Ðekawɔwɔ Xɔasi Le Yehowa Ƒe Ƒomea Me
“Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!”—Psalmo 133:1.
1. Aleke ƒome geɖewo le egbea?
ƑOMEA ɖo xaxa me egbea. Le ƒome geɖe me la, ekpɔtɔ vie ko srɔ̃ɖekadodowo me nagblẽ. Srɔ̃gbegbe le dzidzim ɖe edzi eye srɔ̃tɔ siwo gbe wo nɔewo ƒe vi geɖe lé blanui vevie. Dzidzɔkpɔkpɔ kple ɖekawɔwɔ mele ƒome miliɔn geɖe me o. Gake ƒome aɖe ya li si me dzidzɔkpɔkpɔ vavã kple ɖekawɔwɔ nyui aɖe le. Eyae nye Yehowa Mawu ƒe xexeame katã ƒe ƒome la. Mawudɔla makpɔmakpɔ akpe geɖe le dɔ siwo wode wo si la wɔm le me le ɖekawɔwɔ eme kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (Psalmo 103:20, 21) Gake ɖe ƒome aɖe le anyigba dzi si me ɖekawɔwɔ ma lea?
2, 3. (a) Amekawoe le Mawu ƒe xexeame katã ƒe ƒomea me fifia, eye nukae míate ŋu atsɔ Yehowa Ðasefowo katã asɔ kple egbea? (b) Biabia kawo mee míadzro?
2 Apostolo Paulo ŋlɔe be: “medzea klo na mía ... Fofo, amesi gbɔ ƒome sia ƒome, si le dziƒo kple anyigba dzi la, kpɔa eƒe ŋkɔ tsonɛ.” (Efesotɔwo 3:14, 15) Mawu gbɔe ƒome siwo le anyigba dzi ƒe dzidzime ɖesiaɖe kpɔa eƒe ŋkɔ tsonɛ elabena eyae nye Wɔla la. Togbɔ be amegbetɔwo ƒe ƒome aɖeke mele dziƒo o hã la, ne míagblɔe le kpɔɖeŋumɔ nu la, Mawu ɖe eƒe dziƒohabɔbɔa wòzu srɔ̃a eye gbɔgbɔ me ŋugbetɔ ava wɔ ɖeka kple Yesu le dziƒo. (Yesaya 54:5; Luka 20:34, 35; Korintotɔwo I, 15:50; Korintotɔwo II, 11:2) Amesiamina nuteƒewɔla siwo le anyigba dzi la le Mawu ƒe xexeame katã ƒe ƒomea me fifia, eye Yesu ƒe ‘alẽ bubu’ siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le hã ava nɔ eme. (Yohanes 10:16; Romatɔwo 8:14-17; Gbetakpɔxɔ, January 15, 1996, axa 31) Gake míate ŋu atsɔ Yehowa Ðasefo siwo katã li egbea asɔ kple xexeame katã ƒe ƒome wɔɖeka aɖe.
3 Èle Mawu subɔlawo ƒe dukɔwo dome ƒome wɔnuku la mea? Ne èle eme la, ke yayra gãtɔ siwo ame ate ŋu akpɔ ƒe ɖe enye ma nèkpɔ. Ame miliɔn geɖe aɖi ɖase be Yehowa ƒe xexeame katã ƒe ƒomea—eƒe habɔbɔ si wokpɔna—nye ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ ƒe tsiʋe le xexeame ƒe dzrewɔwɔ kple ɖekamawɔmawɔ ƒe dzogbe. Aleke míate ŋu aɖɔ Yehowa ƒe xexeame katã ƒe ƒomea ƒe ɖekawɔwɔe? Eye nukawoe doa ɖekawɔwɔ ma ɖe ŋgɔ?
Aleke Mehenyo eye Wòvivinae O!
4. Aleke nàgblɔ nya is Psalmo 133 gblɔ le nɔviwo ƒe ɖekawɔwɔ ŋu le wò ŋutɔ wò nyawo me?
4 Hakpala David kpɔ ŋudzedze ɖe nɔviwo ƒe ɖekawɔwɔ ŋu vevie. Gbɔgbɔ ʋãe wòdzi ha le eŋu gɔ̃ hã! Tsɔe be etsɔ eƒe saŋku hedzi ha be: “Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka! Ele abe ami vevi le tame hetsyɔ ɖe ge me, tsyɔ ɖe Aron ƒe ge, si dze eƒe awu to la, me ene! Ele abe Xermon-zãmu, si le tsyɔtsyɔm ɖe Zion-towo dzi la ene; elabena gama Yehowa ɖo yayra kple agbe tegbee.”— Psalmo 133:1-3.
5. Le Psalmo 133: 1, 2 nu la, nukawo mee míate ŋu atsɔ Israel-viwo kple Mawu subɔla siwo li egbea asɔ kple wo nɔewo le?
5 Nɔviwo ƒe ɖekawɔwɔ si nɔ Mawu ƒe blemadukɔ Israel-viwo dome ŋue nya mawo ku ɖo. Ne woyi Yerusalem woƒe ƒezã etɔ̃awo ɖu ge la, ɖekawɔwɔ blibo nɔa wo dome. Togbɔ be to vovovowo me wotso hã la, wonye ƒome ɖeka. Anyinɔnɔ ɖekae tu wo ɖo nyuie abe amisisi si ʋẽna lilili si bɔbɔa lãme na ame ene. Esi wokɔ ame ma ɖe ta na Aron la, etsyɔ ɖe eƒe ge me hedze eƒe awu to. Le Israel-viwo gome la, anyinɔnɔ ɖekae kpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe ha blibo si kpe ta la dzi. Woɖɔ masɔmasɔwo ɖo hedo ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ. Ðekawɔwɔ ma tɔgbe le Yehowa ƒe xexeame katã ƒe ƒomea me egbea. Hadede kple wo nɔewo edziedzi wɔa dɔ ɖe emenɔlawo dzi nyuie le gbɔgbɔ me. Wokpɔa masɔmasɔ alo kuxi ɖesiaɖe gbɔ elabena wowɔa Mawu ƒe Nya ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi. (Mateo 5:23, 24; 18:15-17) Yehowa ƒe amewo kpɔa ŋudzedze ɖe nɔviwo ƒe ɖekawɔwɔ si na wodea dzi ƒo na wo nɔewo la ŋuti ŋutɔ.
6, 7. Aleke Israel ƒe ɖekawɔwɔ le abe zãmu le Xermon-to dzi ene, eye afikae woate ŋu akpɔ Mawu ƒe yayrawo le egbea?
6 Aleke Israel ƒe anyinɔnɔ ɖekae hã le abe Xermon-zãmu ene? Esi to sia kɔkɔ meta 2,800 kple vɔ gbɔ atsiaƒu ŋu la, sno nɔa etame ƒe bliboa katã kloe. Sno si le Xermon-toa dzi blana le zã me, eye esia na zãmu dzana ɖe gbewo dzi fũ heléa wo ɖe te le kuɖiɣi didi la me. Ya fafɛ si ƒona tso Xermon-toa dzi te ŋu lɔa afua yia keke anyiehe le Yerusalem-nutoa me ke, afisi wòblana le zua zãmu. Eyata hakpala la gblɔ be ‘Xermon-zãmu le tsyɔtsyɔm ɖe Zion-towo dzi’ wòsɔ nyuie. Ŋusẽkpɔɖeamedzi fakɔname si doa Yehowa subɔlawo ƒe ƒomea ƒe ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ ŋuti ŋkuɖodzi nyui kae nye si!
7 Hafi woaɖo Kristo-hamea la, Zion, alo Yerusalem, ye nye tadedeagu vavãtɔ ƒe agunu. Eyata afimae Mawu gblɔ be yayra nanɔ. Esi wònye gbedoxɔ si nɔ Yerusalem ye yayrawo katã Dzɔtsoƒe ƒe teƒenɔnua nɔ ta la, afimae yayrawo atso ava. Esi meganye teƒe ɖeka aɖe koe tadedeagu vavãtɔ le o ta la, woate ŋu akpɔ Mawu subɔlawo ƒe yayra, lɔlɔ̃, kple ɖekawɔwɔ le anyigba katã dzi egbea. (Yohanes 13:34, 35) Nusiwo doa ɖekawɔwɔ sia ɖe ŋgɔ ƒe ɖewoe nya kawo?
Nusiwo Doa Ðekawɔwɔ Ðe Ŋgɔ
8. Nukae míesrɔ̃ le ɖekawɔwɔ ŋu le Yohanes 17:20, 21?
8 Wɔwɔ ɖe Mawu ƒe Nya si gɔme wose nyuie kple Yesu Kristo ƒe nufiafiawo dzi gbɔe Yehowa subɔlawo ƒe ɖekawɔwɔ tso. Esi Yehowa dɔ Via ɖe xexeame be wòaɖi ɖase na nyateƒe la eye wòaku vɔsaku la, eʋu mɔ ɖi hena Kristo-hame wɔɖeka la ɖoɖo anyi. (Yohanes 3:16; 18:37) Wona ɖekawɔwɔ vavã si anɔ emenɔlawo dome la me kɔ esime Yesu do gbe ɖa be: “Menye ɖe amesiawo nu ɖeɖeko mele biabiam ɖo o; ke boŋ ɖe amesiwo le dzinye xɔ ge ase to woƒe nya me la, hã nu; bena wo katã woazu ɖeka, sigbe alesi wò, Fofo, nèle menye, eye nye hã mele mewò ene, bena woawo hã woazu ɖeka le mía me, bena xexeame naxɔe ase be, wòe dɔm ɖa.” (Yohanes 17:20, 21) Ðekawɔwɔ si ɖi esi le Mawu kple Via dome la nɔ Yesu yomedzelawo dome nyateƒe. Edzɔ nenema elabena wowɔ ɖe Mawu ƒe Nya kple Yesu ƒe nufiafiawo dzi. Nɔnɔme ma ke nye nusi koŋ na ɖekawɔwɔ le Yehowa ƒe xexeame katã ƒe ƒomea me egbea.
9. Akpa kae gbɔgbɔ kɔkɔea wɔna le Yehowa ƒe amewo ƒe ɖekawɔwɔ me?
9 Nu bubu si na Yehowa ƒe amewo wɔ ɖekae nye be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe alo eƒe dɔwɔŋusẽ le mía dzi. Enea míesea Yehowa ƒe Nya ƒe nyateƒe si woɖe fia la gɔme ale be míasubɔe le ɖekawɔwɔ me. (Yohanes 16:12, 13) Gbɔgbɔa kpena ɖe mía ŋu míetsria ŋutilã ƒe dɔwɔwɔ siwo gblẽ ɖekawɔwɔ me, abe dzrewɔwɔ, ŋuʋãʋa, dɔmedzoedodo, kple dzrehehewo ene. Ke Mawu ƒe gbɔgbɔa na míetua ɖekawɔwɔ ƒe kutsetse siwo nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, xɔse, dɔmefafa, kple ɖokuidziɖuɖu ɖo.—Galatiatɔwo 5:19-23.
10. (a) Aleke míate ŋu atsɔ lɔlɔ̃ si le amegbetɔ ƒe ƒome si wɔ ɖeka me kple lɔlɔ̃ si le amesiwo tsɔ wo ɖokui na Yehowa dome la asɔe? (b) Aleke Dziɖuha me tɔ aɖe ɖe alesi wòsena le eɖokui me ne ele eƒe gbɔgbɔ me nɔviwo dome la gblɔe?
10 Ƒome si wɔ ɖeka me tɔwo lɔ̃a wo nɔewo eye wokpɔa dzidzɔ be yewoli ɖekae. Nenema ke Yehowa subɔlawo ƒe ƒome wɔɖeka la me tɔwo lɔ̃ eyama, Via, kple haxɔsetɔwo. (Marko 12:30; Yohanes 21:15-17; Yohanes I, 4:21) Abe alesi ƒome ŋutɔŋutɔ si me lɔlɔ̃ le kpɔa dzidzɔ ne wole nu ɖum ɖekae ene la, amesiwo tsɔ wo ɖokui na Mawu hã kpɔa dzidzɔ ne woyi Kristotɔwo ƒ kpekpewo, takpekpewo suewo kple gãwo be woakpɔ viɖe tso hadede nyui kple gbɔgbɔmenuɖuɖu tuameɖo me. (Mateo 24:45-47; Hebritɔwo 10:24, 25) Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ aɖe gblɔ ɣeaɖeɣi kpɔ be: “Nye la, kpekpe kple nɔviwo nye agbe me vivisese gãtɔ ɖeka kple dzideƒotsoƒe nam. Edzɔ dzi nam be manɔ amesiwo ava Fiaɖuƒe Akpata me gbã la dome, eye ne anya wɔ la, manɔ ame mamlɛtɔ siwo adzo la dome. Mekpɔa dzidzɔ le ememe ne mele dze ɖom kple Mawu ƒe amewo. Ne mele wo dome la, mía kple nye ƒomea ƒe dzi dzea eme.” Nenemae nèsena le ɖokuiwò mea?
11. Dɔwɔna ka koŋ mee Yehowa Ðasefowo kpɔa dzidzɔ le, eye nukae dona tsoa Mawu ƒe subɔsubɔdɔ tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me la me?
11 Nuwo wɔwɔ ɖekae na ƒome si wɔ ɖeka la kpɔa dzidzɔ. Nenema ke Yehowa subɔlawo ƒe ƒomea me tɔwo kpɔa dzidzɔ ne wole woƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa wɔm ɖekae. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Gomekpɔkpɔ le eme ɣesiaɣi tea mí ɖe Yehowa ƒe Ðasefo bubuwo ŋu wu. Mawu ƒe subɔsubɔdɔ tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me kple asikpekpe ɖe eƒe amewo ƒe dɔwɔnawo katã ŋu hã doa ƒome ƒe ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ le mía dome.
Teokrasi ƒe Ðoɖo Le Vevie
12. Aleke ƒome kpɔdzidzɔ si wɔ ɖeka nɔna, eye ɖoɖo kae do ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ le ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamewo me?
12 Anɔ eme be ɖekawɔwɔ kple dzidzɔkpɔkpɔ anɔ ƒome si ƒe tanyenye sesẽ evɔ lɔlɔ̃ le eme eye wòle ɖoɖo nu la me. (Efesotɔwo 5:22, 23; 6:1) Yehowa nye Mawu si ƒe ɖoɖowɔwɔ nye ŋutifafa, eye eƒe ƒomea me tɔwo katã bunɛ “dziƒoʋitɔ.” (Daniel 7:18, 22, 25, 27; Korintotɔwo 14:33) Wonya hã be etia Via, Yesu Kristo, si nye nuwo katã ƒe domenyila la hetsɔ ŋusẽ siwo katã le dziƒo kple anyigba dzi la nɛ. (Mateo 28:18; Hebritɔwo 1:1, 2) Esi Kristo nye Kristo-hamea ƒe Ta ta la, enye habɔbɔ wɔɖeka si le ɖoɖo nu. (Efesotɔwo 5:23) Be woakpɔ ƒe alafa gbãtɔ me hamewo ƒe dɔwɔnawo dzi la, dziɖuha aɖe nɔ anyi si me apostoloawo kple ‘hamemegã’ bubu siwo tsi le gbɔgbɔ me la nɔ. Dzikpɔlawo, alo hamemegãwo, kple subɔsubɔdɔwɔla siwo woɖo la nɔ hame ɖesiaɖe me. (Dɔwɔwɔwo 15:6; Filipitɔwo 1:1) Toɖoɖo ŋgɔnɔla mawo na ɖekawɔwɔ nɔ anyi.—Hebritɔwo 13:17.
13. Aleke Yehowa hea amewoe, eye nukae dona tsoa eme?
13 Gake ɖe ɖoɖo siawo katã fia be tanyenye sesẽ nublanuimakpɔmakpɔe gbɔe Yehowa subɔlawo ƒe ɖekawɔwɔ tsoa? Gbeɖe! Naneke mele Mawu alo eƒe habɔbɔa ŋu si me lɔlɔ̃ mele o. Yehowa ɖea lɔlɔ̃ fiaa amewo tsɔ hea woe, eye ƒe sia ƒe la, ame akpe alafa geɖe xɔa nyɔnyrɔ tsɔ ɖoa kpe dzi blibo ƒe adzɔgbe si woɖe na Mawu dzi, eye wolɔ̃na faa dzidzɔtɔe va zua Yehowa ƒe habɔbɔa me tɔwo. Woƒe tamesusu sɔ kple Yosua tɔ, amesi xlɔ̃ nu ehati Israel-viwo be: “mitia, amesi subɔ ge miala, egbea ... Ke mía kple nye aƒe ya míasubɔ Yehowa!”—Yosua 24:15.
14. Nukata míate ŋu agblɔ be Yehowa ƒe habɔbɔa nye teokrasi?
14 Esi míele Yehowa ƒe ƒomea me la, menye dzidzɔ koe míekpɔna o ke míele dedie hã. Ele alea elabena eƒe habɔbɔa nye teokrasi. Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye teokrasi (si tso Helagbe me nye the·osʹ, mawu kple kraʹtos, dziɖuɖu me). Enye Mawu ƒe dziɖuɖu si wòtia heɖo anyi, Yehowa ƒe “dukɔ kɔkɔe” si wosi ami na bɔbɔ ɖe eƒe dziɖuɖu te eye eyata eya hã nye teokrasi. (Petro I, 2:9) Esi Teokrasidziɖula Gã, Yehowa, míaƒe Ʋɔnudrɔ̃la, Senala, kple Fia li ta la, ele be míanya be míele dedie. (Yesaya 33:22) Ke ne masɔmasɔ aɖe ado mo ɖa eye wòdi be yeagblẽ míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ, dedienɔnɔ, kple ɖekawɔwɔ me ya ɖe?
Dziɖuɖu la Ðe Afɔ
15, 16. Nyahehe kae dzɔ le ƒe alafa gbãtɔ me, eye nukatae?
15 Be woalé ƒome aɖe ƒe ɖekawɔwɔ ɖe te la, ɖewohĩ ahiã be woakpɔ nyahehe aɖe gbɔ ɣeaɖewoɣi. Ke tsɔe be ele be woakpɔ gbɔgbɔmekuxi aɖe gbɔ bene woalé Mawu subɔlawo ƒe ƒomea ƒe ɖekawɔwɔ ɖe te le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me. Nukae woawɔ? Dziɖuha la tso ɖe eŋu hewɔ nyametsotsowo le gbɔgbɔmenyawo ŋu. Afɔɖeɖe ma ŋuti nuŋlɔɖi aɖe le Ŋɔŋlɔawo me na mí.
16 Le ƒe 49 M.Ŋ. me lɔƒo la, dziɖuha la kpe ta ɖe Yerusalem be woakpɔ kuxi sesẽ aɖe gbɔ ale be woakpɔ “Mawu ƒe aƒemetɔwo” ƒe ɖekawɔwɔ ta. (Efesotɔwo 2:19) Anye ƒe 13 do ŋgɔ la, apostolo Petro ɖe gbeƒã na Kornelio, ale Trɔ̃subɔla gbãtɔ, alo dukɔwo me tɔwo, va zu xɔsetɔ xɔnyɔnyrɔwo. (Dɔwɔwɔwo, ta 10) Le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ gbãtɔ me la, Trɔ̃subɔla geɖe xɔ Kristotɔnyenye. (Dɔwɔwɔwo 13:1-14:28) Le nyateƒe me la, woɖo Trɔ̃subɔla-zu-Kristotɔ ƒe hame aɖe ɖe Antioxia, Siria. Kristotɔ Yudatɔ aɖewo kpɔe be ele be Trɔ̃subɔla siwo trɔ dzime la natso aʋa ahawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi, gake ame bubuwo melɔ̃ ɖe edzi o. (Dɔwɔwɔwo 15:1-5) Nyahehe sia ate ŋu ahe mamã gã aɖe vɛ, si ana woaɖo Yudatɔ kple Trɔ̃subɔlawo ƒe hamewo ɖe vovo gɔ̃ hã. Eyata dziɖuha la tso ɖe eŋu kpla kpɔ Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔa ta.
17. Teokrasi ƒe ɖoɖo si me ɖekawɔwɔ le ka ŋue woƒo nu tsoe le Dɔwɔwɔwo ta 15?
17 Dɔwɔwɔwo 15:6-22 gblɔ be, “apostoloawo kple hamemegãwo va kpe ta be, yewoakpɔ nya sia me ɖa.” Ame bubuwo, kple amedɔdɔ aɖewo hã tso Antioxia va. Petro ɖe eme gbã be ‘dukɔwo me tɔwo se nyanyui la tso yeƒe nu me eye woxɔe se.’ Emegbe “ameha blibo” la ɖo to Barnaba kple Paulo ƒe “nyaxexlẽfia le dzesi kple nukunu, siwo katã Mawu wɔ to woƒe asiwo dzi le trɔ̃subɔlawo [alo Dukɔwo me Tɔwo] dome la ŋuti.” Emegbe Yakobo do susu ɖa le alesi woakpɔ nya la gbɔe ŋu. Esi dziɖuha la tso nya me vɔ la, wogblɔ na mí be: “[Edze] apostoloawo kple hamemegãwo kpakple ha blibo la katã ŋu bena, yewoatia ŋutsu aɖewo atso yewo dome aɖo ɖe Antioxia akpe ɖe Paulo kple Barnaba ŋu.” ‘Ŋutsu tiatia’ mawo—Yuda kple Sila— tsɔ dzideƒonamelɛta aɖe yi na haxɔsetɔwo.
18. Nyametsotso kae dziɖuha la wɔ le Mose ƒe Sea ŋu, eye aleke esia kpɔ ŋusẽ ɖe Yudatɔ kple Trɔ̃subɔla-zu-Kristotɔwo dzi?
18 Lɛta si me dziɖuha la ƒe nyametsotso le dze egɔme ale: “Apostolowo kple hamemegãwo kple nɔviwo ɖuɖɔ nɔvi, siwo tso trɔ̃subɔlawo dome le Antioxia kple Siria kpakple Kilikia la ƒã.” Nɔvi bubuwo hã de kpekpe vevi sia, gake edze ƒã be ‘apostolowo kple hamemegãwoe’ le dziɖuha la me. Mawu ƒe gbɔgbɔ fia mɔ wo elabena lɛta la gblɔ be: “Enyo gbɔgbɔ kɔkɔe la kple míawo hã ŋu be, míagatsɔ agba gãa ɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o, bena, miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo kple ahasiwɔwɔ.” (Dɔwɔwɔwo 15:23-29, míawoe te gbe ɖe edzi.) Womebia tso Kristotɔwo si be woatso aʋa ahawɔ Mose ƒe Sea dzi o. Nyametsotso sia na Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔla-zu-Kristotɔwo wɔ nu heƒo nu le ɖekawɔwɔ me. Dzi dzɔ hameawo eye ɖekawɔwɔ xɔasi la yi edzi, abe alesi wòle Mawu ƒe ƒome si le anyigba katã dzi me egbea le Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha ƒe gbɔgbɔ me mɔfiafia te ene.— Dɔwɔwɔwo 15:30-35.
Misubɔ le Teokrasi ƒe Ðekawɔwɔ Me
19. Nukata ɖekawɔwɔ le Yehowa subɔlawo ƒe ƒomea me?
19 Ðekawɔwɔ me sẽna ne ƒome aɖe me tɔwo wɔa nu kple wo nɔewo ɖekae. Alea pɛ wòle le Yehowa subɔlawo ƒe ƒomea me, Esi hamemegãwo kple ƒe alafa gbãtɔ me hamea me tɔ bubuwo wɔ nu le teokrasimɔ nu ta la, wosubɔ Mawu le ɖekawɔwɔ blibo me kple dziɖuha la eye woxɔ eƒe nyametsotsowo. Le dziɖuha la ƒe kpekpeɖeŋu me la, hamemegãwo ‘ɖe gbeƒã nya la’ eye hameviawo katã ‘gblɔ nya ɖeka.’ (Timoteo II 4:1, 2; Korintotɔwo I 1:10) Eyata Ŋɔŋlɔawo me nyateƒe ma ke wogblɔ le subɔsubɔdɔa me kple le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me, eɖanye le Yerusalem, Antioxia, Roma, Korinto, alo teƒe bubu aɖe o. Teokrasi ƒe ɖekawɔwɔ ma li egbea.
20. Be míalé míaƒe Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔ ɖe te la, nukae wòle be míawɔ?
20 Be míakpɔ míaƒe ɖekawɔwɔ ta la, ele be mí amesiwo katã le Yehowa ƒe xexeame katã ƒe ƒomea me la míadze agbagba aɖe teokrasi ƒe lɔlɔ̃ afia. (Yohanes I, 4:16) Ele be míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ahade bubu deto ‘dɔla nuteƒewɔla’ kple Dziɖuha la ŋu. Abe alesi míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu le ene la, le nyateƒe me la, mía ŋutɔwoe lɔ̃na faa ɖoa to dzidzɔtɔe. (Yohanes I, 5:3) Aleke gbegbe hakpala la tsɔ dzidzɔkpɔkpɔ do ƒome kple toɖoɖo nyuie enye si! Edzi ha be: “Mikafu Yehowa! Woayra ŋutsu, si vɔ̃a Yehowa, eye wòkpɔa dzidzɔ le eƒe seawo ŋu vevie.”—Psalmo 112:1.
21. Aleke míate ŋu aɖee fia be míewɔa nu le teokrasimɔ nu?
21 Yesu si nye hamea ƒe Ta la nye teokrasi le go sia go me eye ewɔa Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu ɣesiaɣi. (Yohanes 5:30) Eyata mina míadze míaƒe Kpɔɖeŋuɖola la yome awɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu ɖekae kple Eƒe habɔbɔa bliboe le teokrasimɔ nu. Ekema míatsɔ dzi kpɔdzidzɔ kple ŋudzedzekpɔkpɔ agadzi hakpala la ƒe ha sia be: “Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!”
Aleke Nàɖo Wo Ŋui
◻ Aleke míate ŋu atsɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔ aku ɖe Psalmo 133 ŋui?
◻ Nusiwo doa ɖekawɔwɔ ɖe ŋgɔ dometɔ aɖewoe nye kawo?
◻ Nukata teokrasi ƒe ɖoɖo le vevie na Mawu ƒe amewo ƒe ɖekawɔwɔ?
◻ Aleke ƒe alafa gbãtɔ me dziɖuha wɔ nu tsɔ kpɔ ɖekawɔwɔ tae?
◻ Nukae subɔsubɔ le teokrasi ƒe ɖekawɔwɔ me fia na wò?
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Dziɖuha la ɖe afɔ tsɔ kpɔ ɖekawɔwɔ tae