Te Ðe Mawu Ŋu
Ðe Seselelãme Le Yehowa Sia?
NE ŊUÐOÐOA nye ɛ̃ la, ke esia fɔ nyabiase bubu aɖe ɖe te: Ðe míaƒe nuwɔnawo wɔa dɔ ɖe Mawu ƒe seselelãme dzia? Ne míagblɔe bubui la, ɖe míaƒe nuwɔnawo ate ŋu ado dzidzɔ na Mawu alo ana wòase vevea? Blema xexemenunyala aɖewo ɖo eŋu be ao. Wogblɔ be ame aɖeke ƒe nuwɔna mate ŋu awɔ dɔ ɖe Mawu dzi o, eya ta seselelãme mele esi o. Gake nu si Biblia gblɔ ya to vovo, si nye be Yehowa sea veve ɖe ame nu, eye wòtsɔa ɖe le nu si míewɔna me vevie. Bu nya siwo le Psalmo 78:40, 41 ŋu kpɔ.
Psalmo 78 lia ƒo nu tso ale si Mawu wɔ nu kple blema Israel viwo ŋu kpuie. Esi Yehowa ɖe wo tso kluvinyenye me le Egipte la, edoe ɖe wo gbɔ be yeanɔ ƒomedodo tɔxɛ aɖe me kpli wo. Edo ŋugbe be ne wolé yeƒe sewo me ɖe asi la, woanye ‘ye tɔ koŋ,’ eye yeazã wo le mɔ ɖedzesi aɖe nu be yeƒe tameɖoɖowo nava eme. Dukɔ la lɔ̃ ɖe edzi, eye wova nɔ Se ƒe nubabla la te. Ðe wolé nubablaa me ɖe asi abe ale si wogblɔe be yewoawɔe enea?—2 Mose 19:3-8.
Hakpala la gblɔ be: “Zi nenie womedze aglã ɖe eŋu le gbeadzi, eye womedo dziku nɛ le gbedadaƒo o!” (Kpukpui 40) Kpukpui si kplɔe ɖo la gblɔ kpee be: “Wole Mawu tetekpɔ dzi ɖaa.” (Kpukpui 41) De dzesii be hakpalaa ƒo nu tso ale si wonɔ aglã dzem enuenu ŋu. Tso gɔmedzedzea me kee wonɔ nɔnɔme gbegblẽ sia ɖem fia, si nye esime wonɔ gbea dzi ɣeyiɣi kpui aɖe le wo ɖeɖe tso Egipte vɔ megbe. Dukɔa de asi liʋiliʋilili me ɖe Mawu ŋu henɔ gbɔgblɔm be Mawu mate ŋu alé be na yewo o, eye be medi be yeawɔe hã o. (4 Mose 14:1-4) Biblia gɔmeɖelawo ƒe numekugbalẽ aɖe gblɔ be nya “zi nenie womedze aglã ɖe eŋu” ate ŋu “afia be ‘wosẽ dzi me ɖe Mawu ŋu’ alo ‘wogblɔ na Mawu be “Kpao.”’” Ke hã, le Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ta la, etsɔnɛ kea wo ne wotrɔ dzi me. Gake wogatrɔna ɖe woƒe agbenɔnɔ xoxoawo ŋu hedzea aglã ake. Alea aglãdzedzea kple tsɔtsɔkea nɔ edzi yimee.—Psalmo 78:10-19, 38.
Aleke Yehowa sena le eɖokui me ne eƒe dukɔ mawɔnuteƒe la dze aglã ɖe eŋu? Kpukpui 40 lia gblɔ be, ‘wodo dziku nɛ.’ Biblia gɔmeɖeɖe bubu gblɔ be ‘wodo vevesese nɛ.’ Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe ɖe eme be: “Nu si wòfiae nye be Hebritɔwo nɔ nu wɔm be wòavee, abe ale si vi sẽto si dze aglã wɔa nui ene.” Abe ale si ko vi sẽdzime ƒe nuwɔna ate ŋu aɖu dzi na edzilawo ene la, Israel vi dzeaglãwo “[do] dziku na Israel ƒe kɔkɔetɔ la.”—Kpukpui 41.
Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso psalmo sia me? Yehowa ƒe dzi ku ɖe esubɔlawo ŋu, meɖea asi le woƒe nya me enumake o, eye esia nyanya faa akɔ na mí. Azɔ hã, ele vevie be míaɖo ŋku edzi be seselelãme le Yehowa si, eye míaƒe nuwɔnawo ate ŋu awɔ dɔ ɖe edzi. Aleke esia nyanya kpɔa ŋusẽ ɖe dziwòe? Ðe wòʋãa wò nèdina be yeawɔ nu si le eteƒea?
Le esi míatiae be míanɔ nu vɔ̃ wɔm si ado vevesese na Yehowa ƒe dzi teƒe la, míate ŋu atiae be míawɔ nu si le eteƒe boŋ be míado dzidzɔ na eƒe dzi. Eye nu sia tututue wòdi tso esubɔlawo si. Egblɔ be: “Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi.” (Lododowo 27:11) Nu xɔasitɔ kekeake si míate ŋu ana Yehowae nye be míanɔ agbe le mɔ si ado dzidzɔ na eƒe dzi nu.
Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le July me:
[Nya si ɖe dzesi si le axa 10]
Nu xɔasitɔ kekeake si míate ŋu ana Yehowae nye be míanɔ agbe le mɔ si ado dzidzɔ na eƒe dzi nu