Yesu Ƒe Nukunuwo—Nukae Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Wo Me?
AWƆ nuku na wò be nànya be womezã nya si fia “nukunu” le gbe gbãtɔ si me Biblia ƒe nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Yesu ƒe anyigbadzigbenɔnɔ ŋu le la me o. Helagbe me nya (dyʹna·mis) si gɔme woɖena ɣeaɖewoɣi be “nukunu” la gɔme ŋutɔŋutɔe nye “ŋusẽ.” (Luka 8:46) Woate ŋu aɖe egɔme hã be “ŋutete” alo “ŋusẽdɔwo.” (Mateo 11:20; 25:15) Le agbalẽnyala aɖe ƒe nya nu la, Helagbe me nya sia “ɖoa kpe nu wɔnuku si wowɔ, kple vevietɔ ŋusẽ si wotsɔ wɔe la dzi. Woɖɔa nudzɔdzɔa be enye Mawu ƒe ŋusẽdɔwɔwɔ.”
Zi geɖe la, wolɔ̃a Helagbe me nya bubu (teʹras) hã gɔmeɖeɖe be “nukunu.” (Yohanes 4:48; Dɔwɔwɔwo 2:19) Nya sia fia alesi nu wɔa dɔ ɖe nane teƒekpɔlawo dzii. Zi geɖe la, Yesu ƒe nukunuwo wɔa moyaa na amehawo kple nusrɔ̃lawo eye woƒe nu kuna.—Marko 2:12; 4:41; 6:51; Luka 9:43.
Helagbe me nya etɔ̃lia si nye (se·meiʹon) si wozãna na Yesu ƒe nukunuwo la fia “dzesi.” Agbalẽnyala Robert Deffinbaugh gblɔ be: “Ehea susu yia nukunuwo gɔmesese si de to dzi.” Egblɔ kpee be: “Dzesi nye nukunu si fiaa nyateƒenya aɖe tsoa mía Aƒetɔ Yesu ŋu.”
Amefuflue loo alo Ŋusẽ si tso Mawu Gbɔe?
Biblia meɖɔ Yesu ƒe nukunuwo be wonye ayemenuwɔwɔ alo ameflunu siwo ŋu wotrɔ asi le be woatsɔ ado dzidzɔ na amewoe o. Wonye “Mawu ƒe gãnyenye ŋuti” ɖeɖefiawo, abe alesi wònɔ le ŋutsuvi si me Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe le gomee ene. (Luka 9:37-43) Ðe nukunu siawo manya wɔ na Mawu Ŋusẽkatãtɔ—Amesi si wogblɔ be “ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ” le—la oa? (Yesaya 40:26) Womede wɔwɔ nɛ kura o!
Nyanyuiawo gblɔ Yesu ƒe nukunu 35 ŋuti nya. Gake womegblɔ eƒe nukunuawo katã ƒe xexlẽme o. Le kpɔɖeŋu me, Mateo 14:14 gblɔ be: ‘Esi Yesu kpɔ ame geɖe la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu, eye wòda gbe le woƒe dɔlélawo ŋu.’ Womegblɔ dɔnɔ siwo ŋu wòda gbe le ɣemaɣi la ƒe xexlẽme na mí o.
Nukunu mawo nɔ vevie be woaxɔ Yesu ƒe nya si wògblɔ be Mawu ƒe Vi kple Mesia si ŋugbe wodo lae yenye dzi ase. Le nyateƒe me la, Ŋɔŋlɔawo ɖo kpe edzi ŋutɔŋutɔ be Mawue na ŋusẽ Yesu wòtsɔ wɔ nukunuawoe. Apostolo Petro gblɔ tso Yesu ŋu be enye “ŋutsu, si ŋuti Mawu na kpeɖoɖodzi mi le to nu dzɔtsuwo kple nukunuwo kple dzesiwo, siwo Mawu wɔ to eyama dzi le mia titina la me, abe alesi mia ŋutɔwo mienya ene.” (Dɔwɔwɔwo 2:22) Ɣebubuɣi la, Petro gblɔe kɔte be “Mawu tsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi [na Yesu], amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu; elabena Mawu li kplii.”—Dɔwɔwɔwo 10:37, 38.
Yesu ƒe nukunuawo nye eƒe gbedasia ƒe akpa vevi aɖe. Marko 1:21-27 ɖe alesi amehawo wɔ nu ɖe Yesu ƒe nufiafia kple eƒe nukunu aɖe ŋui fia. Marko 1:22 gblɔ be “kuvia ɖo [amehawo] le eƒe nufiafia la ŋuti,” eye kpuikpui 27 ɖee fia be esime Yesu nya gbɔgbɔ makɔmakɔ do goe la, ‘ewɔ nuku’ na ameawo. Yesu ƒe ŋusẽdɔwo kple eƒe gbedasia siaa nye kpeɖodziwo be eyae nye Mesia si ŋugbe wodo la.
Menye ɖekoe Yesu gblɔ be yenye Mesia la ko o; ke boŋ hekpe ɖe nya siwo wògblɔ kple dɔ siwo wòwɔ ŋu la, Mawu ƒe ŋusẽ si wòtsɔ wɔ nukunuawoe hã nye kpeɖodzi be eyae nye Mesia la. Esi wobia gbe Yesu ku ɖe eƒe ɖoƒe kple dɔ si wode asi nɛ ŋu la, eɖo eŋu dzideƒotɔe be: “Nye la mexɔ ɖaseɖiɖi, si lolo wu Yohanes [Amenyrɔɖetsimela] tɔ; elabena dɔwɔwɔ, siwo Fofo la nam, bena mawu wo nu la, dɔwɔwɔ ma, siwo ke wɔm mele la, le ɖase ɖim le ŋutinye bena, Fofo lae dɔm ɖa.”—Yohanes 5:36.
Kpeɖodzi Siwo Fia be Nukunuawo Dzɔ Ŋutɔŋutɔ
Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu ƒe nukunuawo nye nyateƒe, eye be wodzɔ ŋutɔŋutɔ? De ŋugble le kpeɖodzi siwo fia be wodzɔ ŋutɔŋutɔ la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.
Yesu mehe amewo ƒe susu va eɖokui dzi kpɔ le ŋusẽdɔ siawo wɔwɔ me o. Ekpɔ egbɔ be nusiwo do tso nukunuawo me ŋuti kafukafu kple ŋutikɔkɔe nayi na Mawu. Le kpɔɖeŋu me, hafi Yesu nada gbe le ŋkuagbãtɔ aɖe ŋu la, ete gbe ɖe edzi be ŋutsua ahaya “bena woaɖe Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia le eyama me.”—Yohanes 9:1-3; 11:1-4.
Yesu ƒe nukunuwo wɔwɔ to vovo na ŋɔdzomenuwɔlawo, akunyawɔlawo, kple xɔsegbedalawo tɔ, elabena mezã goloɖoɖo, amefuflu, nuwɔwɔ adegbeƒoƒotɔe be amewo nakpɔ, gbesa alo kɔnuwɔwɔ wɔdɔɖeamedzi nuwɔnawo o. Yesu mezã aʋatsodzixɔse alo nusiwo woyɔna be nu kɔkɔewo le eƒe nukunuawo me o. De dzesi mɔ bɔbɔe aɖe si dzi Yesu to da gbe le ŋkuagbãtɔ eve ŋu. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋu, eye wòde asi woƒe ŋkuwo ŋu, eye enumake wokpɔ nu, eye wodze eyome.” (Mateo 20:29-34) Kɔnuwɔwɔ, azãɖuɖu, alo adegbeƒoƒo ƒe nuwɔna aɖeke medze le eme o. Zi geɖe la, ame geɖee kpɔ Yesu ƒe nukunu siwo wòwɔ le gaglãgbe la teƒe. Mezã akaɖi tɔxɛ, haƒonuwo alo wɔ nu le mɔ tɔxɛ aɖe nu tsɔ he amewo ƒe susu va eɖokui dzi o. Etɔ to vovo na egbeŋkekeawo me nukunu siwo wobe wowɔna siwo dzi kpeɖodzi aɖeke mele o la.—Marko 5:24-29; Luka 7:11-15.
Ɣeaɖewoɣi la, Yesu dea dzesi amesiwo eƒe nukunuawo ɖe vi na la ƒe xɔse. Gake xɔse ƒe ame aɖe si manɔmanɔ mena Yesu do kpo nukunu aɖe wɔwɔ o. Esime wònɔ Kapernaum le Galilea la, “wotsɔ ame geɖe, siwo gbɔgbɔ vɔ̃wo le wo me la, va egbɔ; eye wògblɔ nya henyã gbɔgbɔ vɔ̃awo do goe, eye wòda gbe le amesiwo katã ƒe lãme gblẽ la ŋuti.”—Mateo 8:16.
Yesu wɔ nukunuwo tsɔ kpɔ amewo ƒe ŋutilãmenuhiahiã ŋutɔŋutɔwo gbɔ na wo, ke menye be wòatsɔ ado dzidzɔ na amesiwo di be yewoakpɔ nukunuwo teƒe dzro ko o. (Marko 10:46-52; Luka 23:8) Eye Yesu mewɔ nukunuwo gbeɖegbeɖe bene yeatsɔ adi viɖe le mɔ aɖeke nu o.—Mateo 4:2-4; 10:8.
Ðe Kakaɖedzi le Nyanyuiawo me Nuŋlɔɖiawo Ŋua?
Nyanyuigbalẽ eneawo mee wogblɔ Yesu ƒe nukunuwo ŋuti nyateƒenyawo na mí le. Ðe susu aɖewo li siwo ta míaka ɖe nuŋlɔɖi siawo dzi esime míele Yesu ƒe nukunuawo ƒe nu ŋutɔŋutɔnyenye me dzroma? Ẽ, woli.
Abe alesi míekpɔe va yi ene la, Yesu wɔ eƒe nukunuawo le gaglãgbe ame geɖewo kpɔ. Woŋlɔ Nyanyui gbãtɔawo le ɣeyiɣi si me amesiwo kpɔ nukunuawo teƒe dometɔ akpa gãtɔ nɔ agbe. Ku ɖe Nyanyuia ŋlɔlawo ƒe anukwareɖiɖi ŋu la, agbalẽ si nye The Miracles and the Resurrection (Nukunuawo kple Tsitretsitsi La) gblɔ be: “Be woatsɔ nya ɖe nyanyuia ŋlɔlawo ŋu be woɖoe tsyɔ nu nukunu siwo wobe wowɔ ŋuti nyateƒenya aɖewo dzi le blemaŋutinya gbogbo aɖewo dome kple susu be woatsɔ akaka mawusubɔsubɔe la anye nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ale gbegbe. . . . Woƒe taɖodzinue nye be yewoawɔ nuŋlɔɖi siwo nye nyateƒe.”
Yudatɔ siwo tsi tre ɖe Kristotɔnyenye ŋu meke ɖi ŋusẽdɔ siwo ŋu nya wogblɔ le Nyanyuiawo me la gbeɖe o. Afisi wokpɔ ŋusẽ tsoe tsɔ nɔ nukunuawo wɔmee ko ŋue wotsɔ nya ɖo. (Marko 3:22-26) Nenema kee ɖeklemiɖela siwo va emegbe hã mete ŋu ke ɖi Yesu ƒe nukunuwo dzidzedzetɔe o. To vovo na ema la, Yesu ƒe nukunuwo ŋuti nuŋlɔɖiwo le ƒe alafa gbãtɔ kple evelia M.Ŋ. me ŋutinyagbalẽwo me. Edze ƒã be susu siwo ta míaxɔ Nyanyuiawo me nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Yesu ƒe nukunuwo ŋu be wodzɔ ŋutɔŋutɔ la le mía si.
Amesi na Wòwɔ Nukunuawo
Yesu ƒe nukunuawo me dzodzro made edeƒe o ne ɖeko wonɔ te ɖe eŋuti numeɖeɖe siwo me susu le dzi lɔ̃ ɖe eƒe nu ŋutɔŋutɔ nyenye dzi ko. Esime Nyanyuiawo le Yesu ƒe ŋusẽdɔwo ŋutinya gblɔm la, woɖee fia be enye ame aɖe si dzi nu wɔa dɔ ɖo vevie si ƒe nublanuikpɔkpɔ ƒo ɖesiaɖe ta eye wòdia ehavi amegbetɔwo ƒe nyonyo vevie.
De ŋugble le anyidzela aɖe si va Yesu gbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be: “Ne èlɔ̃ ko, àte ŋu aklɔ ŋutinye” la ŋu kpɔ. Yesu ƒe “dɔme trɔ ɖe eŋuti” eye wòdo eƒe abɔ ɖa heka asi eŋu gblɔ nɛ bena: “Melɔ̃ ŋutiwò nakɔ!” Enumake ŋutsua haya. (Marko 1:40-42) Aleae Yesu ɖe veveseɖeamenu si ʋãe wòzã ŋusẽ si Mawu nae wòtsɔ wɔ nukunuwoe la fiae.
Nukae dzɔ esime Yesu do go amewo woyina ame kuku aɖe ɖi ge le Nain gbɔto? Tenuvie ɖekakpui si ku la nye na ahosi aɖe. Yesu ƒe ‘dɔme trɔ ɖe nyɔnua ŋuti,’ eye wòte ɖe eŋu gblɔ nɛ bena: “Megafa avi o!” Emegbe efɔ viaŋutsuvia ɖe tsitre.—Luka 7:11-15.
Nusɔsrɔ̃ si me akɔfafa le si le Yesu ƒe nukunuawo mee nye be eƒe ‘dɔmee trɔ ɖe amewo ŋu’ eye wòwɔ nuwo tsɔ na kpekpeɖeŋu woe. Ke hã, menye ŋutinya dzro aɖe koe nukunu mawo nye o. Hebritɔwo 13:8 gblɔ be: “Yesu Kristo nye eyama ke etsɔ kple egbe, yi ɖe mavɔmavɔ me.” Enye Fia le dzi ɖum le dziƒo fifia, eye wòle klalo be yeazã nukunuwɔwɔ ŋusẽ si Mawu na ye la le mɔ si keke ta nu wu nusiwo wòwɔ esime wònye amegbetɔ nɔ anyigba dzi. Eteƒe madidi o, Yesu azã nukunuwɔwɔ ŋusẽ siwo wonae la atsɔ ada gbe le ameƒomea me tɔ toɖolawo ŋu. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be woakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu geɖe tso etsɔme wɔnuku sia ŋuti.
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Yesu ƒe nukunuwo ɖe “Mawu ƒe gãnyenye” fia
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Nu wɔa dɔ ɖe Yesu dzi vevie