Aƒedzikpɔla Nuteƒewɔla La Kple Eƒe Dziɖuha La
‘Ame ka tututue nye aƒedzikpɔla nuteƒewɔla, si dze aɖaŋu, si eƒe aƒetɔ aɖo eƒe subɔviwo ƒe ha la nu, be wòanɔ nuɖuɖu si asu na wo la nam wo ɣesiaɣi le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi?’—LUKA 12:42.
1, 2. Nya vevi kae Yesu bia esime wònɔ ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesi ƒokplia nam?
ESIME Yesu nɔ ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesi ƒokplia nam la, ebia nya sia be: ‘Ame ka tututue nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela, si eƒe aƒetɔ ɖo eƒe aƒemesubɔviwo nu, be wòana woƒe nuɖuɖu wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi?’ Yesu yi edzi gblɔ be woaɖo eteƒe na kluvi ma ɖe eƒe nuteƒewɔwɔ ta to etsɔtsɔ aɖo Aƒetɔ la ƒe nuwo katã nu me.—Mat. 24:45-47.
2 Yesu bia nya ma tɔgbi ɣleti geɖe do ŋgɔ. (Mixlẽ Luka 12:42-44.) Eyɔ kluvi la be “aƒedzikpɔla,” eye wòyɔ “aƒemesubɔviwo” be “subɔviwo ƒe ha.” Aƒedzikpɔla nye aƒenunɔla si wotsɔ ɖo subɔviwo nu. Ke hã, subɔvie aƒedzikpɔla la hã nyena. Ame kae nye kluvi, alo aƒedzikpɔla sia, eye aleke wònaa ‘nuɖuɖu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi’? Ele vevie ŋutɔ be mí katã míade dzesi mɔ si dzi wotona naa gbɔgbɔmenuɖuɖu mí.
3. (a) Aleke Kristodukɔa ƒe numeɖelawo ɖea nya si Yesu gblɔ ku ɖe “kluvi” la ŋu la me? (b) Ame kae nye “aƒedzikpɔla” alo “kluvi” la, eye ame kawoe nye “subɔviwo” alo “aƒemesubɔviwo”?
3 Zi geɖe la, Kristodukɔa ƒe numeɖelawo bunɛ be ame siwo le agbanɔamedzinɔƒewo le yeaɖi Kristotɔwo dome la ŋue Yesu ƒe nya siawo ku ɖo. Gake Yesu, ame si nye “aƒetɔ” si ŋu woƒo nu tsoe le kpɔɖeŋua me la, megblɔ be woanye kluvi gbogbo aɖewo akaka ɖe Kristodukɔa ƒe kɔmama vovovoawo me o. Ke boŋ egblɔe eme kɔ ƒãa be “aƒedzikpɔla,” alo “kluvi” ɖeka koe yeatsɔ aɖo yeƒe nuwo katã nu. Eya ta abe ale si magazine sia ɖea eme zi geɖe ene la, ele be aƒedzikpɔlaa natsi tsitre ɖi na nusrɔ̃la amesiaminawo ƒe “alẽha sue” la abe ƒuƒoƒo ene. Le Luka ƒe Nya Nyui Gbalẽa me la, ɖeko Yesu ƒo nu tso ame siawo ŋu vɔ tetie nye ema. (Luka 12:32) “Subɔviwo ƒe ha” alo “aƒemesubɔviwo” tsi tsitre ɖi na ƒuƒoƒo ma ke, gake le afi sia la, wohe susu yi wo dzi abe ame ɖekaɖekawo ene. Nyabiase vevi aɖe fɔ ɖe te, Ðe kluvi ƒe ha sia me tɔ ɖe sia ɖe wɔa akpa aɖe le gbɔgbɔmenuɖuɖunana le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi mea? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo me akɔ na mí kɔtɛ ne míelé ŋku ɖe nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ la ŋu nyuie.
Yehowa Ƒe Dɔla Si Nɔ Anyi Le Blema
4. Aleke Yehowa yɔ blema Israel, eye nu kae wòle vevie be míade dzesi le dukɔ ma ŋu?
4 Yehowa ƒo nu tso eƒe amewo, siwo nye blema Israel viwo, ŋu abe dɔla ɖeka ene. Egblɔ be: “Miawoe [abe ame geɖe ene] nye nye ɖasefowo kple nye dɔla [abe ame ɖeka ene], si metia.” (Yes. 43:10) Dukɔ ma me tɔwo katã nɔ dɔla ƒe ha ɖeka ma me. Ke hã, ele vevie be míade dzesii be nunɔlawo kple Lewitɔ siwo menye nunɔlawo o koe wode dɔ asi na be woafia nu dukɔa.—2 Kron. 35:3; Mal. 2:7.
5. Le Yesu ƒe nya nu la, tɔtrɔ gã kae wòle be wòava?
5 Israel dukɔ lae nye kluvi si ŋu Yesu ƒo nu tsoea? Ao. Míenya esia le nya si Yesu gblɔ na Yudatɔ siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la ta. Egblɔ na wo be: “Woaxɔ Mawu fiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ si tsea eƒe ku la.” (Mat. 21:43) Edze ƒãa be ele be tɔtrɔ aɖe nava. Yehowa azã dukɔ yeye aɖe. Ke hã, le gbɔgbɔmenufiamenana gome la, dɔ siwo Mawu ƒe “dɔla” si nɔ anyi le blema Israel wɔ la tɔgbi kee kluvi si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe kpɔɖeŋua me la wɔna.
Kluvi Nuteƒewɔla La Do
6. Dukɔ yeye kae woɖo anyi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi, eye ame kawoe va zu emetɔwo?
6 Dukɔ yeye, si nye “Mawu ƒe Israel la,” me tɔwo nye gbɔgbɔ me Israel viwo. (Gal. 6:16; Rom. 2:28, 29; 9:6) Woɖo dukɔ sia anyi esime wokɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ ɖe nusrɔ̃lawo dzi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi. Le ema megbe la, Kristotɔ siwo katã wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la va zu dukɔ si nye kluvi ƒe ha la egbea, si Aƒetɔ, Yesu Kristo, ɖo la me tɔwo. Wode dɔ asi na dukɔ ma me tɔ ɖe sia ɖe be wòaɖe gbeƒã nya nyuia ahawɔ nusrɔ̃lawo. (Mat. 28:19, 20) Gake ɖe wòfia be ƒuƒoƒo ma me tɔ ɖe sia ɖee wònɔ na be wòakpɔ gome le gbɔgbɔmenuɖuɖunana le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi mea? Mina míakpɔ ale si Ŋɔŋlɔawo ɖo nyabiase sia ŋui ɖa.
7. Le gɔmedzedzea me la, dɔ ka koŋ ye apostolowo wɔna, eye aleke wova keke dɔ ma ɖe enu emegbee?
7 Esime Yesu tia eƒe apostolo 12-awo la, dɔ si koŋ wòde asi na woe nye be woayi aɖaɖe gbeƒã nya nyuia na amewo. (Mixlẽ Marko 3:13-15.) Dɔdeasi sia wɔ ɖeka kple gɔmesese vevi si le Helagbe me nya apostolos, si woɖe tso dɔwɔnya aɖe si fia ko be “dɔ ɖo ɖa” me la ŋu. Ke hã, esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim eye wòsusɔ vie woaɖo Kristo hamea anyi la, apostolowo ƒe dɔa va lɔ “dzikpɔkpɔdɔ” ɖe eme.—Dɔw. 1:20-26.
8, 9. (a) Nu ka koŋ ŋue apostolo 12-awo tsi dzi ɖo? (b) Ame bubu kawo sie wode agbanɔamedzi kpekpewo eye dziɖuha la da asi ɖe edzi?
8 Nu ka koŋ ŋue apostolo 12-awo tsi dzi ɖo? Míate ŋu akpɔ nya sia ƒe ŋuɖoɖo ne míelé ŋku ɖe nu siwo dzɔ le Pentekosteŋkekea megbe la ŋu. Esi nyahehe aɖe va ɖo nusrɔ̃lawo dome ku ɖe gbe sia gbe nuɖuɖu mama na ahosiwo ŋu la, apostolo 12-awo ƒo nusrɔ̃lawo nu ƒu hegblɔ na wo be: “Mele dzi dzɔm na mí be, míagblẽ Mawu ƒe nya la ɖi anɔ nuɖuɖu mam le kplɔ̃ ŋu o.” (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 6:1-6.) Eya ta apostoloawo tia nɔviŋutsu bubu aɖewo siwo ɖo gbɔgbɔmenudidiwo gbɔ la be woakpɔ “dɔ vevi sia” gbɔ, ale be apostoloawo ŋutɔ nalé fɔ ɖe “nya la ƒe subɔsubɔdɔ la ŋu.” Ðoɖo sia wɔe be Yehowa yra wo ale be “Mawu ƒe nya la yi edzi nɔ ta kekem, eye nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme yi edzi nɔ dzidzim ɖe edzi ŋutɔ le Yerusalem.” (Dɔw. 6:7) Eya ta apostoloawo koŋ dzie gbɔgbɔmenuɖuɖunana ƒe agba la nɔ.—Dɔw. 2:42.
9 Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, wova tsɔ agbanɔamedzi kpekpewo de ame bubuwo si. Le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia te la, Antioxia hamea ɖo Paulo kple Barnaba be woayi aɖawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ le du bubuwo me. Wova yɔ wo emegbe be apostolowo togbɔ be womenɔ apostolo 12 gbãtɔawo dome o hã. (Dɔw. 13:1-3; 14:14; Gal. 1:19) Dziɖuha si nɔ Yerusalem la da asi ɖe wo ɖoɖo dzi. (Gal. 2:7-10) Le ema megbe kpuie la, Paulo wɔ akpa aɖe le gbɔgbɔmenuɖuɖunana amewo me. Eŋlɔ eƒe lɛta gbãtɔ si tso gbɔgbɔ me.
10. Le ƒe alafa gbãtɔa me la, Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la katãe kpɔ gome le gbɔgbɔmenuɖuɖunana mea? Ðe eme.
10 Ke hã, ɖe Kristotɔ siwo katã wotsɔ gbɔgbɔ si ami na ɣemaɣi la kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa dzi kpɔkpɔ kple gbɔgbɔmenuɖuɖunanadɔa mea? Ao. Apostolo Paulo gblɔ na mí be: “Menye wo katãe nye apostolowo o ɖe? Menye wo katãe nye nyagblɔɖilawo o ɖe? Menye wo katãe nye nufialawo o ɖe? Menye wo katãe wɔa ŋusẽdɔwo o ɖe?” (1 Kor. 12:29) Togbɔ be Kristotɔ siwo katã wotsɔ gbɔgbɔ dzi la kpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me hã la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo—ŋutsu vovovo enyi—koe gbɔgbɔ ʋã woŋlɔ Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽ 27-awo.
Ame Si Kluvi Nuteƒewɔla La Nye Egbea
11. ‘Nu’ kawo nue wotsɔ kluvi la ɖo?
11 Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Mateo 24:45 la ɖee fia kɔtɛ be kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha aɖe akpɔtɔ anɔ anyi le nuwuɣia me. Nyaɖeɖefia 12:17 ɖɔ ame siawo be wonye nyɔnu la ƒe dzidzime la “ƒe ame susɔeawo.” Abe ƒuƒoƒo ene la, wotsɔ Kristo ƒe nu siwo le anyigba dzi la katã de ame susɔe siawo ƒe dzikpɔkpɔ te. ‘Nu’ siwo nu wotsɔ aƒedzikpɔla nuteƒewɔla la ɖo lae nye Aƒetɔ la ƒe nu siwo katã le anyigba dzi, siwo dome eƒe Fiaɖuƒea tevi siwo le anyigba dzi, dɔwɔƒewo kple takpeƒe siwo Kristo yomedzelawo zãna le woƒe Kristotɔwo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me hã le.
12, 13. Aleke Kristotɔ awɔ anya nenye be exɔ dziƒoyɔyɔ?
12 Aleke Kristotɔ awɔ anya nenye be dziƒo ƒe mɔkpɔkpɔe le esi, eye wòle gbɔgbɔ me Israel viwo ƒe ame susɔe siawo dome? Ŋuɖoɖoa dze le nya si apostolo Paulo gblɔ na ame siwo si dziƒo ƒe mɔkpɔkpɔ le abe eya ke ene la me, esime wògblɔ be: “Ame siwo katã Mawu ƒe gbɔgbɔ kplɔna la, ame siawoe nye Mawu ƒe viwo. Elabena menye kluvinyenye ƒe gbɔgbɔ, si ana miaganɔ vɔvɔ̃m, ye miexɔ o, ke boŋ viwo zuzu ƒe gbɔgbɔ ye miexɔ, gbɔgbɔ si ʋãa mí míedoa ɣli be: ‘Abba, Fofo!’ Gbɔgbɔ la ŋutɔ ɖia ɖase kpena ɖe míaƒe gbɔgbɔ ŋu be Mawu ƒe viwo míenye. Ke ne viwoe míenye la, ekema domenyilawo hãe míenye: ɛ̃, Mawu ƒe domenyilawo, gake Kristo ƒe hati domenyilawo, ne míekpe fu kplii, bene woado mí ɖe dzi hã kplii.”—Rom. 8:14-17.
13 Ne míagblɔe kpuie la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe lae wotsɔ sia ami na ame siawo, eye woxɔa “dziƒoyɔyɔ” alo amekpekpe. (Heb. 3:1) Amekpekpe sia tso Mawu gbɔ. Eya ta ame siawo lɔ̃na ɖe amekpekpe be woazu Mawu ƒe viwo la dzi enumake faa ɖikeke alo vɔvɔ̃ manɔmee. (Mixlẽ 1 Yohanes 2:20, 21.) Eya ta menye woawo ŋutɔwoe tiaa mɔkpɔkpɔ sia na wo ɖokuiwo o, Yehowae trea wo nu, alo naa gbɔgbɔ kɔkɔea vaa wo dzi.—2 Kor. 1:21, 22; 1 Pet. 1:3, 4.
Nukpɔsusu Nyuitɔ
14. Nukpɔsusu kae nɔa amesiaminawo si ɖe woƒe yɔyɔa ŋu?
14 Aleke wòle be amesiamina siawo nabu wo ɖokuiwo, esi wole woƒe dziƒofetua lalam? Wonyae be togbɔ be yewoxɔ amekpekpe tɔxɛ aɖe hã la, amekpekpe ko wònye. Ele be woawɔ nuteƒe va se ɖe ku me hafi woƒe asi nasu fetu sia dzi. Wogblɔna ɖokuibɔbɔtɔe abe Paulo ene be: “Nɔviwo, nyemebua ɖokuinye be nye asi su edzi haɖe o; gake nu ɖeka aɖe le eŋu: Mele nu siwo le megbenye la ŋlɔm be, eye mele nu siwo le ŋgɔnye la minyam, mele du la dzi ɖo ta taɖodzinu la gbɔ, hena Mawu ƒe ameyɔyɔ yi dziƒo ƒe fetu la to Kristo Yesu dzi.” (Fp. 3:13, 14) Ele be amesiamina susɔeawo nawɔ nu sia nu si woate ŋui be ‘woazɔ ale si dze yɔyɔ si wotsɔ yɔ wo la, le tamebɔbɔɖeanyi kple tufafa blibo me,’ ahatsɔ “vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya” awɔ esiae.—Ef. 4:1, 2; Fp. 2:12; 1 Tes. 2:12.
15. Nukpɔsusu kae wòle be wòanɔ Kristotɔwo si ku ɖe ame siwo ɖua kpɔɖeŋunuawo le Ŋkuɖodziwɔnaa me la ŋu, eye aleke amesiaminawo bua wo ɖokuiwoe?
15 Le go bubu me la, nukpɔsusu kae wòle be wòanɔ Kristotɔ bubuwo si ɖe nɔvi aɖe si gblɔ be wotsɔ gbɔgbɔ si ami na ye, eye wòte kpɔɖeŋunuawo ɖuɖu le Ŋkuɖodziwɔnaa me la ŋu? Mele be ame aɖeke nadrɔ̃ ʋɔnui o. Woa kple Yehowa dome nyae. (Rom. 14:12) Ke hã, Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na vavã la mebiana be woade bubu tɔxɛ yewo ŋu o. Womebunɛ be esi wotsɔ gbɔgbɔ si ami na yewo ta la, nugɔmesese tɔxɛ aɖewo le yewo si siwo de to wu esiwo anɔ “ameha gã” la me tɔ kpɔnuteƒe aɖewo gɔ̃ hã si o. (Nyaɖ. 7:9) Womebunɛ be yewoxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea geɖe wu yewoƒe zɔhɛ siwo nye ‘alẽ bubuawo’ me tɔwo kokoko o. (Yoh. 10:16) Womekpɔa mɔ be woawɔ nu ɖe yewo ŋu etɔxɛe, alo be esi yewoɖua kpɔɖeŋunuawo ta la, yewokɔ wu hamemetsitsi siwo woɖo le hamea me la o.
16-18. (a) Amesiaminawo katãe kpɔa gome le gbɔgbɔmenyateƒe yeyewo ɖeɖe ɖe go mea? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu. (b) Nu ka tae mehiã be Dziɖuha la nabia ame siwo katã gblɔna be amesiaminawoe yewonye la ƒe nukpɔsusuwo o?
16 Ðe kadodo aɖe le amesiamina siwo katã le anyigba dzi la dome le mɔ aɖe nu, si wɔnɛ be wo katã wokpɔa gome le gbɔgbɔmenyateƒe yeyewo ɖeɖe ɖe go mea? Ao. Togbɔ be kluvi ƒe ha la abe ƒuƒoƒo ene ƒe dɔe wònye be wòana nuɖuɖu Mawu ƒe aƒemetɔwo hã la, menye agbanɔamedzi alo dɔdeasi ɖekae le kluvi ƒe ha la me tɔ ɖe sia ɖe si o. (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 12:14-18.) Abe ale si míekpɔe va yi ene la, amesiaminawo katã kpɔ gome le dɔ vevi si nye gbeƒãɖeɖedɔa me le ƒe alafa gbãtɔa me. Gake ame ʋɛ aɖewo koe wozã le Biblia ƒe agbalẽwo ŋɔŋlɔ kple Kristo hamea dzi kpɔkpɔ me.
17 Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Ŋɔŋlɔawo gblɔna ɣeaɖewoɣi be “hamea” ɖe afɔ aɖe le ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ kpɔkpɔ me. (Mat. 18:17) Gake le nyateƒe me la, hamemetsitsiwo koe ɖea afɔ sia abe hamea ƒe teƒenɔlawo ene. Hamemetsitsiwo meyia hamea me tɔwo katã gbɔ hebiaa woƒe nukpɔsusu vovovowo hafi tsoa nya me o. Le teokrasi ƒe ɖoɖo nu la, wowɔa dɔ si wode wo si; wotsoa nya me le hame bliboa ƒe ŋkɔ me.
18 Nenema kee egbea la, ŋutsu amesiamina ʋɛ aɖewo ko sie agbanɔamedzi le be woanɔ kluvi ƒe ha la teƒe. Woawoe nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la. Ŋutsu siawo siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la kpɔa Fiaɖuƒedɔa kple gbɔgbɔmenuɖuɖunana ƒe ɖoɖoa dzi. Abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, Dziɖuha la mebiaa kluvi ƒe ha la me tɔ ɖe sia ɖe ƒe nukpɔsusu hafi wɔa nyametsotsowo o. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 16:4, 5.) Ke hã, Ðasefo amesiaminawo katã ƒoa wo ɖokuiwo ɖe nuŋeŋedɔ vevi si le edzi yim fifia la me vevie. Abe ƒuƒoƒo ene la, ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ la nye ŋutilã ɖeka, gake abe ame ɖekaɖekawo ene la, dɔdeasi vovovowoe le wo si.—1 Kor. 12:19-26.
19, 20. Nukpɔsusu si da sɔ kae le ameha gã la me tɔwo si ku ɖe ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ la kple eƒe Dziɖuha la ŋu?
19 Ŋusẽ kae wòle be nyateƒenya siwo me míedzro fifia nakpɔ ɖe ameha gã la me tɔ siwo ƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi la dzi? Abe Fia la ƒe nuwo ƒe akpa aɖe ene la, enyea dzidzɔ na wo be yewoakpe asi ɖe ɖoɖo si Dziɖuha, si le ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ teƒe, wɔna la ŋu bliboe. Ameha gã la me tɔwo kpɔa ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo wonaa mí le Dziɖuha la ƒe mɔfiafia te la ŋu. Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, togbɔ be ameha gã la me tɔwo dea bubu kluvi ƒe ha la ŋu abe ƒuƒoƒo ene hã la, woɖɔa ŋu ɖo be yewoagado ame aɖe si gblɔ be yenye kluvi ƒe ha la me tɔ la ɖe dzi o. Kristotɔ si wotsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ si ami na vavã aɖeke madi alo akpɔ mɔ be woade bubu ma ye ŋu o.—Dɔw. 10:25, 26; 14:14, 15.
20 Míeɖanye “aƒemesubɔviwo,” siwo nye amesiamina susɔeawo dometɔwo loo, alo míenye ameha gã la me tɔwo o, mina wòanye míaƒe tameɖoɖo kplikpa be míawɔ nu aduadu kple aƒedzikpɔla nuteƒewɔla la kple eƒe Dziɖuha la bliboe. Neva eme be mía dometɔ ɖe sia ɖe nayi edzi ‘anɔ ŋudzɔ’ ahayi edzi anye nuteƒewɔla va se ɖe nuwuwu.—Mat. 24:13, 42.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
• Ame kae nye ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ la, eye ame kawoe nye aƒemesubɔviawo?
• Aleke ame wɔna nyana be yexɔ dziƒoyɔyɔ?
• Ame ka koŋ ƒe agbanɔamedzie wònye be wòana gbɔgbɔmenuɖuɖu yeyewo?
• Nukpɔsusu kae wòle be wòanɔ ame si nye amesiamina la si ku ɖe eɖokui ŋu?
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Egbea la, Dziɖuha la nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la ƒe teƒenɔla. Ðoɖo ma tɔgbi nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me