Ðe Mawu Kɔkɔ Wu Yesu Ɣesiaɣia?
YESU megblɔ ɣeaɖekeɣi kpɔ be yenye Mawu o. Nusianu si wògblɔ tso eɖokui ŋu fia be mebu eɖokui be yesɔ kple Mawu le mɔ aɖeke nu o—le ŋusẽ gome loo, alo le sidzedze, alo ƒe me o.
Le eƒe anyinɔnɔ katã me, le dziƒo alo anyigba dzi o, eƒe nuƒo kple nuwɔna ɖe eɖokui bɔbɔ ɖe Mawu te fia. Mawue nye amesi kɔkɔ wu ɣesiaɣi, eye Yesue nye amesi bɔbɔ ɖe anyi wu si Mawu wɔ.
Vovototo Le Yesu kple Mawu Dome
YESU ɖee fia zi geɖe be yenye nuwɔwɔ si to vovo tso Mawu gbɔ eye be Mawu si kɔkɔ wu ye la le ye, Yesu, si si yedea ta agu na, amesi yeyɔna be ye “Fofo.” Le gbedodoɖa na Mawu, si nye Fofo la me la, Yesu gblɔ be, “Wò, Mawu vavã ɖeka la.” (Yohanes 17:3) Egblɔ na Maria Magdalatɔ la le Yohanes 20:17 me be: “Melia yina Fofonye kple mia Fofo, nye Mawu kple mia Mawu la gbɔ.” (RS, Katolikotɔwo ƒe gɔmeɖeɖe) Apostolo Paulo ɖo kpe ƒomedodo ma dzi le Korintotɔwo II, 1:3 me be: “Woakafu Mawu, mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo.” Esi Mawu, si nye Fofoa nɔ Yesu si ta la, mate ŋu anye Mawu ma le ɣeyiɣi ma ke me o.
Apostolo Paulo metsyɔ nu naneke dzi le nu ƒoƒo tso Yesu kple Mawu ŋu abe amesiwo dze kɔte be wole vovo la ene me o: “Elabena Mawu ɖeka, Fofo la koe li, . . . kple Aƒetɔ ɖeka, Yesu Kristo koe li na mí.” (Korintotɔwo I, 8:6, JB) Apostolo la ɖee fia be vovototo le wo dome esime wògblɔ be “le Mawu kple Kristo Yesu kpakple mawudɔla tiatiawo ŋkume.” (Timoteo I, 5:21, RS Common Bible) Abe alesi tututu Paulo gblɔe fia be mawudɔlawo to vovo tso wo nɔewo gbɔ le dziƒoe ene la, nenema ke wòle le Yesu kple Mawu hã dome.
Yesu ƒe nya siwo le Yohanes 8:17, 18 hã nye esiwo ku ɖe nya la ŋu vevie. Egblɔ be: “Woŋlɔ ɖe miaƒe se la me hã bena, ame eve ƒe ɖaseɖiɖi le nyateƒe nu. Nyee nye amesi le ɖase ɖim le ɖokuinye ŋuti, eye Fofo, si dɔm ɖa la, ɖia ɖase le ŋutinye.” Yesu ɖee fia le afisia be ele be ye kple ye Fofo, si nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la, yewoanye ame eve siwo le vovo, ne menye nenema o la, aleke woate ŋu anye ɖasefo evee nyateƒe?
Yesu gaɖee fia be yenye amesi le vovo na Mawu esi wògblɔ be: “Nukatae nèle yɔyem be nyui? Ame aɖeke menye nyui o negbe Mawu ɖeɖeko.” (Marko 10:18, JB) Eyata Yesu le gbɔgblɔm be ame aɖeke ƒe nyuiwɔwɔ mede Mawu tɔ nu o, Yesu ŋutɔ tɔ gɔ̃ hã mede enu o. Mawu nye nyui le mɔ si na wòto vovo tso Yesu gbɔ nu.
Mawu ƒe Subɔla si Bɔbɔa Eɖokui
YESU gblɔ nya abe esiwo gbɔna la ene zi geɖe: “Vi la mate ŋu awɔ naneke le eya ŋutɔ ƒe dzodzro nu o, nusi wòkpɔ Fofoa wòle wɔwɔm koe wòate ŋu awɔ.” (Yohanes 5:19, The Holy Bible, si gɔme Monsignor R. A. Knox ɖe) “Meɖi tso dziƒo va, menye bena mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, negbe amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ko.” (Yohanes 6:38) “Nye nufiafia la menye tɔnye o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la tɔe.” (Yohanes 7:16) Ðe amesi dɔ ame la mekɔkɔ wu amesi wodɔ oa?
Ƒomedodo sia dze ƒã le kpɔɖeŋu si Yesu wɔ ku ɖe weingble la ŋu me. Etsɔ Mawu, Fofoa, sɔ kple weingbletɔ la, amesi yi mɔdzi eye wòtsɔ agblea de asi agbledela siwo tsi tre ɖi na Yudatɔ subɔsubɔhakplɔlawo. Esi nutɔa dɔ dɔla aɖe ɖa emegbe be wòaxɔ weingblea me kutsetse aɖewo vɛ la, agbledelawo ƒo dɔla la eye wonyãe dzoe asi ƒuƒlui. Ke agbletɔa dɔ dɔla evelia ɖa, eye emegbe wògadɔ etɔ̃lia hã eye wowɔ nu ma ke ɖe wo ame evea siaa ŋu. Mlɔeba agbletɔa gblɔ be: “Madɔ vinye [Yesu] lɔlɔ̃tɔ la ɖa; ɖewohĩ woasi eya ŋku me ɖa.” Gake agbledela gbegblẽawo gblɔ be: “Esia nye domenyila la, mina míawui, bena domenyinyi la nazu mía tɔ. Eye esi wokɔe ƒu gbe ɖe weingble la xa la, wowui.” (Luka 20:9-16) Eyata Yesu wɔ kpɔɖeŋu fia ku ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔƒe ŋu be yenye amesi Mawu dɔ ɖa be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, abe alesi fofo dɔa via si bɔbɔa eɖokui la ene.
Yesu yomedzelawo bui ɣesiaɣi be enye Mawu ƒe subɔla si bɔbɔa eɖokui nɛ, ke menye amesi sɔ kple Mawu o. Wodo gbe ɖa na Mawu tso “wò subɔla kɔkɔe Yesu, si nèsi ami na, . . . eye dzesiwo kple nukunuwo va eme to wò subɔla kɔkɔe Yesu ƒe ŋkɔa dzi” la ŋu.—Dɔwɔwɔwo 4:23, 24, 27, 30, RS, Katolikotɔwo ƒe gɔmeɖeɖe.
Mawu Kɔkɔ Wu Ɣeawokatãɣi
LE YESU ƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze teti ko la, esime wòdo tso tsi si me wonyrɔ̃e ɖo me la, Mawu ƒe gbe tso dziƒo gblɔ be: “Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!” (Mateo 3:16, 17) Ðe Mawu nɔ gbɔgblɔm be yenye ye ŋutɔ ƒe vi, be yekpɔ ŋudzedze ɖe ye ɖokui ŋu, be yedɔ ye ɖokuia? Ao, Mawu Wɔla la nɔ gbɔgblɔm be ye, abe amesi kɔkɔ wu ene la, yekpɔ ŋudzedze ɖe ye Vi Yesu, si bɔbɔ ɖe anyi wu la ŋu, hena dɔ si le ŋgɔgbe la wɔwɔ.
Yesu ɖe alesi Fofoa kɔkɔ wu la fia esime wògblɔ be: “[Yehowa] ƒe gbɔgbɔ le dzinye, le esi ta wosi ami nam ɖo, bena magblɔ Nyanyuie afia ame dahewo.” (Luka 4:18) Amisisi nye amesi kɔkɔ wu ƒe ŋusẽ nana ame alo dɔ dede asi na amesi si ŋusẽ ma mele tsã o. Edze ƒã be le afisia Mawue nye amesi kɔkɔ wu, elabena esi ami na Yesu eye wòna ŋusẽ si menɔ esi tsã o lae.
Yesu kɔ alesi Fofoa kɔkɔ wui la me esi nusrɔ̃lawo dometɔ eve dada bia be ye vi ɖeka nanɔ Yesu ƒe ɖusime eye evelia nanɔ eƒe miame. Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Le nɔƒe siwo le nye ɖusime kple nye miame gome la, esiawo menye tɔnye be mana o; amesiwo Fofonye [eyae nye Mawu] ɖoe ɖi na la tɔe.” (Mateo 20:23, JB) Ne ɖe Yesu nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la, anye ne nɔƒe mawo anye etɔ wòana. Gake mete ŋu na wo o, elabena Mawu tɔe wonye eye menye Mawue Yesu nye o.
Yesu ŋutɔ ƒe gbedodoɖawo nye kpɔɖeŋu sẽŋu aɖe si ɖe eƒe nɔƒe si bɔbɔ ɖe anyi wu la fia. Esi Yesu le kuku ge la, eɖe amesi kɔkɔ wui la fia to gbedodoɖa dzi be: “Fofo, ne èlɔ̃ la, tsɔ kplu sia yii le gbɔnye; gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò woawɔ.” (Luka 22:42) Amekae wònɔ gbe dom ɖa na? Na ye ŋutɔ ƒe akpa aɖeea? Ao, amesi le vovo kura, si nye Fofoa Mawu kple amesi ƒe lɔlɔ̃nu kɔ wu eye wòate ŋu ato vovo tso etɔ gbɔ, Amesi ɖeɖeko ate ŋu ‘atsɔ kplu sia ayii’ lae wònɔ gbe dom ɖa na.
Azɔ esi Yesu ɖo kudonu la, edo ɣli be: “Nye Mawu, nye Mawu, nukatae nègblẽm ɖi?” (Marko 15:34, JB) Amekae Yesu nɔ ɣlia dom na? Eya ŋutɔ ɖokuiea alo na eya ŋutɔ ƒe akpa aɖeea? Kakaɖedzitɔe la, ɣli ma si nye “Nye Mawu,” metso ame aɖe si bu eɖokui Mawue gbɔ o. Eye ne Yesu nye Mawu la, ekema amekae gblẽe ɖi? Eya ŋutɔ yea? Ema anye nusi ŋu gɔmesese mele o. Yesu gblɔ hã be: “Fofo, asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ la de.” (Luka 23:46) Ne Yesu nye Mawu la, nukatae wòatsɔ eƒe gbɔgbɔ ade Fofo la si?
Le Yesu ƒe ku megbe la, enɔ yɔdo me ŋkeke etɔ̃ ƒe akpa aɖe. Ne enye Mawu la, ekema Xabakuk 1:12 me nya mesɔ o esi wògblɔ be: ‘Oo, nye Mawu Kɔkɔetɔ, mèkuna o.’ Gake Biblia gblɔ be Yesu ku ŋutɔŋutɔ eye wònɔ yɔdo me esime agbe menɔ eyama me o. Eye amekae fɔ Yesu ɖe tsitre tso ame kukuwo dome? Ne eku ŋutɔŋutɔ la, ke mate ŋu afɔ eɖokui o. Gake ne le go bubu me meku ŋutɔŋutɔ o la, ekema alesi wògblɔ be yeku la maxe tafe ɖe Adam ƒe nuvɔ̃ ta o. Gake exe fe ma keŋkeŋ to alesi wòku ŋutɔŋutɔe dzi. Eyata “[Mawue fɔ Yesu ɖe tsitre], esi wòtsi ku ƒe vevewo nu.” (Dɔwɔwɔwo 2:24) Mawu Ŋusẽkatãtɔ si kɔkɔ wu la fɔ esubɔla Yesu si bɔbɔ ɖe anyi wu la ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.
Ðe ŋutete si nɔ Yesu si be wòwɔ nukunuwo, abe ame kukuwo fɔfɔ ɖe tsitre ene, ɖee fia be enye Mawua? Enyo, ŋusẽ ma nɔ apostoloawo kple nyagblɔɖilawo, abe Eliya kple Elisa ene, si, gake ema mena wode ŋgɔ wu amegbetɔwo o. Mawu na ŋusẽ nyagblɔɖilawo, Yesu, kple apostoloawo be woawɔ nukunuwo bene wòatsɔ aɖee fia be Yele megbe na wo. Gake ema mewɔ wo dometɔ aɖeke Mawuƒokpli si me ame geɖe le la ƒe akpa aɖekee o.
Seɖoƒe Li na Yesu ƒe Sidzedze
ESIME Yesu gblɔ eƒe nyagblɔɖi si ku ɖe nuɖoanyi siawo ƒe nuwuwu ŋu la, egblɔ be: “Gake le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋu la, ame aɖeke menyae o, mawudɔla siwo le dziƒo, alo Vi la gɔ̃ hã menyae o, negbe Fofo la ɖeɖeko.” (Marko 13:32, RS, Katolikotɔwo ƒe gɔmeɖeɖe) Ne ɖe Yesu nye Vi si sɔ kplii le Mawuƒokpli aɖe me la, anye ne enya nusi Fofo la nya. Gake Yesu menyae o, elabena mesɔ kple Mawu o.
Nenema ke míexlẽ le Hebritɔwo 5:8 me be Yesu “[srɔ̃] toɖoɖo le fu, siwo wòkpe la me.” Ðe míate ŋu asusui be Mawu asrɔ̃ nanea? Kpao, gake Yesu ya srɔ̃e elabena menya nusianu si Mawu nya o. Eye ele nɛ be wòasrɔ̃ nane si mehiã na Mawu kpɔ gbeɖe be wòasrɔ̃ o—eyae nye toɖoɖo. Mehiã na Mawu ɣeaɖekeɣi be wòabu ame aɖeke o.
Vovototo si le nusi Mawu nya kple nusi Kristo nya la dome nɔ anyi esime wofɔ Yesu yi dziƒo be wòanɔ Mawu gbɔ megbe gɔ̃ hã. De dzesi nusi Biblia-gbalẽ mamlea ƒe nya gbãtɔwo gblɔ la: “Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia si Mawu tsɔ nɛ.” (Nyaɖeɖefia 1:1, RS Katolikotɔwo ƒe gɔmeɖeɖe) Ne Yesu ŋutɔ nye Mawuƒokpli aɖe ƒe akpa aɖe la, ɖe wòahiã be—Mawu—si nye Mawuƒokpli ma ƒe akpa aɖe natsɔ nyaɖeɖefia nɛa? Kakaɖedzitɔe la, anye ne enya nusianu si ku ɖe eŋu la, elabena Mawu nya. Gake Yesu menya o elabena menye eyae nye Mawu o.
Yesu Yi Edzi Nye Amesi Bɔbɔ Ðe Anyi
LE YESU ƒe anyinɔnɔ do ŋgɔ na amegbetɔzuzu me kple le eƒe anyigbadzinɔɣi la, Yesu nye amesi bɔbɔ eɖokui ɖe Mawu te. Le eƒe tsitretsitsi megbe la, egayi edzi nɔ teƒe si bɔbɔ ɖe anyi si nye nɔƒe evelia.
Le nu ƒoƒo tso Yesu ƒe tsitretsitsia ŋu me la, Petro kple amesiwo kpe ɖe eŋu la gblɔ na Yudatɔwo ƒe Sanhedrin la be: “Amesia [Yesu] Mawu do ɖe dzi le eƒe nuɖusi me.” (Dɔwɔwɔwo 5:31) Paulo gblɔ be: “Mawu do eyama ɖe dzi kakaka.” (Filipitɔwo 2:9) Ne ɖe Yesu nye Mawu la, aleke woate ŋu ado Yesu ɖe dzie, si gɔmee nye be woana wòanɔ teƒe si kɔkɔ wu afisi wònɔ tsã? Anye ne enye Mawuɖekaetɔ̃ la ƒe akpa aɖe si wodo ɖe dzi xoxo. Ne ɖe Yesu sɔ kple Mawu xoxo do ŋgɔ na edodoɖedzi la, alesi woagadoe ɖe dzi la ana wòakɔkɔ wu Mawu.
Paulo gblɔ be Kristo yi “dziƒo ŋutɔ bene wòado ɖe Mawu ŋkume ŋutɔŋutɔ le mía ta.” (Hebritɔwo 9:24, JB) Ne èdo ɖe ame bubu ŋkume la, aleke nàte ŋu anye ame mae? Màte ŋui o. Ele be nanye ame bubu si le vovo.
Nenema ke esi wòsusɔ vie ko ne woaƒu kpe xɔsetakukula Stefano ne wòaku la, “ekpɔ dziƒo gã, eye wòkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la kple Yesu le tsitre ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.” (Dɔwɔwɔwo 7:55) Eme kɔ kɔte be ekpɔ ame eve siwo le vovo—gake mekpɔ gbɔgbɔ kɔkɔea o, eye mekpɔ Mawuɖekaetɔ̃ ƒe Mawuƒokpli aɖeke o.
Le nuŋlɔɖi si le Nyaɖeɖefia 4:8 vaseɖe 5:7 me la, woɖee fia be Mawu bɔbɔ nɔ eƒe dziƒofiazikpui dzi, gake Yesu ya mebɔbɔ nɔ edzi o. Ele be wòava Mawu gbɔ axɔ agbalẽxatsa aɖe le Mawu ƒe nuɖusi me. Esia fia be le dziƒo la, Yesu menye Mawu o ke boŋ eto vovo nɛ.
Le ɖekawɔwɔ me kple nusi míegblɔ do ŋgɔ la, Bulletin of the John Rylands Library si le Manchester, England la gblɔ be: “Le Yesu ƒe agbenɔnɔ le dziƒo le eƒe tsitretsitsi megbe la, woƒo nu tso Yesu ŋu abe amesi le eɖokui si eye wòto vovo tso amesi nye Mawu gbɔ le nu suetɔ kekeake ɖesiaɖe me ene abe alesi wònɔ le eƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi abe Yesu anyigbadzitɔ ene la mee ene. Le eƒe Mawu gbɔ nɔnɔ me kple ne wotsɔe sɔ kple Mawu la, eganye dziƒome ko si le Mawu ƒe dziƒoʋɔnua abe mawudɔlawo ene—togbɔ be esi wònye Mawu Vi ta la, nɔƒe si to vovo eye wòkɔkɔ wu sasasã le esi hã gake.”—Tsɔe sɔ kple Filipitɔwo 2:11.
Bulletin la gblɔ hã be: “Gake nusi wogblɔ tso eƒe agbenɔnɔ kple eƒe wɔƒewo abe Kristo si le dziƒo ene ŋu la mefia alo sɔ kple gbɔgblɔ be esɔ kple Mawu ŋutɔ eye wòzu Mawu bliboe, le Mawu ƒe nɔnɔme me o. Ke boŋ le nusi Nubabla Yeyea gblɔ tso eƒe dziƒomenyenye kple subɔsubɔdɔ ŋu me la, míekpɔnɛ be enye amesi le vovo eye wòbɔbɔ ɖe Mawu te.”
Le ɣeyiɣi mavɔmavɔ si wòanɔ dziƒo me la, Yesu ayi edzi anye Mawu ƒe subɔla si le vovo eye wòbɔbɔ ɖe ete. Biblia ƒo nu tso eŋu alea: “Le ema megbe nuwuwu la ava, esime [Yesu si le dziƒo] atsɔ fiaɖuƒe la ade asi na Mawu Fofo la . . . Ekema Vi la ŋutɔ hã abɔbɔ eɖokui ɖe Amesi bɔbɔ nusianu ɖe ete la te, ale be Mawu nanye nuwo katã le wo katã me.”—Korintotɔwo I, 15:24, 28, NJB.
Yesu Megblɔ Kpɔ Gbeɖe Be Yenye Mawu O
BIBLIA ƒe nukpɔsusu me kɔ. Menye ɖeko Mawu Ŋusẽkatãtɔ Yehowa nye amesi le vovo na Yesu ko o ke boŋ enye amesi nye Ta nɛ ɣeawokatãɣi hã. Woƒoa nu tso Yesu ŋu ɣesiaɣi be enye amesi le vovo eye wòbɔbɔ ɖe anyi wu henye Mawu ƒe subɔla ɖokuibɔbɔla. Eyatae Biblia gblɔe kɔte be: “Kristo ƒe ta enye Mawu” abe alesi “ŋutsu sia ŋutsu ƒe ta enye Kristo” ene. (Korintotɔwo I, 11:3) Eye esia tae Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Fofo la lolo wum.”—Yohanes 14:28, RS Katolikotɔwo ƒe gɔmeɖeɖe.
Nyateƒe lae nye be Yesu menye Mawu o eye megblɔ ɣeaɖekeɣi kpɔ be yenye Mawu o. Agbalẽnyala siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi la lɔ̃ ɖe esia dzi. Abe alesi Rylands Bulletin la gblɔe ene la: “Ele be míalɔ̃ ɖe nya la dzi be le Nubabla Yeyea me kuku tsitotsito me, le kpɔɖeŋu me, abe le ƒe blaetɔ̃ alo blaene siwo va yi me ene la, agbalẽnyala siwo xɔ ŋkɔ le Nubabla Yeyea nyanya me ƒe xexlẽme si le dzidzim ɖe edzi la ƒo nya ta be . . . kakaɖedzitɔe la, Yesu mexɔe se gbeɖe be ye ŋutɔ yenye Mawu o.”
Bulletin la gblɔ hã tso ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ŋu be: “Eyata esi wotsɔ bubudzesideŋkɔwo abe Kristo, Amegbetɔvi, Mawuvi kple Aƒetɔ la ene yɔ [Yesue] la, esiawo nye mɔ siwo nu woto le egblɔm be menye Mawue wònye o, ke boŋ Mawu ƒe dɔe wòwɔ.”
Eyata subɔsubɔhawo ƒe agbalẽnyala aɖewo gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe nukpɔsusu si nye be gbɔgblɔ be Yesu nye Mawu la tsi tre ɖe Biblia ƒe ɖaseɖiɖiawo katã ŋu la dzi. Le afima la, Mawu le nɔƒe si kɔkɔ wu ɣesiaɣi, eye Yesu nye subɔla si bɔbɔ eɖokui ɖe ete.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]
‘Nubabla Yeyea me kuku tsitotsito na agbalẽnyala xɔŋkɔ siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi la ƒo nya ta be kakaɖedzitɔe la, Yesu mexɔe se gbeɖe be ye ŋutɔ yenye Mawu o.’—Bulletin of the John Rylands Library
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Yesu gblɔ na Yudatɔwo be: “Meɖi tso dziƒo va, menye bena mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, negbe amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ko.”—Yohanes 6:38
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Esime Yesu do ɣli be: “Nye Mawu, nye Mawu, nukatae nègblẽm ɖi?” la, kakaɖedzitɔe la, mexɔe se be ye ŋutɔ yenye Mawu o