“Ame Dzɔdzɔewo Aklẽ Nyuie Abe Ɣe Ene”
“Ɣemaɣi la, ame dzɔdzɔewo aklẽ nyuie abe ɣe ene le wo Fofo ƒe fiaɖuƒe la me.”—MAT. 13:43.
1. Fiaɖuƒea ƒe akpa vovovo kawo mee Yesu zã kpɔɖeŋuwo tsɔ ɖe?
YESU KRISTO zã kpɔɖeŋu alo lododo geɖewo tsɔ ɖe Fiaɖuƒea ƒe akpa vovovowo me. Eƒo nu “na amehaawo to kpɔɖeŋuwo me. Le nyateƒe me la, meƒoa nu na wo ne menye to kpɔɖeŋu me o.” (Mat. 13:34) Le kpɔɖeŋu siwo ku ɖe Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea ƒe nukuwo wuwu me la, Yesu te gbe ɖe akpa si ame ƒe dzi ƒe nɔnɔme wɔna le gbedeasia xɔxɔ me kpakple akpa si Yehowa wɔna le amewo ƒe tsitsi le gbɔgbɔ me gome la dzi. (Mar. 4:3-9, 26-29) Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe hã ku ɖe ale si Fiaɖuƒea ƒe nuwo le dzidzim ɖe edzi le anyigba dzi la ŋu, togbɔ be menye ɣesiaɣie woate ŋu ade dzesi dzidziɖedzi sia le gɔmedzedzea me o gɔ̃ hã. (Mat. 13:31-33) Gakpe ɖe eŋu la, ena wòdze ƒãa be menye ame siwo katã ɖo to Fiaɖuƒegbedeasia ye adze anye Fiaɖuƒe ma te viwo kokoko o.—Mat. 13:47-50.a
2. Le Yesu ƒe lu kple gbe wuwluiwo ŋuti kpɔɖeŋua me la, nu kae nuku nyui la le tsitre ɖi na?
2 Ke hã, kpɔɖeŋu siwo Yesu wɔ la dometɔ ɖeka aɖe ku ɖe ame siwo aɖu fia kple Yesu le eƒe Fiaɖuƒea me la nu ƒoƒo ƒu ŋu. Woyɔa kpɔɖeŋu sia zi geɖe be lu kple gbe wuwluiwo ŋuti kpɔɖeŋu eye wòle Mateo ta 13 lia me. Togbɔ be Yesu gblɔ le kpɔɖeŋu bubu aɖe me be nuku si wowu la fia “fiaɖuƒe la ŋuti nya la” hã la, le kpɔɖeŋu sia ya me la, egblɔ be nuku nyui la le tsitre ɖi na nu bubu aɖe—eyae nye “fiaɖuƒe la ƒe viwo.” (Mat. 13:19, 38) Menye Fiaɖuƒea te viwoe ame siawo nye o, ke boŋ Fiaɖuƒea ƒe “viwo,” alo domenyilawoe wonye.—Rom. 8:14-17; mixlẽ Galatiatɔwo 4:6, 7.
Lu Kple Gbe Wuwluiwo Ŋuti Kpɔɖeŋu La
3. Ƒo nu tso kuxi si dze ŋgɔ ŋutsu si le kpɔɖeŋua me la ŋu, eye nàgblɔ ale si wòtso nya me be yeakpɔ kuxia gbɔe.
3 Kpɔɖeŋua yi ale: ‘Dziƒofiaɖuƒe la ɖi ame aɖe si wu nuku nyui ɖe eƒe agble me; eye esi amewo nɔ alɔ̃ dɔm la, eƒe futɔ va wu gbe wuwlui ɖe luawo domee, eye wòdzo. Ke esi lu la tsi, eye wòtse ku la, gbe wuwluiawo hã do. Eye aƒeatɔ ƒe kluviwo va egbɔ gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, alo ɖe menye nuku nyui nèwu ɖe wò agblea me oa? Afi ka gbe wuwlui la tso? Eya gblɔ na wo bena: Futɔ lae wɔ esia. Wogblɔ nɛ bena: Ekema èlɔ̃ be, míayi aɖagae mahã? Ke eya gblɔ bena: Ao, ne miele gbe wuwluiawo gam la, miava aho luawo hã akpe ɖe wo ŋuti mahĩ! Mina wo kpakple eve la katã natsi va se ɖe nuŋeɣi, eye ne nuŋeɣia ɖo la, magblɔ na nuŋelawo bena: Miƒo gbe wuwluiawo nu ƒu gbã, eye mibla wo tatata, bena woatɔ dzo wo; eye emegbe miaƒo lu la nu ƒu ɖe nye nudzraɖoƒe.’—Mat. 13:24-30, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me.
4. (a) Ame kae ŋutsu si ŋu woƒo nu tso le kpɔɖeŋua me la le tsitre ɖi na? (b) Ɣekaɣie Yesu te nuku sia wuwu, eye aleke wòwɔ esiae?
4 Ame kae nye ŋutsu si wu nuku nyui la ɖe eƒe agble me la? Yesu ɖo nya ma ŋu emegbe esi wòɖe kpɔɖeŋua me na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ame si le nuku nyui la wum lae nye Amegbetɔvi la.” (Mat. 13:37) Yesu, “Amegbetɔvi la,” tsɔ ƒe etɔ̃ kple afã si wòtsɔ wɔ eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa la dzra agblenyigba la ɖo hena nukua wuwu. (Mat. 8:20; 25:31; 26:64) Emegbe tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekostea dzi yina la, ete nuku nyui, si nye “fiaɖuƒe la ƒe viwo,” la wuwu. Edze ƒãa be nukuwuwu sia dze egɔme esime Yesu, ame si nye Yehowa teƒenɔla la, te gbɔgbɔ kɔkɔe la kɔkɔ ɖe nusrɔ̃lawo dzi heto esia me si ami na wo wozu Mawu ƒe viwo.b (Dɔw. 2:33) Nuku nyui la tsi nyuie va zu lu si ʋã. Eya ta taɖodzinu si le nuku nyui la wuwu ŋue nye be woaƒo ame siwo ava nye hati domenyilawo kple dziɖulawo kpe ɖe Yesu ŋu le eƒe Fiaɖuƒea me la ƒe xexlẽme la katã nu ƒu woade keŋkeŋ mlɔeba.
5. Ame kae nye futɔ si ŋu woƒo nu tso le kpɔɖeŋua me, eye ame kawoe gbe wuwluiawo le tsitre ɖi na?
5 Ame kae nye futɔ la, eye ame kawoe nye gbe wuwluiawo? Yesu gblɔ na mí be, futɔ lae “nye Abosam.” Egblɔ be gbe wuwluiawoe nye “vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo.” (Mat. 13:25, 38, 39) Anɔ eme be gbe wuwlui si ŋu Yesu ƒo nu tso lae nye esi woyɔna le Eŋlisigbe me be bearded darnel (alo l’ivraie, le Fransegbe me). Enye gbe aɖe si me aɖi wuame le, eye ne metsi keŋkeŋ haɖe o la, eɖia lu ale gbegbe. Kpɔɖeŋu kae sɔ nyuie na yeaɖi Kristotɔ, siwo gblɔna be Fiaɖuƒea ƒe viwoe yewonye evɔ wometsea ku vavã aɖeke o ye nye esi! Le nyateƒe me la, Kristotɔ alakpanuwɔla siawo siwo gblɔna be yewonye Kristo yomedzelawo la nye Satana Abosam ƒe “dzidzime” la ƒe akpa aɖe.—1 Mose 3:15.
6. Ɣekaɣie gbe wuwluiawo te dodo, eye gɔmesese ka nue amewo nɔ “alɔ̃ dɔm” le ɣemaɣi?
6 Ɣekaɣie Kristotɔ siawo siwo le abe gbe wuwluiwo ene la do? Yesu gblɔ be: “Esi amewo nɔ alɔ̃ dɔm.” (Mat. 13:25) Ɣekaɣie esia dzɔ? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo dze le nya si apostolo Paulo gblɔ na Efeso hamemetsitsiwo la me esime wògblɔ be: “Menya be le nye dzodzo megbe la, amegãxi nyanyrawo age ɖe mia dome, eye womawɔ nu ɖe alẽha la ŋu le lɔlɔ̃ me o, eye le mia ŋutɔwo dome la, ame aɖewo atsi tsitre, eye woagblɔ nya totrowo, be woahe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokuiwo ŋu.” (Dɔw. 20:29, 30) Eyi edzi xlɔ̃ nu hamemetsitsi mawo be woanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me. Esi apostoloawo, siwo nɔ abe “mɔxenu” ene na xɔsegbegbe la va nɔ alɔ̃ dɔm le ku me la, Kristotɔ geɖe va dɔ alɔ̃ le gbɔgbɔ me. (Mixlẽ 2 Tesalonikatɔwo 2:3, 6-8.) Ɣemaɣie xɔsegbegbe gã la dze egɔme.
7. Ðe luawo dometɔ aɖewo va zu gbe wuwluiwoa? Ðe eme.
7 Yesu megblɔ be luawo ava zu gbe wuwluiwo o, ke boŋ be wowu gbe wuwluiwo ɖe luawo dome. Eya ta menye Kristotɔ vavã siwo de megbe tso nyateƒea gbɔ dzie wònɔ susu hem yi le kpɔɖeŋu sia me o. Ke boŋ kpɔɖeŋu sia ɖee fia be ɖe Satana ɖoe koŋ he ame vɔ̃ɖiwo va de Kristo hamea me be yeatsɔ agblẽ edome. Kaka Yohanes, si nye apostolo mamlɛtɔ, natsi aku amegã la, xɔsegbegbe sia nɔ dzedzem gaglãa xoxo.—2 Pet. 2:1-3; 1 Yoh. 2:18.
“Mina Woa Kple Evea Siaa Natsi Va Se Ðe Nuŋeɣi”
8, 9. (a) Nu ka tae Yesu ƒe nyaselawo akpɔe be susu le nya si Aƒetɔ si le kpɔɖeŋua me la gblɔ na eƒe kluviwo la me? (b) Le kpɔɖeŋua me vava me la, aleke lu la kple gbe wuwluiawo siaa tsi ɖekae?
8 Kluviawo va gblɔ gbe wuwlui siwo wokpɔ la ŋuti nya na Aƒetɔ la hebiae be: “Èdi be míayi aɖaho woa?” (Mat. 13:27, 28) Ale si wòɖo nya ŋu na wo la anya wɔ nuku na wo. Egblɔ na wo be woaɖe asi le lu la kple gbe wuwluiawo siaa ŋu woatsi va se ɖe nuŋeɣi. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo akpɔe be susu le nya sia me. Wonya ale si gbegbe wòsesẽna be woade vovototo lu kple gbe wuwlui sia ƒomevi dome. Ame siwo nya nu tso agbledede ŋu hã ade dzesii be zi geɖe la, gbe wuwlui sia ƒomevi ƒe ke blana ɖe lu ƒe ke ŋu.c Eya ta mewɔ nuku o be Aƒetɔ la gblɔ na wo be woalala!
9 Nenema kee, tso esime xɔsegbegbea dze egɔme la, gbe wuwlui gbogbo aɖewo do tso Kristodukɔa ƒe kɔmama vovovoawo me le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me—gbã la, wodo tso Roma Katoliko ha la kple Orthodɔks sɔlemehawo me, eye emegbe la, wodo tso Protestanttɔwo ƒe ha vovovo siwo va do la me. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wowu lu vavã ʋɛ aɖewo ɖe agble si nye xexea me la me. Aƒetɔ si ŋu woƒo nu tso le kpɔɖeŋua me la lala dzigbɔɖitɔe le ɣeyiɣi didi siwo me lua kple gbe wuwluiawo nɔ tsitsim la me, va se ɖe esime nuŋeɣi si menɔa anyi wòdidina o la ɖo.
Nuŋeɣi Si Wokpɔ Mɔ Na Ɣeyiɣi Didi Aɖe La
10, 11. (a) Ɣekaɣie nye nuŋeɣi la? (b) Alekee wole kpɔɖeŋuluawo nu ƒom ƒu ɖe Yehowa ƒe nudzraɖoƒe la?
10 Yesu gblɔ na mí be: “Nuŋeɣi lae nye nuɖoanyi aɖe ƒe nuwuɣi, eye nuŋelaawoe nye mawudɔlawo.” (Mat. 13:39) Le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me la, amewo me mama dɔ aɖe le edzi yim—ele be woaƒo Fiaɖuƒea ƒe viwo nu ƒu ahaɖe wo ɖe vovo tso ame siwo katã le abe gbe wuwluiwo ene la gbɔ. Apostolo Petro gblɔ na mí tso esia ŋu be: “Ɣeyiɣi ɖoɖi la de, be ʋɔnudɔdrɔ̃ la nadze egɔme tso Mawu ƒe aƒe la dzi. Ke ne edze egɔme tso mía dzi gbã ɖe, ekema aleke lanye ame siwo meɖoa to Mawu ƒe nya nyui la o ya ƒe nuwuwu?”—1 Pet. 4:17.
11 Le ŋkeke mamlɛawo, alo “nuɖoanyi aɖe ƒe nuwuɣi,” ƒe gɔmedzedze megbe kpuie la, wote ʋɔnudɔdrɔ̃ ame siwo gblɔna be Kristotɔ vavãwoe yewonye—woɖanye “fiaɖuƒe la ƒe viwo” ŋutɔŋutɔ loo alo “vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo” o. Le nuŋeɣia ƒe gɔmedzedze la, Babilon Gã la mu “gbã,” eye “emegbe” woƒo Fiaɖuƒe la ƒe viwo nu ƒu. (Mat. 13:30) Gake alekee wole kpɔɖeŋuluawo nu ƒom ƒu ɖe Yehowa ƒe nudzraɖoƒe la tso ɣemaɣi? Wole ame siawo nu ƒom ƒu ɖe nudzraɖoƒea le gɔmesesea nu be, wokplɔ wo va Kristo hame si wogbugbɔ ɖo te, afi si Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ kple ametakpɔkpɔ nɔa wo dzi le, la me, alo be, woyi ɖaxɔ woƒe dziƒofetua.
12. Ɣeyiɣi didi kae nuŋeŋea axɔ?
12 Ɣeyiɣi didi kae ʋɔnudɔdrɔ̃a axɔ? Nya “nuŋeɣi” si Yesu zã le kpɔɖeŋua me la fia be nuŋeŋea ayi edzi hena ɣeyiɣi aɖe. (Nyaɖ. 14:15, 16) Ʋɔnudɔdrɔ̃ amesiaminawo ƒe haa me tɔwo ayi edzi le nuwuɣi la katã me. Ayi edzi va se ɖe esime woatre wo nu vɔ keŋkeŋ.—Nyaɖ. 7:1-4.
13. Mɔ ka nue gbe wuwluiawo naa amewo klia nu le, eye gɔmesese ka nue wonye sedzimawɔlawo le?
13 Ame kawo nue woaƒo ƒu tso Fiaɖuƒe la me? Alekee wonaa amewo klia nu, eye mɔ ka nue wonye sedzimawɔlawo le? (Mat. 13:41) Kristodukɔa ƒe hakplɔla siwo le abe gbe wuwluiwo ene la kplɔ ame miliɔn geɖewo tra hena ƒe alafa geɖe. Wowɔ esia to nufiafia siwo medea bubu Mawu ŋu o, ‘siwo naa amewo klia nu,’ abe funyafunyawɔwɔ amewo le dzo mavɔ me kple Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia si ŋu gɔmesese mele o, si tɔtɔa ame ene, la fiafia me. Subɔsubɔhakplɔla geɖewo ɖo kpɔɖeŋu gbegblẽ ɖi na woƒe hameviwo to woƒe ahasiwɔwɔ, si nye xɔlɔ̃dzedze xexe sia, kpakple agbe gbegblẽ nɔnɔ nuwɔna nyɔŋuwo me. (Yak. 4:4) Gakpe ɖe eŋu la, Kristodukɔa va le mɔ ɖem ɖe agbe gbegblẽ nɔnɔ ŋu na eƒe hameviwo geɖe wu tsã. (Mixlẽ Yuda 4.) Togbɔ be wole nu siawo katã wɔm hã la, woyi edzi le nu wɔm le amewo ŋkume abe ame dzadzɛwo kple mawuvɔ̃lawoe wonye ene. Aleke wòdo dzidzɔ na Fiaɖuƒe la ƒe viwoe nye esi be woɖe yewo ɖe vovo tso ame siawo siwo le abe gbe wuwluiwo ene la ƒe nufiafia totro siwo naa amewo klia nu la gbɔ!
14. Gɔmesese ka nue ame siwo le abe gbe wuwluiwo ene la faa avi heɖua aɖukli le?
14 Gɔmesese ka nue ame siwo le abe gbe wuwluiwo ene la faa avi heɖua aɖukli le? (Mat. 13:42) Nyateƒe si wònye be “fiaɖuƒe la ƒe viwo” klo nu le “vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo,” siwo le abe gbe wuwluiwo ene, ƒe nufiafia totro siwo le abe aɖi wuame ene dzi lae wɔa fu wo. Ale si woƒe hameviwo dzi le ɖeɖem kpɔtɔ eye womegatea ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi o la hã wɔe be wole nu xam.—Mixlẽ Yesaya 65:13, 14.
15. Gɔmesese ka nue wotɔ dzo gbe wuwluiawo le?
15 Gɔmesese ka nue woƒo gbe wuwluiawo nu ƒu hetɔ dzo wo le? (Mat. 13:40) Esia ku ɖe nu si ava dzɔ ɖe ame siwo le abe gbe wuwluiwo ene la dzi mlɔeba la ŋu. Esi wogblɔ be woatsɔ wo aƒu gbe ɖe kpɔɖeŋudzokpo si me dzo le la me la, efia be woayi ɖe tsɔtsrɔ̃ mavɔ me. (Nyaɖ. 20:14; 21:8) Woatsrɔ̃ yeaɖi Kristotɔ siawo siwo le abe gbe wuwluiwo ene, siwo nye ameblelawo, la le “xaxa gã” la me.—Mat. 24:21.
‘Woaklẽ Nyuie Abe Ɣe Ene’
16, 17. Nya kae Maleaxi gblɔ ɖi ku ɖe Mawu ƒe gbedoxɔa ŋu, eye alekee esia te emevava?
16 Ɣekaɣie ame siwo le abe luwo ene la ‘klẽ nyuie abe ɣe ene’? (Mat. 13:43) Maleaxi gblɔ nya ɖi ku ɖe Mawu ƒe gbedoxɔa ŋu kɔkɔ ŋu be: ‘Aƒetɔ, si ta biam miele la, ava eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi, kpɔ ɖa, nubabla ƒe dɔla, si dim miele la, le vava ge, Yehowa ye gblɔe. Ame kae ado dzi anɔ anyi le eƒe vavagbe, eye ame kae anɔ te ɖe eƒe dodo nu? Elabena ele abe galólola ƒe dzo ene, eye wòle abe avɔnyãla ƒe adzalẽtsi ene. Abɔbɔ nɔ anyi alólo klosalo, eye wòadza eŋu, akɔ Lewi-viwo ŋu, eye wòadza wo ŋu abe sika kple klosalo ene, eye woasa vɔ na Yehowa le dzɔdzɔenyenye me.’—Mal. 3:1-3.
17 Le egbeŋkekeawo me la, nyagblɔɖi sia te emevava le ƒe 1918 me, esime Yehowa kple “nubabla ƒe dɔla,” Yesu Kristo, va lé ŋku ɖe gbɔgbɔmegbedoxɔa ŋu. Maleaxi gblɔ nu si adzɔ ne wonya wu ameŋukɔkɔ sia nu ko la na mí be: ‘Emegbe miagakpɔ vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple ame si mesubɔnɛ o la dome.’ (Mal. 3:18) Ale si gbegbe Kristotɔ vavãwo, siwo me wode dzo yeye la, dzi woƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi ɣemaɣi la ɖee fia be ɣemaɣie nuŋeɣia dze egɔme.
18. Nu kae Daniel gblɔ ɖi be adzɔ le míaƒe ŋkekea me?
18 Míaƒe ŋkekea ŋue nyagblɔɖila Daniel nɔ nu ƒom tsoe esi wògblɔ ɖi be: ‘Nunyalawo aklẽ abe dziŋgɔli ƒe keklẽ ene, eye ame siwo fia dzɔdzɔenyenye mɔ nu ame geɖewo la, abe dzinuviwo ene ɖaa tegbee.’ (Dan. 12:3) Ame kawoe nye ame siawo siwo le keklẽm nyuie alea? Menye ame bubu aɖeke wu Kristotɔ amesiamina siwo nye lu vavã si ŋu Yesu ƒo nu tso le eƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe lu kple gbe wuwluiwo ŋu me la o! Ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tɔ, siwo nye ameha gã si le dzidzim ɖe edzi la, kpɔe dze sii kɔtɛ be wole yeaɖi Kristotɔ siwo le abe gbe wuwluiawo ene la ‘nu ƒom ƒu tso’ luawo dome. Esi wònye be ameha gã la me tɔ siawo siwo ava nye Fiaɖuƒea te viwo la le ɖeka wɔm kple gbɔgbɔ me Israel ƒe ame susɔeawo ta la, woawo hã na woƒe kekelia le keklẽm le xexe doblukɔ sia me.—Zax. 8:23; Mat. 5:14-16; Flp. 2:15.
19, 20. Nu kae “fiaɖuƒe la ƒe viwo” le mɔ kpɔm na vevie, eye nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?
19 Egbea la, “fiaɖuƒe la ƒe viwo” le mɔ kpɔm na ŋutikɔkɔe ƒe teƒeɖoɖo si woaxɔ le dziƒo la vevie. (Rom. 8:18, 19; 1 Kor. 15:53; Flp. 1:21-24) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, ele be woayi edzi awɔ nuteƒe, woayi edzi anɔ keklẽm nyuie, eye woaɖe wo ɖokui ɖe vovo tso “vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo” gbɔ. (Mat. 13:38; Nyaɖ. 2:10) Aleke gbegbe dzi dzɔa míi enye esi be mɔnukpɔkpɔ su mí katã si míele ale si wole Fiaɖuƒe la ƒe viwo ‘ɖem ɖe vovo tso’ vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo gbɔe la teƒe kpɔm le míaƒe ɣeyiɣia me!
20 Gake ƒomedodo kae le Fiaɖuƒe la ƒe vi siawo kpakple ameha gã si me tɔwo si mɔkpɔkpɔ le be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi abe Fiaɖuƒea te viwo ene, siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi, la dome? Nyati si kplɔe ɖo aɖo nyabiase sia ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ July 15, 2008 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 12-21 hena numedzodzro tsitotsito ku ɖe kpɔɖeŋu siawo ŋu.
b Le kpɔɖeŋu sia me la, menye gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa si ana ame yeyewo nava zu Kristotɔ amesiaminawo ye nukuwuwu la le tsitre ɖi na o. Yesu gblɔ ku ɖe nuku nyui si wowu ɖe agblea me la ŋu be, “Nuku nyui lae nye fiaɖuƒe la ƒe viwo,” ke megblɔ be woava zu fiaɖuƒe la ƒe viwo o. Nukua wuwu le tsitre ɖi na amisisi na Fiaɖuƒe la ƒe viwo le xexea me godoo.
c Gbe wuwlui si nye bearded darnel ƒe kewo blana ɖe lu ƒe kewo ŋu ale gbegbe be, ne wote kpɔ be woaho wo do ŋgɔ na nuŋeɣi la, woaho luwo hã akpe ɖe wo ŋu.—Kpɔ Insight on the Scriptures, Volume 1, axa 1178 (Étude perspicace des Écritures, Volume 1, axa 835).
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
Le Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe lu kple gbe wuwluiwo ŋu me la, nu kae kpɔɖeŋua ƒe akpa siwo gbɔna la fia?
• Nuku nyui la
• Ŋutsu si wu nuku la
• Nuku la wuwu
• Futɔ la
• Gbe wuwluiawo
• Nuŋeɣi la
• Nudzraɖoƒe la
• Avifafa kple aɖukliɖuɖu la
• Dzokpo si me dzo le la
[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]
Ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekostea dzie wodze nuku nyui la wuwu gɔme
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Wole kpɔɖeŋulu la nu ƒom ƒu ɖe Yehowa ƒe nudzraɖoƒea
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.