ŊGƆDONYA
Dzi Ate Ŋu Anɔ Ƒowò Geɖe Wu!
1-3. Aleke nya si Yesu gblɔ be: “Mitso, mina míadzo” la ɖe dzinɔameƒo fiae?
“MITSO, mina míadzo.” Nya mawoe ame si ƒo dzi nɔ wu ame bubu ɖe sia ɖe kpɔ la gblɔ. Ðewohĩ àbia be, ‘Aleke nya siawo ɖe dzinɔameƒo fiae?’ Míakpɔ ŋuɖoɖoa ne míenya ame si gblɔ nya mawo kple nu si ta wògblɔe.—Mat. 26:46.
“Mitso, mina míadzo.”—Mat. 26:46
2 Yesu Kristoe gblɔ nya mawo na eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒeawo. Egblɔ nya mawo ke na wo do ŋgɔ. (Yoh. 14:31) Gake ɣeyiɣi si me wògagblɔ nya siawo la ɖe dzesi. Enɔ Getsemane-bɔa me le Yerusalem dua godo. Ɣemaɣi la, zã do, dzinu nɔ ɖiɖim eye Yesu nya be ameha siwo tsɔ lãnuwo ɖe asi la gbɔna ye lé ge. Enya nu si woatu kpli ye. Madidi o, ato nɔnɔme sesẽ aɖe si me ame aɖeke meto kpɔ o la me. Eye enya hã be ame siwo le ye ŋu la asi agblẽ ye ɖi.
3 Yesu medze agbagba be yeasi le afɔku si gbɔna nu o. Ate ŋu ayɔ mawudɔla sẽŋuwo be woaxɔ na ye, gake mewɔe nenema o. (Mat. 26:53) Ke boŋ esi amehaa gbɔna la, ɖeko wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mitso, mina míadzo.” Yesu nya be amehaa alé ye, woafia fu ye eye woawu ye. Ke nu ka tae wòlɔ̃ be yeato nu siawo gbegbe me? Elabe elɔ̃ Fofoa kple eyomedzelawo.
4-5. Aleke míate ŋu aɖe dzinɔameƒo afia abe Yesu ene, eye nu ka tae esia le vevie?
4 Le nyateƒe me la, dzi nɔ Yesu Kristo ƒo wu ame bubu ɖe sia ɖe si nɔ anyi kpɔ. Ðe wò hã èdze Yesu yomea? Ne nenemae la, ke dzi le wò hã ƒowò. Ele be dzi nanɔ Kristotɔ vavãwo ƒo. Fifiae míehiã nɔnɔme sia geɖe wu, elabe míele ɣeyiɣi sesẽwo me eye afɔkuwo va bɔ ale gbegbe.
5 Aleke míate ŋu aɖe dzinɔameƒo afia abe Yesu ene? Ame aɖewo susu be ne dzi le ame aɖe ƒo la, efia be amea mevɔ̃a naneke o, etsɔa eɖokui dea afɔku me faa, alo esusuna be naneke mate ŋu agblẽ nu le ye ŋu o. Ebunɛ hã be ne yewɔa ŋutasẽnuwo la, aɖee afia be ŋusẽ le ye ŋu. (Ps. 11:5) Menye nu mawoe Yesu wɔ tsɔ ɖee fia be dzi nɔ ye ƒo o. Dzinɔameƒo fia be míawɔ nu si Mawu di, ne esia wɔwɔ sesẽ alo míele vɔvɔ̃m gɔ̃ hã.
Dzi Ate Ŋu Anɔ Ƒowò Abe Yesu Ene!
6. Ne dzi ɖe le mía ƒo la, aleke nya si Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo ate ŋu afa akɔ na mí?
6 Ðewohĩ ànɔ ɖokuiwò biam be ɖe dzi ate ŋu anɔ ye hã ƒo abe Yesu ene le nɔnɔme sesẽwo mea. Ðo ŋku edzi be Yesu sea nu gɔme na ame. Abe Fofoa ene la, Yesu mekpɔa mɔ gbeɖe be míawɔ nu si míate ŋu awɔ o. (Ps. 103:14; Yoh. 14:9) Le kpɔɖeŋu me, le zã si me Yesu kple eƒe apostoloawo nɔ Getsemane-bɔa me la, egblɔ na wo be woanɔ ŋudzɔ kpli ye gake womete ŋui o, wodɔ alɔ̃. Yesu gblɔ na wo be: “Nyateƒee, gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilãa ya gbɔdzɔ.” (Mat. 26:41) Ese nu gɔme na wo be womede blibo o; nenema kee wòsea nu gɔme na wò hã.
7-8. Aleke Yesu ɖee fia be yeka ɖe ye yomedzelawo dzi?
7 Azɔ hã, Yesu ka ɖe eyomedzelawo dzi. Kpɔ ale si dzi anya ɖo wo ƒo esi Yesu gblɔ na wo be: “Milé dzi ɖe ƒo! Nye la meɖu xexea dzi.” (Yoh. 16:33) Yesu ka ɖe edzi be dzi anɔ ye yomedzelawo ƒo abe ye ke ene, eye nenema tututue wònɔ hã. Enuenu la, Yesu gblɔ nya siwo akpe ɖe amewo ŋu be dzi nanɔ wo ƒo la na wo. Le kpɔɖeŋu me, hafi wòaka ɖe edzi na lãmetututɔ aɖe be wotsɔ eƒe nu vɔ̃wo kee la, egblɔ nɛ be, “Wò dzi nedze eme.” (Mat. 9:2) Egblɔ nya ma ke na nyɔnu aɖe esi wòda dɔléle sesẽ aɖe nɛ vɔ. (Mat. 9:22) Esi ahom sesẽ aɖe tu eye eƒe nusrɔ̃lawo nɔ vɔvɔ̃m la, egblɔ na wo be, “Milé dzi ɖe ƒo.” (Mat. 14:27) Esi wònɔ dziƒo la, egblɔ nya sia ke na apostolo Paulo esi ʋɔnudrɔ̃la siwo do dziku vevie la do vɔvɔ̃ na Paulo be yewoawui.—Dɔw. 23:9-11.
8 Àte ŋu aka ɖe edzi be Yesu le nya siawo ke gblɔm na wò hã egbea. Edi be ‘nàlé dzi ɖe ƒo’! Eka ɖe edzi be àte ŋu awɔ esia. Fofoa Yehowa na wò nu si tututu nèhiã be nàte ŋu alé dzi ɖe ƒo.
Aleke Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋu Be Dzi Nanɔ Mía Ƒo Geɖe Wu?
9. Aleke Mawu ƒe Nyaa ate ŋu ana be dzi naɖo mía ƒo?
9 Yehowa na woŋlɔ ame geɖe ƒe ŋutinyawo ɖe Biblia me be wòakpe ɖe mía ŋu dzi nanɔ mía ƒo geɖe wu. Ŋutinya mawo dzɔ ŋutɔŋutɔ eye woku ɖe ŋutsuwo, nyɔnuwo, ame tsitsiwo kple ɖeviwo ŋu. Woto nɔnɔme vovovowo me le agbe me, eye abe nyagblɔɖila Eliya ene la, míeka ɖe edzi be ame siawo hã ƒe “seselelãmewo sɔ kple mía tɔwo.” (Yak. 5:17) Woawo hã womede blibo o, wovɔ̃ ɣeaɖewoɣi eye menye nu sia nue wote ŋu wɔ o. Abe míawo ke ene la, woto nɔnɔme sesẽ vovovowo me eye woƒe agbe ɖo afɔku me ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã. Ke hã, woyi edzi wɔ nuteƒe abe ale si Yesu wɔe ene. Dzi nɔ wo ƒo eye woƒe ŋutinyawo kpena ɖe mía ŋu be dzi nanɔ míawo hã ƒo.
10-11. Aleke agbalẽ sia ate ŋu akpe ɖe ŋuwòe, eye aleke nàte ŋu azãe? (Kpɔ aɖaka si nye “Ale Si Nàte Ŋu Azã Agbalẽ Sia Na Ðokuisinusɔsrɔ̃ Alo Ƒometadedeagu.”)
10 Wotrɔ asi le agbalẽ sia ŋu be wòakpe ɖe ŋuwò dzi naɖo ƒowò geɖe wu. Le agbalẽa ƒe ta 54-awo me la, àkpɔ ale si Yehowa kpe ɖe amegbetɔ madeblibowo abe wò ene ŋu dzi nɔ wo ƒo wowɔ nu si sɔ. Eya ta xlẽ ŋutinyaawo eye nàku nu me be nàsrɔ̃ nu geɖe tso ame siwo ŋu woƒo nu tsoe la dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Esia ana nàganya wo nyuie wu.
11 Neva eme be woƒe ŋutinyawo nakpe ɖe ŋuwò be dzi nagaɖo ƒowò geɖe wu eye nàyi edzi ado dzi le ‘ŋkeke mamlɛ’ sesẽ siawo me. (2 Tim. 3:1) Àgava ka ɖe nya si Yehowa gblɔ be “nyemaɖe asi le ŋuwò akpɔ o, eye nyemagblẽ wò ɖi hã akpɔ o” la dzi geɖe wu. Abe ale si Paulo gblɔe ene la, Yehowa ƒe nya mawo ana “dzi naɖo mía ƒo bliboe míagblɔ be: ‘Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ; nyemavɔ̃ o.’”—Heb. 13:5, 6.