TA 6
Subɔsubɔdɔwɔlawo Kpɔa Dɔ Veviwo Gbɔ
APOSTOLO Paulo ŋlɔ na Filipi hamea bena: “Paulo kple Timoteo, Kristo Yesu ƒe kluviwo, le esia ŋlɔm na ame kɔkɔe siwo katã wɔ ɖeka kple Kristo Yesu le Filipi kple dzikpɔlawo kpakple subɔsubɔdɔwɔlawo siaa.” (Fil. 1:1) De dzesii be edo gbe na subɔsubɔdɔwɔlawo. Edze ƒãa be ŋutsu siawo wɔ akpa vevi aɖe tsɔ kpe asi ɖe hamemetsitsi siwo nɔ hamea me ɣemaɣi ŋu. Alea kee wògale egbea hã. Subɔsubɔdɔwɔlawo wɔa dɔ vovovowo tsɔ kpena ɖe hamemetsitsiwo ŋu, eye esia wɔnɛ be nuwo nɔa ɖoɖo nyui nu le hamea me.
2 Ènya ame siwo nye subɔsubɔdɔwɔlawo le miaƒe hamea mea? Ènya dɔ siwo wowɔna siwo ɖea vi na mia kple hame bliboa katã? Kakaɖedzitɔe la, Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe dɔ sesẽ siwo ŋutsu siawo wɔna la ŋu. Paulo ŋlɔ bena: “Ŋutsu siwo subɔna nyuie la le ŋkɔ nyui wɔm na wo ɖokuiwo, eye woate ŋu aƒo nu dzinɔameƒotɔe le xɔse si ku ɖe Kristo Yesu ŋu la me.”—1 Tim. 3:13.
ŊƆŊLƆAWO ƑE NUDIDI SIWO GBƆ WÒLE BE SUBƆSUBƆDƆWƆLAWO NAÐO
3 Wokpɔa mɔ be subɔsubɔdɔwɔlawo nanɔ agbe si dze Kristotɔwo, woanye ŋutsu siwo dzi woaka ɖo, eye woanye ame siwo léa fɔ ɖe dɔ siwo wode asi na wo la ŋu nyuie. Esia dze ƒãa ne míede ŋugble le nya si Paulo gblɔ na Timoteo ku ɖe subɔsubɔdɔwɔlawo ƒe dzedze ŋu le agbalẽ si wòŋlɔ nɛ me la ŋuti, esi gblɔ be: “Nenema kee subɔsubɔdɔwɔlawo hã nanye ame siwo léa fɔ ɖe nu ŋu, woaganye aɖeveetɔwo o, woaganye aha geɖe nolawo o, woaganye ame siwo klẽa ŋu ɖe viɖe ƒoɖi kpɔkpɔ ŋu o, woanye ame siwo léa xɔse ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la me ɖe asi le dzitsinya dzadzɛ me. Azɔ hã, woado ame siawo kpɔ gbã be wodze hã; eye ne nutsotso aɖeke mele wo ŋu o la, ekema mina woasubɔ. Subɔsubɔdɔwɔla nanye nyɔnu ɖeka srɔ̃, ame si kpɔa viawo kple eya ŋutɔ ƒe aƒe dzi nyuie.” (1 Tim. 3:8-10, 12) Ne subɔsubɔdɔwɔlawo nɔa agbe ɖe dzidzenu kɔkɔ sia nu la, anye takpɔkpɔ na hamea be woagatsɔ nya ɖe hamea ŋu ku ɖe ame siwo ƒomevi wotsɔa agbanɔamedzi tɔxɛwo dea asi na ŋu o.
4 Subɔsubɔdɔwɔlawo ɖanye ame tsitsi alo ɖekakpuiwo o, wonyea ame siwo kpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɣleti sia ɣleti. Wotsɔa dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le Yesu sɔsrɔ̃ me. Woƒe gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me dzonɔamemetɔe alea ɖea ale si Yehowa di vevie be ameƒomea nakpɔ ɖeɖee la fiana.—Yes. 9:7.
5 Ele be subɔsubɔdɔwɔlawo naɖo kpɔɖeŋu nyui le awudodo, dzadzraɖo, nuƒoƒo, nuwɔna kple agbenɔnɔ hã me. Woƒe agbenɔnɔ ŋuɖɔɖotɔe alea nana amewo dea bubu wo ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, wodea asixɔxɔ gã aɖe ƒomedodo si le woa kple Yehowa dome kpakple subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siwo su wo si le hamea me la ŋu.—Tito 2:2, 6-8.
6 Ŋutsu siawo nye ame siwo ‘wodo kpɔ.’ Hafi woava ɖo wo gɔ̃ hã la, woɖee fia kɔtɛ be yewonye ame siwo tsɔ yewo ɖokuiwo na bliboe. Wotsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me, eye wominyaa subɔsubɔdɔa ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si le ʋuʋu ɖi. Le nyateƒe me la, wonye kpɔɖeŋu nyui si hamea me tɔ bubuwo ate ŋu asrɔ̃.—1 Tim. 3:10.
SUBƆSUBƆDƆ SIWO WOWƆNA
7 Subɔsubɔdɔwɔlawo wɔa dɔ vevi vovovo siwo ɖea vi na wo nɔviwo, eye esia nana dzikpɔlawo kpɔa asinu léa fɔ ɖe nufiafia kple alẽkpɔkplɔdɔa ƒe agbanɔamedziwo ŋu. Ne hamemetsitsiwo le dɔ vovovoawo dem asi na wo la, wobua wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋutetewo kpakple hiahiã siwo le hamea me ŋu.
Subɔsubɔdɔwɔlawo wɔa dɔ vevi vovovo siwo ɖea vi na wo nɔviwo, eye esia nana dzikpɔlawo kpɔa asinu léa fɔ ɖe nufiafia kple alẽkpɔkplɔdɔa ƒe agbanɔamedziwo ŋu
8 Bu dɔ vovovo siwo wowɔna la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ: Subɔsubɔdɔwɔla aɖe ƒe dɔdeasi ate ŋu anye hamea ƒe agbalẽwo dzi kpɔkpɔ, si nana wònɔa bɔbɔe na mí be míexɔa agbalẽ siwo míawo ŋutɔwo míehiã kple esiwo míatsɔ ayi gbeadzi. Eye wodea dɔ asi na bubuwo hã be woakpɔ gakɔntabubu alo anyigbamama ŋuti nuŋlɔɖiwo dzi. Wodea dɔ asi na wo dometɔ aɖewo be woakpɔ nuƒomɔ̃wo kple haƒomɔ̃wo dzi, alo woanye anyinɔƒegbɔkpɔlawo; eye ɖewo hã kpena ɖe hamemetsitsiwo ŋu le mɔ bubuwo nu. Beléle na Fiaɖuƒe Akpataa kple eme dzadzraɖo be wòanɔ dzadzɛ ƒe dɔ geɖe li, eya ta zi geɖe la, wobiana tso subɔsubɔdɔwɔlawo si be woana kpekpeɖeŋu le dɔ siawo gbɔ kpɔkpɔ me.
9 Le hame aɖewo me la, anya wɔ be woade dɔ siawo dometɔ aɖe asi na subɔsubɔdɔwɔla ɖeka. Gake le hame bubuwo me la, woate ŋu ade dɔ vovovowo asi na subɔsubɔdɔwɔla ɖeka. Eye le go aɖewo me la, subɔsubɔdɔwɔla eve alo esi wu nenema ate ŋu akpɔ dɔ ɖeka aɖe gbɔ. Ne subɔsubɔdɔwɔlawo mesɔ gbɔ awɔ dɔ siawo dometɔ aɖewo o la, hamemetsitsiwo ƒe ha la ate ŋu awɔ ɖoɖo be nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui la nawɔ dɔ vevi siawo dometɔ aɖewo. Esia awɔe be nuteƒekpɔkpɔ si ava ɖe vi na wo emegbe ne wova ɖo woawo hã subɔsubɔdɔwɔlawoe la nasu wo si. Ne nɔviŋutsuwo meli o la, woate ŋu abia tso nɔvinyɔnu siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui la si be woana kpekpeɖeŋu le dɔ siawo dometɔ aɖewo wɔwɔ me, togbɔ be womaɖo wo subɔsubɔdɔwɔlawoe o hã. Ame si ɖoa kpɔɖeŋu nyui ye nye ame si ƒe agbenɔnɔ kple mawusubɔsubɔ nye kpɔɖeŋu nyui si wòdze be woasrɔ̃. Eƒe kpekpewo dede, gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, ƒomegbenɔnɔ, modzakaɖeɖe, awudodo kple dzadzraɖo kpakple bubuawo hã nye kpɔɖeŋu nyui na ame bubuwo be woasrɔ̃.
10 Le hame siwo me hamemetsitsiwo mesɔ gbɔ le o me la, woate ŋu abia tso subɔsubɔdɔwɔla dovevienuwo si be woazã numetotobiabia siwo nye míaƒe dzixɔsewo ŋuti nufiafiawo la atsɔ awɔ numetoto kple ame siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ. Numetotobiabia siawo dze le Megbenyawo Akpa 1, si nye “Kristotɔwo Ƒe Dzixɔsewo.” Esi wònye be Akpa 2, si nye “Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ” la ku ɖe nya siwo nye ame ŋutɔ ƒe nya ɣaɣlawo ŋu ta la, ele be hamemetsitsi aɖe nadzro akpa sia me kple amea.
11 Le susu nyui aɖewo ta la, ɖewohĩ hamemetsitsiwo akpɔe be anyo be yewoanɔ dɔ ɖɔ lim na subɔsubɔdɔwɔlawo tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi. Gake eɖea vi geɖe ne woɖe mɔ nɔviŋutsuwo yi dɔ aɖe si wode asi na wo la wɔwɔ dzi ɣeyiɣi didi aɖe be woabi ɖe ewɔwɔ me ale be nuteƒekpɔkpɔ nasu wo si.
12 Le hiahiã siwo le hamea me nu la, dɔ bubuwo anɔ anyi siwo woate ŋu ade asi na subɔsubɔdɔwɔla siwo ƒe ŋgɔgbedede ‘dze ƒãa na amewo katã.’ (1 Tim. 4:15) Ne hamemetsitsiwo mesɔ gbɔ o la, woate ŋu azã subɔsubɔdɔwɔla wòanye ƒuƒoƒodzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ, alo le go bubuwo me la, woate ŋu azãe abe ƒuƒoƒosubɔla ene, eye awɔ dɔ sia le hamemetsitsiawo ƒe dzikpɔkpɔ te. Woate ŋu ade dɔ aɖewo asi na subɔsubɔdɔwɔlawo le Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea me, woate ŋu akpɔ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ dzi ne ehiã, eye woate ŋu aƒo dutoƒonuƒowo hã. Woate ŋu ana subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ bubuwo subɔsubɔdɔwɔlawo ne hiahiã tɔxɛ aɖe li eye wodze le nu siwo dɔdeasia bia nu. (1 Pet. 4:10) Ele be subɔsubɔdɔwɔlawo natsɔ wo ɖokuiwo ana faa ne wole kpekpem ɖe hamemetsitsiwo ŋu.
13 Togbɔ be woƒe dɔwo to vovo na hamemetsitsiwo tɔ hã la, subɔsubɔ kɔkɔe si míetsɔna naa Mawu la ƒe akpa aɖee wònye, eye woƒe dɔawo le vevie be nuwo naɖe zɔ nyuie le hamea me. Ne subɔsubɔdɔwɔlawo wɔ woƒe dɔdeasiawo nyuie hena ɣeyiɣi aɖe eye wova dze be woasubɔ abe alẽkplɔlawo kple nufialawo ene la, woakafu wo woazu hamemetsitsiwo.
14 Ne sɔhɛe nènye alo èxɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o la, ɖe nèle agbagba dzem be yeaɖo nudidia gbɔ be nàdze anye subɔsubɔdɔwɔla? (1 Tim. 3:1) Esi ame gbogbo aɖewo le nyateƒea me vam ƒe sia ƒe ta la, wohiã ŋutsu siwo tsi le gbɔgbɔ me la geɖe ŋutɔ be woakpɔ hamea ƒe agbanɔamedziwo gbɔ. Ne èdina be yeakpe ɖe ame bubuwo ŋu la, àte ŋu aɖo nudidia gbɔ. Mɔ aɖe si dzi nàto awɔ esiae nye be nàsrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu nyui la. (Mat. 20:28; Yoh. 4:6, 7; 13:4, 5) Ne wò ŋutɔ èkpɔ dzidzɔ si dona tso nunana amewo me la, didi si le mewò be yeakpe ɖe amewo ŋu la nu agasẽ ɖe edzi. (Dɔw. 20:35) Eya ta, tso le ɖokuiwò si nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu, nàkpe asi ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me dzadzraɖo ŋu, alo nàlɔ̃ faa awɔ dɔdeasi aɖe le Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea me ne ame si awɔe la meva o. Subɔsubɔmɔnukpɔkpɔa minyaminya bia hã be woanɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ wɔm edziedzi ale be woatu gbɔgbɔmenɔnɔme nyuiwo ɖo. (Ps. 1:1, 2; Gal. 5:22, 23) Gakpe ɖe eŋu la, nɔviŋutsu si le dɔa minyam la ɖenɛ fiana be yenye ame si dzi woate ŋu aka ɖo kple nuteƒewɔla ne wotsɔ hamea me dɔ aɖe de asi nɛ.—1 Kor. 4:2.
15 Gbɔgbɔ kɔkɔe lae ɖoa subɔsubɔdɔwɔlawo be wòaɖe vi na hamea. Ame siwo katã le hamea me la ate ŋu aɖee afia be yewokpɔa ŋudzedze ɖe dɔ sesẽ siwo subɔsubɔdɔwɔlawo wɔna ŋu ne wowɔa nu aduadu kpli wo le dɔ siwo wode asi na wo la wɔwɔ me. Le mɔ sia nu la, hamea anɔ eɖem fia be yewokpɔ ŋudzedze ɖe nunana si tso Yehowa gbɔ be nuwo nayi edzi nyuie le yeƒe aƒea me la ŋu.—Gal. 6:10.