Ameƒomea ƒe Kuxiwo Wo Nu Ayi Kpuie!
“DƆMENYODƆWO meɖea vi boo aɖeke ne menye ɖoɖo si ŋu wobu nyuie kple dunyaheɖoɖo si wowɔ be woatsɔ akpɔ nusiwo hea aʋawɔwɔ vɛ gbɔ lae wònye o. Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia ɣesiaɣi be dɔmenyodɔwo ɖeɖe mate ŋu akpɔ kuxi siwo dunyahehe he vɛ la gbɔ o.”—The State of the World’s Refugees 2000.
Togbɔ be wowɔa dɔmenyodɔ gãwo hã la, ameƒomea ƒe kuxiwo le dzidzim ɖe edzi madzudzɔmadzudzɔe. Mɔkpɔkpɔ kae li be dunyahehe ahe egbɔkpɔnu mavɔ vɛ? Le nyateƒe me la, mɔkpɔkpɔ gobii aɖeke meli o. Gake afikae míagate ŋu atrɔ ɖo? Le lɛta wɔdɔɖeamedzi aɖe si apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Efeso ƒe gɔmedzenyawo me la, eɖe alesi Mawu ahe ameƒomea ƒe kuxiwo katã ava nuwuwui me. Eƒo nu tso mɔnuɖoɖo si dzi Mawu ato awɔ esia la gɔ̃ hã ŋu—si nye ɖoɖo si akpɔ nusiwo hea kuxi siwo katã ɖea fu na mí egbea vanɛ la gbɔ. Nukatae màdzro nusi Paulo gblɔ la me o? Nya sia dze le Efesotɔwo 1:3-10.
“Bene Woaƒo Nuwo Katã Nu Ƒu . . . le Kristo Me”
Apostoloa gblɔ be Mawu ƒe tameɖoɖo enye nusi wòyɔ be ‘azãgbewo ƒe ɖoɖo ƒe nuɖoanyi alo nyawo gbɔ kpɔkpɔ.’ Nukae esia fia? Efia be Mawu ɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi si dzi wòawɔ nu le mɔ aɖe nu “bene woaƒo nuwo katã nu ƒu ade ta ɖeka te le Kristo me, nusiwo le dziƒo kple nusiwo le anyigba dzi la.” (Efesotɔwo 1:10) Ẽ, Mawu wɔ ɖoɖo aɖe si me wòagaƒo nusianu si le dziƒo kple anyigba dzi la nu ƒu ɖekae ake ade eƒe mɔfiafia te. Nukutɔea, Biblia ŋuti nunyala J. H. Thayer gblɔ le nya si gɔme woɖe le afisia be ‘woagaƒo nuwo nu ƒu ake’ ŋu be: “Wòagaƒo . . . nuwo kple nu gbagbewo (siwo dome nuvɔ̃ klã va ɖo fifia) katã nu ƒu na eɖokui be woanɔ ƒuƒoƒo ɖeka me le Kristo me.”
Esia ɖe alesi wòhiã be Mawu nawɔ esia le domekaklã si do mo ɖa le gɔmedzezea me ta la fia. Le amegbetɔ ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze la, mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, dze Satana Abosam yome dze aglã ɖe Mawu ŋu. Wodi be yewoanɔ yewo ɖokui si ne yewoawɔ nusi nyo kple nusi gblẽ ŋuti nyametsotsowo na yewo ɖokui. (Mose I, 3:1-5) Le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la, wonyã wo tso Mawu ƒe ƒomea me eye woa kplii dome klã. Wonyrɔ ameƒomea ɖe blibomademade kple emetsonu dziŋɔ siwo teƒe kpɔm míele egbea la me.—Romatɔwo 5:12.
Mɔɖeɖe Ðe Vɔ̃ɖinyenye Ŋu Ɣeyiɣi Kpui Aɖe
Ame aɖewo abia be: ‘Nukatae Mawu ɖe mɔ wowɔ nusia? Nukatae mezã eƒe ŋusẽ si ƒo ɖesiaɖe ta la tsɔ zi eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖe wo dzi, si anye mɔxexe na vevesese kple fukpekpe siwo katã me tom míele fifia la oa?’ Ele dzɔdzɔme nu be woabu tame alea. Gake nuka koŋue ŋusẽ si ɖeke mesɔ kplii o la zazã ɖe mɔ ma nu aɖe afia? Ðe amesi tsia tsitretsiɖeŋula siwo katã menya wɔ ɖeka kplii o nu enumake, le esi ŋusẽ le esi be wòawɔ esia ta la, ƒe nu nyoa mía ŋu alo dzɔa dzi na mía? Gbeɖegbeɖe.
Menye Mawu ƒe ŋusẽkatãtɔnyenye ŋue aglãdzela mawo tsi tre ɖo tẽ o. Nusi koŋ ŋu wotsi tre ɖo enye eƒe dzedze aɖu fia kple alesi wòle fiaa ɖumee. Be woakpɔ nya vevi sia si fɔ ɖe te la gbɔ zi ɖeka ko wòavɔ la, Yehowa ɖe mɔ na eƒe nuwɔwɔwo be woakpɔ woa ŋutɔwo ƒe nyawo gbɔ eyama ƒe asi mademade eme tẽ hena ɣeyiɣi kpui aɖe. (Nyagblɔla 3:1; Luka 21:24) Ne ɣeyiɣi ma de la, ade asi nyaa me be wòagbugbɔ anyigbaa dzi aɖu keŋkeŋ. Kaka ɣemaɣi naɖo la, eme akɔ ƒã be alesi wòɖua fiae nye esi ko ahe ŋutifafa, dzidzɔkpɔkpɔ, kple nudzedziname vɛ na anyigbadzinɔlawo. Ɣemaɣi la, woaɖe ameteɖeanyila siwo katã le xexeame la ɖa tegbee.—Psalmo 72:12-14; Daniel 2:44.
“Hafi Wòɖo Xexeame Gɔme Anyi”
Gbaɖegbe kee Yehowa ɖo tame be yeawɔ esiawo katã. Paulo gblɔ be “hafi wòɖo xexeame gɔme anyi.” (Efesotɔwo 1:4) Ema mefia be do ŋgɔ na anyigbaa alo Adam kple Xawa wɔwɔ o. Xexe ma ‘nyo ŋutɔ,’ eye aglãdzedze mekpɔ do mo ɖa o. (Mose I, 1:31) Ekema ‘xexe’ kae apostolo Paulo wɔnɛ? Adam kple Xawa viwo ƒe xexeame—si nye ameƒome wɔnuvɔ̃, madeblibo ƒe xexe si le mɔ kpɔm na ɖeɖee. Yehowa nya alesi wòatrɔ asi le nɔnɔmeawo ŋu atsɔ ana gbɔdzɔe Adam ƒe dzidzimevi siwo dze na ɖeɖe la xoxoxo hafi wodzi vi gbãtɔ gɔ̃ hã.—Romatɔwo 8:20.
Gake esia mele fiafiam be ele be xexeame katã ƒe Dziɖulagã la nakpɔ nyawo gbɔ abe alesi amegbetɔwo kpɔa egbɔe ene o. Esi amegbetɔwo nyae be nuwo te ŋu dzɔna kpata gblẽa yewoƒe ɖoɖowo me ta la, wowɔa ɖoɖo vovovowo dana ɖi be ne edzɔ nenema la yewoatsɔ akpɔ wo gbɔe. Gake ɖeko Mawu ŋusẽkatãtɔ la ɖoa tame hewɔnɛ dea goe. Ke hã Paulo ɖe alesi Yehowa ɖoe be yeakpɔ nyaa gbɔe be wòahe gbɔdzɔe mavɔ vɛ na ameƒomea la me. Ðoɖo kawoe wowɔ?
Amekae Ahe Gbɔdzɔe Vɛ?
Paulo ɖe eme be Kristo ƒe nusrɔ̃la siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na awɔ akpa tɔxɛ aɖe le nusiwo Adam ƒe nuvɔ̃a gblẽ la ɖeɖeɖa me. Paulo gblɔ be, Yehowa “tia mí le [Kristo] me” be míaɖu fia kple Yesu le eƒe Dziƒofiaɖuƒea me. Esi Paulo nɔ esia me ɖem yi ŋgɔ la, egblɔ be Yehowa “tsɔ lɔlɔ̃ ɖo mí ɖi hena vinyenye to Yesu Kristo dzi na eɖokui.” (Efesotɔwo 1:4, 5) Gake menye ɖe Yehowa tia alo ɖo wo wole wo ɖokui si ɖekaɖekawo o. Ke boŋ eɖo ame wɔnuteƒe ɖokuitsɔsavɔlawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si akpɔ gome kple Kristo le nusiwo Satana Abosam, kpakple Adam kple Xawa, gblẽ le ameƒomea ŋu la ɖeɖeɖa me.—Luka 12:32; Hebritɔwo 2:14-18.
Nu wɔnuku kae nye si! Le gbe si Satana tɔ Mawu ƒe dziɖulanyenye me la, enɔ fiafiam be kpɔtsɔtsɔ le Mawu ƒe nuwɔwɔ si nye amegbetɔwo ŋu—be ne wozi wo dzi alo tsɔ nudzroamewo ɖo wo ŋkume la, wo katã woadze aglã ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ŋu. (Hiob 1:7-12; 2:2-5) Le Yehowa Mawu ƒe “amenuveve ƒe ŋutikɔkɔe” wɔdɔɖeamedzi aɖe si wòɖe fia le ɣeyiɣi ɖoɖi dzi me la, eɖe kakaɖedzi si le esi ɖe eƒe anyigba dzi nuwɔwɔ ŋu fia Adam ƒe ƒome wɔnuvɔ̃a me tɔ aɖewo xɔxɔ be woava nye eƒe gbɔgbɔmeviwo. Woakplɔ ƒuƒoƒo sue sia me tɔwo ayi dziƒoe be woava subɔ. Le tameɖoɖo ka ta?—Efesotɔwo 1:3-6; Yohanes 14:2, 3; Tesalonikatɔwo I, 4:15-17; Petro I, 1:3, 4.
Apostolo Paulo gblɔ be Mawu ƒe vi siawo siwo wòxɔ la va zu “Kristo ƒe hadomenyilawo” le eƒe Dziƒofiaɖuƒea me. (Romatɔwo 8:14-17) Esi wonye fiawo kple nunɔlawo ta la, woakpɔ gome le ameƒomea ɖeɖe tso vevesese kple fukpekpe siwo me tom wòle fifia la me. (Nyaɖeɖefia 5:10) Ẽ, “nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.” Gake eteƒe madidi o, Mawu vi tiatia tɔxɛ siawo adze Yesu Kristo yome awɔ nu, eye ‘woaɖe amegbetɔ toɖolawo katã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me’ ake.—Romatɔwo 8:18-22.
‘Xɔxɔ to Tafe Dzi’
Nusi nye Mawu ƒe amenuveve wɔdɔɖeamedzi gãtɔ kekeake si míedze na o, si wòɖe fia ameƒome ƒe xexe sia si hiã na ɖeɖe—si nye Yesu Kristo ƒe tafe vɔsa—lae wɔe be esia te ŋu le bɔbɔe. Paulo ŋlɔ bena: “[Le Yesu Kristo,] amesi me míekpɔ fexexeɖeta la le to eƒe ʋu la me, si nye vodadawo ƒe tsɔtsɔke le eƒe amenuveve ƒe agbɔsɔsɔ geɖe la nu.”—Efesotɔwo 1:7.
Yesu Kristoe nye ame vevitɔ si dzi Mawu ƒe tameɖoɖowo ato ava eme. (Hebritɔwo 2:10) Eƒe tafevɔsa ʋu mɔnukpɔkpɔ si le se nu be Yehowa naxɔ Adam ƒe dzidzimevi aɖewo ɖe eƒe dziƒo ƒomea me ahaɖe amegbetɔƒomea tso Adam ƒe nuvɔ̃a me tsonuwo me, eye manye dada le kakaɖedzi si le Eƒe sewo kple gɔmeɖosewo ŋu la dzi o. (Mateo 20:28; Timoteo I, 2:6) Yehowa wɔ nuwo le mɔ si sɔ kple eƒe dzɔdzɔenyenye hesɔ ɖe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ si de blibo nu la nu.—Romatɔwo 3:22-26.
Mawu ƒe ‘Nya Ɣaɣla Kɔkɔe La’
Mawu meɖe alesi tututu wòawɔ eƒe tameɖoɖo na anyigbaa nava eme la fia o ƒe akpe geɖe. Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, “ena [Kristotɔwo nya] eƒe lɔlɔ̃nu ƒe nya ɣaɣla la.” (Efesotɔwo 1:9) Paulo kple ehati Kristotɔ amesiaminawo se akpa vevi si wode Yesu Kristo si le Mawu ƒe tameɖoɖo me vava me la gɔme nyuie. Azɔ hã wova dze akpa tɔxɛ si le wo si abe Kristo ƒe hadomenyilawo ene le Dziƒofiaɖuƒea me la hã gɔmesese. (Efesotɔwo 3:5, 6, 8-11) Ẽ, Fiaɖuƒedziɖuɖua si le Yesu Kristo kple ehati dziɖulawo si mee nye mɔnuɖoɖo si ŋudɔ Mawu awɔ atsɔ ahe ŋutifafa mavɔ vɛ, menye le dziƒo ɖeɖeko o, ke le anyigba hã dzi. (Mateo 6:9, 10) Yehowa ato edzi agbugbɔ anyigba aɖo nɔnɔme si me wòɖo tame be wòanɔ le gɔmedzedzea me la me.—Yesaya 45:18; 65:21-23; Dɔwɔwɔwo 3:21.
Ɣeyiɣi si wòɖo ɖi be yeaɖe ameteteɖeanyi kple madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le anyigba dzi la le ŋgɔ kpuie. Gake Yehowa dze ɖɔɖɔɖoa gɔme ŋɔtɔŋutɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi. Le mɔ ka nu? To “nusiwo le dziƒo,” si nye amesiwo aɖu dzi kple Kristo le dziƒo la, nuƒoƒoƒu me. Kristotɔ siwo nɔ Efeso la nɔ amesiawo dome. (Efesotɔwo 2:4-7) Nyitsɔ laa le míaƒe ɣeyiɣia me la, Yehowa te “nusiwo le anyigba dzi la” nuƒoƒoƒu. (Efesotɔwo 1:10) Eto gbeƒã si ɖem wole le xexeame godoo dzi le eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖu si le Yesu Kristo si la ŋuti nyanyuia ƒe nyanya nam dukɔwo katã. Wole amesiwo xɔnɛ la nu ƒom ƒu gɔ̃ hã ɖe gbɔgbɔ me dedienɔƒe kple dɔdaƒe aɖe fifia. (Yohanes 10:16) Eteƒe madidi o, woavo tso madzɔmadzɔnyenye kple fukpekpe ɖesiaɖe me keŋkeŋ le paradisonyigba kɔkɔe aɖe dzi.—Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 11:18.
Wowɔ “afɔɖeɖe nyui geɖe” le dɔmenyodɔwo wɔwɔ me be woatsɔ akpe ɖe amesiwo dzi nu te ɖo ŋu. (The State of the World’s Children 2000) Ke hã afɔ nyuitɔ kekeake si woaɖe anye esi Kristo Yesu kple eƒe Dziƒofiaɖuƒea me hati dziɖulawo aɖe kpuie atsɔ axɔ na míi. Woakpɔ nusiwo katã hea aʋawɔwɔ vɛ kple nu vɔ̃ɖi bubu ɖesiaɖe si vaa mía dzi la gbɔ keŋkeŋ. Woahe ameƒomea ƒe kuxiwo katã ava nuwuwui.—Nyaɖeɖefia 21:1-4.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 4]
Dɔmenyodɔwo mekpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ o
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Kristo ƒe tafevɔsa na amegbetɔƒomea kpɔ gbɔdzɔe tso Adam ƒe nuvɔ̃a me
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Woate ŋu akpɔ gbɔgbɔ me dedienɔnɔ kple dɔdada egbea
[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]
Eteƒe madidi o míakpɔ gbɔdzɔe keŋkeŋ tso kuxiwo me, to Mesia Fiaɖuƒea dzi