11 MOSE
“Yi Farao Gbɔ”
FIFIA Mose ƒe agbenɔnɔ trɔ kura. Ƒe geɖe va yi tso esime wòdzo le Egipte, eye anɔ eme be megasusunɛ be ye dzie Yehowa ato aɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me o. Exɔ ƒe 80 fifia eye srɔ̃ kple vi eve hã le esi. Le Midian dzogbenyigba ma dzi la, ekplɔ toa ƒe alẽwo ƒe 40 sɔŋ, eye esrɔ̃ ɖokuibɔbɔ le ƒe mawo me.
Yehowa hã kpɔe be Mose trɔ ŋutɔ. Gbe ɖeka esi Mose nɔ alẽwo kplɔm le Horeb alo Sinai toa gɔme la, ekpɔ be ŋuve aɖe nɔ bibim gake menɔ fiafiãm o. Yehowae na nu sia nɔ dzɔdzɔm. Esi Mose te ɖe ŋuvea ŋu be yeakpɔ nu si tututu nɔ dzɔdzɔm la, Yehowa to mawudɔla sẽŋu aɖe dzi ƒo nu nɛ tso dzoa me. Yehowa gblɔ na Mose be wòatrɔ ayi Egipte akplɔ yeƒe amewo adzoe le afi ma! Be dzi nanɔ Mose ƒo wòayi dɔa gbe la, Mawu gblɔ nɛ be: “Mava Nye Nu Si Metia Be Manye.” Gɔmesese si le eƒe ŋkɔ kɔkɔe Yehowa ŋu ƒe akpa vevi aɖee nye ema wòɖe fiae. Esia fia be Yehowa ate ŋu awɔ nu sia nu si hiã be wòaɖe eƒe ame siwo tem wole ɖe anyi, ale be woate ŋu ava zu dukɔ sesẽ aɖe. Le mɔ sia nu la, Yehowa azu Ðela na wo.
Mose meka ɖe edzi be yeate ŋu awɔ dɔ sia o. Ekpɔe be manya wɔ na ye be yeaƒo nu le Egipte fia Farao ŋkume o, eya ta enɔ hehem ɖe megbe. Gake Yehowa ɖɔ Mose ƒe nuŋububu ɖo eye wòwɔ nane si do ŋusẽ eƒe xɔse. Ena ŋusẽ Mose wòwɔ nukunuwo, eye esiae nye zi gbãtɔ le Biblia ƒe nuŋlɔɖiwo me si Mawu wɔ nu sia. Yehowa gblɔ be Mose fo, Aron akpe ɖe eŋu eye wòaƒo nu ɖe enu. Mlɔeba la, Mose lɔ̃ be yeawɔ dɔa. Fifia enye ame si Yehowa si ami na be wòaɖe yeƒe amewo.—Heb. 11:26.
Aron kpe kple Mose le Horeb-toa gbɔ eye wo ame evea woyi Farao gbɔ le Egipte. Gake nuwo meyi nyuie kura o. Elabe woƒe nyawo ho dzi na Farao eye wògbe be yemaɖe asi le Israel-viawo ŋu o. Esi gavlo wue nye be Farao dzi dɔ sesẽ si Israel-viawo wɔna la ɖe edzi na wo! Yehowa gadɔ Mose ɖe Farao gbɔ be wòagblɔ nɛ be yeawɔ fu Egiptetɔwo ne meɖe asi le Israel-viawo ŋu o. Nu gbãtɔ si wòwɔ tsɔ wɔ fu woe nye be etrɔ Nil-tɔsisi gã la me tsia wòzu ʋu. Gake ema metsɔ fu le lãme na Farao o. Eya ta Yehowa yi edzi nɔ Mose dɔm ɖe egbɔ, eye ɣesiaɣi si wòayi la, egblɔa nu bubu si Yehowa ɖo be yeatsɔ awɔ fu wo vevie la nɛ. Yehowa gblɔna na Mose be “yi Farao gbɔ,” eye dzi nɔa eƒo wòyina. Gake ɖeko fia dadala ma doa toku Mose. Tso nu enelia si Yehowa wɔ tsɔ fia fu Egiptetɔwo dzi la, ekpɔa eƒe amewo ta ale be womekpea fua kpli wo o.
Fu ɖe sia ɖe si Yehowa wɔ Egiptetɔwo la na wòdze kɔtɛ be ŋusẽ aɖeke mele woƒe mawuwo, akunyawɔlawo kple Farao ŋutɔ gɔ̃ hã si o. Togbɔ be enɔ alea hã la, Farao mebɔbɔ eɖokui o, eye wògbe kokoko be yemaɖe asi le yeƒe kluviawo ŋu woadzo o. Eya ta Yehowa gawɔ nu bubu aɖe tsɔ wɔ fu wo, si nye nu asiekelia. Ena wonɔ viviti tsiɖitsiɖi me, gake kekeli nɔ Israel-viwo ya gbɔ. Esia na Farao va lɔ̃ be yeaɖe asi le Israel-viawo ŋu, gake emegbe egasẽ dzi me eye wòtrɔ susu. Ede se na Mose be ne eke atse gava yeƒe ŋkume ake la, yeawui.
Ele be Mose nado ɖe Farao ŋkume enuenu togbɔ be eƒe nyawo hoa dzi na Farao hã
Yehowa gadɔ Mose ɖe Farao gbɔ ake, eye wòyi. Egblɔ nu ewolia si nye mamlɛtɔ si Yehowa ɖo be yeatsɔ awɔ fu wo la nɛ. Eyae nye be Yehowa ana Egiptetɔwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã, amegbetɔwo kple lãwo siaa, naku. Farao ŋutɔ hã ƒe ŋgɔgbevi ku si na wòse veve vevie. Eva gloe eye wòna ta mlɔeba. Nu bliboa dze ŋukpe dzi nɛ ale gbegbe eye wòyɔ Mose be wòava kplɔ Israel-viwo dzoe; ebia gɔ̃ hã be Mose nayra ye. Israel-viwo vo azɔ eye wodzo le Egipte. Akɔntabubu ɖee fia be ɣemaɣie nye ƒe 430 tututu tso esime Abraham yi Ŋugbedodonyigbaa dzi zi gbãtɔ! Esi Israel-viwo ʋu dzo yina la, “ame vovovowo ƒe ha gã aɖe,” siwo dometɔ akpa gãtɔ nye Egiptetɔwo la, hã yi kpli wo. Gake Farao gatrɔ eƒe susu ake. Eƒo eƒe aʋawɔlawo ƒe ha gã aɖe nu ƒu eye woti Israel-viawo yome!
Mose kple Israel-viawo va ɖo Ƒudzĩa nu eye edze be teƒe aɖeke meli woato o. Esia na vɔvɔ̃ ɖo wo. Mose do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe yewo ŋu. Yehowa tɔ na wo; ewɔ nukunu aɖe si medzɔ kpɔ o. Ema Ƒudzĩa me, si na Israel-viwo to ƒuƒuiƒe dzo. Esi Farao kpɔe be wodzo yina la, eya kple eƒe aʋakɔa kplɔ wo ɖo. Gake esi Yehowa nya kpɔe be Israel-viawo katã do le Ƒudzĩa me vɔ ko la, ena tsia nyè tsyɔ Farao kple eƒe aʋakɔa dzi eye wo katã wono tsi ku. Aʋakɔ sesẽtɔ kekeake le xexea me ɣemaɣi lae nye ema tsrɔ̃!
Mose meŋlɔ nu wɔnuku mawo siwo dzɔ la be kpɔ gbeɖe o. Esia wɔe be eƒe xɔse gasẽ ɖe edzi. Le ƒe 40 siwo kplɔe ɖo me la, ekplɔ Mawu ƒe amewo eye wòlé be na wo va se ɖe esime wòku esi wòxɔ ƒe 120. Eƒe xɔse, lɔlɔ̃ kple dzinɔameƒo si wòɖe fia la nye nu siwo míate ŋu asrɔ̃.
Xlẽ ŋutinyaa le Biblia me:
Numedzodzro:
Aleke Mose ɖe dzinɔameƒo fia le ŋutinya sia me?
Ku Nu Me
1. Mímenya Farao si ŋu nya wogblɔ le ŋutinya sia me la ƒe ŋkɔ o, eye womekpɔ ke ɖe Egiptetɔwo ƒe nuŋlɔɖi aɖeke ŋu si ƒo nu tso ale si Israel-viwo ʋu le Egipte ŋu o. Gake nu ka tae wòle be míaxɔ Biblia me ŋutinya sia dzi ase? (g04 4/8 23 ¶3–24 ¶2-wcgr)
2. Nu ka tae amewo vɔ̃na Farao? (w14 4/15 8 ¶1) A
PRISMA ARCHIVO/Alamy Stock Photo
Foto A: Blema gli si ŋu Farao aɖe ƒe nɔnɔmetata le
3. Aleke nu ewo siwo Yehowa tsɔ wɔ fu Egiptetɔwo la ɖee fia be ŋusẽ aɖeke mele woƒe mawuwo si o? (it “Mawuwo Kple Mawunɔwo” ¶24-26-wcgr)
4. Nu kae ɖee fia be Yehowa ɖe mɔ gbadzaa aɖe to Ƒudzĩa me na Israel-viwo? Eye wo ame nenie anya tso Ƒudzĩa? (it “Ʋuʋu Tso Egipte” ¶46-48, 51-wcgr B
Foto B: Ale si Ƒudzĩa le dzedzem le Sinai ƒuta. Teƒe siae Israel-viwo anya tso ƒua le
De Ŋugble Le Nufiameawo Ŋu
Aleke Mose ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu ade dzi ƒo na mí ne míesusui be míedze awɔ dɔ aɖe si Yehowa de mía si o? (2 Mose 4:10; 7:6, 7)
Abe ale si Aron kpe ɖe Mose ŋu dzi nɔ eƒo wòwɔ dɔ si wode esi ene la, aleke míawo hã míate ŋu akpe ɖe mía nɔviwo ŋu egbea? (2 Mose 4:14-16) D
Foto D
Aleke nàte ŋu asrɔ̃ dzinɔameƒo si Mose ɖe fia le ŋutinya sia me?
Bu Nu Siwo Le Vevie Wu Ŋu
Nu kae ŋutinya sia fiam tso Yehowa ŋu?
Aleke ŋutinya sia wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe tameɖoɖo?
Ne wova fɔ Mose ɖe tsitre la, nya kae madi be mabiae tso nu siwo dzɔ le ŋutinya sia me ŋu?
Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee
Kpɔ ale si gɔmesese si le Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu ate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu be dzi nanɔ wo ƒo.
Nu kae nu siwo me Mose to la fiae tso Yehowa ƒe nɔnɔmewo ŋu?