Àte Ŋu Akpɔ Yayra Geɖe!
1. Nu ka tae wòle be nàbu gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu?
1 Èdi be yeakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme geɖe wu le agbe mea? Ðe kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu vivia nuwò hedoa dzidzɔ na wòa? Èdi be yeadzi subɔsubɔdɔ si yewɔna na Yehowa la ɖe edzia? Ne èɖo nyabiase siawo dometɔ aɖe ŋu be, ɛ̃ la, ekema ele be nàbu gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu. Enye nyateƒe be ele be ame nabu eƒe ƒomea kple Ŋɔŋlɔawo me gbanɔamedziwo, lãmesẽkuxiwo, kpakple ŋutilã me gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu do ŋgɔ.
2. Gblɔ gbɔgbɔmeyayra siwo sua gbesiagbe mɔɖelawo si la dometɔ aɖewo.
2 Le agbalẽ si gbɔgbɔ ʋã Salomo wòŋlɔ me la, etsɔ Yehowa ƒe yayra do ƒome kple ŋutilã me kesinɔnu. (Lod. 10:22) Egbea la, míekpɔa Yehowa ƒe yayra, vevietɔ le gbɔgbɔ me. Yayra siawo gba go na ame siwo nye mɔɖelawo. Le kpɔɖeŋu me, wokpɔa dzidzɔ si le nunana ame bubuwo me la geɖe wu, le esi ‘woƒlea ɣeyiɣi’ tso woawo ŋutɔwo ƒe dɔwɔnawo me hena esia wɔwɔ ta. (Kol. 4:5; Dɔw. 20:35) Yehowa dea dzesi agbagba si wodzena lɔlɔ̃tɔe la, eye wòkpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu. ‘Nu xɔasi’ mawo siwo nu woƒo ƒu “ɖe dziƒo” la nu mayi gbeɖe o. (Mat. 6:20; Heb. 6:10) Gakpe ɖe eŋu la, esi mɔɖelawo yi edzi na woƒe ‘ŋku le nu ɖeka’ ŋu, eye woɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpɔ yewoƒe nuhiahiãwo gbɔ na yewo ta la, woa kplii dome ƒomedodoa me sẽna ɖe edzi.—Mat. 6:22, 25, 32; Heb. 13:5, 6.
3. Vovototo kae le gbɔgbɔ me kesinɔnuwo yome titi kple ŋutilãme kesinɔnuwo yome titi dome?
3 Zi geɖe la, ŋutilã me kesinɔnuwo yome titi kplɔa ame dea “movidzɔdzɔ ƒe nudzodzro geɖe, siwo wɔa nuvevi ame” la me. (1 Tim. 6:9, 10; Yak. 5:1-3) Menɔa alea le Yehowa ƒe yayrawo ya gome o. Esi mɔɖelawo zãa woƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me ta la, ekpena ɖe wo ŋu be wodana sɔna le gbɔgbɔ me, eye woƒe susu nɔa nu siwo le vevie wu la dzi. (Fp. 1:10) Nɔviŋutsu aɖe ɖe asi le mɔɖaŋudɔ si xɔa ɣeyiɣi geɖe le esi la ŋu heva zu mɔɖela. Egblɔ be: “Nye dɔwɔɖuia tea ɖeɖi ŋunye ŋutɔ. Gake mele alea le mɔɖeɖedɔa ya gome o. Fifia mekpɔa ɣeyiɣi tsɔ kpena ɖe amewo ŋu hefiaa Biblia me nyateƒea wo. Dɔ sia wɔwɔ he gbɔɖeme kple dzidzeme geɖe vae nam.”
4. Yayra kawoe sua mɔɖelawo si ne wotsɔ yayranyawo yi na amewo?
4 Wonye Yayra Na Ame Bubuwo: Egbea la, ame sia ame le “ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ” me tom. (2 Tim. 3:1) Afi sia afi si nàyi la, amewo hiã mɔkpɔkpɔ. Edzɔa dzi na Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ne woawo ŋutɔwo kpɔe be mɔkpɔkpɔ ate ŋu asu ame siwo mɔkpɔkpɔ bu ɖe le agbe me la si ne woɖo to nya nyuia. Aleke gbegbe esia nyea dzidzɔ gã wu na mɔɖela siwo zãa gaƒoƒo 800 kple edzivɔ ƒe sia ƒe ɖe agbeɖeɖedɔ sia wɔwɔ ŋue nye esi!—1 Tim. 4:16.
5, 6. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàzu gbesiagbe mɔɖela?
5 Ðe ènɔa gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu bum moveviɖoɖotɔea? Esia wɔwɔ abia be, ‘nàƒle ɣeyiɣi si sɔ’ tso nu siwo mele vevie o la me. (Ef. 5:15, 16) Ame geɖe te ŋu wɔ esia heva le agbe tsɛ nɔm, esia kpe ɖe wo ŋu be woɖe ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si wozãna ɖe woƒe dɔwɔɖui ŋu la dzi kpɔtɔ, eye esia wɔe be wokpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe Fiaɖuƒea ƒe nuwo ŋu. Àte ŋu atrɔ asi le wò ɖoɖowo ŋu ale be wò hã nàzu wo dometɔ ɖeka?
6 Do gbe ɖa nàbia Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yeawɔ ɖoɖowɔɖi aɖe si aɖe vi na ye. (Yak. 1:5) Yayra kawoe nàte ŋu anɔ mɔ kpɔm na? Gbɔgbɔmekesinɔnu gbogbo aɖewo! Yehowa ana nàkpɔ nu siwo nèhiã le ŋutilã me hã. (Mat. 6:33) Ame siwo doa Yehowa kpɔ le go sia me la, akpɔ ‘yayra wòagbɔ eme.’—Mal. 3:10.