44 YOHANES AMENYRƆÐETSIMELA
Edzra Mɔ Dzi Ðo Na Mesia La
ƑE ALAFA geɖee nye ema Yehowa megaɖo nyagblɔɖila aɖeke ɖe eƒe amewo be wòaɖɔ wo ɖo o. Gake Yehowa va dɔ ŋutsu aɖe ɖe wo be wòagblɔ yeƒe gbedeasi na wo. Ŋutsua ŋkɔe nye Yohanes eye eya ɖeka nɔ Yudea-gbedzi. Anyigba ma mewɔa nu o, edzi le glidzaglidza eye dawo, dziɖegbewo, lã wɔadãwo kple adzoblasuwo nɔ afi ma. Gake dzi nɔ Yohanes ƒo wònɔ teƒe ma eye wògblɔ Yehowa ƒe gbedeasi sẽŋu aɖe na amewo.
Zakariya kple Elizabet, siwo nye Yohanes dzilawo la, anya gblɔ nya siwo mawudɔlaa gblɔ na wo tso eŋu hafi wova dzii la nɛ. Eya ta Yohanes anya de dzesii be Mawu di be dzo nanɔ ye me abe nyagblɔɖila Eliya ene, yeanye Naziritɔ abe Samuel ene eye yeadzra mɔ dzi ɖo na ame aɖe si nye gã bobobo wu ye. Esi Yohanes xɔ ƒe 30 la, meva zu nunɔla abe fofoa ene o. Ke boŋ edze nufiafia amewo be woatrɔ dzi me tso woƒe nu vɔ̃wo me. Eva zu ame si ƒe nya Yesaya gblɔ ɖi xoxoxo be ‘ele ɣli dom le gbedzi.’ Eɖe gbeƒã “Dziƒofiaɖuƒe la” kple dzo ale gbegbe be ame gbogbowo tso duwo kple kɔƒewo me va be yewoaɖo toe. Enyrɔ ame siwo trɔ dzi me tso woƒe nu vɔ̃wo me la ɖe tsi me. Eye esi subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo nye Zadukitɔwo kple Farisitɔwo va egbɔ la, dzi nɔ eƒo wògblɔ na wo kaŋ be wovɔ̃ɖi eye wonye alakpanuwɔlawo.
Dɔ siwo wɔm Yohanes nɔ la mena wòdo eɖokui ɖe dzi o. Ke boŋ ebɔbɔ eɖokui eye wògblɔ be ɖeko yele mɔ dzi dzram ɖo na ame aɖe si nye gã bobobo wu ye, si ava ɖe ye yome. Yohanes gblɔ hã be yemedze atu ame ma ƒe afɔkpaka gɔ̃ hã o. Esi Yohanes nyrɔ Yesu vɔ la, ese Yehowa ŋutɔ ƒe gbe wògblɔ be: “Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye.” Le ɣeyiɣi aɖe megbe esi Satana te Yesu kpɔ vɔ eye Yohanes kpɔe la, edo ɣli ame sia ame se be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi si le xexea ƒe nu vɔ̃ ɖem ɖa lae nye esi!”
Yohanes gaɖe ɖokuibɔbɔ fia esi wòde dzi ƒo na eya ŋutɔ yomedzelawo be woadze Yesu boŋ yome. Wo dometɔ geɖe wɔe nenema, eye Petro nɔviŋutsu Andrea kple ɖewohĩ Zebedeo vi Yohanes hã nɔ ame siawo dome. Emegbe la, ŋutsu eve siawo va zu Kristo ƒe apostolowo. Dɔ si Yohanes wɔ la kee Yesu wɔ va se ɖe ɣeyiɣi aɖe. Ede dzi ƒo na amewo be woana woanyrɔ wo atsɔ aɖee afia be wotrɔ dzi me tso woƒe nu vɔ̃wo me. Esi wogblɔ na Yohanes be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo le ame geɖe nyrɔm wui la, Yohanes medo dziku o. Ke boŋ egblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be: “Eya anɔ dzidzim ɖe edzi, ke nyea manɔ to yim.”
Nya siwo Yohanes ɖe gbeƒãe dzinɔameƒotɔe la ve dɔme na subɔsubɔhakplɔlawo kple dziɖulawo, gake edzɔ dzi na ame siwo nɔ mɔ kpɔm na Mesia la ya
Yohanes gaɖe dzinɔameƒo geɖe fia esi wògblɔ nyateƒenya vevi aɖewo tsɔ ɖɔ bubumewo gɔ̃ hã ɖo. Le kpɔɖeŋu me, Herodes Antipa, ame si ŋutɔ be yetrɔ dzi me zu Yudatɔ akuakua, xɔ nɔviaŋutsu srɔ̃ Herodia ɖe. Dzi nɔ Yohanes ƒo wògbe nya nɛ be eda le Yehowa ƒe se dzi. Esia na Herodes de Yohanes gaxɔ me, gake ema mesu eme na Herodia ya o, edi be woawui boŋ.
Dzi va ɖe le Yohanes ƒo esi wònɔ gaxɔ me, eya ta edɔ eƒe nusrɔ̃la eve ɖe Yesu be woabiae be: “Wòe nye Ame Si Gbɔna laa, alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubua?” Yesu gblɔ dzidzɔnya siawo ɖo ɖee be: “Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, . . . tokunɔwo le nu sem, wole ame kukuwo fɔm ɖe tsitre.” Togbɔ be Yohanes nye nyagblɔɖila abe Eliya ene hã la, Yehowa menae ŋusẽ wòwɔ nukunu aɖeke o. Gake anɔ eme be dzi dzɔe ŋutɔ esi wòse nukunu siwo gbegbe wɔm Yesu le, elabe enya be yekpe ɖe amewo ŋu wodze eyome. Esia anya de dzi ƒo nɛ geɖe.
Eteƒe medidi o, Herodia kpɔ mɔ aɖe si dzi wòato ana woawu Yohanes. Vianyɔnu va ɖu ɣe na Herodes eye esia do dzidzɔ na Herodes ale gbegbe be wògblɔ na nyɔnuvia be wòabia nu sia nu si wòdi eye yeanae. Herodia ble via nu be wòabia be woatsɔ Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe ta na ye. Togbɔ be Herodes medi be yeawu Yohanes o hã la, dzi menɔ eƒo wògbe o.
Yesu gblɔ tso Yohanes ŋu be: ‘Le ame siwo nyɔnuwo dzi dome la, ɖeke menye gã wui o.’ Elabe Yohanes koe nye amegbetɔ madeblibo si si mɔnukpɔkpɔa su wòzu ame si ƒe nya wogblɔ ɖi be ‘ele ɣli dom le gbedzi,’ si dzra mɔ dzi ɖo na Mesia la. Mɔnukpɔkpɔ sia mesu nyagblɔɖilawo abe Mose kple Eliya ene gɔ̃ hã si o. Yohanes ƒe dzinɔameƒoa nye kpɔɖeŋu na Kristotɔwo katã va se ɖe egbea.
Xlẽ ŋutinyaa le Biblia me:
Numedzodzro
Aleke Yohanes Amenyrɔɖetsimela ɖe dzinɔameƒo fiae?
Ku Nu Me
1. Aleke Yohanes Amenyrɔɖetsimela do ƒome kple Yesu? (w10 9/1 15 ¶4-6)
2. Flavius Josephus nye ŋutinyaŋlɔla si nɔ anyi le Yesu ƒe apostoloawo ƒe ŋkekea me. Nya kae wògblɔ si ɖee fia be Yohanes Amenyrɔɖetsimela nɔ anyi kpɔ ŋutɔŋutɔ? (mrt nyati 14-wcgr) A
Foto A: Gaku si wotso le Herodes Antipa ƒe dziɖuɣi le ƒe 30 K.Ŋ. me. Woŋlɔ ɖe edzi be: “Nutomefia Herodes [Nutodziɖula]”
3. Mɔ ka nue Yohanes va le “Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me” le? (Luka 1:17; it “Gbɔgbɔ” ¶60-wcgr) B
Nɔnɔmetata B
4. Aleke míewɔ nya be womefɔ Yohanes wòyi dziƒo o? (Mat. 11:11; ijwbq nyati 178 ¶4)
De Ŋugble Le Nufiameawo Ŋu
Togbɔ be Yohanes dzra mɔ dzi ɖo na Mesia la abe ale si Biblia gblɔe ɖi ene hã la, eyi edzi bɔbɔ eɖokui. (Yoh. 1:26, 27) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ?
Yohanes nɔ agbe tsɛ, eye wòtsɔ eɖokui na Mawu wɔ eƒe lɔlɔ̃nu bliboe. (Mat. 3:4) Nu kae ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu míanɔ agbe tsɛ egbea? D
Foto D
Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Yohanes Amenyrɔɖetsimela ƒe dzinɔameƒo?
Bu Nu Siwo Le Vevie Wu Ŋu
Nu kae ŋutinya sia fiam tso Yehowa ŋu?
Aleke ŋutinya sia wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe tameɖoɖo?
Nya kae madi be mabia Yohanes Amenyrɔɖetsimela ne wofɔe ɖe tsitre?
Srɔ̃ Nu Geɖe Kpee
Kpɔ nu si ta Yohanes yi edzi nɔ dzidzɔ kpɔm eye wògbɔ dzi ɖi kpɔ Mawu sinu le nɔnɔme sesẽwo me.
“Yohanes Amenyrɔɖetsimela—Eƒe Kpɔɖeŋua Akpe Ðe Mía Ŋu Míayi Edzi Anɔ Dzidzɔ Kpɔm” (w19.08 29-31)
Ne wole mía yome tim, ne ganyawo le sesẽm na mí alo ne dɔdeasi aɖe si míele mɔ kpɔm na le habɔbɔa me mesu mía si o la, aleke Yohanes ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi?
“Srɔ̃ Nu Tso Woƒe Kpɔɖeŋua Me—Yohanes Amenyrɔɖetsimela” (6:58)