Konstantino Gãtɔ Kristotɔnyenye Taʋlilae Wònyea?
Roma Fiagã Konstantino le ame ʋee siwo ƒe ŋkɔ ŋu woyɔ bubuŋkɔ “Gãtɔ” ɖo le ŋutinya me la dome. Kristodukɔa gatsɔ ŋkɔ bubu siwo nye “ame kɔkɔe,” “apostolo wuietɔ̃lia,” “kɔkɔetɔ si sɔ kple apostolowo,” kple ‘amesi wotia le Mawu ƒe Mɔfiafia te be wòawɔ xexeame godoo ƒe tɔtrɔ gãtɔ kekeake’ nɛ. Gake ame aɖewo hã gblɔ le Konstantino ŋu be enye “amesi ƒe asi ƒo ʋu, amesi ƒe agɔdzedze dziŋɔ vovovowo de du, amesi me beble yɔ fũ, . . . anyranuwɔla sẽŋuta, hlɔ̃nu nyɔŋuwo wɔla.”
WOFIA ame geɖe siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye be Konstantino Gãtɔ nye ame ŋkuta siwo kpe ɖe Kristotɔnyenye ŋu wu la dometɔ ɖeka. Wogblɔ be eyae ɖe Kristotɔwo tso Romatɔwo ƒe yometiti wɔnublanui me eye wona mawusubɔsubɔblɔɖe wo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ame gbogbo aɖewo xɔe se be Yesu Kristo ƒe afɔɖoƒe yomedzela si di vevie be yeakpe ɖe Kristo subɔsubɔ ŋue wònye. Ɣedzeƒe Orthodɔks ha kple Copt Sɔlemeha la yɔ Konstantino kple dadaa Helena siaa be wonye “ame kɔkɔewo.” Woɖua woƒe ŋkekenyui le June 3 alo May 21 lia dzi, le sɔlemeha la ƒe ɣletigbalẽ si wozãna nu.
Ameka tututue nye Konstantino Gãtɔ? Akpa kae wòwɔ le Kristo-ha la ƒe takeke le apostolowo ƒe ku megbe me? Míake ɖe numekɔkɔ geɖe ŋu ne míena ŋutinya kple agbalẽnyalawo ɖo biabia siawo ŋu na mí.
Konstantino, Amesi Xɔ Ŋkɔ le Ŋutinya Me
Wodzi Konstantino, amesi nye Konstantius Klorus vi, le Naissus le Serbia le ƒe 275 M.Ŋ. me lɔƒo. Esime fofoa zu Roma ƒe ɣedzeƒenutowo ƒe fiagã le ƒe 293 M.Ŋ. me la, enɔ aʋa wɔm le Danube Tɔsisi la nu le Fiagã Galerius ƒe gbeɖeɖe te. Konstantino trɔ va fofoa si nɔ kukum ƒe akpa dzi le Britain le ƒe 306 M.Ŋ. me. Ɣeyiɣi kpui aɖe le fofoa ƒe ku megbe la, aʋakɔ la do Konstantino ɖe dzi wòzu fiagã.
Ɣemaɣi la, ame atɔ̃ bubuwo hã gblɔ be August (Fiagãwo) ye yewonye. Wowɔ dukɔmeviʋa atraɖii tso ƒe 306 vaseɖe 324 M.Ŋ. me, ema megbe hafi Konstantino ɖeɖeko va nye fiagã. Esi Konstantino ɖu dzi le aʋa eve me la, ena wòva xɔ ŋkɔ le Roma ƒe ŋutinya me eye wòzu Roma Fiaɖuƒegã la ƒe dziɖula ɖeka kolia.
Le ƒe 312 M.Ŋ. me la, Konstantino ɖu eƒe futɔ Maxentius dzi le Milvian Tɔdzisasrãdziʋa si wowɔ le Roma-dua godo la me. Kristotɔ xɔsetaʋlilawo gblɔ be le aʋa ma me la, atitsoga aɖe si nɔ keklẽm do ɖe ɣea te si dzi woŋlɔ Latingbe me nya siwo nye In hoc signo vinces, si gɔmee nye “Tsɔ dzesi sia ɖu dzii” ɖo. Wobe wogblɔ na Konstantino le drɔ̃e me be wòata ŋɔŋlɔdzesi eve siwo wotsɔ dze Kristo ƒe ŋkɔ gɔmee le Helagbe me ɖe eƒe asrafowo ƒe akpoxɔnuwo dzi. Gake nya geɖe siwo mesɔ ɖe ɣeyiɣi siwo woyɔ nu o la le ŋutinya sia me. Agbalẽ si nye A History of Christianity gblɔ be: “Nya siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu le ɣeyiɣi si tututu wòkpɔ ŋutega sia, teƒe si wòkpɔe le kple eŋuti nya ƒe akpa vovovowo ŋu le eme.” Le dzaadodo na Konstantino va Roma me la, trɔ̃subɔlawo ƒe Sewɔha la yɔe be eyae nye Augustus (Fiagã) kple Pontifex Maximus, si fia be enye fiaɖuƒea ƒe trɔ̃nugã.
Le ƒe 313 M.Ŋ. me la, Konstantino bla nu kple Fiagã Licinius si nye ɣedzeƒenutowo ƒe dziɖula. Le Se si wode le Milan me la, wo kplii wona subɔsubɔblɔɖe kpakple gome sɔsɔe subɔsubɔha ɖesiaɖe. Gake ŋutinyaŋlɔla geɖe ƒe nuŋɔŋlɔ da agbalẽ sia me nya ɖe anyi, wobe dziɖuɖua ƒe agbalẽ si wòɖona ɖa ɖaa koe wònye, menye dziɖuɖugbalẽ tɔxɛ si fia be wotrɔ nɔnɔme ɖe Kristotɔnyenye la ŋu aɖekee o.
Le ƒe ewo siwo kplɔe ɖo me la, Konstantino ɖu Licinius, eƒe futɔ mamlɛa si nɔ ho ʋlim kplii la dzi eye wòzu Roma Fiaɖuƒea ƒe fiagã si ŋu ame aɖeke megatsi tre ɖo o. Le ƒe 325 M.Ŋ. me, esime mede tsi ta haɖe o la, enɔ zi me na “Kristo” sɔlemeha la ƒe aɖaŋudetakpekpe gãtɔ kple gbãtɔ si me wobu fɔ Ariustɔwo ƒe dzixɔse eye woŋlɔ dzixɔse vevi aɖewo le, si wotsɔ ŋkɔ na be Nicaea [Nisia] Xɔsemeʋuʋu.
Konstantino dze dɔ si va wui le ƒe 337 M.Ŋ. me. Ɣemaɣi esi wònɔ kuba dzi hafi wova de tsi ta nɛ eye wòku. Esi wòku la, Sewɔha la tsɔe da ɖe Roma-mawuwo dome.
Akpa si Subɔsubɔhawo Wɔ le Konstantino ƒe Dukplɔɖaŋu Me
Agbalẽ si nye Istoria tou Ellinikou Ethnous (Hela Dukɔa ƒe Ŋutinya) gblɔ le ƒe alafa etɔ̃lia kple enelia me Roma-fiagãwo ƒe nɔnɔme ɖe mawusubɔsubɔ ŋu ŋuti be: “Ne amesiwo le fiazikpuia dzi metsɔ ɖeke le subɔsubɔnyawo me o hã la, be woƒe nuwɔna nadze wo ŋɔlimetɔwo ŋu ta, wokpɔnɛ be ehiã be yewoada subɔsubɔhawo ɖe nɔƒe vevi aɖe le yewoƒe dunyaheɖoɖowo me, be yewoana mawusubɔsubɔnu aɖe nadze le yewoƒe nuwɔnawo me.”
Ðikekemanɔmee la, Konstantino nɔ agbe ɖe alesi wòadze eŋɔlimetɔwo ŋu nu. Le eƒe dziɖuɖua ƒe gɔmedzeɣia la, ehiã “mawu” ƒe takpɔkpɔ aɖe, gake mate ŋu akpɔe le Roma-mawu siwo ŋu amewo megava nɔ ŋudzedze kpɔm ɖo o la gbɔ o. Nu nɔ fiaɖuƒea, si me eƒe subɔsubɔhawo kple nuɖoanyi bubuwo le, ŋu tem eye wohiã ŋusẽdonu yeye si woatsɔ afɔe ɖe tee. Numekugbalẽ si nye Hidria gblɔ be: “Menye esi Kristo-ha la nɔ megbe na Konstantino ɖeɖeko tae wòtsɔ ɖe le eme na wo vevie o ke boŋ esi wonɔ megbe na ɖoɖo siwo wògbugbɔ wɔ le eƒe fiaɖuƒea me hã tae. Kristo-sɔlemehawo nɔ megbe na eƒe dunyahehe le afisiafi. . . . Etsɔ eŋɔli me nunɔla ŋkutawo tɔ kpɔ ɖe eɖokui ŋui . . . , eye edi tso wo si be woalé ɖekawɔwɔ si le wo dome me ɖe asi goŋgoŋ.”
Konstantino kpɔ be yeate ŋu azã “Kristotɔwo” ƒe ha la—togbɔ be wozu xɔsegbelawo eye wogblẽ nu geɖe le eme hã—atsɔ ado ŋusẽ tame si yeɖo be yeazu fiaɖuƒea katã ƒe fiagã eye yeana wòagawɔ ɖeka la. Ezã Kristotɔnyenye gbexɔse la ƒe gɔmeɖokpe tsɔ ɖo eya ŋutɔ ƒe dunyahetaɖodzinuwo gbɔe, eye wòɖoe be yeaƒo amewo katã nu ƒu ɖe “katoliko” alo xexeame katã, ƒe subɔsubɔha ɖeka me. Wotsɔ “Kristotɔwo” ƒe ŋkɔwo na trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnuwo kple woƒe ŋkekenyuiwo. Eye wotsɔ trɔ̃nuwo ƒe ɖoƒe, fetu, kple ŋusẽkpɔɖeamedzinɔƒe na “Kristotɔ” nunɔlawo.
Le didi be subɔsubɔhawo nawɔ ɖeka bene wòade ye dzi le dunyahehe me ta la, Konstantino tsona kpla tsia tsitretsiɖeŋu ɖesiaɖe nu, menye mawunyafiafia me nyateƒe dzie wònɔa te ɖo o, ke nusi dzi ame akpa gãtɔ lɔ̃ ɖo boŋ dzie. Xɔsenufiafia ƒe vovototo gã siwo nɔ “Kristo” sɔlemeha si me mã klukluklui me la nye mɔnukpɔkpɔ nɛ be wòadzo adze eme abe avuléla si “Mawu ɖo” ene. Ekpɔ le eƒe numedzodzro kple Donatustɔwo le Dziehe Afrika kpakple Arius yomedzelawo le fiaɖuƒea ƒe ɣedzeƒekpa dzi me be amenubeble ɖeɖeko mana xɔse sesẽ si wɔ ɖeka nanɔ anyi o.a Esi wòdi be yeakpɔ Ariustɔwo ƒe nya la gbɔ tae wòyɔ sɔlemeɖaŋudetakpekpe gbãtɔ le ha la ƒe ŋutinya me.—Kpɔ aɖaka si nye “Konstantino Kple Nicaea Ðaŋudetakpekpea.”
Ŋutinyaŋlɔla Paul Johnson gblɔ le Konstantino ŋu be: “Ðewohĩ susu vevi siwo tae wòɖe mɔ ɖe Kristotɔnyenye ŋu ƒe ɖee nye be ena mɔnukpɔkpɔ eya ŋutɔ kple dziɖuɖua be woakpɔ ŋusẽ ɖe Ha la ƒe nyametsotso le nusi nye nufiafia si dzi wolɔ̃ ɖo be enyo kple esiwo dzi womeda asi ɖo o ŋu la dzi.”
Ðe Wòva Zu Kristotɔ Kpɔa?
Johnson gblɔ be: “Konstantino meɖe asi le ɣesubɔsubɔ ŋu ɣeaɖekeɣi kpɔ o eye wòna ɣe ƒe nɔnɔmetata nɔ eƒe gakuwo dzi. Catholic Encyclopedia gblɔ be: “Konstantino ve subɔsubɔha eveawo nu sɔsɔe. Esi wònye pontifex maximus [trɔ̃nua gã] ta la, ekpɔ trɔ̃subɔsubɔ ta eye wòtɔ kpɔ ɖe eƒe gomenɔamesiwo ŋu.” Numekugbalẽ si nye Hidria gblɔ be: “Konstantino mezu Kristotɔ ɣeaɖekeɣi kpɔ o,” eye egagblɔ kpee be: “Eusebius si tso Kaisarea, amesi ŋlɔ eƒe agbemeŋutinya, gblɔ be ezu Kristotɔ esi eƒe agbe ɖo eƒe yɔyrɔeanu. Nya sia dzi manya axɔ ase o, elabena ŋkeke si do ŋgɔ la, [Konstantino] sa vɔ na Zeus elabena dzesideŋkɔ Pontifex Maximus hã le eŋu.”
Trɔ̃subɔsubɔ me dzesideŋkɔ Pontifex Maximus, si nye subɔsubɔnyawo ƒe tatɔ, nɔ Konstantino ŋu vaseɖe eƒe kugbe le ƒe 337 M.Ŋ. me. Esɔ be woabia le eƒe tsidedeta ŋu be, Etrɔ dzime vavã eye wògbugbɔ, abe alesi Ŋɔŋlɔawo fia ene hafia? (Dɔwɔwɔwo 2:38, 40, 41) Wonyrɔ Konstantino ɖe tsi me wòbu ɖe eme keŋkeŋ wònye eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa Mawu ƒe dzesia?—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 8:36-39.
“Ame Kɔkɔe” Wònyea?
Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Konstantino dze na dzesideŋkɔ Gã xɔxɔ le nusiwo wòwɔ ta ke menye le amesi ƒomevi wònye ta o. Ne woatsɔ eƒe agbenɔnɔ adzidzee la, le nyateƒe me, anye medze kura o le amesiwo woyɔ kafukafuŋkɔ [Gã] na le blema kple míaƒe ɣeyiɣia me la dome.” Agbalẽ si nye A History of Christianity hã gblɔ na mí be: “Alesi nu venɛ wòwɔa nu gbodogbodoe kple alesi wòsẽa ŋuta ne dzi kui ŋu blema nyatakakawo li. . . . Medea bubu aɖeke amegbetɔ ƒe agbe ŋu o . . . Esime wònɔ tsitsim la, eƒe aƒemegbenɔnɔ gadzi ŋɔ ɖe edzi wu kura.”
Edze ƒã be kuxi sesẽwo nɔ Konstantino ƒe agbenɔnɔ ŋu. Ŋutinya me numekula aɖe gblɔ be “Esi nu te ŋu venɛ kabakaba tae hlɔ̃nu nya wɔna nɛ ɖo.” (Kpɔ aɖaka si nye “Fiaƒomea me Amewuwuwo.”) Ŋutinyaŋlɔla H. Fisher gblɔ le eƒe agbalẽ si nye History of Europe me be Konstantino menye “Kristotɔ” o. Medze le ŋutinya me nudzɔdzɔwo me be enye amesi si Kristotɔ vavãtɔ ƒe ‘amenyenye yeyea’ le eye wònye amesi ŋu woate ŋu akpɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetse—lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, xɔse, dɔmefafa, kple ɖokuidziɖuɖu—le o.—Kolosetɔwo 3:9, 10; Galatiatɔwo 5:22, 23.
Nusi Do tso Eƒe Agbagbadzedzewo Me
Esi Konstantino nye trɔ̃subɔlawo ƒe Pontifex Maximus—eye le esia ta wònye Roma Fiaɖuƒea ƒe subɔsubɔnyawo ƒe tatɔ—ta la, edze agbagba dze xɔ̃ sɔlemeha gbexɔse la ƒe bisiɔpwo. Ena ŋusẽ kple ŋkɔxɔxɔ ƒe ɖoƒewo wo, tsɔ kpe ɖe kesinɔnuwo ŋu abe Roma Dziɖuɖua ƒe mawusubɔsubɔ nunɔlawo ene. Catholic Encyclopedia lɔ̃ ɖe edzi be: “Alesi wodzra fiaƒea me ɖo wònya kpɔnae flu bisiɔp aɖewo, kakaka wokafu fiagã la be enye Mawudɔla, ame kɔkɔe, eye wogblɔe ɖi be aɖu fia le dziƒo abe Mawu ƒe Vi la ene.”
Esi xɔsegbegbe ƒe Kristotɔnyenye la ƒe nu va nyo dunyahedziɖuɖua ŋu la, eva nɔ xexe sia kple ŋutilãmenuɖoanyi sia ƒe akpa aɖe zum ɖe edzi wu, eye wòte eɖokui ɖa tso Yesu Kristo ƒe nufiafiawo gbɔ. (Yohanes 15:19; 17:14, 16; Nyaɖeɖefia 17:1, 2) Ena wotsɔ “Kristotɔnyenye” tsaka kple aʋatso nufiafiawo kple nuwɔnawo—Mawuɖekaetɔ̃, luʋɔ makumaku, hell, ŋutiklɔdzo, gbedodoɖa na ame kukuwo nufiafiawo, kpakple rosario, nukpakpɛwo, nɔnɔmewɔwɔwo zazã kpakple nusiawo tɔgbe wɔwɔ.—Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 6:14-18.
Sɔlemeha la nyi ɖokuibɔbɔ ɖe Dziɖuɖu te le nusianu me hã ƒe dome tso Konstantino gbɔ. Agbalẽnyala Henderson kple Buck gblɔ be: “Wogblẽ alesi Nyanyuiawo ƒe nuwo nɔa bɔbɔe, woto kɔnu kple wɔna kpeɖiwo wɔwɔ vɛ, wotsɔ xexemebubu na Kristo-ha la ƒe nufialawo hexe fe na wo, eye Kristo ƒe Fiaɖuƒe zu xexe sia me fiaɖuƒe le nu geɖe me.”
Afika Woakpɔ Kristotɔnyenye Vavãtɔ Le?
Nusi gbɔ Konstantino ƒe “gãnyenye” tso dze le ŋutinya me nudzɔdzɔwo me. Le esi wòanye Kristo-hame vavãtɔ ƒe Ta Yesu Kristoe aɖo Kristodukɔa anyi teƒe la, nusi de fiagã trɔ̃subɔla aɖe dzi le dunyahehe me kple eƒe ayemenuwɔwɔwo mee wòdzɔ tso. Ŋutinyaŋlɔla Paul Johnson bia ɖe eteƒe tututu be: “Fiaɖuƒeae bɔbɔ eɖokui ɖe Kristo-ha la te loo alo Kristo-ha lae va wɔ ahasi kple fiaɖuƒea?”
Woate ŋu akpe ɖe amesiwo katã dii ŋutɔŋutɔ be yewoanye Kristotɔ akuakuawo ŋu woadze si Kristo-hame vavãtɔ egbea ahawɔ ɖeka kplii. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo le xexeame katã be yewoakpe ɖe dzi anukwaretɔwo ŋu ne woakpɔ Kristotɔnyenye vavãtɔ adze sii eye woade ta agu na Mawu le mɔ si dzea eŋu nu.—Yohanes 4:23, 24.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Donatus Ha la nye “Kristotɔwo” ƒe kɔmamã aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa enelia kple atɔ̃lia M.Ŋ. me. Emetɔwo gblɔna be nunɔla siwo le sakramento [kpɔɖeŋunu kɔkɔewo] nam la ƒe agbenɔnɔ dzie asixɔxɔ si le nuawo ŋu nɔ te ɖo eye be ele be ha la naɖe amesiwo wɔ nuvɔ̃ gãwo le hame. Arius Ha la nye ƒe alafa enelia me “Kristotɔwo” ƒe ha aɖe si gbe Yesu Kristo ƒe mawunyenye. Arius fia nu be ame aɖeke medzi Mawu o eye gɔmedzedze mele esi o. Esi wònye ɖe wodzi Vi la ta la, mate ŋu anye Mawu le gɔmesese si nu Fofo la nyee le o. Vi la meli tso mavɔmavɔ me o ke boŋ ɖe wowɔe eye Fofo la ƒe lɔlɔ̃nu tae wòwɔe eye wòli ɖo.
[Aɖaka si le axa 28]
Konstantino Kple Nicaea Ðaŋudetakpekpea
Akpa kae Fiagã Konstantino si womede tsi ta na o wɔ le Nicaea ɖaŋudetakpekpea me? Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Konstantino ŋutɔe nɔ zi me eye wòxɔ ŋgɔ le numedzodzroawo me vevie . . . Esi dzika tso bisiɔp siawo ƒo akpa le fiagã la ta la, wo katã de asi xɔsemeʋuʋua te, negbe wo dometɔ eve koe mele eme, evɔ esia nye nane si metrɔ na wo dometɔ geɖe hafi o.”
Le ɣleti eve ƒe nyaʋiʋli dɔmedzoetɔe le mawusubɔsubɔnyawo ŋu megbe la, trɔ̃subɔla dunyahela sia de nu eme eye wòde amesiwo gblɔ be Yesu nye Mawu la dzi. Gake nukatae wòwɔ nu ma? A Short History of Christian Doctrine gblɔ be: “Nya siwo wonɔ biabiam le Helatɔwo ƒe mawunyafiafia me ƒe gɔmesese sue aɖeke kurakura menɔ Konstantino si o.” Nusi gɔme wòsee nye be mawusubɔsubɔ ƒe mamã nye ŋɔdzidonu na yeƒe fiaɖuƒea, eye eɖoe kplikpaa be yeado ŋusẽ yeƒe fiaɖuƒea.
Istoria tou Ellinikou Ethnous (Hela Dukɔa ƒe Ŋutinya) gblɔ le nya si dzi wova lɔ̃ ɖo le Nicaea le Konstantino ƒe dzikpɔkpɔ te ŋu be: “Efia alesi [Konstantino] metsɔ ɖeke le subɔsubɔ nufiafianyawo mee o, . . . alesi wòɖoe kplikpaa be ɖeko yele ɖekawɔwɔ he ge va sɔlemeha la me eɖanye nukae wòagblẽ o, kple mlɔeba eƒe kaka ɖe edzi be yee nye ‘amesiwo mele haa me o ƒe bisiɔp’ eye eyata yee atso nya me mlɔea le subɔsubɔnya ɖesiaɖe ŋu la me.” Ðe wòate ŋu adzɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔe nɔ megbe na aɖaŋudetakpekpe ma me nyametsotsowoa?—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 15:28, 29.
[Aɖaka si le axa 29]
Fiaƒomea Me Amewuwuwo
Istoria tou Ellinikou Ethnous (Hela Dukɔa ƒe Ŋutinya) ƒo nu tso nusi wòyɔ be “ƒome hlɔ̃nu nyɔŋu siwo Konstantino wɔ” ŋu le tanya sia te. Esi wònya ɖo eƒe fiaƒomea anyi vɔ teti ko la, eŋlɔ alesi wòase vivi na nusiwo dzi eƒe asi su la be eye eƒe susu trɔ ɖe afɔku siwo ƒo xlãe ŋu. Esi wònye nazãbula eye ɖewohĩ numevivilawo ƒo nya ɖe enu la, Licinianus ƒe nyruiyɔvi—amesi nye Fiagã bubu aɖe si wòwu va yi xoxo ƒe vi—ŋue wòbui ɖo gbã be ate ŋu ava ʋli zia kple ye. Esi Konstantino wui vɔ la, eya ŋutɔ ƒe ŋgɔgbevi ŋutsu Crispus, amesi Fausta si nye dadaa ƒe atsusi wu le esi nyɔnua bui be ate ŋu anye mɔxenu na ye ŋutɔ ye vi ƒe ŋusẽkpɔkpɔ blibo ye wogawu ɖe eyome.
Fausta ƒe nuwɔna sia tae eya ŋutɔ va ku ku manyatalenu ɖo. Edze abe ɖe Augusta Helena, amesi kpɔ ŋusẽ ɖe via Konstantino dzi vaseɖe nuwuwu, ƒe asi nɔ amewuwu sia me ene. Seselelãme manyatalenu siwo gena ɖe Konstantino me kabakaba hã nɔ eme si tae wòwu exɔlɔ̃ kple eƒe zɔhɛ geɖe ɖo. Agbalẽ si nye History of the Middle Ages ƒo nya ta be: “Eya ŋutɔ viaŋutsu kple srɔ̃a wuwu—ne míedi be míagblɔe be ɖe wòbua wu wo o hã—fia be Kristotɔnyenye mekpɔ gbɔgbɔmeŋusẽ aɖeke ɖe edzi o.”
[Nɔnɔmetata si le axa 30]
Wotu agbo siawo siwo tame woxa gobaa ɖe Roma be woatsɔ ade bubu Konstantino ŋui
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 26]
Musée du Louvre, Paris