Ta Blaeve Vɔ Adrelia
Yehowa ƒe Dɔmedzoe Bi Ðe Dukɔwo Ŋu
1, 2. (a) Nuka dzie míate ŋu aka ɖo le Yehowa ƒe hlɔ̃biabia ŋu? (b) Taɖodzinu kae le Mawu ƒe hlɔ̃biabia ŋu?
YEHOWA MAWU gbɔa dzi ɖi, menye na esubɔla nuteƒewɔlawo ɖeɖeko o, ke na eƒe futɔwo hã ne eƒe tameɖoɖo bia nenema. (Petro I, 3:19, 20; Petro II, 3:15) Ðewohĩ Yehowa ƒe futɔwo maɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe eƒe dzigbɔɖi ŋu o eye woabui be ŋutetee mele esi o alo be ɖe medi be yeaɖe afɔ o. Ke hã abe alesi Yesaya ƒe ta 34 lia ɖee fia ene la, edzɔna ɣesiaɣi be Yehowa biaa akɔnta eƒe futɔwo mlɔeba. (Zefanya 3:8) Mawu ɖe mɔ Edom kple dukɔ bubu aɖewo tsi tre ɖe eƒe amewo ŋu hena ɣeyiɣi aɖe eye mexe mɔ na wo o. Gake Yehowa ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi li wòaɖo eteƒe na wo. (Mose V, 32:35) Nenema ke le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, eƒe hlɔ̃biabia ava xexe vɔ̃ɖi sia me habɔbɔ siwo katã doa vlo eƒe dziɖulanyenye la dzi.
2 Taɖodzinu vevitɔ si le Mawu ƒe hlɔ̃biabia ŋue nye be wòatsɔ aɖe eƒe dziɖulanyenye afia ahakɔ eƒe ŋkɔ ŋuti. (Psalmo 83:14-19) To si wòhena na amewo hã ɖenɛ fiana be esubɔlawo nye eteƒenɔla vavãwo eye wòɖea wo tso nɔnɔme manyomanyowo me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa ƒe hlɔ̃biabia wɔa ɖeka kple eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ bliboe ɣesiaɣi.—Psalmo 58:11, 12.
Mi Dukɔwo, Miɖo To
3. Amekpekpe kae Yehowa to Yesaya dzi ɖo ɖe dukɔwo?
3 Hafi Yehowa nahe susu ayi tohehe na Edom dzi la, eto Yesaya dzi ɖo amekpekpe vevi aɖe ɖe dukɔwo katã be: “Mite va, mi dukɔwo, ne miase nu, mi anyigba dzi dukɔwo, miƒu to anyi! Anyigba kple edzi nuwo, xexeame kple edzi numiemiewo katã nesee!” (Yesaya 34:1) Nyagblɔɖila ƒo nu tsi tre ɖe dukɔ mavɔ̃mawuwo ŋu enuenu. Fifia ele fɔbuamenya siwo Mawu gblɔ ɖe wo ŋu la to ge ɖe eme. Ðe gɔmesese aɖe le nuxlɔ̃amenya siawo ŋu na mí egbea?
4. (a) Nukae wogblɔ na dukɔwo be woawɔ, abe alesi woŋlɔe ɖe Yesaya ta 34 lia me ene? (b) Ðe Yehowa ƒe ʋɔnu dɔdrɔ̃ dukɔwo fia be enye Mawu sẽŋutaa? (Kpɔ aɖaka si le axa 363.)
4 Ẽ. Nyaʋiʋli le xexeame katã ƒe Dziɖulagã la kple nuɖoanyi mavɔ̃mawu sia ƒe akpawo katã dome. Ema tae wole egblɔm na “anyigba dzi dukɔwo” kple “anyigba” la be woase Biblia me gbedasi si Yehowa na wole gbeƒã ɖemee le xexeame katã. Yesaya zã nya siwo ɖi Psalmo 24:1 me nyawo hegblɔ be woagblɔ gbedasi sia le anyigba dzi katã—enye nyagblɔɖi si va eme le míaƒe ɣeyiɣia me esi Yehowa Ðaseƒowo le gbeƒã ɖem “vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔwɔwɔwo 1:8) Gake dukɔwo meɖo to o. Womebu nuxlɔ̃ame si ku ɖe woƒe gbegblẽ si gbɔna ŋu la nya vevii o. Gake esia mana Yehowa nagbe eƒe nya dzi wɔwɔ o.
5, 6. (a) Nuka ŋue Mawu abia akɔnta dukɔwo le? (b) Aleke wòadzɔe be ‘woƒe ʋu nana towo nalólo’?
5 Azɔ nyagblɔɖia ƒo nu tso dzɔgbevɔ̃e si le dukɔ mavɔ̃mawuwo lalam ŋu—enye nusi to vovo sã na Mawu ƒe amewo ƒe mɔkpɔkpɔ nyui si ŋu woƒo nu tsoe emegbe. (Yesaya 35:1-10) Nyagblɔɖilaa gblɔ be: “Yehowa do dɔmedzoe ɖe dukɔwo katã ŋu kple dziku ɖe woƒe aʋakɔwo katã ŋu; edo busu wo, eye wòtsɔ wo de asi, be woawu; wotsɔ woƒe ame tsiaʋawo xlã ɖe anyi, woƒe ame kukuwo ƒe ʋeʋẽ de dzi, eye woƒe ʋu na towo lólo gbanaa.”—Yesaya 34:2, 3.
6 Wohe susu yi dukɔwo ƒe ʋukɔkɔɖi dzi. Egbea Kristodukɔa ƒe dukɔwoe ɖi ʋufɔ wu. Wokɔ amegbetɔ ƒe ʋu gbogbo aɖe ɖe anyigba le xexemeʋa eve kple aʋa suesue geɖe me. Amekae abia hlɔ̃ ɖe ʋufɔɖiɖi sia katã ta wòasɔ? Menye ame bubu aɖeke wu Wɔla, si nye Agbenala gã la o. (Psalmo 36:10) Woɖo dzidzenua ɖi le Yehowa ƒe sea me be: “Woabia agbe ɖe agbe teƒe.” (Mose II, 21:23-25; Mose I, 9:4-6) Awɔ ɖe se sia dzi ahana dukɔwo ƒe ʋu nasi—be woaku. Woƒe ŋutilã kuku si womeɖi o la ƒe ʋeʋẽ axɔ yame katã—anye ŋukpeku vavã! (Yeremya 25:33) Ʋu si woabia tso wo si la asɔ gbɔ ale gbegbe be alólo towo, alo agbã wo, le kpɔɖeŋumɔ nu. (Zefanya 1:17) Ne wotsrɔ̃ xexemedukɔwo ƒe aʋakɔwo keŋkeŋ la, woakpɔe be yewoƒe dziɖuɖu siwo wotsɔa towo wɔa kpɔɖeŋu na ɣeaɖewoɣi le Biblia ƒe nyagblɔɖi me la hã mu.—Daniel 2:35, 44, 45; Nyaɖeɖefia 17:9.
7. Nukae nye “dziƒo” la, eye nukae nye “dziƒo ƒe aʋakɔ” la?
7 Yesaya gazã kpɔɖeŋu nyui aɖe tsɔ yi eƒe nyaa dzi be: “Dziƒo [ƒe aʋakɔ la, “NW”] katã nu ayi, woaŋlɔ dziƒowo, abe alesi woŋlɔa agbalẽe ene, eye [eƒe aʋakɔ la, “NW”] katã alé akpɔ̃, abe alesi aŋgba yrɔna le weinka ŋu kple alesi gboti ƒe aŋgba yrɔnae ene.” (Yesaya 34:4) Nyagbɔgblɔ si nye “dziƒo ƒe aʋakɔ la katã” mefia ɣletiviwo kple ɣletinyigbawo ŋutɔŋutɔ o. Kpukpui 5 kple 6 lia ƒo nu tso ametsrɔ̃yi aɖe si ƒo ʋu le “dziƒo” ma ŋu. Eyata nusia anye nane si le amegbetɔwo nɔƒe ƒe kpɔɖeŋu. (Korintotɔwo I, 15:50) Esi ameƒomea ƒe dziɖuɖuwo nye ŋusẽtɔ siwo le ɖoƒe kɔkɔwo ta la, wotsɔ wo sɔ kple dziƒo siwo le amegbetɔ siwo le anyigba dzi la dzi ɖum. (Romatɔwo 13:1-4) Eyata “dziƒo ƒe aʋakɔ” la tsi tre ɖi na ameƒomea ƒe dziɖuɖu siawo ƒe aʋakɔwo katã.
8. Aleke kpɔɖeŋudziƒo la anɔ “abe alesi woŋlɔa agbalẽe ene,” eye nukae adzɔ ɖe woƒe ‘aʋakɔwo’ dzi?
8 “Aʋakɔ” sia “alé akpɔ̃,” woagbãe kakɛkakɛe, abe nusi te ŋu gblẽna ene. (Psalmo 102:27; Yesaya 51:6) Ne míele dziƒo ŋutɔŋutɔ si le mía tame kpɔm la, edzena na mí abe ɖe wòxa gobaa ene eye eɖi blema gbalẽxatsaxatsa si dzi nuŋɔŋlɔwo nɔa eƒe akpa si le eme la dzi zi geɖe. Ne nuxlẽla xlẽ nya si woŋlɔ ɖe agbalẽxatsaxatsa la ƒe akpa si le eme dzi vɔ la, woŋlɔnɛ tsɔ dana ɖi. Nenema ke “woaŋlɔ dziƒowo, abe alesi woŋlɔa agbalẽe ene,” si fia be woahe amegbetɔdziɖuɖuwo ava nuwuwui. Esi woɖu woƒe ŋkekewo vɔ ta la, ele be woahe wo ava nuwuwui le Harmagedon me. Woƒe “aʋakɔ” gãawo age abe alesi aŋgba yɔyrɔ gena le weinka ŋu alo ‘gbo yɔyrɔe’ gena le gboti ŋui ene. Woƒe ɣeyiɣi ava yi.—Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 6:12-14.
Teƒeɖoɖoŋkeke
9. (a) Afikae Edom dzɔ tso, eye ƒomedodo kae va nɔ Israel kple Edom dome? (b) Se kae Yehowa de ɖe Edom ŋu?
9 Azɔ nyagblɔɖia tɔ asi dukɔ aɖe si nɔ anyi le Yesaya ƒe ŋkekea me dzi—eyae nye Edom. Esau (Edom) si dzra eƒe ŋgɔgbevinyenye na nɔvia Yakob tsɔ xɔ abolo kple bɔbɔ la ƒe dzidzimeviwoe Edomtɔwo nye. (Mose I, 25:24-34) Esau va lé fu nɔvia Yakob vevie le esi wòxɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye ta. Emegbe Edom-dukɔ kple Israel-dukɔa va zu futɔwo, togbɔ be venɔviwo mee wodzɔ tso hã. Edom ƒe fuléle Mawu ƒe dukɔ na Yehowa ƒe dziku va wo dzi, eye egblɔ be: “Nye yi mu aha le dziƒo, eye wòge dze Edom, dukɔ, si medo busui la dzi hena ʋɔnudɔdrɔ̃. Ʋu ƒo Yehowa ƒe yi, ami ɖoe, alẽviwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋue, agbowo ƒe ayikuwo ŋu mie; elabena Yehowa le vɔsa ŋkekenyui ɖum le Bozra kple lãwu ŋkekenyui gã le Edom-nyigba dzi.”—Yesaya 34:5, 6.
10. (a) Amekawoe Yehowa abɔbɔ ɖe anyi ne eɖe eƒe yi “le dziƒo”? (b) Nɔnɔme kae Edom ɖe fia esime Babilon va dze Yuda dzi?
10 Nuto si le to kɔkɔwo dzie Edom le. (Yeremya 49:16; Obadya 8, 9, 19, 21) Gake dzɔdzɔmetakpɔnu siawo gɔ̃ hã made wo dzi o ne Yehowa ɖe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe yi “le dziƒo” eye wòbɔbɔ Edom-dziɖulawo ɖe anyi tso woƒe nɔƒe kɔkɔa. Edom sesẽ le asrafonya me ŋutɔ, eye eƒe aʋakɔwo zɔna toa to kɔkɔwo dzi be yewoakpɔ dukɔa ta. Gake esime Babilon-ʋakɔwo va dze Yuda dzi la, Edom-dukɔ sesẽ sia mena kpekpeɖeŋu aɖeke wo o. Ðe Edom kpɔ dzidzɔ ŋutɔ boŋ be womu Yuda-fiaɖuƒea eye wònɔ dzi dem ƒo na wo dzi ɖulawo. (Psalmo 137:7) Edom ti Yudatɔ siwo nɔ sisim le woƒe futɔwo nu gɔ̃ hã yome helé wo vɛ na Babilontɔwo. (Obadya 11-14) Edomtɔwo ɖoe be yewoava xɔ Israel-viwo ƒe anyigba si wogblẽ ɖi la, eye woƒo nu tsi tre ɖe Yehowa ŋu dadatɔe.—Xezekiel 35:10-15.
11. Aleke Yehowa aɖo Edomtɔwo ƒe nuwɔna vɔ̃ɖi la teƒe na woe?
11 Ðe Yehowa ŋe aɖaba ƒu nɔvimawɔmawɔ ƒe nɔnɔme sia si Edomtɔwo ɖe fia la dzia? Ao. Ke boŋ egblɔ ɖi le Edom ŋu be: “Woawo kple tòwo siaa woamũ adze anyi hekpe ɖe nyitsuwo kple nyiwo ŋu, woƒe anyigba ano woƒe ʋu, eye ami adzaba woƒe ke.” (Yesaya 34:7) Yehowa ƒo nu tso amegã kple ame tsɛ siwo le dukɔa me ŋu be wonye kpɔɖeŋu tòwo kple nyitsuwo, kpakple agboviwo kple gbɔ̃tsuwo. Woatsɔ dukɔ sia si ɖi ʋufɔ la me tɔwo ŋutɔ ƒe ʋu adzaba eƒe anyigbae to Yehowa ƒe “yi” si wòatsɔ atsrɔ̃ wo la dzi.
12. (a) Amekae Yehowa zã tsɔ he to na Edom? (b) Nya kae nyagblɔɖila Obadya gblɔ ɖi ɖe Edom ŋu?
12 Mawu ɖoe be yeahe to na Edom ɖe nusi wòtsɔ fuléle wɔ ɖe Eƒe anyigba dzi habɔbɔ si woyɔ be Zion la ŋu ta. Nyagblɔɖia gblɔ be: “Hlɔ̃biagbe, teƒeɖoɖo ƒe ƒe wònye tso Yehowa gbɔ, ne wòawɔ avu na Zion.” (Yesaya 34:8) Le Yerusalem tsɔtsrɔ̃ le ƒe 607 D.M.Ŋ. megbe kpuie la, Yehowa te eƒe hlɔ̃ dzɔdzɔe biabia Edomtɔwo to Babilon-fia, Nebukadnezar, dzi. (Yeremya 25:15-17, 21) Ne Babilontɔwo ho ɖe Edom ŋu la, naneke mate ŋu axɔ na Edomtɔwo o! Enye “teƒeɖoɖo ƒe ƒe” si ava tonyigba ma dzi. Yehowa gblɔ ɖi to nyagblɔɖila Obadya dzi be: “Le ŋuta, si nèsẽ le nɔviwò Yakob ŋu ŋuti la, ŋukpe anyẽ atsyɔ wò, eye woatsrɔ̃ wò ɖa tegbee. . . . Alesi nèwɔ la, nenema woawɔ wò, eye wò nuwɔwɔwo ava wò ta dzi.”—Obadya 10, 15; Xezekiel 25:12-14.
Kristodukɔa ƒe Etsɔme Wɔnublanui La
13. Amekawoe le abe Edom ene egbea, eye nukatae?
13 Habɔbɔ aɖe li le egbeɣeyiɣiawo me si ƒe nɔnɔme ɖi Edom tɔ. Habɔbɔ kae? Amekawoe xɔ ŋgɔ le vlododo Yehowa subɔlawo kple wo yometiti me le egbeɣeyiɣiawo me? Ðe menye Kristodukɔa ye, to eƒe osɔfowo dzi oa? Ẽ! Kristodukɔa do eɖokui ɖe dzi va le kɔkɔƒe si le abe todzi ene le xexemenyawo me. Egblɔna be ɖoƒe kɔkɔ aɖee yele le ameƒomea ƒe nuɖoanyia me, eye eƒe subɔsubɔhawoe nye Babilon Gã la ƒe akpa vevitɔ. Gake Yehowa ɖo “teƒeɖoɖo ƒe ƒe” ɖi ɖe egbeŋkekea me Edom sia ŋu le eƒe ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe Eƒe amewo, siwo nye Eƒe Ðasefowo ŋu ta.
14, 15. (a) Nukae adzɔ ɖe Edom-nyigba kple Kristodukɔa dzi? (b) Nukae aŋe bidzo kple dzudzɔ si atu tegbee si ŋu woƒo nu tsoe la fia, eye nukae womefia o?
14 Eyata ne míele Yesaya ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa sia ƒe susɔea me dzrom la, menye blema Edom ŋu koe míabu o ke míabu Kristodukɔa hã ŋu: “Eƒe tɔʋuwo atrɔ zu aŋe, eƒe kewɔ azu aŋɔ, eye eƒe anyigba azu aŋe bidzo. Matsi o zã kple keli, eye eƒe dzudzɔ ade dzi tegbee.” (Yesaya 34:9, 10a) Ku aɖi le Edom-nyigba la dzi ale gbegbe be anɔ abe ɖe kewɔ nye dzokpe eye tɔʋuwo yɔ fũ kple aŋɔ, ke menye tsi o ene. Azɔ woade dzo nusiawo siwo te ŋu bina ŋutɔ la me!—Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 17:16.
15 Ame aɖewo bu alesi woyɔ dzo, aŋe, kple aŋɔ la be enye kpeɖodzi be dzomavɔ aɖe li. Gake menye glitoto me dzomavɔ aɖe mee woda Edom ɖo be wòanɔ fiafiam le tegbee o. Ke boŋ ɖe wotsrɔ̃e wòbu le xexeame abe dzo kple aŋɔe fiae keŋkeŋ ene. Abe alesi nyagblɔɖia yi edzi ɖee fia ene la, nusi do tso eme mlɔebae nye ‘gbegbe kple aƒedo eye enu atso,’ ke menye fuwɔame mavɔ o. (Yesaya 34:11, 12) Dzudzɔ si “ade dzi tegbee” la nye esia ƒe kpɔɖeŋu si me kɔ nyuie. Ne aƒe aɖe bi eye dzobibia tsi vɔ la, dzudzɔ yia edzi nɔa tutum tso dzowɔawo me ɣeyiɣi aɖe wònyea kpeɖodzi na eteƒekpɔlawo be dzo bi teƒea. Esi Kristotɔ siwo li egbea le nu srɔ̃m tso Edom ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu ta la, Edom ƒe dzobibia gale dzudzɔ tum kokoko le gɔmesese ma nu.
16, 17. Nukae Edom ava zu, eye ɣeyiɣi didi kae wòanɔ nɔnɔme sia me ase ɖo?
16 Yesaya ƒe nyagblɔɖia yi edzi gblɔ ɖi be lã wɔadãwo ava xɔ ɖe amegbetɔ siwo le Edom la teƒe, eye esia fia aƒedozuzu si gbɔna: “Atsi anyi gbegbee tso dzidzime yi dzidzime, eye ame aɖeke mato edzi akpɔ o tegbee. Aluge kple hlɔ̃made anɔ edzi, eye adzexe kple akpaviã atso aƒe ɖe edzi; ada dzidzeka ɖe edzi, be wòazu gbegbe kple nudakpe ɖe edzi, be wòazu aƒedo. Eƒe bubumewo maganɔ afima atsɔ fiaɖuƒe la anɔ boblo dome o, eye eƒe amegãwo katã nu atso. Aŋɔka amie ɖe eƒe fiasãwo me kple dzawo kpakple ŋuwo ɖe eƒe mɔ̃ sesẽwo me, eye wòazu aƒe na amegãxiwo kple kpɔtɔtɔ na goloviwo. Gbedzilãwo kple amegãxiwo ado go le afima, azizãwo ayɔ wo nɔewo le afima, eye gbetsiwo adzudzɔ le afima, agbɔ ɖe eme bɔkɔɔ. Dakpui awɔ atɔ ɖe afima, aɖa azi.”—Yesaya 34:10b-15.a
17 Ẽ, Edom azu anyigba ƒuƒlu. Azu aƒedo eye lã wɔadãwo, xeviwo, kple dawo koe anɔ afima. Abe alesi kpukpui 10 lia gblɔe ene la, anyigba la ayi edzi anye gbegbe “tegbee.” Amewo magava nɔ edzi akpɔ o.—Obadya 18.
Yehowa ƒe Nya Ava Eme Godoo
18, 19. Nukae nye “Yehowa ƒe agbalẽ” la, eye nya kae wogblɔ ɖe Kristodukɔa ŋu le “agbalẽ” sia me?
18 Etsɔme wɔnublanui ƒe vɔvɔli kae nye si esia nye na Kristodukɔa si nye egbeŋkekea me Edom la! Eɖee fia be yenye Yehowa Mawu ƒe futɔ gã aɖe, amesi ƒe Ðasefowo yome wòtina vɔ̃ɖitɔe. Eye ɖikeke aɖeke mele eme o be Yehowa awɔ ɖe eƒe nya dzi. Ne ame aɖe tsɔ nyagblɔɖia sɔ kple emevava la, akpɔe be wo ame evea wowɔ ɖeka kple wo nɔewo—abe alesi tututu lã siwo ava nɔ Edom si zu aƒedo la ‘anye atsu kple asii’ godoo ene. Yesaya ƒo nu na amesiwo ava srɔ̃ Biblia me nyagblɔɖi le etsɔme be: “Midzro Yehowa ƒe agbalẽ me, eye miaxlẽe: Wo dometɔ aɖeke makpɔtɔ o, eye womabu ɖe wo nɔewo o. Elabena nye nue de se, eye nye gbɔgbɔe ƒo wo nu ƒu. Eyae dzidze nu na wo, eye eƒe asie tsɔ dzidzeka mãe na wo, anye wo tɔ tegbee, eye woanɔ edzi tso dzidzime yi dzidzime.”—Yesaya 34:16, 17.
19 Wogblɔ Kristodukɔa ƒe tsɔtsrɔ̃ si tu aƒe ɖi le “Yehowa ƒe agbalẽ me.” “Yehowa ƒe agbalẽ” sia ƒo nu tso alesi Yehowa abia akɔnta amesiwo nye eƒe futɔ siwo gbe tɔtrɔ kple amesiwo nye eƒe amewo teɖeanyila matrɔdzimewoe ŋu. Nya si woŋlɔ ɖe blema Edom ŋu va eme, eye esia doa ŋusẽ míaƒe kakaɖedzi be nyagblɔɖi si ku ɖe Kristodukɔ si le abe Edom ene le egbeŋkekea me ŋu la hã ava eme nenema ke. “Dzidzeka,” si nye Yehowa ƒe dɔwɔna ŋuti ɖoɖo la ɖo kpe edzi be habɔbɔ sia si le kudɔ ƒom la azu aƒedo.
20. Nukae adzɔ ɖe Kristodukɔa dzi abe blema Edom ene?
20 Kristodukɔa wɔa nusianu si wòate ŋui tsɔ faa dzi na exɔlɔ̃ dunyahelawo, gake made edzi o! Nyaɖeɖefia ta 17 kple 18 lia gblɔ be Yehowa, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la, adee woƒe dzime be woatso ɖe Babilon Gã la katã, kple Kristodukɔa hã ŋu. Esia ana alakpa Kristotɔnyenye ɖesiaɖe nabu le anyigba bliboa dzi. Kristodukɔa ƒe nɔnɔme ava nɔ abe nɔnɔme madeamedzi siwo wogblɔ le Yesaya ta 34 lia me la ene. Manɔ anyi le “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” si atso nya sia nya me la wɔɣi gɔ̃ hã o! (Nyaɖeɖefia 16:14) Abe blema Edom ene la, woaɖe Kristodukɔa ɖa tso anyigba dzi keŋkeŋ, “tegbee.”
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kaka Maleaxi ƒe ɣeyiɣia naɖo la, nyagblɔɖi sia va eme. (Maleaxi 1:3) Maleaxi gblɔ be Edomtɔwo kpɔ mɔ be yewoagava nɔ yewoƒe anyigba si zu aƒedo la dzi. (Maleaxi 1:4) Gake esia menye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu o, eye emegbe afisi nye Edom-nyigba tsã la va zu dukɔ bubu, si nye Nabataeatɔwo, tɔ.
[Aɖaka si le axa 363]
Mawu Dɔmedzoetɔ Yea?
Nyagbɔgblɔ siwo ƒe ɖewo dze le Yesaya 34:2-7 la na ame geɖe bu be Yehowa, si ŋu woƒo nu tsoe le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, nye Mawu ŋutasẽla kple dɔmedzoetɔ aɖe. Nyateƒeea?
Ao. Togbɔ be Mawu ɖea eƒe dziku fiana ɣeaɖewoɣi hã la, dziku sia sɔna ɣesiaɣi. Enɔa te ɖe gɔmeɖose dzi ɣesiaɣi, ke menye seselelãme si dzi womete ŋu ɖu dzi o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, gome si le Wɔla la si be woasubɔ eya ɖeka ko kple alesi wòléa nyateƒe me ɖe asi ɖaa la wɔa ɖeka kple eƒe dziku ɣesiaɣi. Alesi Mawu lɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple eƒe lɔlɔ̃ na amesiwo wɔa nu dzɔdzɔe la siaa doa ƒome kple eƒe dziku. Yehowa kpɔa nya siwo katã do ƒome kple nya la eye wònyaa nya sia nya le nɔnɔme si ado mo ɖa ŋu. (Hebritɔwo 4:13) Enya amewo ƒe dzime; eléa ŋku ɖe afisi woŋe aɖaba ƒu nu dzi se ɖo, woƒe ɖekematsɔleme, alo nuvɔ̃ si woɖo wɔ ŋu; eye ewɔa nu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe.—Mose V, 10:17, 18; Samuel I, 16:8; Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.
Gake Yehowa Mawu “gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.” (Mose II, 34:6) Ekpɔa nublanui na amesiwo vɔ̃nɛ eye wodzea agbagba be yewoawɔ nu dzɔdzɔe la, elabena Ŋusẽkatãtɔ la nya amegbetɔ ƒe blibomademade eye wòkpɔa nublanui nɛ le esia ta. Egbea Mawu wɔa esia to Yesu ƒe tafevɔsaa dzi. (Psalmo 103:13, 14) Le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la, Yehowa ɖea eƒe dziku ɖa le amesiwo dea dzesi woƒe nuvɔ̃, trɔa dzime hesubɔnɛ ŋutɔŋutɔ la dzi. (Yesaya 12:1) Ele vevie be míanya be Yehowa menye Mawu dɔmedzoetɔ o ke boŋ enye Mawu dzidzɔtɔ, menye amesi ŋu womete ŋu tena ɖo o ke ɖe wòxɔa ame faa boŋ, eye efaa tu hegbɔa dzi ɖi na amesiwo vaa egbɔ le mɔ nyuitɔ nu. (Timoteo I, 1:11) Esia to vovo sã na nublanuimakpɔmakpɔ kple ŋutasesẽ ƒe nɔnɔme si wogblɔ be ele trɔ̃subɔlawo ƒe alakpamawuwo si eye wòdzena le mawu mawo ƒe nɔnɔmewɔwɔwo me.
[Anyigbatata si le axa 362]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Ƒu Gã
Damasko
Zidon
Tiro
ISRAEL
Dan
Galilea Ƒu
Yordan Tɔsisi
Megido
Ramot-Gilead
Samaria
FILISTI
YUDA
Yerusalem
Libna
Laxis
Beer-Seba
Kades-Barnea
Dzeƒu
AMON
Raba
MOAB
Kir-Xareset
EDOM
Bozra
Teman
[Nɔnɔmetata siwo le axa 359]
Kristodukɔa na anyigba ƒo ʋu
[Nɔnɔmetata si le axa 360]
“Woaŋlɔ dziƒowo, abe alesi woŋlɔa agbalẽe ene”