Viwo “Nye Domenyinu Tso Yehowa Gbɔ”
NE ÈSE nya “domenyinu” la, nu kae vaa susu me na wò? Ðewohĩ wò susu ayi ga, nunɔamesi alo nu xɔasi aɖe si dome ame anyi tso eƒe ƒometɔ alo ame vevi aɖe gbɔ la dzi. Nu ka kee wòɖanye o, domenyinu nye nu xɔasi si nàdi vevie be yealé be na.
Biblia gblɔ be viwo “nye domenyinu tso Yehowa gbɔ.” (Ps. 127:3) Ðikeke mele eme o be dzila Kristotɔwo bua wo viwo be wonye nunana xɔasi tso yewo Fofo si le dziƒo la gbɔ, eye wodzea agbagba ɖe sia ɖe be yewoalé be na wo ahana woanɔ dedie. Wokpɔa egbɔ be yewo viwo le lãmesẽ me eye nu sia nu si wohiã le ŋutilã, seselelãme, kple gbɔgbɔ me la su wo si.
Ewɔ nublanui be dzila aɖewo mebua wo viwo be wonye nunana tso Mawu gbɔ o. (Yes. 49:15; 2 Tim. 3:1-3) Ðewo hã le agbagba dzem vevie be yewoalé be na yewo viwo, gake avu kple kɔe wònye na wo. Kuxi siwo nana wòsesẽna na dzilawo be woalé be na wo viwo dometɔ aɖewo ɖe? Nu kae Yehowa di tso dzilawo si? Eye nu kae dzila Kristotɔwo ate ŋu awɔ be woakpɔ dzidzedze le wo viwo hehe me?
KUXIAWO
Nyaƒoɖeamenu siwo tso ƒomea kple nutoa me tɔwo gbɔ. Le xexea ƒe akpa aɖewo la, wodea bubu geɖe dzila siwo dzi vi sɔ gbɔ ŋu. Le esia ta ƒometɔwo alo nutoa me tɔwo ate ŋu aƒoe ɖe atsu kple asiwo nu be woadzi vi geɖe, ɖewohĩ wu esi woate ŋu alé be na gɔ̃ hã.
Dzitsitsi ɖe etsɔ ŋu. Le nuto aɖewo me la, ɖeviwo kuna kabakaba elabena nuɖuɖu vena, dɔlékuiwo bɔ eye ɖɔktawo hã meli o. Eya ta atsu kple asi aɖewo dzia vi sɔ gbɔ kple susu be ɖewo ya teti natsi agbe. Ðewo hã dzia vi sɔ gbɔ kple susu be ɖeviawo nava lé be na yewo le yewoƒe tsitsime. Esia yia edzi koŋ le dukɔ siwo me dziɖuɖua mewɔ ɖoɖo aɖeke ɖe ame tsitsiwo dzi kpɔkpɔ ŋu o la me.
Ðoɖowɔwɔ ɖe vidzidzi ŋu. Le teƒe aɖewo la, nu siwo woatsɔ axe mɔ ɖe fufɔfɔ nu la mebɔ o. Le teƒe bubuwo hã ɖewo li, gake esiwo le wo gbɔ menye adodoea o, eya ta amewo medina be yewoazãe o elabe wovɔ̃na be ava gblẽ nu le yewo ŋu. Eye ame aɖewo hã, ga meli woaƒle ɖe azã o le esi woxɔ asi ta.a
NU KAE YEHOWA DI TSO DZILAWO SI?
Kpɔ vovo ɖe viwòwo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu
Kpɔ viwòwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Yehowa de dɔ dzilawo si be woakpɔ wo viwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Edi be dzilawo nawɔ dɔ sesĩe adi nuɖuɖu, nudodo kple mlɔƒe na wo viwo va se ɖe esime wotsi ate ŋu anɔ wo ɖokui si. Edi hã be dzilawo nafia nu wo viwo. Eya ta dzila Kristotɔwo matso ko akplɔ wo viwo avae gblẽ ɖe sukukpo dzi o. Ke boŋ woakpɔ egbɔ be yewo viwo le yewo gbɔ le aƒe me, kple susu be ŋku nanɔ wo ŋu ne woaxɔ hehe si aɖe vi na wo le agbe me, va se ɖe esime woasu te anɔ wo ɖokui si. Ehiã be dzilawo nakpɔ ɣeyiɣi ɖe wo viawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu ale be ɖeviawo nase le wo ɖokui me be wolɔ̃ yewo eye yewole dedie. Ke hã, Yehowa mele biabiam tso dzilawo si be woanye kesinɔtɔwo o. Le nyateƒe me la, menye kesinɔtɔwoe Yehowa tia be woalé be na Via lɔlɔ̃a Yesu o, ke boŋ etia ame tsɛ siwo doa vevie dɔ.—Mat. 13:55, 56; Luka 2:24.
Biblia ƒe mɔfiame: “Le nyateƒe me la, ne ame aɖe mekpɔa eya ŋutɔ tɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ o, vevietɔ eya ŋutɔ ƒe aƒemetɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ o la, egbe xɔse la, eye wòvɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ.”—1 Tim. 5:8.
Yehowa nya be dzilawo ahiã kpekpeɖeŋu le woƒe tsitsime. Le nyateƒe me la, mɔ aɖe si dzi ɖeviwo ato ade bubu wo dzilawo ŋue nye be woakpɔ egbɔ be nu si wo dzilawo hiã le woƒe tsitsime la su wo si. (2 Mose 20:12; 1 Tim. 5:4) Ke hã, edzea Yehowa ŋu ne dzilawo dzea agbagba léa be na wo viwo tsɔ wu be woƒe susu katã nanɔ ale si ɖeviawo ava lé be na yewo le yewoƒe tsitsime la ŋu.—2 Kor. 12:14.
Fia nu wo tso Yehowa ŋu. Dzila Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzie wònye be woafia nu wo viwo woalɔ̃ Yehowa ahasubɔe. Le Yehowa gbɔ la, esiae nye nu vevitɔ kekeake si dzilawo ate ŋu awɔ na wo viwo.—5 Mose 6:6, 7.
Biblia ƒe mɔfiame: “Miyi edzi mianɔ [mia viwo] hem le Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me.”—Ef. 6:4.
YEHOWA DI BE NÀKPƆ DZIDZEDZE LE VIWÒWO HEHE ME
Mi ame evea miɖo dze tso vi agbɔsɔsɔ si miadzi la ŋu do ŋgɔ
Mibu vi agbɔsɔsɔ si miadzi ŋu do ŋgɔ. Ne miele vidzidzi ŋu bum la, mide ŋugble le miaƒe nɔnɔmeawo ŋu nyuie. Le kpɔɖeŋu me, ne ɖeviawo sɔ gbɔ la, ɖe miate ŋu akpɔ wo katã dzi nyuiea? Elabe viwo dzi kpɔkpɔ bia ŋusẽ kple ɣeyiɣi geɖe, kpakple ga si miatsɔ akpɔ woƒe nuɖuɖu, nudodo, kple sukunyawo gbɔ. Azɔ hã, ele be mialé be na ɖeviawo abe ale si Yehowa di tso mia si ene. Eya ta mi ame evea mibu eŋu kpɔ: Vi nenie miate ŋu adzi ahalé be na nyuie? Le nyateƒe me la, Yehowa nya be menye nu sia nu si ŋu míewɔ ɖoɖo ɖo ye adze edzi pɛpɛpɛ abe ale si míedi ene o. (Nyagb. 9:11) Gake ayra ɖe agbagba siwo katã miadze be yewoanye dzila nyuiwo la dzi godoo.
Biblia ƒe mɔfiame: “Veviedola ƒe ɖoɖowo hea dzidzedzekpɔkpɔ vanɛ, ke ame sia ame si tsia klokloklo la, hiã atui.”—Lod. 21:5.
“Mia dometɔ kae li ne edi be yeatu xɔ la, manɔ anyi abu eŋu kɔnta gbã ahakpɔ ɖa be nu sɔ gbɔ ɖe ye si yeate ŋu awu enu o mahã?”—Luka 14:28.
Tsɔ Yehowa ɖo nɔƒe gbãtɔ le wò ƒomea me. Na Yehowa subɔsubɔ nanye nu vevitɔ le wò ƒomea me. Ne viwo le mia si xoxo la, miɖoe kplikpaa be miafia nu wo dometɔ ɖe sia ɖe be wòalɔ̃ Yehowa. Kpe ɖe wo ŋu be woaɖo to nyuie le hame ƒe kpekpewo me. Minɔ ƒometadedeagua wɔm kwasiɖa sia kwasiɖa. Na hehe viwòwo woanya ale si woaɖe gbeƒã. Wò agbanɔamedzie wònye be nàlé be na viwòwo, eya ta mègaɖe ta le agbanɔamedzi siawo te atsɔe ade asi na viwò tsitsiwo, ƒometɔwo alo ame bubu aɖe o. Viwòwo hehe be woalɔ̃ Yehowa bia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe, gake dzi adzɔ wò ŋutɔ ne èkpɔ ale si viwòwo le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe.
Biblia ƒe mɔfiame: “Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia o: be mase be vinyewo yi edzi le zɔzɔm le nyateƒe la me.”—3 Yoh. 4.b
Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Ne fifiae nèle ɖoɖo wɔm ɖe vidzidzi ŋu alo nèdzi vi xoxo la, ka ɖe edzi be nu si Yehowa di tso asiwò abe dzila ene la le vevie wu nu si ame siwo le nutoa me la le mɔ kpɔm be nàwɔ.
Ebia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze geɖe be nàhe viwòwo woalɔ̃ Yehowa
Ne ètiae be yemadzi vi sɔ gbɔ o hã la, ka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi alé be na wò le wò tsitsime. Nu ka kee amewo ɖasusu le mia gbɔ o, megawɔ na wò be ele be yeadzi vi kple susu be ɖeviawo nava kpɔ ga akpɔ ye dzi o. Mègavɔ̃ be kpeɖeŋutɔ aɖeke mava nɔ ye si le yeƒe tsitsime o. Yehowa do ŋugbe be yealé be na wò, eye ewɔa eƒe ŋugbedodowo katã dzi.—Yos. 23:14.
Biblia ƒe mɔfiame: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, eye mègaɖo ŋu ɖe wò ŋutɔ wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ana wò mɔwo nadzɔ.”—Lod. 3:5, 6.
“Menɔ ɖevime tsã, azɔ metsi, ke nyemekpɔ wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi loo, alo be viawo ɖo abologbe kpɔ o.”—Ps. 37:25.
“Eya ta miyi edzi mianɔ Fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã, eye woatsɔ nu bubu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.”—Mat. 6:33.
Viwo nye nunana xɔasi si Yehowa tsɔ de dzilawo si. Dzi dzɔa Yehowa ŋutɔ ne dzilawo he wo viwo abe ale si wòdi ene! Wonyae be nu si Yehowa di tso yewo si la le vevie wu nu si nutoa me tɔwo di be yewoawɔ. Esia tae wodea ŋugble nyuie le vi agbɔsɔsɔ si woadzi ŋu ale be woate ŋu akpɔ wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Eye woléa be na wo be woatsi akpɔ dzidzɔ, woalɔ̃ Yehowa ahasubɔe. Ne dzila Kristotɔwo wɔ esia la, ke woaɖee afia be yewo viwo nye nunana xɔasi alo “domenyinu tso Yehowa gbɔ.”
a Atsu kple asi ɖe sia ɖe ŋutɔe atso nya me le vi agbɔsɔsɔ si woadzi, ɣeyiɣi si woadzi wo, kple mɔnu si woazã atsɔ axe mɔ ɖe fufɔfɔ nu ŋu. Mele be ame aɖeke nazi eƒe susu ɖe wo dzi alo adrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe woƒe nyametsotsowo ta o. Ke hã, ele be atsu kple asia nakpɔ egbɔ be mɔnu si yewoazã la naganye esi awu fugboe alo age fu o. (Rom. 14:4, 10-13) Ele be mɔfiame si le 1 Korintotɔwo 7:3-5 hã nanɔ susu me na srɔ̃tɔ Kristotɔwo.
b Nya “vinyewo” si Yohanes zã le afi sia fia ame siwo wòfia nui wova xɔ nyateƒea. Ke hã dzilawo sena le wo ɖokui me nenema ne wo viwo le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe.