Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Kristotɔwo Ƒe Kpekpewo Ŋu
“Míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi . . . o.”—HEBRITƆWO 10:24, 25.
1, 2. (a) Nukatae Kristotɔ vavãtɔwo ƒe kpekpewo dede nye mɔnukpɔkpɔ? (b) Gɔmesese ka nue Yesu le eyomedzelawo ƒe kpekpewo me le?
MƆNUKPƆKPƆ kae nye si wònye be woade Kristotɔwo ƒe kpekpe, eɖanye Yehowa subɔla siwo ƒe agbɔsɔsɔ mede ewo o alo wo dometɔ akpe geɖe ƒe kpekpee o, elabena Yesu gblɔ be: “Afisi ame eve alo ame etɔ̃ wokpe ta ɖo le nye ŋkɔa dzi la, afima mele wo titina”! (Mateo 18:20) Ele eme be esi Yesu nɔ ŋugbe ma dom la, ʋɔnudrɔ̃nya siwo gbɔ wòle be amesiwo xɔa ŋgɔ le hamea me nakpɔ ɖe mɔ nyuitɔ nu ŋue wònɔ nu ƒom le ya. Gake ɖe míate ŋu azã gɔmeɖose si le Yesu ƒe nyaawo me na Kristotɔwo ƒe kpekpe siwo gɔme wotsɔa gbedodoɖa dzenɛ gatsɔnɛ wua wo nui le eƒe ŋkɔ me la? Ẽ. Ðo ŋku edzi be esi Yesu tsɔ nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa de asi na eyomedzelawo la, edo ŋugbe na wo be: “Kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.”—Mateo 28:20.
2 Míate ŋu ake ɖi aɖeke le eŋu o be Kristo-hamea ƒe Ta, Aƒetɔ Yesu Kristo, tsɔ ɖe le eyomedzela wɔnuteƒewo ƒe kpekpewo katã me vevie. Gawu la, míate ŋu aka ɖe edzi be eto Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi li kpli wo. (Dɔwɔwɔwo 2:33; Nyaɖeɖefia 5:6) Yehowa Mawu hã tsɔ ɖe le míaƒe kpekpe ɖekae me. Kpekpe siawo ƒe taɖodzinu koŋ ye nye be míana míaƒe kafukafu nade dzi na Mawu “le takpekpewo me.” (Psalmo 26:12) Ne míedea hamea ƒe kpekpewo la, enye ɖaseɖiɖi be míelɔ̃a eyama.
3. Susu vevi kawo tae míekpɔa ŋudzedze ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu ɖo?
3 Susu nyui bubuwo li si tae wòle be míakpɔ ŋudzedze ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu. Hafi Yesu Kristo nadzo le anyigba dzi la, eɖo eƒe nusrɔ̃la siwo wosi ami na be woanye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si anɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nam xɔsetɔwo ƒe aƒe la me tɔwo. (Mateo 24:45) Mɔ vevi aɖe si dzi wonaa gbɔgbɔmenuɖuɖu sia le ye nye to hamea ƒe kpekpewo kpakple kpekpe siwo lolo wu me—takpekpewo, sueawo kple gãawo. Aƒetɔ Yesu Kristo fiaa mɔ dɔla nuteƒewɔla sia ale be le kpekpe siawo me la, wòafia nu veviwo amesiwo katã di be yewoato nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu me ado akpɔ agbe le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenyexexe yeyea me.
4. Afɔkunu kae zu nusi “ame aɖewo wɔna” si woyɔ le Biblia me, eye nukae akpe ɖe mía ŋu be magadzɔ ɖe mía dzi o?
4 Eyata Kristotɔ aɖeke mate ŋu ana nɔnɔme si nye afɔku si ŋu apostolo Paulo ŋlɔ nu le, nanɔ eme eye magblẽ nu le eŋu o, esi wòŋlɔ be: “Míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi ame aɖewo wɔna la ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.” (Hebritɔwo 10:24, 25) Ŋugbledede le mɔnukpɔkpɔ kple viɖe siwo Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede nye ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatsɔ nuteƒewɔwɔ akpe asi ɖe kpekpe siawo ŋu tso luʋɔ blibo me.
Kpekpe Siwo Tua Ame Ðo
5. (a) Dɔ kae wòle be míaƒe nyagbɔgblɔ nawɔ ɖe ame dzi le kpekpewo me? (b) Nukatae mele be míahe ɖe megbe le ɖetsɔlemetɔwo kpekpe va kpekpewoe me o?
5 Esi Kristotɔwo doa gbe ɖa biana be Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nanɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dzi ta la, ele be vavala ɖesiaɖe nadze agbagba awɔ eƒe ŋutete ɖesiaɖe be yeawɔ nusi wɔ ɖeka kple gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia eye ‘mawɔ nusi ave Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la o.’ (Efesotɔwo 4:30) Esime apostolo Paulo ŋlɔ nya mawo siwo tso gbɔgbɔ me la, nuƒoƒoŋutete zazã nyuie ŋue wònɔ nu ƒom le. Ele be nya si míagblɔ ɣesiaɣi ‘nanyo na ŋgɔgbedede le nusi hiã la nu, bene wòafia nu nyui aɖe amesiwo senɛ.’ (Efesotɔwo 4:29) Nusia hiã vevietɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. Le agbalẽ si Paulo ŋlɔ na Korintotɔwo me la, ete gbe ɖe alesi wòle vevie be kpekpewo natu ame ɖo, nufiame nanɔ wo me, eye woade dzi ƒo na ame dzi. (Korintotɔwo I, 14:5, 12, 19, 26, 31) Kpekpe siwo le alea ɖea vi na vavala ɖesiaɖe, ame yeyewo hã, amesiwo ate ŋu agblɔ be: “Mawu le mia dome vavã.” (Korintotɔwo I, 14:25) Esi wòle alea ta la, mele be míahe ɖe megbe le ɖetsɔlemetɔ yeyewo kpekpe be woava kpekpeawo kple mí me o, elabena ana woƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi natsɔ.
6. Nukawoe nye nusiwo naa kpekpeawo tua ame ɖo dometɔ aɖewo?
6 Ele be amesiwo katã si wode nuƒo, gbebiame, alo wɔwɔfiawoe le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me la nakpɔ egbɔ be yewoƒe nyagbɔgblɔwo tua ame ɖo eye wowɔ ɖeka kple Biblia, Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi hã. Tsɔ kpe ɖe nya siwo sɔ gbɔgblɔ ŋu la, ele be míaɖe seselelãme siwo sɔ kple Mawu kpakple Kristo ƒe amenyenye siwo me lɔlɔ̃ le hã afia. Ne amesiwo katã si dɔ le le kpekpea me nɔa ŋudzɔ ɖe ‘Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetseawo,’ abe dzidzɔ, dzigbɔgbɔ blewu, kple xɔse ɖeɖefia ŋu la, godoo vavalawo katã akpɔe be wotu yewo ɖo.—Galatiatɔwo 5:22, 23.
7. Nukae vavala ɖesiaɖe ate ŋu awɔ be kpekpea natu ame ɖo?
7 Togbɔ be ame ʋee aɖewo ko sie woade dɔe le hamea ƒe kpekpewo me hã la, amesiame ate ŋu awɔ akpa aɖe be kpekpea natu ame ɖo. Zi geɖe la, mɔnukpɔkpɔ nɔa anyi be nyaselawo naɖo nya ŋu. Esiawo nyea mɔnukpɔkpɔ na mí be míaʋu míaƒe xɔse me le gaglãgbe. (Romatɔwo 10:9) Mele be míatsɔe gbeɖe be enye mɔ woʋu na mí be míagblɔ mía ŋutɔwo míaƒe susuwo, ado mía ɖokui ɖe dzi le nusiwo míete ŋu wɔ ta, alo atsɔ ahe nya ɖe haxɔsetɔ aɖe ŋu o. Ðe ewɔwɔ nenema mave Mawu ƒe gbɔgbɔ oa? Mɔ nyuitɔ si nu míakpɔ mía kple mía haxɔsetɔwo dome masɔmasɔwo gbɔ le ye nye le míawo ɖeɖe dome le lɔlɔ̃ me. Biblia gblɔ be: “Mikɔ dɔme ɖe mia nɔewo ŋu, eye miaƒe dɔme natrɔ ɖe mia nɔewo ŋu, eye mitsɔ ke mia nɔewo, abe alesi Mawu tsɔ ke mi le Kristo me la ene.” (Efesotɔwo 4:32) Mɔnukpɔkpɔ nyui kae nye si Kristotɔwo ƒe kpekpewo nyena na mí be míatsɔ aɖaŋuɖoɖo sia awɔ dɔe! Ðe esia ta la, ame geɖe vaa kpekpeawo kaba eye woganɔa anyi vie ne wokpã. Esia kpena ɖe ame yeye siwo wòhiã vevie be woakpɔ be woxɔ yewo atuu la hã ŋu. Eyata nane li si wòle be Kristotɔ adzɔgbeɖela ɖesiaɖe nawɔ be kpekpeawo natu ame ɖo le alesi ‘míeléa ŋku ɖe mía nɔewo ŋu eye míeʋãa mía nɔewo na lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔwo’ me.
Dzra Ðo Nyuie
8. (a) Nukawoe ame aɖewo tsɔ saa vɔe hafi dea kpekpeawo si dze kafukafu? (b) Alẽkpɔkplɔ ƒe kpɔɖeŋu kae Yehowa ɖo?
8 Togbɔ be Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede masesẽ boo na ame aɖewo o hã la, le ame bubuwo ya gome, ebiaa nuwo tsɔtsɔ sa vɔe ɣesiaɣi. Le kpɔɖeŋu me, ɖeɖi ate Kristotɔ si nye vinɔ si dea dɔ me be yeatsɔ adi yeƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwoe ŋu ne egbɔ va aƒeme. Ke azɔ ele be woaɖa nu, adzra viawo ɖo na kpekpea. Kristotɔ bubuwo azɔ mɔ didiwo hafi ava kpekpeawo, alo ɖewohĩ lãmegbegblẽ alo tsitsi ana woagbɔdzɔ. Ðikekemanɔmee la, Yehowa Mawu sea nu gɔme na amesiame si vaa kpekpeawo ɖe ɖoɖo nu, abe alesi alẽkplɔla si lɔ̃a eƒe lãha sea nu me na alẽawo dometɔ ɖesiaɖe ene. Biblia gblɔ be: “[Yehowa] anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene, alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu, eye wòakplɔ vinɔwo ɖɔɖɔɖɔ.”—Yesaya 40:11.
9, 10. Aleke míawɔ kpekpeawo naɖe vi gbogbotɔ na mí?
9 Ɣeyiɣi boo manɔ amesiwo wòhiã be woatsɔ nu geɖe asa vɔe hafi ade kpekpeawo edziedzi si na dzadzraɖo ɖe nusi woasrɔ̃ ŋu o. Afisi woaxlẽ le kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe Biblia xexlẽa me hafi ava Teokrasi Subɔsubɔ Sukua la xexlẽ naa wokpɔa viɖe geɖe wu ne wova kpekpea. Nenema ke dzadzraɖo do ŋgɔ ɖe kpekpe bubuwo, abe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ kple Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ ene ŋu naa woɖea vi na ame wu. Ne amesiwo dzi ƒomegbanɔamedzi siwo xɔa ɣeyiɣi le xlẽ nusɔsrɔ̃nyatia do ŋgɔ eye woxlẽ Biblia ƒe mawunyakpukpui siwo me nyawo womeŋlɔ ɖi o dometɔ aɖewo teti hebu wo ŋu la, ana wòanɔ bɔbɔe wu na wo be woakpɔ gome adodoe le Biblia me numedzodzro vevi siawo me.
10 Ame bubu siwo ƒe nɔnɔmewo mena woxaxa nenema o ate ŋu azã ɣeyiɣi geɖe wu le dzadzraɖo ɖe kpekpeawo ŋu me. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu aku nu me le mawunyakpukpui siwo woŋlɔ gake womeyɔ wo me nyawo o ŋu. Eyata amesiame ate ŋu adzra ɖo be kpekpeawo naɖe vi gbogbotɔ kekeake na mí eye wòakpɔ gome nyui aɖe le eƒe nuƒowo kple nyaŋuɖoɖo tsɔtsɔ tu hamea ɖoe me. Ne hamemegãwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo dzra ɖo nyuie la, woaɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi le nya siwo le kpuie eye wole tẽ la ŋuɖoɖo me. Le bubudede Yehowa ƒe nunanawo ŋu me la, vavalawo maɖe mɔ be susuhenu aɖeke nanɔ edzi yim esime wole kpekpeawo wɔm o.—Petro I, 5:3.
11. Nukatae ɖokuimamlã hiã le dzadzraɖo ɖe kpekpeawo ŋu me?
11 Nuwɔna kple fefe siwo made míaƒe gbɔgbɔmelãmesẽ dzi o ate ŋu agblẽ ɣeyiɣi gbogbo aɖe na mí. Ne ele nenema la, ke ele be míado mía ɖokui akpɔ eye ‘míagazu bometsilawo’ le míaƒe ɣeyiɣi zazã me o. (Efesotɔwo 5:17) Ele be wòanye míaƒe taɖodzinu be ‘míaƒle ɣeyiɣia’ tso nusiwo mehiã boo o me azã ɖe ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ kple dzadzraɖo ɖe kpekpeawo ŋu, kpakple Fiaɖuƒe subɔsubɔdɔa ŋu. (Efesotɔwo 5:16) Nyateƒee, menye ɣesiaɣie wònya wɔna alea o eye ebia ɖokuimamlã. Sɔhɛ siwo léa ŋku ɖe nusia ŋu la le gɔmeɖoanyi nyui ɖom ɖi na ŋgɔyiyi le etsɔme. Paulo ŋlɔ ɖo ɖe eƒe zɔhɛ Timoteo si wònye tsitsia na be: “Lé be na nusiawo [nusiwo ƒe aɖaŋu Paulo ɖo na Timoteo], nɔ nusiawo dzi, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒã le nuwo katã me.”—Timoteo I, 4:15.
Mawu ƒe Nya la Me Kpɔɖeŋuwo
12. Kpɔɖeŋu ɖedzesi kae ƒome si me Samuel tso ɖo?
12 Bu kpɔɖeŋu nyui si Samuel, amesi ƒe ƒomea kpɔ gome edziedzi le ɖoɖo siwo wowɔ na takpekpe kple hatitadeagulawo me esime Mawu ƒe avɔgbadɔa nɔ Silo ɖo la ŋu kpɔ. Ŋutsuwo ko sie wobia tsoe be woade ƒe sia ƒe ŋkekenyuiwo. Gake Elkana, Samuel fofo, kplɔa ƒome bliboa ɖe asi ‘ne etso wo de yina gbe do ge ɖa eye be yeasa vɔ na Yehowa le Silo.’ (Samuel I, 1:3-5) Anye ƒuta lɔƒo, afisi egbe du si nye Rentis le le ‘Efrayim-todzinutoa me’ ƒe abunue Samuel dedu Ramatayim-Zofim nɔ. (Samuel I, 1:1) Eyata mɔzɔzɔa yi Silo ate ŋu anye kilometa 30 ƒe mɔzɔzɔ si nye mɔzɔzɔ teɖeɖiameŋu ɣemaɣi. Mɔ siae Elkana ƒe ƒomea zɔna ‘ƒe sia ƒe eye godogodo wovaa Yehowa ƒeme.’—Samuel I, 1:7.
13. Kpɔɖeŋu kae Yudatɔ nuteƒewɔlawo ɖo le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi?
13 Yesu hã tso ƒome si me ɖeviwo sɔ gbɔ ɖo me. Ƒomea zɔa mɔ si didi abe kilometa 100 ene ƒe sia ƒe tso Nazaret si le anyiehegome yia Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuƒe le Yerusalem. Mɔ evee li woate ŋu ato. Mɔ si yi tẽ nye esi woaɖi abu ayi Megido Bali me agalia to meta 600 to Samariatɔwo ƒe anyigba dzi hafi aɖo ta Yerusalem. Evelia si dzi amewo lɔ̃a toto wue nye esi Yesu to le eƒe mɔzɔzɔ mamlɛtɔ yi Yerusalem me le ƒe 33 M.Ŋ. me. Ezɔ Yordan Balia si yi to wu atsiaƒu me vaseɖe esime wòɖo “Yudea-nutoawo me kple Yordan godo.” (Marko 10:1) Tso le afisia la, ‘mɔ si yi Yerusalem’ gadidi kilometa 30 eye eto to si kɔ wu meta 1,100 dzi. (Marko 10:32) Nuteƒewɔlawo ƒe ameha gã siwo vaa ŋkekenyuia ɖuƒe zɔa mɔ teɖeɖiameŋu sia si tso Galilea yia Yerusalem la ɖaa. (Luka 2:44) Kpɔɖeŋu nyui kae nye si wònye na Yehowa subɔla siwo le dukɔ siwo me kesinɔnuwo bɔ ɖo me, amesiwo dometɔ geɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede masesẽ na boo o, le egbe mɔzɔzɔmɔnu siwo li ta!
14, 15. (a) Kpɔɖeŋu kae Hana ɖo? (b) Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nɔnɔme nyui si kpekpevala yeye aɖewo ɖena fiana me?
14 Kpɔɖeŋu bubue nye Hana, ahosi si xɔ ƒe 84 tɔ. Biblia gblɔ be “medzona le mawuƒe la me o.” (Luka 2:37) Gawu la, Hana lɔ̃a ame. Esi wòkpɔ Yesu si nye vidzĩ eye wòse be eyae nye Mesia si ƒe ŋugbe wodo la, nukae wòwɔ? Eda akpe na Mawu eye “wòƒo nu le eŋuti na amesiwo katã le Yerusalem ƒe ɖeɖe lalam.” (Luka 2:38) Kpɔɖeŋu nyui kae nye si nɔnɔme si wòɖe fia nye na Kristotɔwo egbea!
15 Ẽ, ele be míaƒe kpekpeawo dede kple gomekpɔkpɔ le wo me nanye dzidzɔ na mí ale gbegbe be abe Hana ene la, míadi be woagbe mía kpɔkpɔ le wo me o. Aleae ame yeye geɖewo sena le wo ɖokui me. Esi wodo go tso vivitia me va Mawu ƒe nukukekelia me la, wodi be yewoasrɔ̃ nu alesinu yewoate ŋui, eye wo dometɔ geɖe tsɔa dzo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpeawo ŋu ale gbegbe. Gake ele be amesiwo le nyateƒea me didi la nakpɔ nyuie be ‘yewomagaɖe asi le yewoƒe lɔlɔ̃ gbãtɔ ŋu’ o. (Nyaɖeɖefia 2:4) Lãmegbegblẽ vevie alo nu bubu siwo ŋu womate ŋu awɔ naneke le o ate ŋu ana be ɣeaɖewoɣi womate ŋu ade kpekpeawo katã o. Gake mele be míaɖe mɔ ŋutilãmenudidi, modzakaɖeɖe, alo ɖekematsɔleme nana míadzra ɖo hafi ava kpekpewo o, alo míazu vavala ɖekematsɔlemetɔwo alo amesiwo danɛ ɖe eme vana o.—Luka 8:14.
Kpɔɖeŋu Nyuitɔ Kekeake
16, 17. (a) Nɔnɔme kae Yesu ɖena fiana ɖe gbɔgbɔmekpekpewo ŋu? (b) Nɔnɔme nyui kae wòle be Kristotɔwo nadze agbagba asrɔ̃?
16 Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbɔgbɔmekpekpewo ŋu me. Esi wònye ƒe 12 vi dzaa ko la, eɖe eƒe lɔlɔ̃ na Mawu ƒe aƒe si le Yerusalem la fia. Ebu ɖe edzilawo gake gbedoxɔa mee wova kpɔe le wònɔ Mawu ƒe Nya la me dzrom kple nufialawo. Yesu ɖo nya ŋu bubutɔe na edzila siwo tsi dzi ɖe enu be: “Ðe mienyae be Fofonye ƒemee manɔ oa?” (Luka 2:49, NW) Yesu si nye ɖevi la tsɔ ɖokuibɔbɔ trɔ gbɔ kple edzilawo va Nazaret. Eyi edzi ɖe eƒe lɔlɔ̃ na tadedeagu kpekpewo fia le alesi wònɔa ƒuƒoƒea dem ɖaa me. Eyata esi wòdze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme la, Biblia gblɔ le eŋu be: “Eye wòva Nazaret, afisi wonyii le, eye le eƒe kɔa nu la eyi ƒuƒoƒe la le Sabat-ŋkeke dzi, eye wòtsi tre be, yeaxlẽ agbalẽ.” Esi Yesu xlẽ Yesaya 61:1, 2 vɔ ɖe eme la, nyaselawo “ƒe mo wɔ yaa le amenuvevenya, siwo do go tso eƒe nu me la ŋuti.”—Luka 4:16, 22, míawoe te gbe ɖe edzi.
17 Kpɔɖeŋu vevi sia ke nue wowɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo ɖo egbea. Le kafukafuha dzidzi kple gbedodoɖa vɔ megbe la, woxlẽa mawunyakpukpuiwo tso Biblia me (alo kpukpui siwo me nyawo woyɔ ɖe Biblia-nusɔsrɔ̃nyatia me) eye woɖea wo me. Ele be Kristotɔ vavãtɔwo nasrɔ̃ nɔnɔme nyui si ƒe kpɔɖeŋu Yesu Kristo ɖo ɖi la. Vaseɖe afisi woƒe nɔnɔmewo ɖe mɔ see la, enyea dzidzɔ na wo be yewoade Kristotɔwo ƒe kpekpewo ɖaa.
Míaƒe Ɣeyiɣia me Kpɔɖeŋuwo
18, 19. Kpɔɖeŋu nyui kawoe nɔvi siwo le dukɔ dahewo me ɖo le kpekpewo, takpekpe vi kple gãawo dede me?
18 Mía nɔvi ŋutsu kple nyɔnu geɖe ɖoa kpɔɖeŋu nyui le ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu me le dukɔ dahewo me. Nutome gã dzikpɔla aɖe si ŋkɔe nye Orlando kple srɔ̃a Amélia tsɔ gaƒoƒo 45 zɔ afɔ kilometa 90 to to kɔkɔ aɖe tame be yewoava wɔ takpekpe le Mozambique. Eye mɔ ma kee wogazɔ le woƒe tɔtrɔgbɔ me hafi va wɔ takpekpe bubu. Orlando gblɔ ɖokuibɔbɔtɔe be: “Esi míedo go Bawa Hamea me nɔviwo la, mía tɔ ya megaɖi naneke na mí o. Woƒe takpekpea yiyi kple gbɔgbɔ nye ŋkeke ade ƒe afɔzɔzɔ si didi kilometa 400, eye nɔviŋutsu aɖe si xɔ ƒe 60 nɔ wo me!”
19 Ke ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe hamea ƒe kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpewo ŋu hã ɖe? Kashwashwa Njamba nye nɔvinyɔnu si si lãme mele o si xɔ wu ƒe 70. Ele Kaisososi, kɔƒedu vi si gbɔ didi kilometa atɔ̃ tso afisi Fiaɖuƒe Akpataa le le Rundu, Namibia, la me. Ezɔa afɔ toa gbeme hafi vaa kpekpeawo, eye eƒe yiyi kple gbɔgbɔ nye kilometa 10. Adzodalawo dze amewo dzi le mɔ sia dzi kpɔ, gake Kashwashwa ganɔa vavam kokoko. Wowɔa kpekpeawo ƒe akpa gãtɔ le gbe si mese o me. Ke ɖe eƒe vava ɖea vi nɛa? Kashwashwa gblɔ be: “Ne mekplɔ ŋɔŋlɔawo xexlẽ ɖo la, medzea agbagba susua nusi ŋu nuƒoa ku ɖo.” Gake menya agbalẽ o, ke aleke wòkplɔa ŋɔŋlɔawo xexlẽ ɖoe? Eɖo eŋu be: “Meɖoa to be mase ŋɔŋlɔ siwo melé ɖe tame.” Eye le ƒeawo me la, elé ŋɔŋlɔ gbogbo aɖewo ɖe tame. Edea agbalẽsrɔ̃suku si ƒe ɖoɖo hamea wɔ be yeatsɔ adzi yeƒe Biblia zazã ŋutete ɖe edzi. Egblɔ be: “Kpekpeawo dede dzɔa dzi nam. Afimae mesrɔ̃a nu yeyewo le ɣesiaɣi. Medina vevie be made ha kple nɔviŋutsuwo kpakple nɔvinyɔnuwo. Togbɔ be nyemate ŋu aƒo nu na wo katã o hã la, wova doa gbe nam ɣesiaɣi. Eye vevietɔ la, menya be ne mede kpekpeawo la, mele dzidzɔ dom na Yehowa ƒe dzi.”
20. Nukatae mele be míagblẽ míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ɖi o?
20 Abe Kashwashwa ene la, Yehowa subɔla miliɔn geɖe siwo le xexeame godoo ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ si dze kafukafu fiana ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu. Esi Satana ƒe xexeame le du dzi yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me la, míate ŋu agblẽ ƒuƒoƒo kple mía nɔewo ɖi si nu magblẽ le mía ŋu o. Mina boŋ be míanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me ɣesiaɣi eye míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ deto afia ɖe kpekpeawo, kple takpekpe viwo kple gãawo ŋu. Menye ɖeko wòana Yehowa ƒe dzi nakpɔ dzidzɔ ko evɔ o, aɖe vi geɖe na mí ne míexɔ Mawu ƒe nufiafia si kplɔa ame yia agbe mavɔ mee.—Lododowo 27:11; Yesaya 48:17, 18; Marko 13:35-37.
Numetotobiabiawo
◻ Nukatae Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede nye mɔnukpɔkpɔ?
◻ Nukae vavala ɖesiaɖe ate ŋu awɔ be kpekpea natu ame ɖo?
◻ Kpɔɖeŋu ɖedzesi kae Yesu Kristo ɖo?
◻ Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nɔvi siwo le dukɔ dahewo me gbɔ?
[Aɖaka si le axa 17]
Wokpɔa Ŋudzedze Ðe Kwasiɖa Sia Kwasiɖa ƒe Kpekpewo Ŋu
Ame miliɔn geɖe le dugã siwo me ahedada kple nuvlowɔwɔ do agbogbo ɖo me. Togbɔ be nɔnɔme siawo li hã la, Kristotɔ siwo le wo dome ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ si dze kafukafu fiana ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu. Hamemegã aɖe si le Seweto-hameawo dometɔ ɖeka me le Gauteng, South Africa, gblɔ be: “Le hame aɖe si me Ðasefo kple gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ 60 le me la, ame 70 va ɖo 80 ye vaa míaƒe kpekpeawo, ɣeaɖewoɣi kura ewua nenema. Togbɔ be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuawo mezɔa mɔ didi hafi vana o hã la, Soweto ƒe akpa sia menyo o. Wotɔ hɛ dzime na nɔviŋutsu aɖe esi wòzɔ gbɔna kpekpe aɖe. Wolé nɔvinyɔnu eve teti be woada adzo wo.Gake mena wodzudzɔ kpekpeawo vava o. Kwasiɖagbewo ne míedo gbe ɖa vɔ kpã kpekpeawo la, míetsɔa ɣeyiɣi kpui aɖe toa hawo mee. Ne mede ɖeke o la, ame 95 le alafa me tsia anyi míetoa ha siwo míadzi le kpekpeawo me le kwasiɖa si akplɔe ɖo me. Esia kpena ɖe ɖetsɔlemetɔ yeyewo ŋu wosrɔ̃a haawo dzina kple mí.”
Kuxi bubuwo le kɔƒenutometɔwo ŋu, abe mɔ didi zɔzɔ hafi ava kpekpeawo zi etɔ̃ kwasiɖa sia kwasiɖa ene. Ðetsɔlemetɔ aɖewo siwo nye atsu kple asi gbɔ didi kilometa 15 tso Fiaɖuƒe Akpata si le Lobatse, Botswana, gbɔ. Tso ƒe si va yi me la, wo kple wo vi eveawo wovaa kpekpeawo ɣesiaɣi. Ŋutsua dzraa afɔkpa ɖo tsɔ kpɔa ƒomea dzii. Nyɔnua dzraa nukpotokpotoewo tsɔ kpea asi ɖe ƒomea ƒe ga ŋui be woakpɔ nane anɔ ʋuɖofe xemee na kpekpeawo yiyi kple tɔtrɔgbɔ.
Le dzomeŋɔli fiẽ aɖe, le kpekpe kple nutome sue dzikpɔla vɔ megbe la, ƒome sia va tsi ʋutɔɖoƒe aɖe zã ga 9:00. Ʋuawo megale yiyim o le xexeme ƒe makɔmakɔ ta. Kpovitɔwo ƒe amegã aɖe tɔ eƒe ʋu ɖe wo gbɔ bia be nuka wɔm wole le afima hã. Esi wòse woƒe nyaa la, woƒe nu wɔ nublanui nɛ eye wòku wo kilometa 15 la yi woƒe aƒemee. Nyɔnua si nye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ gblɔ na srɔ̃a be: “Èkpɔea, ne míetsɔ kpekpeawo ɖo nɔƒe gbãtɔ la, Yehowa kpɔa míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí ɣesiaɣi.” Fifia ŋutsua gblɔ be ye hã yedi be yeazu nyanyuigbeƒãɖela.
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Ðasefowo ɖoa kpɔɖeŋu nyui le Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede me, abe wo dometɔ siawo siwo le Romania ene