INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 December axa 2-7
  • Hiob Ƒe Agbalẽa Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò Ne Èle Fu Kpem

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Hiob Ƒe Agbalẽa Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò Ne Èle Fu Kpem
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • MAWU ÐE MƆ HIOB KPE FU
  • ALE SI HIOB ƑE ŊUTINYAA AKPE ÐE MÍA ŊU MÍADO DZI
  • ZÃ HIOB ƑE ŊUTINYAA NÀTSƆ AKPE ÐE AMEWO ŊU
  • Hiob De Asixɔxɔ Gã Aɖe Yehowa Ƒe Ŋkɔa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • “Kpɔ Mɔ Na Yehowa”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Nya Vevi Siwo Tso Hiob ƒe Agbalẽ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Ŋutsu Kpɔɖeŋuɖola aɖe si Xɔ Ðɔɖɔɖo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 December axa 2-7

NUSƆSRƆ̃NYATI 48

HADZIDZI 129 Míayi Edzi Ado Dzi

Hiob Ƒe Agbalẽa Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò Ne Èle Fu Kpem

“Nyateƒe matrɔmatrɔe wònye be, Mawu mewɔa nu vɔ̃ɖi o.”—HIOB 34:12.

TAÐODZINUA

Le nyati sia me la, míakpɔ ale si Hiob ƒe agbalẽa kpe ɖe mía ŋu míede dzesi nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li, kple ale si míayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu ne míele fu kpem gɔ̃ hã.

1-2. Nu ka tae wònyo be míanɔ Hiob ƒe agbalẽa xlẽm?

ÐE NÈGAXLẼ Hiob ƒe agbalẽa le ŋkeke siawo mea? Togbɔ be woŋlɔ Hiob ƒe agbalẽa anɔ ƒe 3,500 ye nye esi va yi hã la, amewo gblɔna be enye blemagbalẽ siwo woŋlɔ nyuie wu la dometɔ ɖeka. Amewo kafu agbalẽ sia ŋlɔla elabe ezã nya siwo gɔme sese le bɔbɔe, eŋlɔe le ɖoɖo nyui nu, eye emenyawo wɔa dɔ ɖe ame dzi. Mose ye ŋlɔ agbalẽ vevi sia, gake Ame si koŋ gbɔ wòtsoe nye Yehowa Mawu.—2 Tim. 3:16.

2 Hiob ƒe agbalẽa nye Biblia ƒe akpa vevi aɖe, elabe eɖe nya gã aɖe si fɔ ɖe te la fia; eyae nye Yehowa ƒe ŋkɔa ŋuti kɔkɔ, si nye nya si ka mawudɔlawo kple amegbetɔwo siaa. Agbalẽa kpe ɖe mía ŋu míeva nya nu tso Yehowa ƒe nɔnɔme lédzinamewo abe lɔlɔ̃, nunya, dzɔdzɔenyenye kple ŋusẽ ene ŋu. Le kpɔɖeŋu me, woyɔ Yehowa be “Ŋusẽkatãtɔ” zi gbɔ zi geɖe le Hiob ƒe agbalẽa me. Hiob ƒe agbalẽa kpe ɖe mía ŋu míekpɔ ŋuɖoɖo na biabia si nye ‘Nu ka tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li?’ kple agbemebiabia vevi bubu siwo ɖea fu na ame geɖe.

3. Aleke Hiob ƒe agbalẽa sɔsrɔ̃ aɖe vi na mí?

3 Míate ŋu atsɔ Hiob ƒe agbalẽa xexlẽ asɔ kple tolialia. Ne èɖo toa tame la, àte ŋu akpɔ nu siwo ƒo xlã wò la nyuie. Nenema kee Hiob ƒe agbalẽa xexlẽ akpe ɖe mía ŋu míakpɔ Yehowa ƒe susu ku ɖe fukpekpe ŋu. Le nyati sia me la, míakpɔ ale si Hiob ƒe agbalẽa akpe ɖe mía ŋu ne míele fu kpem. Eye míakpɔ ale si Hiob ƒe ŋutinya anya ɖe vi na Israel-vi aɖewo le blema kple ale si wòaɖe vi na míawo hã egbea. Azɔ hã, míakpɔ ale si míazã Biblia me nudzɔdzɔ sia atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu.

MAWU ÐE MƆ HIOB KPE FU

4. Nu kae na Hiob to vovo sãa na Israel-vi siwo nɔ Egipte?

4 Hiob nɔ agbe le Uz-nyigba dzi le ɣeyiɣi si me Israel-viwo nye kluviwo nɔ fu kpem le Egipte. Anɔ eme be Uz nɔ Ŋugbedodonyigbaa ƒe ɣedzeƒe kple Arabia ƒe dziehe dome lɔƒo. Israel-vi siwo nɔ Egipte la dometɔ aɖewo nɔ Egiptetɔwo ƒe alakpamawuwo subɔm. Gake Hiob ya mewɔe nenema o; esubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe. (Yos. 24:14; Eze. 20:8) Yehowa gblɔ tso Hiob ŋu be: “Ame aɖeke mede enu le anyigba dzi o.”a (Hiob 1:8) Hiob nye kesinɔtɔ gã aɖe, eye amewo dea bubu eŋu ale gbegbe. Eƒo ɣedzeƒetɔwo katã ta. (Hiob 1:3) Kpɔ ale si gbegbe dzi anya ku Satanae ɖa, be ame ŋkuta kple bubume sia le Mawu subɔm nuteƒewɔwɔtɔe!

5. Nu ka tae Yehowa ɖe mɔ Hiob kpe fu? (Hiob 1:​20-22; 2:​9, 10)

5 Satana tsɔ nya ɖe Hiob ŋu be ne xaxawo va edzi la, adzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. (Hiob 1:​7-11; 2:​2-5) Togbɔ be Yehowa lɔ̃ Hiob vevie hã la, nya si Satana fɔ ɖe te la nye ŋkubiãnya, eya ta Yehowa ɖe mɔ na Satana be wòaɖo kpe eƒe nyaa dzi. (Hiob 1:​12-19; 2:​6-8) Satana wu Hiob ƒe lãhawo kple Hiob vi ewoawo katã, eye emegbe ena ƒoƒoe vɔ̃ɖi aɖe te Hiob tso eƒe dzodome va se ɖe eƒe afɔƒome. Togbɔ be Satana tu nu kple Hiob si na wòkpe fu vevie hã la, eyi edzi subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe. (Xlẽ Hiob 1:​20-22; 2:​9, 10.) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa da dɔ na Hiob, egana kesinɔnu gbogbo aɖewo su esi, amewo gadea bubu eŋu, eye wòna Hiob gadzi vi ewo bubu. Yehowa tsɔ ƒe 140 sɔŋ kpe ɖe Hiob ƒe agbenɔƒewo ŋu; enɔ agbe kpɔ etɔgbuiyɔviwo kple etɔgbuiyɔviawo ƒe tɔgbuiyɔviwo hã. (Hiob 42:​10-13, 16) Aleke Hiob ƒe ŋutinyaa anya ɖe vi na amewo le blema, eye aleke wòate ŋu aɖe vi na míawo hã egbea?

6. Aleke Hiob ƒe ŋutinyaa anya ɖe vi na Israel-viwo? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

6 Ale si Hiob ƒe ŋutinyaa anya ɖe vi na Israel-viwo. Agbea menɔ bɔbɔe na Israel-viwo le Egipte kura o. Le kpɔɖeŋu me, esi Yosua kple Kaleb nye sɔhɛwo la, kluviwoe wonye le Egipte. Togbɔ be womedze agɔ aɖeke o hã la, ahiã be woawo hã woanɔ gbea dzi ƒe 40 sɔŋ le Israel-vi bubuawo ƒe tomaɖomaɖo ta. Ne Israel-viwo nya nu tso nu siwo me Hiob to kple ale si nuwo va wu enu nɛ ŋu la, ɖikeke mele eme o be ekpe ɖe woawo kple woƒe dzidzimeviwo ŋu wokpɔe be menye Mawu gbɔe fukpekpe tso o, ke boŋ Satana gbɔe. Anya kpe ɖe wo ŋu hã be woase nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li kple ale si wòdea asixɔxɔ ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la ŋu gɔme ɖe edzi.

Israel ŋutsu aɖe si le Egipte la le kpewo fɔm hele ŋugble dem. Egiptetɔwo le Israel-vi bubu siwo le dɔ sesẽ wɔm la dometɔ aɖewo ƒom le afi ma.

Anɔ eme be Israel-vi siwo nye kluviwo le Egipte ƒe geɖe la va nya nu tso Hiob ƒe ŋutinyaa ŋu mlɔeba, eye wòɖe vi na wo (Kpɔ memama 6)


7-8. Aleke Hiob ƒe agbalẽa ate ŋu aɖe vi na ame siwo le fu kpem? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

7 Ale si Hiob ƒe ŋutinyaa ate ŋu aɖe vi na mí. Ewɔ nublanui be ame geɖe megaxɔ Mawu dzi se egbea o le esi womese nu si tae nya vɔ̃wo dzɔna ɖe ame nyuiwo dzi gɔme o ta. Bu Aƒenɔ Hazelb si tso Rwanda ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esi wònɔ ɖevime la, exɔ Mawu dzi se. Gake nuwo va trɔ le eƒe agbe me. Fofoa kple dadaa gbe wo nɔewo, eye ŋutsu bubu si nɔa va ɖe la mewɔa nu ɖe eŋu nyuie o. Le eƒe sɔhɛ me la, ame aɖe dɔ egbɔ sesẽe. Nu te ɖe Hazel dzi wòyi eƒe sɔleme be yeakpɔ akɔfafa, gake ame aɖeke mevo ɖe eŋu o. Emegbe Hazel ŋlɔ eƒe dzimenyawo katã ɖe agbalẽ dzi na Mawu. Egblɔ le agbalẽa me be: “Mawu, medoa gbe ɖa na wò, medzea agbagba be mawɔ nyui, gake vɔ̃ sɔŋ ko nètsɔ ɖo eteƒe nam. Fifia medzo; nyemagasubɔ wò o. Mayi aɖawɔ nu sia nu si ana makpɔ dzidzɔ.” Abe Hazel ene la, woble ame geɖe wosusui be Mawu gbɔe yewoƒe fukpekpewo tso. Etena ɖe mía dzi ŋutɔ be amewo menya nyateƒea tso Mawu ŋu o, eye míedina vevie be míakpe ɖe wo ŋu!

8 Míawo ya míesrɔ̃e le Hiob ƒe agbalẽa me be menye Mawue na amewo le fu kpem o, ke boŋ Satana gbɔe fukpekpe tso! Míesrɔ̃e hã be ne ame aɖe le fu kpem la, megawɔ na mí be nu si wòƒã la ŋem wòle o. Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ nyuie be “azãgbe kple nuɖiɖeame” ate ŋu ana nya vɔ̃wo nadzɔ ɖe ame sia ame dzi le vo me. (Nyagb. 9:11; Hiob 4:​1, 8) Eye míesrɔ̃e hã be ne míeyi edzi do dzi nuteƒewɔwɔtɔe le nɔnɔme sesẽwo me la, Yehowa aɖo nya ŋu na Satana, ame si le alɔme ɖem le eŋu. Eye míawɔ akpa aɖe be Yehowa naʋli eƒe ŋkɔa ta. (Hiob 2:3; Lod. 27:11) Edzɔ dzi na mí ŋutɔ be míesrɔ̃ nyateƒenya siawo le Biblia me, elabe míeva nya susu si koŋ tae míawo ŋutɔ kple míaƒe ame veviwo kpea fu. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa Ðasefowo srɔ̃ Biblia kple Hazel wòva kpɔe be menye Mawu gbɔ yeƒe fukpekpewo tso o. Egblɔ be: “Megate gbedodoɖa na Mawu ake eye megblɔ nye dzimenyawo nɛ. Megblɔ na Yehowa be, togbɔ be megblɔ va yi be nyemagasubɔe o hã la, menye ɖe meɖoe ŋutɔŋutɔ le dzi me o. Esi nyemenya ame si tututu wònye o tae nya mawo do le nunye ɖo. Fifia meva se egɔme nyuie be Yehowa lɔ̃m. Nye dzi dze eme eye mele dzidzɔ kpɔm azɔ.” Míeda akpe ŋutɔ be míeva se nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li la gɔme! Azɔ, míakpɔ ale si Hiob ƒe ŋutinyaa ate ŋu aɖe vi na mía dometɔ ɖe sia ɖe ne míele xaxawo me tom.

ALE SI HIOB ƑE ŊUTINYAA AKPE ÐE MÍA ŊU MÍADO DZI

9. Nu kae Hiob wɔ togbɔ be enɔ fu kpem hã? (Yakobo 5:11)

9 Kpɔe ɖa le susu me be Hiob ye nye ema nɔ anyi ɖe dzofi me, ƒoƒoe xɔ eŋuti katã, eye wòle veve sem helĩhelĩ. Dɔléle na eƒe ŋutigbalẽ nyrɔ̃ eye wòɖi ku glaŋ. Nu te Hiob ŋu, wɔna boo aɖeke megale eŋu o. Enɔ anyi hetsɔ ze gbagbɛ kakɛ nɔ ŋuti kum henɔ konyi fam le veve si sem wòle la ta. Togbɔ be Hiob nɔ fu kpem hã la, menɔ anyi ɖi ko o, eyi edzi nɔ dzi dom. (Xlẽ Yakobo 5:11.) Ke nu kae kpe ɖe Hiob ŋu wòdo dzi?

10. Nu kae ɖee fia be Hiob tea ŋu gblɔa eƒe dzimenyawo na Yehowa faa?

10 Hiob gblɔ ale si wònɔ sesem le eɖokui me na Yehowa. (Hiob 10:​1, 2; 16:20) Le kpɔɖeŋu me, le ta 3 lia la, Hiob fa konyi vevie le nɔnɔme sesẽ siwo me tom wòle ta, eye wòbui vodadatɔe be Yehowa gbɔe yeƒe fukpekpewo tso. Eyome esi Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo nɔ tɔ tem ɖe edzi be Mawue nɔ to hem nɛ ɖe eƒe nu vɔ̃wo ta la, Hiob nɔ eɖokui ta ʋlim vevie be yemedze agɔ le Mawu dzi o. Nya aɖewo siwo Hiob gblɔ na wòdze be eva nɔ eɖokui bum ame dzɔdzɔe wu Mawu. (Hiob 10:​1-3; 32:​1, 2; 35:​1, 2) Gake nya siwo eya ŋutɔ va gblɔ emegbe ɖee fia be agbagba siwo dzem wònɔ be yeaʋli ye ɖokui ta na ‘wòƒo nu kple adã’ ɣeaɖewoɣi. (Hiob 6:​3, 26) Le ta 31 lia me la, Hiob di be Mawu natso afia na ye be yemeɖi fɔ o. (Hiob 31:35) Gake Hiob tɔ medzɔ be wòanɔ tɔ tem ɖe edzi be Mawu nagblɔ nu si tae yele fu kpem la na ye o.

11. Esi Hiob nɔ eɖokui ta ʋlim be yemeɖi fɔ o la, aleke Yehowa wɔ nui?

11 Míeva kpɔe be esi Hiob kple Yehowa dome nɔ kplikplikpli eye wòka ɖe edzi be adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na ye tae wòte ŋu gblɔ eƒe dzimenyawo nɛ nenema. Mlɔeba la, Yehowa ɖo nya ŋu na Hiob le ahom me, gake meɖe nu si tae Hiob nɔ fu kpem la me nɛ tsitotsito o. Azɔ hã Yehowa mehe to na Hiob ɖe ale si wònɔ eɖokui ta ʋlim henɔ eɖokui nu ɖem ta o. Ke boŋ Yehowa ɖɔ Hiob ɖo lɔlɔ̃tɔe, abe ale si vifofo awɔ na via ene. Emae nye nyuitɔ. Ewɔe be Hiob lɔ̃ ɖe edzi ɖokuibɔbɔtɔe be yemenya naneke hafi o, eye wòʋu eme be yemeƒo nu nyuie o. (Hiob 31:6; 40:​4, 5; 42:​1-6) Aleke ŋutinya sia anya ɖe vi na amewo le blema, eye aleke wòaɖe vi na míawo hã egbea?

12. Aleke Hiob ƒe ŋutinyaa anya ɖe vi na Israel-viwo?

12 Ale si Hiob ƒe ŋutinyaa anya ɖe vi na Israel-viwo. Israel-viwo anya srɔ̃ nu tso Hiob ƒe ŋutinyaa me. Bu Mose ŋu kpɔ. Menɔ bɔbɔe na Mose be wòakplɔ Israel dukɔa o. Edzɔ enuenu be womeɖo to Yehowa o, eye woƒe nuwɔnawo te ɖe Mose dzi. Zi geɖe ne Israel-viwo ɖo nɔnɔme sesẽwo me la, wolĩa liʋiliʋi le Yehowa ŋu, gake Mose ya doa gbe ɖa na Yehowa biaa eƒe kpekpeɖeŋu. (2 Mose 16:​6-8; 4 Mose 11:​10-14; 14:​1-4, 11; 16:​41, 49; 17:5) Hiob ƒe kpɔɖeŋua anya ɖe vi na Mose esime Yehowa he to nɛ. Le kpɔɖeŋu me, esi wòsusɔ vie Israel-viwo naɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Kades la, Mose ƒo nu “eŋumabumabui” eye metsɔ ŋutikɔkɔe na Yehowa o. (Ps. 106:​32, 33) Le esia ta la, Yehowa meɖe mɔ nɛ wòyi Ŋugbedodonyigbaa dzi o. (5 Mose 32:​50-52) Esia anya te ɖe Mose dzi vevie; gake ebɔbɔ eɖokui xɔ tohehea. Hiob ƒe ŋutinyaa anya kpe ɖe Israel-vi siwo nɔ agbe le Mose ƒe ku megbe hã ŋu. Hiob ƒe ŋutinyaa ŋu bubu akpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ ale si woaɖe woƒe dzimenyawo agblɔ na Yehowa eye woagabu wo ɖokuiwo be yewole dzɔdzɔe wu Mawu o. Akpe ɖe wo ŋu hã be woabɔbɔ wo ɖokui ne Yehowa ɖɔ wo ɖo.

13. Aleke Hiob ƒe ŋutinyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi? (Hebritɔwo 10:36)

13 Ale si Hiob ƒe ŋutinyaa ate ŋu aɖe vi na mí. Egbea, ehiã be mí Kristotɔwo hã míado dzi. (Xlẽ Hebritɔwo 10:36.) Le kpɔɖeŋu me, lãmegbegblẽ, blanuiléledɔ alo dzimaɖitsitsi, ƒomekuxi sesẽwo, míaƒe ame vevi aɖe ƒe ku, kple kuxi bubuwo ɖea fu na mía dometɔ geɖe. Ɣeaɖewoɣi la, amewo ƒe nuwɔna alo nuƒoƒo ate ŋu ana wòagasesẽ na mí be míado dzi. (Lod. 12:18) Gake Hiob ƒe agbalẽa fia mí be míate ŋu agblɔ ale si tututu míele sesem le mía ɖokui me na Yehowa eye míaka ɖe edzi be aɖo to mí. (1 Yoh. 5:14) Mado dziku ɖe mía ŋu ne míegblɔ míaƒe seselelãmewo nɛ alo ne edzɔ ɣeaɖeɣi be ‘míeƒo nu kple adã’ abe Hiob ene o. Ke boŋ Mawu ana ŋusẽ kple nunya si míehiã be míate ŋu ado dzi la mí. (2 Kron. 16:9; Yak. 1:5) Ɣeaɖewoɣi hã la, aɖɔ mí ɖo ale si dze abe ale si wòwɔe na Hiob ene. Hiob ƒe agbalẽa na míekpɔ ale si wòle be míawɔ nui ne Yehowa to eƒe Nyaa, eƒe habɔbɔa alo nɔvi aɖe si tsi le xɔse me dzi ɖɔ mí ɖo alo ɖo aɖaŋu na mí. (Heb. 12:​5-7) Ale si ko wòɖe vi na Hiob esi wòbɔbɔ eɖokui lɔ̃ woɖɔe ɖo la, eɖea vi na míawo hã ne míebɔbɔ mía ɖokui lɔ̃ woɖɔ mí ɖo. (2 Kor. 13:11) Nu vevi aɖewoe nye esia míesrɔ̃ tso Hiob ƒe agbalẽa me! Azɔ na míadzro ale si míate ŋu azã Hiob ƒe ŋutinya sia atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu la me.

ZÃ HIOB ƑE ŊUTINYAA NÀTSƆ AKPE ÐE AMEWO ŊU

14. Aleke míate ŋu aɖe nu me na amewo woase nu si tae ame nyuiwo hã kpea fu la gɔme?

14 Egbea, ame geɖe biana be ‘Nu ka tae ame nyuiwo kpea fu?’ Ðe ame aɖe bia nya sia wò kpɔa? Ke aleke nèɖo eŋu nɛ? Ànya he eƒe susu yi nya si Biblia gblɔ ku ɖe nu si dzɔ le Eden-bɔa me la dzi. Ðewohĩ èɖe eme nɛ be gbɔgbɔ vɔ̃ɖi aɖe si nye Satana ble Adam kple Xawa ale be wodze aglã ɖe Mawu ŋu. (1 Mose 3:​1-6) Èna wònya hã be Adam kple Xawa ƒe aglãdzedzea wɔe be fukpekpe kple ku va xɔ xexea me. (Rom. 5:12) Ðewohĩ èƒo eta be Mawu ɖe mɔ be ɣeyiɣi aɖe nava yi be kpeɖodziawo naɖee afia kɔtɛ be aʋatsokalae Satana nye, eye mɔnukpɔkpɔ nasu ame geɖe si woase nya nyui si nye be le etsɔme la, amegbetɔwo agava de blibo. (Nyaɖ. 21:​3, 4) Numeɖeɖe sia sɔ; ate ŋu akpe ɖe ame geɖe ŋu woase nu si tae ame nyuiwo hã kpea fu la gɔme.

15. Aleke nàte ŋu azã Hiob ƒe ŋutinyaa atsɔ akpe ɖe ame aɖe ŋu wòanya nu si tae fukpekpe li? (Kpɔ fotoawo hã.)

15 Ne ame aɖe gabia wò be ‘Nu ka tae ame nyuiwo kpea fu’ hã la, àte ŋu azã Hiob ƒe ŋutinyaa hã atsɔ aɖe eme nɛ. Gbã, kafui ɖe nya vevi ma si wòbia la ta. Emegbe gblɔ ale si blematɔ wɔnuteƒe Hiob kpe fu vevie eye wòdi be yeanya nu si tae yenɔ fu kpem la nɛ. Na wòanya be Hiob nɔ esusum gɔ̃ hã be Mawu gbɔe yeƒe fukpekpewo tso. (Hiob 7:​17-21) Ðewohĩ awɔ nuku na amea be tso blema kee amewo di be yewoanya nu si tae fukpekpe li. Ðe eme nɛ be menye Mawu gbɔe Hiob ƒe fukpekpewo tso o, ke boŋ Abosam gbɔe wotso. Abosam na Hiob kpe fu kple susu be yeatsɔ aɖo kpe yeƒe nyaa dzi be ɖokuitɔdidi ta koe amegbetɔwo le Mawu subɔm ɖo. Na eme nakɔ nɛ be ɖe Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu, ke menye egbɔe wòtso o. Mawu nya be ame aɖewo lɔ̃ ye tae wole ye subɔm eye wòka ɖe edzi be woƒe nuteƒewɔwɔ aklo nu le Satana ƒe alakpanyaa dzi. Azɔ gblɔ ale si Mawu yra Hiob ɖe eƒe nuteƒewɔwɔa ta emegbe la nɛ. Míate ŋu azã mɔnu sia atsɔ afa akɔ na amewo ahana woakpɔe be menye Yehowa gbɔe fukpekpewo tso o.

Fotoawo: 1. Nyɔnu aɖe si ƒe dzi gbã vevie la lé foto aɖe si wòkpɔ le nu siwo dzo fiã dome la ɖe asi. 2. Emegbe la, nyɔnua yi nɔvi siwo le ɖaseɖikekevi aɖe si te ɖe kpekpeɖeŋunadɔwɔƒe aɖe ŋu la gbɔ eye nɔvinyɔnua le mawunyakpukpui aɖe xlẽm nɛ.

Aleke nàte ŋu azã Hiob ƒe ŋutinyaa atsɔ aka ɖe edzi na amewo be “Mawu mewɔa nu vɔ̃ɖi o”? (Kpɔ memama 15)


16. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si ɖee fia be Hiob ƒe ŋutinyaa ate ŋu akpe ɖe ame siwo le fu kpem la ŋu.

16 Bu ale si Hiob ƒe agbalẽa kpe ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Mario ŋu la ŋu kpɔ. Le ƒe 2021 me la, nɔvinyɔnu aɖe nɔ ɖase ɖim na amewo le telefon dzi. Ame gbãtɔ si wòyɔe nye Mario. Exlẽ mawunyakpukpui aɖe nɛ si ɖee fia be Mawu ɖoa to míaƒe gbedodoɖawo eye wòdo etsɔme nyui aɖe hã ƒe ŋugbe na mí. Esi nɔvinyɔnua bia Mario nu si wòsusu tso mawunyakpukpuia ŋu la, Mario ɖo eŋu be yenɔ kaklãlɛta ŋlɔm na yeƒe ƒomea ne yeawu ye ɖokui koe nye ema wòyɔ. Egblɔ be: “Mexɔe se be Mawu li, gake ŋdi sia mese le ɖokuinye me be Mawu gblẽm ɖi.” Emegbe nɔvinyɔnua gayɔe woɖo dze tso Hiob ƒe fukpekpewo ŋu. Mario ɖoe be yeaxlẽ Hiob ƒe agbalẽ bliboa. Eya ta mía nɔvinyɔnua ɖo Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ƒe link ɖee be wòate ŋu aʋui le mɔ̃ dzi. Nu kae do tso eme? Mario lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye, eye dzi dzɔe ŋutɔ be yele nu geɖe srɔ̃m tso Mawu si lɔ̃ ye hetsɔ ɖe le eme na ye vevie la ŋu.

17. Nu ka tae wòdzɔ dzi na wò be Yehowa na wotsɔ Hiob ƒe agbalẽa kpe ɖe eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la ŋu? (Hiob 34:12)

17 Eme kɔ ƒãa be ŋusẽ le Mawu ƒe Nyaa ŋu be wòatrɔ amewo ƒe agbenɔnɔ eye wòakpe ɖe ame siwo le fu kpem gɔ̃ hã ŋu. (Heb. 4:12) Dzidzɔ gãe wònye na mí be Yehowa na wotsɔ Hiob ƒe ŋutinya sia kpe ɖe eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la ŋu! (Hiob 19:​23, 24) Hiob ƒe agbalẽa na míeka ɖe edzi be “nyateƒe matrɔmatrɔe” wònye be “Mawu mewɔa nu vɔ̃ɖi o.” (Xlẽ Hiob 34:12.) Azɔ hã, ena míekpɔ susu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li kple nu si míawɔ be míate ŋu ado dzi. Ekpena ɖe mía ŋu hã be míefaa akɔ na ame siwo le fu kpem. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míakpɔ ale si Hiob ƒe agbalẽa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖo aɖaŋu nyuiwo na amewo.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Nu ka tae wònyo be míese nu si tae Mawu ɖe mɔ Hiob kpe fu la gɔme?

  • Aleke Hiob ƒe ŋutinyaa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi le xaxawo me?

  • Aleke míate ŋu azã Hiob ƒe agbalẽa atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋui?

HADZIDZI 156 Le Xɔse Me

a Anɔ eme be Hiob nɔ agbe ɣeaɖeɣi le Yosef ƒe ku megbe, gake do ŋgɔ na esime Mawu dɔ Mose be wòaɖe Israel-viwo tso Egipte. Eya ta anye be dzeɖoɖo si yi edzi le Yehowa kple Satana dome kple xaxa siwo me Hiob to la dzɔ ɣeaɖeɣi le ƒe 1657 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) kple ƒe 1514 D.Y. dome lɔƒo.

b Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe