Ale Si Woafia Nu Ðeviwo Tso Mawu Ŋu—Mɔnu Kawoe Ðea Vi Wu?
“Nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.”—5 MOSE 6:6, 7.
ƔEAÐEWOƔI la, dzilawo sena le wo ɖokui me be agba si le yewo dzi be yewoanyi yewo viwo ahafia nu wo la wu tsɔtsɔ na yewo. Ke hã, ne wodi aɖaŋuɖoɖo la, mɔfiame geɖe siwo amewo nana wo la nana wogatɔtɔna ɖe edzi. Zi geɖe la, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo dzea agbagba be yewoaɖo aɖaŋu na wo. Eye amewo ɖoa aɖaŋu gbogbo aɖewo siwo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu ɣeaɖewoɣi la le agbalẽwo, magazinewo, kple Internet nyatakakadzraɖoƒewo.
Gake le Biblia gome la, menye nu siwo dzilawo afia wo viwo ŋuti ɖaŋuɖoɖo siwo ŋu kakaɖedzi le koe wònana wo o, ke enaa mɔfiame siwo ɖea vi siwo akpe ɖe wo ŋu woanya ale si woafia nu wo viwo hã. Abe ale si mawunyakpukpui si le etame ɖee fia ene la, ehiã be dzilawo nadi mɔ siwo dzi woato afia nu wo viwo tso Mawu ŋu gbe sia gbe. Le numeɖeɖe si kplɔe ɖo me la, míadzro aɖaŋuɖoɖo siwo tso Biblia me siwo kpe ɖe dzila akpe geɖe ŋu wofia nu wo viwo tso Mawu ŋu la dometɔ ene aɖewo ko me.
1. Fia wo nu siwo woate ŋu asrɔ̃ tso nuwɔwɔwo me. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “[Mawu ƒe] nɔnɔme makpɔmakpɔawo dzena gaglãa wokpɔna tso xexea wɔwɔ dzi heyina, elabena wodzena wokpɔna le nu siwo wòwɔ la me, ɛ̃, eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple Mawunyenye la dzena.” (Romatɔwo 1:20) Dzilawo ate ŋu awɔ geɖe atsɔ akpe ɖe wo viwo ŋu be woabu Mawu be enye Ame ŋutɔŋutɔ ne wohea woƒe susu yia Mawu ƒe nuwɔwɔwo dzi hekpena ɖe wo ŋu be woakpɔ Mawu ƒe nɔnɔme siwo dze le nuwɔwɔ mawo me la adze sii.
Yesu wɔa mɔnu sia ŋu dɔ ne ele nu fiam eƒe nusrɔ̃lawo. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be: “Milé ŋku ɖe dziƒoxewo ŋu nyuie, elabena womeƒãa nu alo ŋea nu, alo ƒoa nuwo nu ƒu ɖe nudzraɖoƒewo o; ke hã, mia Fofo si le dziƒo la nyia wo. Ðe miexɔ asi sãsãsã wu wo oa?” (Mateo 6:26) Le afi sia la, Yesu te gbe ɖe Mawu ƒe nɔnɔme siwo nye lɔlɔ̃ kple dɔmenyo dzi. Gake ewɔ nu si yi ŋgɔ wu ema. Ekpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu wode ŋugble le ale si Mawu ɖea nɔnɔme siawo fiana viawoe ŋu.
Nunyala Fia Salomo he susu yi nunya si Mawu na anyidiwo dzi, eye wòzã nuwɔwɔ sue siawo tsɔ te gbe ɖe nufiame vevi aɖe dzi. Eŋlɔ bena: “Yi anyidi gbɔ, kpɔ eƒe nuwɔna ɖa, eye nadze nunya! Esi amegã, dzikpɔla kple dziɖula aɖeke mele esi o hã la, eƒoa eƒe abolo le dzomeŋɔli, eye wòtua eƒe nuɖuɖu ɖo le nuŋeɣi.” (Lododowo 6:6-8) Ðe esia menye mɔnu nyui aɖe si dzi dzilawo ate ŋu ato afia wo viwo ale si wòle vevie be taɖodzinu nyuiwo nanɔ wo si, eye woazã ŋusẽ si Mawu na wo la atsɔ aɖo wo gbɔe oa?
Dzilawo ate ŋu asrɔ̃ Yesu kple Salomo ƒe nufiamɔnu nyui sia to aɖaŋuɖoɖo siawo dzi wɔwɔ me: (1) Ne wona wo viwo gblɔ nu miemie kple lã siwo ƒe nu doa dzidzɔ na wo. (2) Ne wosrɔ̃ nu geɖe tso nu miemie kple lã siawo ŋu. (3) Ne wohe susu yi nu siwo nuwɔwɔ mawo fia mí tso Mawu ŋu dzi.
2. Srɔ̃ ale si Yesu wɔ nu ɖe ame siwo wòfia nui ŋu. Ame aɖeke megali si ƒe nyawo nɔ vevie wu esiwo nɔ Yesu si be wòagblɔ o. Ke hã, ezã ɣeyiɣi geɖe ɖe nyawo biabia ŋu. Etsɔ ɖe le ale si ame siwo wòfiaa nui sena le wo ɖokui me kple nu siwo wosusu la me vevie. (Mateo 17:24, 25; Marko 8:27-29) Nenema kee nufiame vevi geɖe le dzilawo si woafia wo viwo. Ke hã, be woƒe nufiafiawo naʋã ɖeviawo la, ele be woasrɔ̃ Yesu Kristo, eye woade dzi ƒo na wo be woagblɔ woƒe susuwo faa.
Ke ne ɖeviwo ɖe nɔnɔme gbegblẽ aɖe fia alo be ele sesẽm na wo be woanɔ agbe ɖe nufiame vevi aɖe nu ya ɖe? De ŋugble le ale si Yesu wɔ nu ɖe eƒe apostoloawo ŋui ŋu kpɔ. Ɣeaɖewoɣi la, woʋlia nya vevie le wo nɔewo dome, eye enɔ sesẽm na wo be woakpɔ nu si tae wòle vevie be woabɔbɔ wo ɖokui la adze sii. Ke hã, Yesu yi edzi nɔ dzi gbɔm ɖi na wo, eye wòƒoa nu tso ale si wòhiã be woabɔbɔ wo ɖokui ŋu enuenu. (Marko 9:33, 34; Luka 9:46-48; 22:24, 25) Dzila siwo srɔ̃a Yesu ƒe kpɔɖeŋu la aɖɔ wo viwo ɖo le dzigbɔɖeanyi me, eye le afi si wòhiã le la, woagbugbɔ afia nu ɖeka ma ke wo va se ɖe esime wose eƒe vevienyenye gɔme.a
3. Ðo kpɔɖeŋu nyui. Eɖea vi ne dzilawo wɔ ɖe aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo na Kristotɔ siwo nɔ Roma la dzi. Eŋlɔ ɖo ɖe wo be: “Ekema wò, ame si le nu fiam ame bubu la, mèfiaa nu ɖokuiwò oa? Wò, ame si le gbeƒã ɖem be: ‘Mègafi fi o’ la, wòe fia fia?”—Romatɔwo 2:21.
Aɖaŋuɖoɖo ma sɔ, elabena nu si dzilawo wɔna la wɔa dɔ ɖe ɖeviwo dzi sãsãsã wu nya siwo wogblɔna. Le nyateƒe me la, ne dzilawo tsɔa nu siwo wogblɔna wɔa dɔe la, enɔa bɔbɔe na wo viwo be woaɖo to wo.
4. Dze nufiafia wo gɔme tso woƒe ɖevime. Nuto si me Timoteo, si nye apostolo Paulo ƒe zɔhɛ le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me, tso la me tɔwo ƒo nu nyui tso eŋu. (Dɔwɔwɔwo 16:1, 2) Nu si ta wònɔ alea dometɔ ɖekae nye be “tso vidzĩ me kee” mamaa kple dadaa fiae “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo.” Menye ɖeko woxlẽ Ŋɔŋlɔawo na Timoteo o, ke wokpe ɖe eŋu wòde ŋugble le nyateƒenya siwo dze le ŋɔŋlɔ mawo me ŋu hã.—2 Timoteo 1:5; 3:14, 15.
Afi Si Nàte Ŋu Akpɔ Kpekpeɖeŋu Le
Yehowa Ðasefowo ta agbalẽ geɖe siwo ŋu wotrɔ asi le koŋ be wòakpe ɖe dzilawo ŋu be woafia Mawu ŋuti nyateƒea wo viwo. Wota agbalẽ siawo dometɔ aɖewo be woaɖe vi na ɖeviwo koŋ. Eye bubuwo hã ate ŋu ana dzeɖoɖo ƒe kadodo nyui nanɔ dzilawo kple ƒewuiviwo dome.b
Ke hã, hafi dzilawo nate ŋu afia nu wo viwo tso Mawu ŋu la, ele be woanya nyabiase sesẽ siwo ɖeviwo ate ŋu abia la dometɔ aɖewo ƒe ŋuɖoɖowo. Le kpɔɖeŋu me, aleke nàɖo nyabiasewo abe esiwo gbɔna ene ŋu: Nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo? Nu kae nye Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba? Afi kae ame kukuwo le? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nyabiase siawo kple bubuwo ƒe ŋuɖoɖowo, ale be mia kple wò ƒomea miate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli.—Yakobo 4:8.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “ku wo ɖe to me” le 5 Mose 6:7 la fia be woagbugbɔ nya aɖe agblɔ zi gbɔ zi geɖe.
b Le ɖeviwo gome la, dzilawo ate ŋu azã agbalẽ si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ, si he susu yi nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso Yesu Kristo ƒe nufiafiawo me dzi, alo Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo, si ƒo nu tso Biblia me nufiafia veviwo ŋu le mɔ si ana ɖeviwo nase egɔme bɔbɔe nu. Le sɔhɛwo gome la, dzilawo ate ŋu azã agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work, (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques), Babla 1 kple 2 lia.