɖiɖi le vo me tso xexeame dzi ɖuɖu me yi aʋasisi me ŋukpenatɔe. Eyata gege tso dziƒo ate ŋu aku ɖe nɔƒe kɔkɔ aɖe si age le ame si eye wòaɖu ŋukpe la ŋu.
31. (a) Ɣekaɣie Kristodukɔa ƒe osɔfowo ge tso ‘dziƒonɔƒe’? (b) Aleke tsi siwo osɔfowo na amewo la zu ‘atsae,’ eye nukae do tso eme na ame geɖe?
31 Esime Kristodukɔa ƒe osɔfowo gbe Kristotɔnyenye vavãtɔ la, woge tso ‘dziƒonɔƒe’ kɔkɔ si ŋuti Paulo ƒo nu le le Efesotɔwo 2:6, 7 la. Le esi teƒe be woana gbɔgbɔmetsi viviwo amewo la, wona “apsinto” si nye alakpa siwo vena, abe dzo mavɔ, ŋutiklɔdzo, Mawuɖekaetɔ̃ la kple dzɔgbese ene la wo; azɔ hã wokplɔ dukɔwo de aʋawɔwɔ me, eye womete ŋu tu wo ɖo be woanye Mawu ƒe subɔla agbenyuinɔlawo o. Nukae do tso eme? Wona gbɔgbɔ me aɖi amesiwo xɔ aʋatso mawo dzi se la wono. Woƒe nya la ɖi Israel-vi maɖianukware siwo nɔ anyi le Yeremya ŋɔli la tɔ, amesiwo Yehowa gblɔ na be: “Mana atsa wo woaɖu, eye makpe aɖitsi na wo woano; elabena nyagblɔɖila, siwo le Yerusalem, gbɔ nu tovo wɔwɔ [tso] yi ɖe anyigba blibo la dzi.”—Yeremya 9:14; 23:15.
32. Ɣekaɣie Kristodukɔa ƒe gege tso gbɔgbɔ me dziƒo va dze ƒã, eye aleke woɖee fiae?
32 Gege tso gbɔgbɔ me dziƒo sia va dze ƒã le ƒe 1919 me, esime woɖo Kristotɔ amesiamina susɔeawo ƒe ha sue la Fiaɖuƒea ƒe nuwo dzi, ke menye Kristodukɔa ƒe osɔfowo boŋ o. (Mateo 24:45-47) Eye tso ƒe 1922 me la, woɖe gege ma fia esime Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo sia gadze nu koklo le Kristodukɔa ƒe osɔfowo ƒe nu gbegblẽ wɔwɔwo ŋu dzideƒotɔe la gɔme ake.
33. Aleke woɖe ha Kristodukɔa ƒe osɔfowo le ƒe 1924 takpekpe si wowɔ le Kolumbus, Ohio, U.S.A. la mee?
33 Nusi ɖe dzesi le esia gomee nye gbe ƒã si woɖe le nusi The Golden Age magazinea yɔ be “Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe takpekpe gãtɔ kekeake si wowɔ kpɔ” me la. Wowɔ takpekpe sia le Kolumbus, Ohio, le July 20-27, 1924 me. Ðikeke mele eme o be le mawudɔla si ku kpẽ etɔ̃lia ƒe mɔfiafia te la, woda asi ɖe tameɖoɖo kplikpaa sesẽ aɖe dzi le afima eye emegbe womã ɖekaɖeka miliɔn 50 le trakt ƒe nɔnɔme me. Wotae le tanya si nye Wobu Fɔ Osɔfowo (Eŋlisigbe) te. Tanya sue aɖe ƒo nu tso nyati si nye “Ŋugbedodovi la kple Da la ƒe Dzidzimevi la ƒe Akɔkpekpe” la ŋu. Fɔbubu la ŋutɔ ɖe ha Kristodukɔa ƒe osɔfowo keŋkeŋ le nya aɖewo abe mawusubɔsubɔ ƒe bubuŋkɔ gãwo tsɔtsɔ, asitsala gãwo kple dunyahelawo wɔwɔ ame ŋkutawo le woƒe alẽhawo me, woƒe didi be yewoadze ame nyuiwoe le amewo ŋkume, kple Mesia ƒe Fiaɖuƒea ŋuti gbedasi si wogbe be yewomaɖe gbe ƒãe na amewo o ene la me. Ete gbe ɖe edzi be Mawu de dɔ asi na Kristotɔ ɖeadzɔgbe ɖesiaɖe be wòaɖe gbe ƒã “mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la, ne [wòafa] akɔ na konyifalawo katã.”—Yesaya 61:2.
34, 35. (a) Nukae dzɔ ɖe osɔfowo ƒe ŋusẽ kple ŋusẽkpɔɖeamedzi dzi tso esime mawudɔla etɔ̃lia dze eƒe kpẽkukua gɔme? (b) Aleke etsɔ me anɔ na Kristodukɔa ƒe osɔfowo?
34 Tso esime mawudɔla etɔ̃lia dze eƒe kpẽa kuku gɔme la, osɔfowo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ƒe nɔƒe si le wo si le ameƒomea me la le gegem le wo si vaseɖe esime fifia le azã sia me la, wo dometɔ ʋee aɖewo ko sie mawunyenye ƒe ŋusẽ si nɔ wo si le ƒe alafa siwo va yi me la gale. Le Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖe ta la, ame gbogbo aɖewo va kpɔe dze sii be gbɔgbɔ me aɖi—“atsa”—ye nu geɖe siwo osɔfowo fiana la nye. Hekpe ɖe eŋu la, osɔfowo ƒe ŋusẽ vɔ keŋkeŋ kloe le anyiehe Europa, eye le China kple anyigba bubuwo dzi la, dziɖuɖu ɖe woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi dzi kpɔtɔ vevie. Le Europa ƒe akpa siwo nye Katoliko-nyigbawo kpakple le Amerika-nyigbawo dzi la, osɔfowo ƒe ŋukpenanuwɔwɔ le ganyawo, dunyahehe kple agbenɔnɔ gome la gblẽ ŋkɔ si le wo ŋu la. Tso fifia heyina la, ɖeko woƒe nɔƒea agblẽ ɖe edzi le esi eteƒe madidi o nusi adzɔ ɖe mawusubɔla alakpatɔ bubuwo katã dzi la kee adzɔ ɖe wo dzi ta.—Nyaɖeɖefia 18:21; 19:2.
35 Fukpekpe si Yehowa le hehem va Kristodukɔa dzi la mevɔ haɖe o. Bu nusi dzɔ le kpẽkuku enelia megbe la ŋu kpɔ.
Viviti!
36. Nukae dzɔ esime mawudɔla enelia ku eƒe kpẽa vɔ?
36 “Eye mawudɔla enelia ku kpẽ la, eye woƒo ɣe ƒe akpa etɔ̃lia kple ɣleti ƒe akpa etɔ̃lia kpakple ɣletiviwo ƒe akpa etɔ̃lia, bena woƒe akpa etɔ̃lia nado viviti, eye ŋkeke ƒe akpa etɔ̃lia nagaklẽ o, eye zã hã nenema ke.” (Nyaɖeɖefia 8:12) Fukpekpe asiekelia si va Egipte dzi la nye viviti ŋutɔŋutɔ. (Mose II, 10:21-29) Gake nukae nye kpɔɖeŋu ƒe viviti sia si do be wòaɖe fu na amewo le míaƒe ƒe alafa 20 lia sia me?
37. Aleke apostolo Petro kple apostolo Paulo ƒo nu tso nɔnɔme si me amesiwo le Kristo-hamea godo la le le gbɔgbɔ me ŋutie?
37 Apostolo Petro gblɔ na haxɔsetɔwo be wonɔ viviti me le gbɔgbɔ me hafi va zu Kristotɔwo. (Petro I, 2:9) Paulo hã zã nya “viviti” tsɔ ƒo nu le nɔnɔme si me amesiwo le Kristo-hamea godo la le le gbɔgbɔ me la ŋuti. (Efesotɔwo 5:8; 6:12; Kolosetɔwo 1:13; Tesalonikatɔwo I, 5:4, 5) Ke Kristodukɔa me tɔ siwo gblɔna be yewoxɔ Mawu dzi se eye yewoxɔ Yesu be enye yewo Ðela ya ɖe?
38. Nyateƒenya kae mawudɔla enelia tsɔ ku kpẽe ku ɖe Kristodukɔa ƒe “kekeli” la ŋu?
38 Yesu gblɔ be Kristotɔ vavãwo ƒe kutsetsewoe woatsɔ adze si woe eye ame geɖe siwo anɔ gbɔgblɔm be ye yomedzelawoe yewonye la anye “nu madzɔmadzɔ wɔlawo.” (Mateo 7:15-23) Ame aɖeke mate ŋu akpɔ xexeame ƒe akpa etɔ̃lia si nye Kristodukɔ la ƒe kutsetsewo eye wòagblɔ be mele asi tsam le gbɔgbɔ me viviti tsiɖitsiɖi me o. (Korintotɔwo II, 4:4) Edze be woabu fɔe vevie elabena egblɔna be Kristo tɔe yenye. Eyata ɖeko wòsɔ be mawudɔla enelia ku kpẽ tsɔ ɖe gbe ƒã nyateƒea be le nyateƒe me la, Kristodukɔa ƒe “kekeli” do viviti eye eƒe ‘kekelitsoƒewo’ nye Babilontɔwo tɔ—ke menye Kristotɔwo tɔ o.—Marko 13:22, 23; Timoteo II, 4:3, 4.
39. (a) Aleke tameɖoɖo si dzi woda asi ɖo le takpekpe si wowɔ le ƒe 1925 me la me ɖɔ Kristodukɔa ƒe aʋatsokekeli lae? (b) Aleke wogaklo nu le eƒe nu gbegblẽ wɔwɔwo dzie le ƒe 1955 me?
39 Le ɖekawɔwɔ me kple dziƒogbeƒãɖeɖe ma la, Mawu ƒe amewo ƒe ha gã aɖe kpe ta le takpekpe me le Indianapolis, Indiana, U.S.A., le August 29, 1925 me, eye woda asi ɖe tameɖoɖo kplikpa aɖe si ƒo nu kã, si ƒe tanyae nye “Mɔkpɔkpɔ ƒe Gbedasi” la dzi be woatae. Womã esia hã ɖekaɖeka miliɔn 50 le gbegbɔgblɔ geɖe me. Eɖɔ aʋatsokekeli si asitsala ŋuklẽlawo, dunyahehe ƒe ŋgɔnɔlawo kple subɔsubɔha ƒe osɔfowo ƒo ƒu tsɔ le amewo fiam la, esi na “amewo ge ɖe viviti me.” Eye wòfia asi Mawu ƒe Fiaɖuƒea be eyae nye mɔkpɔkpɔ vavãtɔ hena “ŋutifafa, nudzedziname, lãmesẽ, agbe, ablɔɖe kple dzidzɔ mavɔ ƒe yayrawo” kpɔkpɔ. Ebia be dzideƒo nanɔ Kristotɔ amesiaminawo ƒe ha sue la si hafi woate ŋu aɖe gbe ƒã gbedasi mawo ɖe habɔbɔ gã si nye Kristodukɔa ŋu. Gake tso ƒe 1920 ƒe ƒeawo ƒe gɔmedzedze lɔƒo vaseɖe fifia la, wowɔe enuenu. Le ƒe 1955 si te ɖe míaƒe ɣeyiɣia ŋu wu me la, wogaɖe ha osɔfowo ƒe ha la esime womã agbalẽvi si ƒe tanyae nye Christendom or Christianity—Which One Is “the Light of the World”? la le xexeame katã le gbegbɔgblɔ geɖe me. Egbea Kristodukɔa ƒe alakpanuwɔwɔ la dze ƒã ale gbegbe be ame geɖe le xexeame ate ŋu akpɔe le wo ɖokui si. Gake Yehowa ƒe amewo meɖe asi le nu koklo le nusi wònye—si nye viviti ƒe fiaɖuƒe—dzi la ŋu o.
Hɔ̃ si Le Dzodzom
40. Nukae kpẽkuku eneawo ɖee fia be Kristodukɔa nye?
40 Kpẽkuku ene gbãtɔ siawo na woklo nu le Kristodukɔa ƒe aƒedo ƒe nɔnɔme wuame la dzi vavã. Woɖe ha “anyigba” ƒe akpa si wòle la be edze na Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃. Woɖee fia be tɔtrɔ kpata ƒe dziɖuɖu siwo le vavam le eƒe anyigbawo dzi kple teƒe bubuwo la gblẽa nu le gbɔgbɔmegbenɔnɔ ŋu. Woɖe ha eƒe osɔfowo ƒe gbɔɖiɖi, eye woklo nu le viviti ƒe nɔnɔme si me wòle le gbɔgbɔ me la dzi be amesiame nakpɔ. Kristodukɔa ye nye Satana ƒe nuɖoanyia ƒe akpa si ŋu fɔbubu le wu ɖesiaɖe vavã.
41. Esi kpẽkuku siwo tsiã ɖe nu la tɔ vie la, nukae Yohanes kpɔ, eye nukae wòse?
41 Nukae gali woaɖe ɖe go? Hafi míakpɔ biabia sia ƒe ŋuɖoɖo la, kpẽkuku siwo tsiã ɖe nu la tɔ vie. Yohanes gblɔ nusi wògakpɔ la be: “Eye mekpɔ, eye mese hɔ̃ aɖe, si le dzodzom le dziƒo titina la, le gbɔgblɔm kple gbe gã aɖe bena: Baba, baba, baba na anyigbadzinɔlawo le mawudɔla etɔ̃, siwo susɔ le kpẽ ku ge la, ƒe kpẽkukuwo ƒe ɖiɖi la ŋuti.”—Nyaɖeɖefia 8:13.
42. Nukae hɔ̃ si le dzodzom la atsi tre ɖi na, eye gbedasi kae le enu?
42 Hɔ̃ dzona le yame ʋĩ ale be amesiwo le adzɔge ʋĩ ke ate ŋu akpɔe. Eƒe nukpɔkpɔ nyuie tɔgbe mebɔ o eye ete ŋu kpɔa keke adzɔge ʋĩ. (Hiob 39:29) Wotsɔ hɔ̃ si le dzodzom wɔ nu gbagbe ene siwo nye kerubi eye wole Mawu ƒe fiazikpuia ŋu la dometɔ ɖeka ƒe kpɔɖeŋue. (Nyaɖeɖefia 4:6, 7) Eɖanye kerubi siae alo Mawu ƒe dɔla bubu si kpɔa nu le didiƒee o, eɖe gbe ƒã gbedasi sẽŋu aɖe kple gbe gã aɖe be: “Baba, baba, baba”! Anyigbadzinɔlawo nade dzesii, elabena wole kpẽkuku etɔ̃ mamleawo se ge, eye ɖesiaɖe ku ɖe baba alo vɔ̃ siawo dometɔ ɖeka ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Nusi to vovo na emae nye be Nyaɖeɖefia 7:16 ɖee fia be Yehowa ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ƒe dzoxɔxɔ fiãnu mevaa ameha gã la dzi o.
b Togbɔ be ɣletivi adre siwo le Yesu ƒe nuɖusi me la tsi tre ɖi na dzikpɔla amesiamina siwo le Kristo-hamea me la hã la, hamemegã siwo le hame abe 100,000 ene siwo le xexeame egbea me la dometɔ akpa gãtɔ nye ameha gã la me tɔwo. (Nyaɖeɖefia 1:16; 7:9) Nɔƒe kae wole? Esi wònye gbɔgbɔ kɔkɔe lae ɖoa wo to dɔla amesiamina nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela habɔbɔa dzi ta la, woate ŋu agblɔ be amesiawo le Yesu ƒe dzikpɔkpɔ ƒe nuɖusi te, elabena eƒe kplɔlateviwoe woawo hã nye. (Yesaya 61:5, 6; Dɔwɔwɔwo 20:28) Wokpea asi ɖe ‘ɣletivi adreawo’ ŋu le gɔmesese sia nu be wosubɔna le afisi nɔvi amesiamina siwo dze mele o.
[Nyaɖoɖo si le 139]
Woɖee Fia be Kristodukɔa ƒe Tsiwo Nye Atsa
Kristodukɔa ƒe Dzixɔsewo Nusi Biblia Gblɔ Ŋutɔŋutɔ
kple Nɔnɔmewo
Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ mele Yesu do gbe ɖa be woakɔ Mawu ƒe
vevie o: “Ŋkɔ ŋutɔŋutɔ aɖe ŋkɔ ŋu. Petro gblɔ be: “Amesiame,
zazã na Mawu ɖeka kolia la si ke ayɔ Aƒetɔ [Yehowa] ƒe ŋkɔa
. . . mesɔ kura na Kristo- la, woaɖee.” (Dɔwɔwɔwo 2:21;
sɔlemeha la ƒe xexeame katã Yoel 3:5; Mateo 6:9; Mose II,
ƒe xɔse la o.” (Revised 6:3; Nyaɖeɖefia 4:11; 15:3; 19:6)
Standard Version ƒe ŋgɔdonya)
Mawu nye Mawuɖekaetɔ̃: “Fofo Biblia gblɔ be Yehowa nye gã na
la nye Mawu, Vi la nye Mawu, Yesu eye wònye Kristo ƒe Mawu
eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nye Mawu, kple ta. (Yohanes 14:28; 20:17;
gake menye Mawu etɔ̃e li o ke Korintotɔwo I, 11:3) Gbɔgbɔ
boŋ Mawu ɖekae.” (The kɔkɔe lae nye Mawu ƒe ŋusẽ wɔdɔ.
Catholic Encyclopedia, (Mateo 3:11; Luka 1:41;
ƒe 1912 tɔ) Dɔwɔwɔwo 2:4)
Amegbetɔ ƒe luʋɔ mekuna o: Amegbetɔ nye luʋɔ. Ne ame ku
“Ne ame ku la, eƒe luʋɔ kple la, luʋɔa megabua tame alo sea
eƒe ŋutilã dome klãna. Eƒe naneke o eye wòtrɔna yia anyi si
ŋutilã . . . ƒaƒãna . . . me woɖee tsoe la me.
Gake amegbetɔ ƒe luʋɔ ya (Mose I, 2:7; 3:19;
mekuna o.” (Nusi Dzɔna le Psalmo 146:3, 4;
Ku Megbe [Eŋlisigbe], Roma Nyagblɔla 3:19, 20; 9:5, 10;
Katolikotɔwo ƒe agbalẽ) Xezekiel 18:4, 20)
Wohea to na ame vɔ̃ɖiwo le Nuvɔ̃ ƒe fetue nye ku, ke menye
hell le ku megbe: “Le agbenɔnɔ le funyafunyawɔwɔ me o.
Kristotɔwo ƒe dzixɔse tso (Romatɔwo 6:23) Ame kukuwo
gbaɖegbe ke nu la, hell nye menya naneke o eye wole ɖiɖim ɖe
nuxaxa kple vevesese mavɔmavɔ eme le hell (Hades, Sheol), hele
ƒe teƒe.” (The World Book tsitretsitsi lalam. (Psalmo 89:49;
Encyclopedia, 1987 tɔ) Yohanes 5:28, 29; 11:24, 25;
“Dzesideŋkɔ Avuléla Nyɔnu Avuléla ɖeka kolia si le Mawu
ku ɖe Míaƒe Aƒenɔ ŋu.” kple amegbetɔwo domee nye Yesu.
(New Catholic Encyclopedia, (Yohanes 14:6; Timoteo I, 2:5;
1967 tɔ) Hebritɔwo 9:15; 12:24)
Ele be woade mawutsi ta na Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ nye amesiwo wowɔ
vidzĩwo: “Tso gɔmedzedzea nusrɔ̃lawoe eye wofia wo be woawɔ
me ke la, Sɔlemeha la na ɖe Yesu ƒe sewo dzi la tɔ.
Mawutsidetaname ƒe Be ame nadze hena nyɔnyrɔ̃xɔxɔ
Sakramento la vidzĩwo. la, ele be wòase Mawu ƒe Nya
Menye ɖeko wobu nuwɔna sia la gɔme eye wòaɖe xɔse afia.
be ele se nu o, ke boŋ wofia (Mateo 28:19, 20;
amewo hã be ehiã kokoko Luka 3:21-23;
hena ɖeɖekpɔkpɔ.” (New Dɔwɔwɔwo 8:35, 36)
Catholic Encyclopedia, 1967 tɔ)
Womã sɔlemeha akpa gãtɔ me Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo
ɖe hameviwo kple osɔfowo ƒe katã nye subɔlawo eye wokpɔ gome
ha si subɔa hameviawo la me. le gbe ƒã ɖeɖe nya nyuia me.
Zi geɖe la, woxea fe na (Dɔwɔwɔwo 2:17, 18;
osɔfoawo le woƒe subɔsubɔdɔ Romatɔwo 10:10-13; 16:1)
la ta eye wotsɔa bubuŋkɔwo Ele be Kristotɔ ‘nana nu faa,’
abe “Bubutɔ,” “Fofo,” alo ke menye le fetu ta o.
“Ame Ŋkuta” ene naa nɔƒe (Mateo 10:7, 8) Yesu de se
kɔkɔ wo wu hameviawo. vevie be woagazã mawusubɔsubɔ
ƒe bubuŋkɔwo o. (Mateo 6:2;
23:2-12; Petro I, 5:1-3)
Wozãa legbawo, nɔnɔmetatawo, Ele be Kristotɔwo nasi le
kple atitsogawo le tadedeagu trɔ̃subɔsubɔ ɖesiaɖe ƒomevi,
me: “Ele be woada Kristo, kple nusi woyɔna be tadedeagu
Mawunɔ Ðetugbi la, kple ame si se ɖe afi aɖe hã nu.
kɔkɔe bubuwo . . . ƒe (Mose II, 20:4, 5;
legbawo . . . ɖe sɔlemexɔwo Korintotɔwo I, 10:14;
me eye woatsɔ bubu deto kple Yohanes I, 5:21) Wometoa nusi
kafukafu si dze na wo.” wokpɔna dzi dea ta agu na Mawu o,
(Trent Adaŋudetakpekpea ƒe ke boŋ wowɔnɛ le gbɔgbɔ kple
Gbeƒãɖeɖe [ƒe 1545-63]) nyateƒe me. (Yohanes 4:23, 24;
Wofiaa sɔlemeha me viwo be ”Yesu ɖe gbe ƒã Mawu ƒe
Mawu ƒe tameɖoɖowo ava eme Fiaɖuƒea be eyae nye ameƒomea
to dunyahehe dzi. Papatenɔla ƒe mɔkpɔkpɔ, ke menye
Spellman si megali o la dunyahenuɖoanyi aɖeke o.
gblɔ be: “Mɔ ɖeka koe li (Mateo 4:23; 6:9, 10)
si dzi woato akpɔ ŋutifafa Egbe gome kpɔkpɔ le dunyahehe
. . . , eyae nye dziɖuɖu me. (Yohanes 6:14, 15) Eƒe
siwo ɖea mɔ be amewo nagblɔ Fiaɖuƒea menye xexeme sia ƒe
woƒe susu ƒe mɔ la.” akpa aɖeke o; eyata eyomedzelawo
Nyadzɔdzɔwo ŋuti nyatakakawo manye xexeame ƒe akpa aɖeke o.
gblɔa alesi subɔsubɔhawo (Yohanes 18:36; 17:16)
ƒoa wo ɖokui ɖe xexeame ƒe Yakobo xlɔ̃ nu ku ɖe xɔlɔ̃ si
dunyahehe (kple aglãdzedzewo woadze xexeame ŋu.
gɔ̃ hã) me eye wole megbe na (Yakobo 4:4)
Dukɔ Ƒoƒuawo be eyae nye
“nusɔsɔ kple ŋutifafa ƒe
mɔkpɔkpɔ mamlea.
[Nɔnɔmetata si le axa 132]
Nutrenu adreawo ɖeɖe ɖa na woku kpẽ adre
[Nɔnɔmetata si le axa 140]
“Gbetɔame na Xexemekplɔlawo.” (Ƒe 1922)
Tameɖoɖo kplikpaa sia na wote ŋu ɖe gbeƒã Yehowa ƒe fukpekpe si wòhe va “anyigba” dzi la
[Nɔnɔmetata si le axa 140]
“Nuxlɔ̃me na Kristotɔwo Katã.” (Ƒe 1923)
Tameɖoɖo kplikpaa sia ɖe gbe ƒã fɔbubu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si Yehowa he va “ƒu ƒe akpa etɔ̃lia” dzie
[Nɔnɔmetata si le axa 141]
“Wobu Fɔ Osɔfowo.” (Ƒe 1924)
Trakt sia si womã le teƒe geɖe la na wote ŋu na amewo nya be “ɣletivi” si nye Kristodukɔa ƒe osɔfowo la ge
[Nɔnɔmetata si le axa 141]
“Mɔkpɔkpɔ ƒe Gbedasi” (Ƒe 1925)
Wotsɔ tameɖoɖo kplikpaa sia si ƒo nu kãŋ la ɖe ha Kristodukɔa ƒe yeaɖi kekelitsoƒewo be, le nyateƒe me la, vivititsoƒewoe wonye