INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wcg ta 6 axa 36-39
  • Elɔ̃ Be Yeayi Afi Si Menya O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Elɔ̃ Be Yeayi Afi Si Menya O
  • Zɔ Kple Mawu Dzinɔameƒotɔe
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ku Nu Me
  • De Ŋugble Le Nufiameawo Ŋu
  • Bu Nu Siwo Le Vevie Wu Ŋu
  • Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee
  • “Ɛ̃, Mayi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
  • Rebeka Nyɔnu Mawuvɔ̃la Si Doa Vevie Nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Rebeka Lɔ̃ Faa Be Yeawɔ Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Rebeka Di Be Yeana Yehowa Nakpɔ Dzidzɔ
    Fia Nu Viwòwo
Kpɔ Bubuwo
Zɔ Kple Mawu Dzinɔameƒotɔe
wcg ta 6 axa 36-39

6 REBEKA

Elɔ̃ Be Yeayi Afi Si Menya O

Tatatɔ
Tatatɔ

FIẼ mee. Ɣeyiɣia de be Rebeka navae du tsi va aƒe me. Eya ta edze mɔ yina vudoa to eye wòlé tsize gã aɖe ɖe ta. Ewɔa dɔ sia gbe sia gbe eye metinɛ o. Egbea ya la, ekpɔ ŋutsu aɖewo kple woƒe kposɔwo le vudoa to; amedzrowoe wonye! Gake ezɔ yi vae ku tsia.

Esi wòdro tsia dzo yina aƒe me la, ŋutsu tsitsi aɖe si le amedzroawo dome ƒu du yi egbɔ biae be, “Meɖe kuku, na wò ze la me tsi vi aɖem mano.” Rebeka megblɔ be yemedze si ŋutsua o ta yemanae tsia o. Ke boŋ egblɔ nɛ be: “Nye aƒetɔ, noe faa,” eye wòɖiɖi eƒe tsizea ale be ŋutsua no tsia wòɖi kɔ nɛ nyuie.

Menye ŋutsua ɖeɖe koe Rebeka na tsii o. Egblɔ be yeadu tsi na woƒe kposɔ ewoawo hã woano. Esia wɔ nuku na ŋutsua ŋutɔ. Enɔ ɖetugbui dze tugbe sia kpɔm wònɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm nɔ tsi dum ɖe agba me na kposɔawo va se ɖe esime wonoe wòɖi kɔ na wo. Ŋutsua biae ame si ƒe vi wònye eye wòbiae nenye be yewoate ŋu atsi woƒe ƒomea gbɔ adɔ zã ma. Rebeka mehe ɖe megbe kura o; ena dzeƒe wo katã ɖe tɔa ƒe aƒe me eye wòda gbe vɛ na woƒe kposɔawo hã be woaɖu.

Rebeka menya be Yehowae na yedo go ŋutsu tsitsi ma o. Ðewohĩ Eliezer si nye Abraham ƒe subɔvi si dzi wòka ɖoe nye ŋutsua. Kwasiɖa aɖewo do ŋgɔ la, Abraham gblɔ na eƒe subɔvia be wòazɔ mɔ kilometa alafa aɖewo avae di srɔ̃ na ye vi Isak, si ava nyi yeƒe dome. Abraham te gbe ɖe edzi na Eliezer be ele be ɖetugbuia natso ƒome si subɔa Yehowa me. Eya ta Eliezer do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu. Egblɔ nɛ be wòana ɖetugbui si yeakpɔ na Isak la nanyo dɔme na ye—eye nenema tututue Rebeka wɔ na Eliezer!

Rebeka megblɔ be yemekpɔ ŋutsuawo kpɔ o ta yemakpe ɖe wo ŋu o. Nyateƒee, woƒe ɣeyiɣia to vovo na mía tɔ. Elabe egbea, ame geɖe nye “ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o.” (2 Tim. 3:​1, 3) Gake kpɔɖeŋu nyui aɖee nye ema Rebeka ɖo, le woƒe ɣeyiɣia kura gɔ̃ hã me. Eye dzi nɔ eƒo wògawɔ nu bubu aɖewo hã.

Esi Rebeka kplɔ ŋutsuawo yi aƒe me vɔ la, eva nya nu si tae wozɔ mɔ legbee ma. Etɔa Betuel kple foa Laban gblɔ na Eliezer be woanɔ anyi yewoade asi agba me ɖekae. Gake Eliezer di be yeagblɔ afɔ si dzi yewole na wo gbã. Egblɔ ale si Yehowa kpe ɖe eŋu woke ɖe Rebeka ŋu na wo. Betuel kple Laban kpɔe be nyateƒe tomee Eliezer nɔ, eya ta wogblɔ be: “Yehowa gbɔe nu sia tso.”

Nu kae Rebeka awɔ esi wòva nya be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be yeaʋu adzo le yeƒe ƒometɔwo gbɔ avae ɖe ŋutsu aɖe si yemekpɔ kpɔ o?

Nu kae Rebeka awɔ? Abraham gblɔe na Eliezer do ŋgɔ be ɖewohĩ ɖetugbui si wòakpɔ la malɔ̃ be yeakplɔe ɖo ava Kanaan o. Nyae nye be Rebeka ate ŋu atiae be yeayi alo yemayi o. Esi ŋu ke la, Eliezer bia nenye be yeate ŋu akplɔ Rebeka adzoe enumake. Ƒomea gblɔ be yewoabia Rebeka ŋutɔ. Esi wobiae la, eɖo eŋu kpuie be: “Ɛ̃, mayi.” Elɔ̃ faa be yeadzo le yeƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo gbɔ togbɔ be menya nenye be yeagakpɔ wo ake o hã. Nu kae na dzi nɔ eƒo wòwɔ nu ma? Edze be eya hã kpɔe dze sii be nu si nɔ dzɔdzɔm la nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.

Wonɔ kposɔwo dzi zɔ mɔ kwasiɖa geɖe, eye mlɔeba wova ɖo afi si Abraham kple eƒe aƒekɔ bliboa ƒu asaɖa anyi ɖo le Kanaan. Esi zã nɔ dodom la, Rebeka kpɔ ŋutsu aɖe wònɔ zɔzɔm le gbea dzi ɖaa; ŋutsua nɔ ŋugble dem. Esi wogblɔ nɛ be Isak ye la, etsyɔ nu ta enumake tsɔ ɖee fia be yebɔbɔ ye ɖokui nɛ eye yelɔ̃ be wòanye ye srɔ̃. Ɣemaɣi la, Isak xɔ ƒe 40. Enye ŋutsu nyui aɖe eye wòbua ame ŋu. Enɔ nu xam le nɔa Sara si ku ƒe etɔ̃e nye ema ta. Ðe dzi anɔ Rebeka ƒo wòawɔ dɔ vevi si dem Mawu le esi be wòanye Isak srɔ̃a? Ðe wòalɔ̃ Isak, akpe ɖe eŋu be wòanye ƒome ƒe ta nyui si subɔa Yehowa? Biblia na míekpɔe be ete ŋu wɔ dɔ sia. Egblɔ ale si woƒe srɔ̃ɖeɖea dze egɔme na mí kpuie ale: “Isak lɔ̃e ŋutɔ, eye Isak ƒe akɔ fa azɔ le dadaa si ku la ŋuti.”

Rebeka zɔ yina go do ge Isak. Etsyɔ nu ta eye wòle tedzi kplɔm; ekpɔ Isak kple Eliezer wotɔ ɖe adzɔge ɖaa.

Xlẽ ŋutinyaa le Biblia me:

  • 1 Mose 24:​1-67; 25:20

Numedzodzro:

Aleke Rebeka ɖe dzinɔameƒo fiae?

Ku Nu Me

  1. 1. Mɔnukpɔkpɔ kae to Eliezer ŋu esi vi va nɔ Abraham si? Gake nu kae ɖee fia be Eliezer meʋã ŋu alo do dziku o? (1 Mose 15:​2-4; 24:12; w97 1/1 30 ¶2-wcgr)

  2. 2. Nu ka tae Abraham di be Isak srɔ̃ Rebeka naʋu ava Kanaan, ke menye be Isak naʋu ayi nyɔnua wo de o? (w97 1/1 30 ¶3-wcgr)

  3. 3. Nu kae wòfia esi wotsɔ nunanawo na Rebeka kple eƒe ƒometɔwo? (it “Rebeka” ¶4-wcgr)

  4. 4. Aleke mɔzɔzɔ tso Haran yi Isak ƒe aƒe me le Negeb nɔ na Rebeka? (wp16.3 15 ¶1) A

    Negeb gbedzi le Israel. Enye tonuto glidzaglidza aɖe si ʋuʋudedi, kpewo kple ke siwo ya ƒu kpo ɖi la yɔ fũu.

    www.LifeintheHolyLand.com

    Foto A: Ame geɖe tso aƒe ɖe Negeb kpɔ, eye Abraham ƒe lã gbogboawo hã ɖu gbe le afi ma

De Ŋugble Le Nufiameawo Ŋu

  • Ne èle ame si nàɖe tiam la, nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Abraham, Rebeka kple Isak gbɔ? (1 Mose 24:​2, 3; 27:46–28:1)

  • Rebeka doa vevie dɔ, enyoa dɔme eye wòbua ame. Aleke nɔvinyɔnuwo ate ŋu asrɔ̃e egbea? B

    Fotoawo: Mɔ etɔ̃ siwo nu nɔvinyɔnuwo ate ŋu asrɔ̃ Rebeka ƒe nɔnɔme nyuiwo le. Ame siwo dze le foto sia me la gadze le esiwo kplɔe ɖo me. Vidada aɖe le kpekpem ɖe vianyɔnuvi sue ŋu wòle atikutsetsewo fɔm le woƒe abɔ me de kusi me. Emegbe vidadaa kple vianyɔnuvia tsɔ kusia, si me atikutsetseawo le la, va na nɔvinyɔnu tsitsi aɖe. Vidadaa, srɔ̃a kple wo vinyɔnuvi suea le ƒometadedeagu wɔm le dzidzɔ me.

    Foto B

  • Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Rebeka ƒe dzinɔameƒo?

Bu Nu Siwo Le Vevie Wu Ŋu

  • Nu kae ŋutinya sia fiam tso Yehowa ŋu?

  • Aleke ŋutinya sia wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe tameɖoɖo?

  • Nya kae madi be mabia Rebeka ne wofɔe ɖe tsitre?

Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee

Srɔ̃ nu tso ale si Rebeka yi edzi ɖe dzinɔameƒo fia esi wòva zu srɔ̃nyɔnu kple vidada wɔnuteƒe ŋu.

“Rebeka—Nyɔnu Mawuvɔ̃la Si Doa Vevie Nu” (w04 4/15 8-11)

Nu kae ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ tso Rebeka gbɔ?

“Rebeka Ƒe Nɔnɔme Nyuiwo” (Internet dzi “Nɔnɔmetata Ƒe Dɔdeasiwo”-wcgr)

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe