Nyabiabia Siwo tso Exlẽlawo Gbɔ
November 1, 1995 ƒe “Gbetakpɔxɔ” ƒo nu tso nusi Yesu yɔ be “dzidzime sia” ŋu, abe alesi míexlẽnɛ le Mateo 24:34 ene. Ðe wòfia be ɖikeke va le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi le dziƒo le ƒe 1914 me ŋua?
Gbetakpɔxɔ me numedzodzro ma metrɔ naneke le míaƒe nufiafia vevi si ku ɖe ƒe 1914 ŋu kura o. Dzesi siwo ade dzesi eƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuɖuŋusẽ mee Yesu gblɔ fia. Kpeɖodzi gbogbo aɖewo le mía si si fia be dzesia yi edzi le eme vam tso ƒe 1914 me. Nyateƒenya siwo ku ɖe aʋawɔwɔ, dɔwuame, dɔvɔ̃, anyigbaʋuʋu ŋu kple kpeɖodzi bubuwo fia be Yesu nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia si le dɔ dzi tso ƒe 1914 me. Efia be míele nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi tso ɣemaɣi ke.
Ke nuka me ɖem Gbetakpɔxɔa nɔ? Le nyateƒe me la, nya vevi si akpe ɖe mía ŋu míase eme la ku ɖe gɔmesese si nu Yesu zã nya “dzidzime” ɖo le Mateo 24:34 me ŋu. Mawunyakpukpui ma xlẽ be: “Vavã mele egblɔm na mi bena: Dzidzime sia nu mele yiyi ge, vaseɖe esime nusiawo katã nava ve me o.” Nukae Yesu wɔnɛ esi wòzã nya “dzidzime” ku ɖe eƒe ɣeyiɣia kple mía tɔ siaa ŋu?
Ŋɔŋlɔ geɖe ɖo kpe edzi be Yesu mezã “dzidzime” tsɔ nɔ nu ƒom le ƒuƒoƒo sue alo ƒuƒoƒo tɔxɛ aɖe, si nye Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo ɖeɖeko loo alo eƒe nusrɔ̃la nuteƒewɔlawo ɖeɖeko ŋu o. Ke boŋ ezã “dzidzime” tsɔ bu fɔ Yudatɔwo ƒe ha blibo si gbee. Gake enye dzidzɔ be amesiame ate ŋu awɔ ɖe nusi ƒe dzi apostolo Petro de ƒo le Pentekoste-ŋkekea dzi be woatrɔ dzi me eye ‘woana woaɖe wo tso dzidzime gɔglɔ̃ sia me’ la dzi.—Dɔwɔwɔwo 2:40.
Eme kɔ be Petro menɔ asi tɔm ƒe aɖe xɔlawo alo ɣeyiɣi ƒe didime aɖe koŋ dzi o, eye menye ɖe wònɔ “dzidzime” yɔm tɔ ɖe ɣletiŋkeke tɔxɛ aɖe ŋu o. Megblɔ be amewo nana woaɖe wo atso dzidzime si wodzi le ƒe ma ke si me wodzi Yesu le alo esiwo wodzi le ƒe 29 M.Ŋ. me o. Yudatɔ dzimaxɔsetɔ siwo nɔ anyi ɣemaɣi ŋue Petro nɔ nu ƒom le—ɖewohĩ wo dometɔ aɖewo metsi kura o, bubuwo hã tsi wu—amesiwo se Yesu ƒe nufiafiawo, wokpɔ eƒe nukunuwo alo se nu tso wo ŋu, eye womexɔe be eyae nye Mesia la o.
Edze ƒã be esime Yesu zã nya “dzidzime” la, nenemae Petro se egɔmee esime eya kple apostolo etɔ̃ bubuawo nɔ Amitoa dzi kple Yesu. Le Yesu ƒe nyagblɔɖinyaa nu la, ɣeyiɣi ma me Yudatɔwo—Yesu ŋɔlimetɔwo koŋ—gbɔna aʋawɔwɔ, anyigbaʋuʋu, dɔwuame, kple kpeɖodzi bubuwo teƒe kpɔ ge alo ase nu tso wo ŋu ahanya be Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu tu aƒe. Le nyateƒe me la, dzidzime ma nu meyi hafi nuwuwua va le ƒe 70 M.Ŋ. me o.—Mateo 24:3-14, 34.
Ele be míalɔ̃ ɖe edzi be menye aleae míese Yesu ƒe nyawo gɔme tso ɣeaɖeɣi ke o. Amegbetɔ madeblibowo dina be woatɔ asi ɣletiŋkeke si tututu dzi nuwuwua ava dzi na yewo. Ðo ŋku edzi be apostoloawo gɔ̃ hã di be woatɔ asi nuwo dzi tẽ na yewo wu, henɔ biabiam be: “Aƒetɔ, ɖe nègale fiaɖuƒe la ɖɔ ge ɖo na Israel le ɣeyiɣi sia mea?”—Dɔwɔwɔwo 1:6.
Esi didi nyui ma ke le Mawu ƒe egbegbe subɔlawo me ta la, wodze agbagba be yewoanɔ te ɖe nya si Yesu gblɔ le “dzidzime” ŋu la dzi abu akɔnta tso ƒe 1914 ŋu akpɔ ɣeyiɣi gobi aɖe. Le kpɔɖeŋu me, susu ɖeka si wobu enye be dzidzime ate ŋu axɔ abe ƒe 70 alo 80 ene, eye woanye amesiwo tsi nyuie ate ŋu ase nusi xexemeʋa gbãtɔ kple nu bubuwo ƒe tɔtrɔ fia gɔme; eyata míate ŋu anɔ te ɖe edzi abu akɔnta ne mede tututu o hã anya alesi gbegbe nuwuwua tu aƒee.
Susu nyui ka kee anɔ nuŋububu alea me o, ɖe wòwɔ ɖeka kple nuxlɔ̃ame si Yesu yi edzi gblɔa? Yesu gblɔ be: “Ke le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, ame aɖeke menyae o; mawudɔla, siwo le dziƒowo, kple Vi la hã menyae o, negbe Fofonye ɖeka ko. . . . Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke ka dzi mia Aƒetɔ la ava o.”
Eyata nyati yeye si le Gbetakpɔxɔ la me ku ɖe “dzidzime sia” ŋu la metrɔ naneke le alesi míese nusiwo dzɔ le ƒe 1914 me gɔmee la ŋu o. Gake ena míese alesi Yesu zã nya “dzidzime” gɔme nyuie wu eye wòkpe ɖe mía ŋu míekpɔe be mele be míanɔ te ɖe alesi wòzãe dzi abu akɔnta—tso ƒe 1914 dzi—akpɔ alesi gbegbe míete ɖe nuwuwua ŋui o.