Yehowa Subɔla Kpɔdzidzɔwo
“Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo me.”—Mateo 5:3, Nw.
1. Nukae dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ nye, eye nukae wòɖena fiana?
DZIDZƆKPƆKPƆ nye nu xɔasi aɖe ŋutɔ na Yehowa ƒe amewo. Hakpala Dawid gblɔ be: “[Dzidzɔtɔwoe] dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye!” (Psalmo 144:15) Dzidzɔkpɔkpɔ enye ebubu be yeƒe dzi dze eme. Dzidzɔkpɔkpɔ detotɔ kekeake—si tso ememe—ye nye enyanya be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe mía ŋu. (Lododowo 10:22) Dzidzɔkpɔkpɔ ɖea ƒomedodo kplikplikpli si le mía kple míaƒe Dziƒofofoa dome kple enyanya be míele eƒe lɔlɔ̃nu wɔm la fiana. (Psalmo 112:1; 119:1, 2) Le nyateƒe me la, Yesu yɔ susu asieke siwo tae míate ŋu akpɔ dzidzɔ ɖo. Susu siwo ta dzi dzɔa mí la me dzodzro le nyati sia kple esi akplɔe ɖo me la akpe ɖe mía ŋu míanya alesi míate ŋu akpɔ dzidzɔe ne míesubɔ ‘Mawu dzidzɔtɔ,’ Yehowa, nuteƒewɔwɔtɔe.—Timoteo I, 1:11.
Ðetsɔtsɔ le Míaƒe Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Me
2. Nudzɔdzɔ ka mee Yesu ƒo nu tso dzidzɔkpɔkpɔ ŋu le, eye nya kawoe wòtsɔ dze egɔmee?
2 Le ƒe 31 M.Ŋ. me la, Yesu ƒo nuƒo siwo xɔ ŋkɔ wu ɖesiaɖe le ŋutinya me la dometɔ ɖeka. Woyɔnɛ be Todzimawunya, elabena to si te ɖe Galilea-ƒua ŋu dzie Yesu ƒoe le. Mateo ƒe Nyanyuia gblɔ be: “Ke esi [Yesu kpɔ] ameha geɖewo la, elia to la; eye esi wòbɔbɔ nɔ anyi la, eƒe nusrɔ̃lawo te va egbɔ, eye wòke nu, fia nu wo gblɔ bena: ‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiãwo me; elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.’” Ne woaɖe nya siwo Yesu tsɔ dze nuƒoa gɔmee la gɔme le nya la ŋutɔŋutɔ nu la, efia be: “Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo da ahe le gbɔgbɔ me la,” alo “Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo biana be woana gbɔgbɔa yewo.” (Mateo 5:1-3; Kingdom Interlinear; NW ƒe etenuŋɔŋlɔa) Today’s English Version xlẽ be: “Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo nyae be yewoda ahe le gbɔgbɔ me.”
3. Aleke ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme naa wokpɔa dzidzɔe?
3 Le Yesu ƒe todzimawunyaa me la, ede dzesii be dzi dzɔa ame ŋutɔŋutɔ ne enyae be yehiã na gbɔgbɔmenuwo. Kristotɔ ɖokuibɔbɔlawo nyae be yewonye nuvɔ̃mewo, woɖea kuku na Yehowa be wòatsɔ yewoƒe nuvɔ̃wo ake yewo to Kristo ƒe tafevɔsa dzi. (Yohanes I, 1:9) Esia wɔnɛ be woƒe dzi dzea eme eye wonɔa dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ me. “[Dzidzɔtɔe nye] amesi wotsɔ eƒe dzidadawo kee, amesi ƒe nuvɔ̃wo dzi wotsyɔ nui.”—Psalmo 32:1; 119:165.
4. (a) Mɔ kawo nue míate ŋu aɖee afia le be míetsɔa ɖe le mía ŋutɔwo kple ame bubuwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo me? (b) Nukae naa míekpɔa dzidzɔ ne míetsɔ ɖe le míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo me?
4 Ðetsɔtsɔ le míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo me ʋãa mí be míaxlẽ Biblia gbesiagbe, ale be míaɖe vi tso gbɔgbɔmenuɖuɖu si wole mía nam le “ɣeyiɣi nyui dzi” me. (Mateo 24:45; Psalmo 1:1, 2; 119:111; Hebritɔwo 10:25) Havilɔlɔ̃ wɔnɛ be míetsɔa ɖe le amewo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo me eye wòʋãa mí be míaɖe gbeƒã ahafia Fiaɖuƒeŋutinya nyuia kple dzonɔameme. (Marko 13:10; Romatɔwo 1:14-16) Biblia ƒe nyateƒewo medzodzro kple amewo nana dzi dzɔa mí. (Dɔwɔwɔwo 20:20, 35) Míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ dea to ɖe edzi ne míede ŋugblẽ tso Fiaɖuƒea kple yayra siwo Fiaɖuƒe ma ahe vɛ ŋu. Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔ sia anye makumakugbenɔnɔ le dziƒo na “alẽha sue” me tɔwo, eye woanye Kristo ƒe fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu ƒe akpa aɖe. (Luka 12:32; Korintotɔwo I, 15:50, 54) Ke anye agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi le Fiaɖuƒe ma ƒe dziɖuɖu te na ‘alẽ bubuawo.’—Yohanes 10:16; Psalmo 37:11; Mateo 25:34, 46.
Alesi Dzi Ate Ŋu Adzɔ Konyifalawoe
5. (a) Nukae nyagbɔgblɔ “amesiwo le konyi fam” la fia? (b) Aleke wofaa akɔ na konyifala siawoe?
5 Ðeko wòdze abe ɖe dzidzɔkpɔkpɔ si Yesu yɔ kplɔe ɖo me nyawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ene. Egblɔ be: ‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo le konyi fam la; elabena woawoe woafa akɔ na.’ (Mateo 5:4) Aleke ame aɖe ate ŋu anɔ konyi fam ahanɔ dzidzɔ hã kpɔmee? Be míase Yesu ƒe nya siawo gɔme la, ele be míase konyifafa si tɔgbe ŋu wòle nu ƒom tsoe la gɔme. Nusrɔ̃la Yakobo ɖe eme be ele be nuvɔ̃ ƒe nɔnɔme si me míele gɔ̃ hã nanye nusi tae míafa konyi ɖo. Eŋlɔ bena: “Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo! Midze si miaƒe nublanuitɔnyenye, eye mifa konyi, eye mifa avi; mina miaƒe nukoko natrɔ zu konyifafa eye miaƒe dzidzɔ natrɔ zu modedeto. Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le Aƒetɔ la ŋku me, eye wòakɔ mi ɖe dzi.” (Yakobo 4:8-10) Wofaa akɔ na amesiwo faa konyi le nyateƒe me ɖe woƒe nuvɔ̃menyenye la ta ne wonyae be woate ŋu atsɔ yewoƒe nuvɔ̃wo ake yewo ne yewoxɔ Kristo ƒe tafevɔsaa dzi se heɖe dzimetɔtrɔ vavãtɔ fia to Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me. (Yohanes 3:16; Korintotɔwo II, 7:9, 10) Esia wɔnɛ be ƒomedodo sẽŋu aɖe va nɔa woa kple Yehowa dome eye wokpɔa mɔ be yewoava nɔ agbe tegbee asubɔe ahakafui. Esia nana be wokpɔa dzidzɔ ememetɔ.—Romatɔwo 4:7, 8.
6. Susu ka tae ame aɖewo faa konyi ɖo, eye aleke wofaa akɔ na woe?
6 Yesu ƒe nyagbɔgblɔa lɔ amesiwo hã le konyi fam le nɔnɔme gblẽku siwo bɔ ɖe anyigba dzi ta ɖe eme. Yesu ƒo nu tso eɖokui ŋu le nyagblɔɖi si le Yesaya 61:1, 2 me bena: “Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wote ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, . . . ne mafa akɔ na konyifalawo katã.” Wode dɔ ma hã asi na Kristotɔ amesiamina siwo kpɔtɔ le anyigba dzi, eye woƒe zɔhɛ ‘alẽ bubuawo’ kpena ɖe wo ŋu le ewɔwɔ me. Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, wo katã wole gome kpɔm le dɔ si wotsɔ le dzesi dem ŋgonu na “amesiwo le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm le eme [Yerusalem si gbe xɔse, si tsi tre ɖi na Kristodukɔa] ŋuti” la me. (Xezekiel 9:4) Wotsɔa “fiaɖuƒeŋutinya nyui” la faa akɔ na konyifala siawo. (Mateo 24:14) Edoa dzidzɔ na wo be woanyae be Yehowa ƒe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la ava xɔ ɖe Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia teƒe kpuie.
Dzidzɔtɔwoe Nye Ame Fafawo
7. Nukae nyagbɔgblɔ ‘ame fafa’ mefia o?
7 Yesu yi eƒe Todzimawunya dzi kple nya siawo be: ‘Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome.’ (Mateo 5:5) Wobunɛ be ne ame aɖe nye ame fafa la, ke efia be ŋusẽ mele amea ŋu o. Gake menye nenemae nya la le o. Esi Biblia-nyala aɖe nɔ nya si gɔme woɖe be ‘dɔmefafa’ me ɖem la, eŋlɔ bena: “Nɔnɔme nyoameŋu, si ƒo ɖesiaɖe ta, si dzena le ame fafa ŋu enye be, eɖua eɖokui dzi bliboe. Be woanye ame fafa mefia dzimanɔameƒotɔnyenye, ameɖɔenyenye, ameɖokuilelé kpoo dzro ko o. Enye ameɖokuilelé si sɔ.” Yesu gblɔ le eɖokui ŋu be: “Nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me.” (Mateo 11:29) Ke hã, dzi nɔ Yesu ƒo wòtsɔ ʋli gɔmeɖose dzɔdzɔewo tae.—Mateo 21:12, 13; 23:13-33.
8. Nukae do ƒome kplikplikpli kple dɔmefafa, eye nukatae míehiã na nɔnɔme sia le míaƒe ƒomedodowo kple amewo me?
8 Ekema kadodo kplikplikpli aɖe le dɔmefafa kple ɖokuidziɖuɖu dome. Nyateƒee, apostolo Paulo yɔ dɔmefafa kple ɖokuidziɖuɖu de “gbɔgbɔa ƒe kutsetse” me. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe ame ŋu hafi wotua dɔmefafa ɖo. Enye Kristotɔwo ƒe nɔnɔme si nana wonɔa ŋutifafa me kple dzimaxɔsetɔwo kple hamea me tɔwo. Paulo ŋlɔ bena: “Mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu, eye mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ ke mia nɔewo.”—Kolosetɔwo 3:12, 13.
9. (a) Nukatae manye míaƒe nuwɔwɔ kple amewo me koe míaɖe dɔmefafa afia le o? (b) Aleke ame fafawo “anyi anyigba la ƒe domee”?
9 Gake menye míaƒe nuwɔwɔ kple ame bubuwo me koe wòhiã be míaɖe dɔmefafa afia le o. Ne míelɔ̃ faa bɔbɔ mía ɖokui ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye te la, ke míele eɖem fia be míenye ame fafawo. Esia ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ kekeakee nye Yesu Kristo, amesi ɖe dɔmefafa fia eye wòbɔbɔ eɖokui bliboe be yeawɔ ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu. (Yohanes 5:19, 30) Yesue nye ame gbãtɔ kekeake si dze be wòanyi anyigba la dome, elabena eyae nye Dziɖula si woɖo be wòaɖu edzi. (Psalmo 2:6-8; Daniel 7:13, 14) Ama domenyinu sia kple “hadomenyilawo” 144,000 siwo wotia “tso amewo dome” be “woaɖu fia [ɖe] anyigba la dzi.” (Romatɔwo 8:17; Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1, 3, 4; Daniel 7:27) Kristo kple eƒe hatidziɖulawo aɖu ŋutsu kple nyɔnu miliɔn geɖe, siwo ƒe nɔnɔmewo ɖi alẽ tɔ, amesiwo dzi nyagblɔɖi siwo wotsɔ kpa hae me nyawo ava eme ɖo be: “Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:11; Mateo 25:33, 34, 46.
Dzidzɔtɔwoe Nye Amesiwo Dzɔdzɔenyenye ƒe Dɔ le Wo Wum La
10. Mɔ siwo nu ‘amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum’ ate ŋu aɖi ƒo le la dometɔ ɖeka ɖe?
10 Dzidzɔkpɔkpɔ si Yesu yɔ kplɔe ɖo esime wònɔ nuƒoa ƒom le Galilea-toa dzie nye: ‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wo wum la; elabena woawoe aɖi ƒo.’ (Mateo 5:6) Le Kristotɔwo gome la, Yehowa ɖo dzɔdzɔenyenye ƒe gɔmeɖose ɖi na wo. Le esia ta, ne woagblɔe tututu la, Mawu ƒe mɔfiame ƒe dɔ kple tsikɔ ye le amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum la wum. Amesiawo nya woƒe nuvɔ̃menyenye kple blibomademadea nyuie eye wodina vevie be tenɔnɔ nyui nanɔ yewo si le Yehowa gbɔ. Aleke gbegbee dzi dzɔa woe nye si ne wode dzesii le Mawu ƒe Nya me bena ne yewotrɔ dzime henɔ te ɖe Kristo ƒe tafevɔsaa dzi bia tsɔtsɔke la, tenɔnɔ dzadzɛ ate ŋu asu yewo si le Mawu gbɔ!—Dɔwɔwɔwo 2:38; 10:43; 13:38, 39; Romatɔwo 5:19.
11, 12. (a) Aleke dzɔdzɔenyenye asu Kristotɔ amesiaminawo sii? (b) Aleke woɖi dzɔdzɔenyenye ƒe tsikɔ si le amesiaminawo ƒe zɔhɛwo wum la ƒe kɔ na woe?
11 Yesu gblɔ be dzi adzɔ amesiawo, elabena ‘woaɖi ƒo.’ (Mateo 5:6) Wotso ‘agbe ƒe afia’ na Kristotɔ amesiaminawo be “woaɖu fia” kple Kristo le dziƒo. (Romatɔwo 5:1, 9, 16-18) Yehowa xɔ wo wonye eƒe gbɔgbɔmeviwo. Wova zu Kristo ƒe hatidziɖulawo, woyɔ wo be woava zu fiawo kple nunɔlawo le eƒe Dziƒofiaɖuƒe ƒe dziɖuɖua me.—Yohanes 3:3; Petro I, 2:9.
12 Womebu amesiaminawo ƒe kpeɖeŋutɔwo be wodze keŋkeŋ hena agbekpɔkpɔ haɖe o. Gake esi wònye woxɔ Yesu ƒe ʋu si wòna ɖe wo ta dzi se ta la, Yehowa bu wo be wole dzɔdzɔe vaseɖe afi aɖe. (Yakobo 2:22-25; Nyaɖeɖefia 7:9, 10) Wobu wo be wonye Yehowa ƒe xɔlɔ̃ siwo dze na xɔxɔ le “xaxa gã la me.” (Nyaɖeɖefia 7:14) Woaɖi dzɔdzɔenyenye ƒe tsikɔ si le wo wum la ƒe kɔ na wo le mɔ si deŋgɔ wu nu le “dziƒo yeye” la ƒe dziɖuɣia me, esime woava zu anyigba yeye si me “dzɔdzɔenyenye anɔ la” ƒe akpa aɖe.—Petro II, 3:13; Psalmo 37:29.
Dzidzɔtɔwoe Nye Nublanuikpɔlawo
13, 14. Mɔ siwo sɔ kawo nue míate ŋu aɖee fia le be míekpɔa nublanui na ame, eye viɖe kae míakpɔ tso eme?
13 Yesu yi eƒe Todzimawunya dzi kple nya siawo be: ‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo le nublanui kpɔm na amewo.’ (Mateo 5:7) Wosea nublanuikpɔkpɔ gɔme le ʋɔnudrɔ̃nyawo me be enye alesi ʋɔnudrɔ̃la aɖe aɖe amenuveve afia to alesi mahe to siwo katã sea bia be woahe na agɔdzela la nɛ o me. Gake abe alesi Biblia ɖee fia ene la, zi geɖe la, wozãa nyagbe gbãtɔ si gɔme woɖe be “nublanuikpɔkpɔ” na nya si ɖea dɔmenyonyo alo dɔmetɔtrɔ si ɖea vi na amesiwo dzi nuwo mede o la fiana. Eyata nublanuikpɔlawo ɖenɛ fiana be yewoƒe dɔme trɔna ɖe amewo ŋu vevie. Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃la ŋu nye ame aɖe si “kpɔ nublanui” na ame aɖe si hiã tu la ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe.—Luka 10:29-37.
14 Be dzidzɔkpɔkpɔ si le nublanuikpɔkpɔ na ame me nasu mía si la, ele be míawɔ dɔmenyo na amesiwo hiã tu. (Galatiatɔwo 6:10) Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe amesiwo wòkpɔ la ŋu. “Eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti, elabena wole abe alẽ, siwo nu kplɔla mele o ene, eye wòde asi nu geɖe fiafia me wo.” (Marko 6:34) Yesu kpɔe dze sii be ameƒomea ƒe nuhiahiã vevitɔe nye gbɔgbɔmenuwo. Míawo hã míate ŋu aɖee afia be míaƒe dɔme trɔna ɖe amewo ŋu eye woƒe nu wɔa nublanui na mí to nusiwo wohiã vevie wu—fiaɖuƒeŋutinya nyui—gbɔgblɔ na wo me. (Mateo 24:14) Míate ŋu ana kpekpeɖeŋu si sɔ la hati Kristotɔ tsitsiwo, ahosiwo, kple tsyɔ̃eviwo eye “[míafa] akɔ na dzikatsoƒoetɔwo.” (Tesalonikatɔwo I, 5:14; Lododowo 12:25; Yakobo 1:27) Menye ɖeko esia ana dzi nadzɔ mí ko o ke boŋ ana hã be Yehowa nakpɔ nublanui na mí.—Dɔwɔwɔwo 20:35; Yakobo 2:13.
Amesiwo Dza le Woƒe Dzi Me Kple Ŋutifafamewo
15. Aleke míate ŋu anye dzimedzadzɛtɔwo kple ŋutifafamewoe?
15 Yesu yɔ dzidzɔkpɔkpɔ adelia kple adrelia ale: ‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo dza le woƒe dzi me la; elabena woawoe akpɔ Mawu. Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo léa avu la; elabena woayɔ wo be mawuviwo.’ (Mateo 5:8, 9) Dzi dzadzɛ enye esi ŋuti kɔ le agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔmedɔwɔnawo me eye wòtsɔa tameɖoɖo kplikpaa subɔa Mawu. (Kronika I, 28:9; Psalmo 86:11) Helagbe me nya si gɔme woɖe be “ŋutifafamewo” fia le nyaa ŋutɔŋutɔ nu be woanye “avulélawo.” Ŋutifafamewo wɔa nu ŋutifafatɔe kple wo nɔvi Kristotɔwo eye ‘ne ate ŋu anye, nusi ke atso wo gome la, wonɔa anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.’ (Romatɔwo 12:17-21) ‘Wodia ŋutifafa, eye wotia eyome.’—Petro I, 3:11.
16, 17. (a) Nukatae woyɔa amesiaminawo be ‘Mawuviwo,’ eye aleke ‘wokpɔa Mawui’? (b) Aleke ‘alẽ bubuawo’ ‘kpɔa Mawui’? (d) Aleke ‘alẽ bubuawo’ ava zu ‘Mawuviwo’ bliboe, eye ɣekaɣie?
16 Wodo ŋugbe na ŋutifafame siwo dza le dzime la bena, “woayɔ wo be [Mawuviwo]” eye be “woawoe akpɔ Mawu.” Wotsɔ gbɔgbɔ dzi Kristotɔ amesiaminawo eye Yehowa xɔ wo be wonye ye ‘viwo’ esime wogale anyigba dzi. (Romatɔwo 8:14-17) Ne wofɔ wo be woava nɔ Kristo gbɔ le dziƒo la, wosubɔna le Yehowa ŋkume eye wokpɔa Yehowa ŋkume kple ŋkume.—Yohanes I, 3:1, 2; Nyaɖeɖefia 4:9-11.
17 ‘Alẽ bubuawo’ metɔ siwo nye ŋutifafamewo la subɔna Yehowa le Alẽkplɔla Nyui, Kristo Yesu, ƒe kpɔkplɔ te, eye wòva zua ‘Fofo Mavɔ’ na wo. (Yohanes 10:14, 16; Yesaya 9:5) Yehowa axɔ amesiwo te ŋu to dodokpɔ mamlɛa me le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua megbe la be woanye yeƒe anyigba dzi viwo eye woayi ɖe “mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.” (Romatɔwo 8:21; Nyaɖeɖefia 20:7, 9) Esi wole mɔ kpɔm na ɣeyiɣi sia la, wobua Yehowa be enye yewo Fofo le esi woɖe adzɔgbe nɛ ta, wobunɛ be eyae nye Agbenala. (Yesaya 64: 7) Abe Hiob kple Mose siwo nɔ agbe le blema ene la, wote ŋu ‘kpɔa Mawu’ kple woƒe xɔseŋkuwo. (Hiob 42:5; Hebritɔwo 11:27) Wotsɔa ‘woƒe dzimeŋkuwo’ kple Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ kpɔa Yehowa ƒe nɔnɔme wɔnukuwo eye wodzea agbagba be yewoasrɔ̃e to eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me.—Efesotɔwo 1:18; Romatɔwo 1:19, 20; Yohanes III, 11.
18. Le ɖekawɔwɔ me kple dzidzɔkpɔkpɔ adre gbãtɔ siwo Yesu yɔ la, amekawoe kpɔa dzidzɔ vavãtɔ egbea?
18 Míeva kpɔe be amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo me, amesiwo faa konyi, ame fafawo, amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum, nublanuikpɔlawo, dzidzadzɛtɔwo, kple ŋutifafamewo kpɔa dzidzɔ vavãtɔ le Yehowa subɔsubɔ me. Ke hã, wotsia tre ɖe amesiawo ŋu, eye wotiaa wo yome gɔ̃ hã. Ðe esia gblẽa woƒe dzidzɔkpɔkpɔa mea? Woaɖo nyabiase sia ŋu le nyati si kplɔe ɖo me.
Numetoto
• Dzidzɔ ka kpɔmee amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔmenuhiahiã me le?
• Mɔ kawo nue wole akɔ fam na amesiwo le konyi fam la le?
• Aleke míeɖea dɔmefafa fianae?
• Nukatae wòle be míakpɔ nublanui, míana míaƒe dzi me nakɔ, ahanye ŋutifafamewo?
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔme nuhiahiã me’
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
‘Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wo wum la’
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
‘Dzidzɔtɔwoe nye nublanuikpɔlawo’