Kpɔ Dzidzɔ Le Alẽvi La Ƒe Srɔ̃ɖeɖe La Ta!
“Mina míakpɔ dzidzɔ, eye míatso aseye . . . elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe la ɖo.”—NYAÐ. 19:7.
1, 2. (a) Ame ka ƒe srɔ̃ɖeɖee ana woakpɔ dzidzɔ manyagblɔ le dziƒo? (b) Biabia kawoe fɔ ɖe te?
DZADZRAÐO ɖe srɔ̃kpekpe ŋu biaa ɣeyiɣi geɖe. Gake míadzro srɔ̃kpekpe aɖe si le etɔxɛ ŋutɔ la ŋu nya me. Enye fia aɖe ƒe srɔ̃kpekpe. Wò ya bu eŋu kpɔ ko! Wole dzadzram ɖo ɖe srɔ̃kpekpe sia ŋu ƒe 2,000 aɖewoe nye esia. Fifia ɣeyiɣi si woakplɔ ŋugbetɔa ayi na ŋugbetɔsrɔ̃a le ɖoɖom. Eteƒe madidi o, haƒoƒo viviwo axɔ Fia la ƒe fiasã me, eye dziƒoʋakɔwo adzi ha be: “Mikafu Yah, elabena Yehowa, mía Mawu Ŋusẽkatãtɔ la, dze fiaɖuɖu gɔme. Mina míakpɔ dzidzɔ, eye míatso aseye, eye mina míatsɔ ŋutikɔkɔe anae, elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe la ɖo, eye srɔ̃a dzra eɖokui ɖo.”—Nyaɖ. 19:6, 7.
2 “Alẽvi” si ƒe srɔ̃ɖeɖe ana woakpɔ dzidzɔ le dziƒo la menye ame bubu aɖeke wu Yesu Kristo o. (Yoh. 1:29) Aleke wòɖo atsyɔ̃e hena srɔ̃ɖeɖea? Ame kae nye eƒe ŋugbetɔ la? Aleke wodzra ŋugbetɔa ɖo hena srɔ̃ɖeɖea? Ɣekaɣie woawɔ srɔ̃ɖeɖe sia? Srɔ̃ɖeɖe sia ana woakpɔ dzidzɔ le dziƒo, ke ɖe ame siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi hã akpɔ dzidzɔ kpli woa? Míedi vevie be míakpɔ biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo, eya ta mina míayi Psalmo 45 lia me dzodzro dzi.
‘EƑE AWUWO ME LE ƲEƲẼM LILILI’
3, 4. (a) Nya kae wogblɔ tso Ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe srɔ̃ɖewua ŋu, eye nu kae dzi eƒe dzidzɔa ɖe edzi? (b) Ame kawoe nye “fiasrɔ̃” kple ‘fia vinyɔnu’ siwo le dzidzɔ kpɔm kple Ŋugbetɔsrɔ̃ la?
3 Mixlẽ Psalmo 45:9, 10. Ŋugbetɔsrɔ̃, Yesu Kristo, do srɔ̃ɖewu si nya kpɔ ŋutɔ. Esɔ ŋutɔ be “atike nyuitɔ, siwo ʋẽna lilili” le ya ɖem nyuie le eƒe srɔ̃ɖewua me. Atike ʋeʋĩawo dometɔ aɖewoe nye lifi kple kotoklobo. Atike ʋeʋĩ siawo hã le esiwo wotsɔ wɔ ami kɔkɔe si wozãna le blema Israel la me.—2 Mose 30:23-25.
4 Ha vivi si ƒom wole le dziƒo le Ŋugbetɔsrɔ̃a ƒe fiasã me la na wòle dzidzɔ kpɔm ɖe edzi esi eƒe srɔ̃ɖeɖea le aƒe tum. “Fiasrɔ̃,” si nye Mawu ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le dziƒo, siwo dome “fianyɔnuwo [alo, fia vinyɔnuwo, Biblia, ƒe 2010 tɔ],” siwo nye mawudɔla kɔkɔewo le la le dzidzɔ kpɔm kplii. Dzidzɔ gã kae nye esi wòanye be míase dziƒoʋakɔwo woanɔ gbɔgblɔm be: “Mina míakpɔ dzidzɔ, eye míatso aseye . . . elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe la ɖo, eye srɔ̃a dzra eɖokui ɖo”!
WODZRA ŊUGBETƆ LA ÐO HENA SRƆ̃ÐEÐEA
5. Ame kae nye “Alẽvi la” ƒe ŋugbetɔ la?
5 Mixlẽ Psalmo 45:11, 12. Míekpɔ ame si Ŋugbetɔsrɔ̃ la nye, ke ame kae nye ŋugbetɔ la? Eyae nye Kristotɔ amesiamina 144,000 la katã ƒe ƒuƒoƒo. Yesu Kristo ye nye ta na amesiaminawo ƒe hame sia. (Mixlẽ Efesotɔwo 5:23, 24.) Woava ɖu fia kple Kristo le eƒe Mesia Fiaɖuƒea me. (Luka 12:32) Kristotɔ amesiamina siawo “dzea Alẽvi la yome, afi ka kee wòɖayi o.” (Nyaɖ. 14:1-4) Woazu “Alẽvi la srɔ̃” eye woanɔ egbɔ le dziƒo.—Nyaɖ. 21:9; Yoh. 14:2, 3.
6. Nu ka tae woyɔ amesiaminawo be “fia vinyɔnu,” eye nu ka tae wogblɔ na wo be ‘woƒe ŋku nedzo le woƒe dukɔ dzi’?
6 Womeyɔ ŋugbetɔ la be “nyɔnuvi” ko o, ke woyɔe hã be “fia vinyɔnu.” (Ps. 45:14) Ame kae nye “fia” sia? Yehowa ye, elabena exɔ Kristotɔ amesiaminawo abe ‘viawo’ ene. (Rom. 8:15-17) Esi amesiaminawo ava zu Alẽvi la srɔ̃ le dziƒo ta la, wogblɔ na wo be: “Wò ŋku nedzo le wò dukɔ kple [ŋutilã me] fofowò ƒe aƒe dzi.” Ehiã be woana woƒe “susuwo nanɔ nu siwo le dziƒo la ŋu vevie, ke menye nu siwo le anyigba dzi la ŋu o.”—Kol. 3:1-4.
7. (a) Aleke Kristo le eƒe ŋugbetɔ la dzram ɖo? (b) Aleke ŋugbetɔ la bua eƒe Ŋugbetɔsrɔ̃ lae?
7 Kristo le eƒe ŋugbetɔ la dzram ɖo na dziƒo srɔ̃ɖeɖe sia ƒe alafa geɖee nye esia. Apostolo Paulo ɖe eme be Kristo “lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eɖokui na ɖe eta . . . bene wòakɔ eŋuti, aklɔ eŋuti to tsiléle nɛ me to nya la dzi, bene wòatsɔ hame la aɖo ye ŋutɔ ŋkume le eƒe atsyɔ̃ɖoɖo me, esime ɖi, alo ayiléle, alo nu siawo tɔgbi aɖeke manɔ eŋu o, ke boŋ bene wòanɔ kɔkɔe, eye kpɔtsɔtsɔ aɖeke naganɔ eŋu o.” (Ef. 5:25-27) Paulo gblɔ na Kristotɔ amesiamina siwo nɔ blema Korinto be: “Metsɔ mawumeŋuʋaʋã . . . le ŋu ʋãm ɖe mia nu, elabena nye ŋutɔe do mia ɖeɖe ŋugbe na ŋutsu ɖeka, si nye Kristo la, bene matsɔ mi anae abe ɖetugbui dzadzɛ, si menya ŋutsu o ene.” (2 Kor. 11:2) Esi ŋugbetɔ la ƒe subɔsubɔ le dzadzɛ hedzea Mawu ŋu ta la, ‘edze tugbe’ le Fia Ŋugbetɔsrɔ̃ Yesu Kristo ŋkume ale gbegbe. Eye ŋugbetɔ la hã bunɛ eƒe “aƒetɔ,” eye ‘wòbɔbɔna nɛ’ abe ame si anye srɔ̃a le etsɔme ene.
‘WOKPLƆ ŊUGBETƆ LA YINA NA FIA LA’
8. Nu ka tae wòsɔ be wogblɔ be ŋugbetɔ la ‘nye atsyɔ̃ɖoɖo sɔŋ’?
8 Mixlẽ Psalmo 45:14, 15a. Ŋugbetɔ la le “atsyɔ̃ɖoɖo sɔŋ” me wokplɔe yina eya kple fia la ƒe srɔ̃ɖeƒea. Le Nyaɖeɖefia 21:2 la, wotsɔ ŋugbetɔ la sɔ kple du, si nye Yerusalem Yeye, “si woɖo atsyɔ̃ na hena srɔ̃a.” “Mawu ƒe ŋutikɔkɔe” le dziƒodu sia ŋu eye eƒe keklẽ le “abe kpe xɔasitɔ kekeake ene, abe yaspis kpe si me kɔ abe kristalo ene.” (Nyaɖ. 21:10, 11) Woɖɔ Yerusalem Yeye sia ƒe atsyɔ̃ wònya se ŋutɔ le Nyaɖeɖefia-gbalẽa me. (Nyaɖ. 21:18-21) Mewɔ nuku o be hakpalaa gblɔ le ŋugbetɔa ŋu be “enye atsyɔ̃ɖoɖo sɔŋ”! Ɛ̃, aleae míakpɔ mɔ be fia ƒe srɔ̃ɖeɖe si woawɔ le dziƒo nanɔ.
9. Ame kae nye “fia” si wokplɔ ŋugbetɔ la yina na, eye aleke woɖo atsyɔ̃ nɛ?
9 Wokplɔ ŋugbetɔ la yina na Ŋugbetɔsrɔ̃ la, si nye Mesia Fia la. Edzra eƒe ŋugbetɔ la ɖo ‘heklɔ eŋuti wòdza to Mawu ƒe nya la me.’ Ŋugbetɔ la le ‘kɔkɔe, eye kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele eŋu o.’ (Ef. 5:26, 27) Ele be ŋugbetɔ la naɖo atsyɔ̃ na eɖokui nyuie hena wɔna vevi sia. Eye eɖo atsyɔ̃ hã vavã! “Sika wotsɔ lɔ̃ eƒe avɔe” eye “ele avɔ ŋɔŋɔe me wokplɔ yi na fia la.” “Woɖe mɔ nɛ be, woatsɔ aklala nyui dzadzɛ si le dzo dam la aɖo atsyɔ̃ nɛ” hena eya kple Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea, “elabena aklala nyui la tsi tsitre ɖi na ame kɔkɔewo ƒe nuwɔna dzɔdzɔewo.”—Nyaɖ. 19:8.
“SRƆ̃ÐEÐE LA ÐO”
10. Ɣekaɣie Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea aɖo?
10 Mixlẽ Nyaɖeɖefia 19:7. Ɣekaɣie Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea aɖo? Togbɔ be “srɔ̃a dzra eɖokui ɖo” hena srɔ̃ɖeɖea hã la, womeƒo nu tso srɔ̃ɖeɖea ŋutɔ ŋu le nya siwo kplɔe ɖo me o. Ke nu siwo ayi edzi le xaxa gã la ƒe akpa mamlɛa me boŋ ŋue woƒo nu tsoe. (Nyaɖ. 19:11-21) Ðe wòfia be woawɔ srɔ̃ɖeɖea hafi Fia la nawu eƒe aʋadziɖuɖu nua? Ao. Womeɖo ŋutega siwo le Nyaɖeɖefia-gbalẽa me ɖe ɖoɖo si nu nuwo adzɔ le nu o. Le Psalmo 45 lia me la, esi Fia Yesu Kristo ta eƒe yi ho yi ɖaɖu eƒe futɔwo dzi megbe hafi wòwɔ eƒe srɔ̃ɖeɖea.—Ps. 45:4, 5.
11. Ðoɖo ka nue nuwo adzɔ le hafi Kristo ƒe srɔ̃ɖeɖea aɖo?
11 Eya ta míate ŋu aƒo nya ta be nuwo adzɔ le ɖoɖo sia nu: Gbã la, woatsrɔ̃ “gbolo gã,” si tsi tre ɖi na Babilon Gã si nye alakpasubɔsubɔwo katã ƒe ƒuƒoƒo. (Nyaɖ. 17:1, 5, 16, 17; 19:1, 2) Eyome Kristo atsrɔ̃ Satana ƒe xexe vɔ̃ɖia ƒe akpa susɔea le Harmagedon, si nye “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ,” la me. (Nyaɖ. 16:14-16; 19:19-21) Mlɔeba la, Fia Aʋakalẽtɔ la awu eƒe aʋadziɖuɖua nu ne ede Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo aʋli me, afi si woanɔ dɔmawɔmawɔ ƒe nɔnɔme si sɔ kple ku me.—Nyaɖ. 20:1-3.
12, 13. (a) Ɣekaɣie woawɔ Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea? (b) Ame kawoe akpɔ dzidzɔ le Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea ta le dziƒo?
12 Le Kristo ƒe anyinɔɣi sia me la, wofɔa Kristotɔ amesiaminawo ɖe tsitre yia dziƒogbenɔnɔ me ne wowu woƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa nu. Ɣeyiɣi aɖe le Babilon Gã la tsɔtsrɔ̃ megbe la, Yesu awu Kristotɔ amesiamina 144,000 la me tɔwo katã nu ƒoƒoƒu nu. (1 Tes. 4:16, 17) Eya ta “ŋugbetɔ” ƒe ƒuƒoƒoa katã anɔ egbɔ le dziƒo hafi Harmagedon-ʋa la nadze egɔme. Le aʋa ma megbe la, woawɔ Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi srɔ̃ɖeɖe sia anye! Nyaɖeɖefia 19:9 gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo wokpe va Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe fiẽnuɖuƒe la.” Ɛ̃, dzidzɔtɔwoe nye ŋugbetɔ ƒe ƒuƒoƒoa me tɔ 144,000 la. Eye Fia la atso aseye be yeƒe hatidziɖulawo katã ‘le nu ɖum hele nu nom le yeƒe kplɔ̃ ŋu le yeƒe fiaɖuƒea me.’ (Luka 22:18, 28-30) Ke hã, menye Ŋugbetɔsrɔ̃ la kple srɔ̃a koe akpɔ dzidzɔ o.
13 Abe ale si míegblɔe va yi ene la, dziƒoʋakɔwo tsɔ nusɔsɔe dzi ha be: “Mina míakpɔ dzidzɔ, eye míatso aseye, eye mina míatsɔ ŋutikɔkɔe [na Yehowa], elabena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe la ɖo, eye srɔ̃a dzra eɖokui ɖo.” (Nyaɖ. 19:6, 7) Ke Yehowa subɔla siwo le anyigba dzi ya ɖe? Ðe woawo hã akpɔ dzidzɔ kpli woa?
‘WOATSƆ DZIDZƆ KPLE ASEYETSOTSO AKPLƆ WO YII’
14. Ame kawoe nye ŋugbetɔ la ‘xɔlɔ̃ ɖetugbui’ leaƒe siwo woyɔ le Psalmo 45 lia me?
14 Mixlẽ Psalmo 45:13, 15b, 16. Nyagblɔɖila Zaxariya gblɔe ɖi be, le ŋkeke mamlɛawo me la, dukɔwo me tɔwo awɔ ɖeka kple gbɔgbɔ me Israel ƒe ame susɔeawo dzidzɔtɔe. Egblɔ be: “Ɣemaɣi la ŋutsu ewo atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me alé Yuda-ŋutsu ɖeka ƒe awu toga agblɔ bena: Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.” (Zak. 8:23) Woyɔ kpɔɖeŋu “ŋutsu ewo” siawo le Psalmo 45:13 be, “Tiro-vinyɔnu” kple “dukɔwo ƒe kesinɔtɔwo.” Wotsɔa nunanawo vanɛ na amesiamina susɔeawo be yewoadze xɔlɔ̃ wo eye be woana gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu yewo. Tso ƒe 1935 me la, ame miliɔn geɖe lɔ̃ be amesiamina susɔeawo ‘nafia dzɔdzɔenyenyemɔ yewo.’ (Dan. 12:3) Kristotɔ amesiaminawo ƒe zɔhɛ wɔnuteƒe siawo kɔ wo ɖokuiwo ŋu tso alakpasubɔsubɔ me heva zu ɖetugbui leaƒewo le gbɔgbɔ me. Ŋugbetɔ la ‘xɔlɔ̃ ɖetugbui’ leaƒe siawo tsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa eye wonye Fia Ŋugbetɔsrɔ̃ la tevi wɔnuteƒewo.
15. Aleke ŋugbetɔ la ‘xɔlɔ̃ ɖetugbui’ leaƒewo le dɔ wɔm aduadu kple ŋugbetɔ ƒe ƒuƒoƒoa me tɔ siwo kpɔtɔ le anyigba dzi?
15 Ŋugbetɔ ƒe ha la kpɔa ŋudzedze ɖe ‘exɔlɔ̃ ɖetugbui’ leaƒeawo ŋu, vevietɔ le ale si wokpea asi ɖe wo ŋu dzonɔamemetɔe le gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la le anyigba bliboa dzi me ta. (Mat. 24:14) Menye “ŋugbetɔ la” koe “yi edzi le gbɔgblɔm be, ‘Va!’” o, ke ame siwo le esem hã le gbɔgblɔm be: “Va!” (Nyaɖ. 22:17) Ɛ̃, ‘alẽ bubuawo’ see ŋugbetɔ ƒe ƒuƒoƒoa me tɔ amesiaminawo le gbɔgblɔm be “Va!” eye woawo hã wowɔ ɖeka kpli wo hele gbɔgblɔm na anyigbadzinɔlawo be “Va!”—Yoh. 10:16.
16. Mɔnukpɔkpɔ kae Yehowa na alẽ bubuawo?
16 Amesiamina susɔeawo lɔ̃ woƒe zɔhɛ alẽ bubuawo eye wònye dzidzɔ na wo be Ŋugbetɔsrɔ̃ la Fofo, Yehowa, na mɔnukpɔkpɔ ame siwo anɔ anyigba dzi la be woawo hã nakpɔ dzidzɔ le Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe la ta. Wogblɔe ɖi be ‘woatsɔ dzidzɔ kple aseyetsotso’ akplɔ ŋugbetɔ la ‘xɔlɔ̃ ɖetugbui’ leaƒeawo yii. Vavãe, ne wowɔ Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea le dziƒo la, alẽ bubu siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe le anyigba dzi tegbee hã anɔ Yehowa ƒe ƒome gã si akpɔ dzidzɔ la dome. Eya ta esɔ ŋutɔ be Nyaɖeɖefia-gbalẽa gblɔ be “ameha gã” la “le tsitre ɖe fiazikpui la ŋkume kple Alẽvi la ŋkume.” Wosubɔa Yehowa le eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ la ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzi la me.—Nyaɖ. 7:9, 15.
“VIWÒŊUTSUWO ANƆ FOFOWÒWO TEƑE”
17, 18. Nu nyui kawoe ado tso Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea me? Ame kawo fofoe Kristo azu le eƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me?
17 Mixlẽ Psalmo 45:17. Susu bubu li si tae Kristo ƒe ŋugbetɔ la ‘xɔlɔ̃ ɖetugbui’ leaƒewo akpɔ dzidzɔ ɖo ne wokpɔ eteƒe nu nyuiwo le dodom tso srɔ̃ɖeɖea me le xexe yeyea me. Fia Ŋugbetɔsrɔ̃ la atrɔ susu ɖe anyigbaa ŋu eye wòafɔ ‘fofoawo’ alo ‘tɔgbuiawo’ (NW) siwo nɔ anyigba dzi le blema la ɖe tsitre woava zu ‘viawo’ le anyigba dzi. (Yoh. 5:25-29; Heb. 11:35) Atsɔ ame siawo dometɔ aɖewo aɖo “amegãwoe ɖe anyigba blibo la dzi.” Ðikeke mele eme o be Kristo aɖo hamemetsitsi wɔnuteƒe siwo li egbea hã dometɔ aɖewo amegãwoe, ale be woaxɔ ŋgɔ le xexe yeyea me.—Yes. 32:1.
18 Le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, azu ame bubuwo hã fofo. Le nyateƒe me la, ame siwo katã akpɔ agbe mavɔ le anyigba dzi la, Yesu ƒe tafevɔsaa dzi xɔxɔ se tae wòasu wo si ɖo. (Yoh. 3:16) Susu sia tae wòazu ‘Fofo Mavɔ’ na ame siwo katã akpɔ agbe mavɔ ɖo.—Yes. 9:5, 6.
‘WOANA WOAÐO ŊKU EƑE ŊKƆ DZI’
19, 20. Ŋusẽ kae nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi siwo ŋu woƒo nu tsoe le Psalmo 45 lia me la kpɔna ɖe Kristotɔ vavãwo katã dzi egbea?
19 Mixlẽ Psalmo 45:2, 18. Le nyateƒe me la, ele be Kristotɔwo katã natsɔ ɖe le nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Psalmo 45 lia me la me vevie. Enyea dzidzɔ na amesiamina susɔe siwo le anyigba dzi la be eteƒe madidi o, woayi dziƒo aɖawɔ ɖeka kple wo nɔviwo kple woƒe Ŋugbetɔsrɔ̃ la. Esia ʋãa alẽ bubuawo be woabɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Fia si wodo ŋutikɔkɔe na la te geɖe wu, eye wokpɔa dzidzɔ be mɔnukpɔkpɔ su yewo si be yewole ha dem kple ŋugbetɔ ƒe ƒuƒoƒoa me tɔ susɔe siwo kpɔtɔ le anyigba dzi. Le srɔ̃ɖeɖea megbe la, Kristo kple eƒe hatidziɖulawo adudu yayra manyagblɔwo akɔ ɖe anyigbadzinɔlawo dzi.—Nyaɖ. 7:17; 21:1-4.
20 Esi míele mɔ kpɔm vevie na “nya nyui” siwo ku ɖe Mesia Fia la ŋu me vava la, ɖe esia meʋãa mí be ‘míana woaɖo ŋku eƒe ŋkɔ dzi’ oa? Neva eme be míanɔ ame siwo ‘akafu Fia la ɖaa tegbee’ dome.