INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w26 April axa 14-19
  • Bu Xaxa Siwo Me Tom Nèle Le Mɔ Nyuitɔ Nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Bu Xaxa Siwo Me Tom Nèle Le Mɔ Nyuitɔ Nu
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2026
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ALE SI WÒLE BE MÍABU XAXAWOE
  • NUWO ŊU MABUMABU NYUIE ATE ŊU AGBLẼ NU LE MÍA ŊU
  • NU SIWO NÀTE ŊU AWƆ NE XAXAWO VA DZIWÒ
  • Ðe Wò Kuxiwo Nye Tohehe Tso Mawu Gbɔa?
    Nyɔ!—2009
  • Ðo Ŋku Edzi Be Yehowa Ye Nye “Mawu Gbagbe La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Ale Si Yehowa Le Kpekpem Ðe Mía Ŋu Be Míado Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Ðe Míaƒe Fukpekpewo Nye Tohehe Tso Mawu Gbɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2026
w26 April axa 14-19

JUNE 15-21, 2026

HADZIDZI 122 Minɔ Te Sesĩe, Maʋamaʋãe!

Bu Xaxa Siwo Me Tom Nèle Le Mɔ Nyuitɔ Nu

“Togbɔ be xaxa kple hiã tum hã la, nyemelɔ̃a nu le wò sededewo gbɔ o.”—PS. 119:143.

TAÐODZINUA

Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔe be ne míebua xaxa siwo me tom míele le mɔ nyuitɔ nu la, esia akpe ɖe mía ŋu míayi edzi asubɔ Yehowa kple dzidzɔ.

1-2. Nu kae wòhiã be míawɔ be míate ŋu anɔ te ɖe míaƒe xaxawo nu? (Kpɔ fotoa hã.)

YEHOWA lɔ̃ mí esubɔlawo vevie. Ke hã, mía nɔvi geɖewo ƒe agbe “yɔ fũu kple fukpekpe kple nuxaxa.” (Ps. 90:10) Ðewo ƒe ƒometɔwo mewɔa nu ɖe wo ŋu nyuie o le Yehowa subɔsubɔ ta. Amewo tia nɔvi aɖewo yome eye wolé ɖewo de gaxɔ me le gbeƒãɖeɖedɔa ta. Dɔlelé kple tsitsimekuxiwo wɔe be mía nɔvi aɖewo le veve sem vevie. Eye bubuwo hã le nu xam le woƒe ame vevi aɖe ƒe ku alo nya vɔ̃ aɖe si dzɔ ɖe wo dzi le agbe me ta. Ðe nane wɔe be wò hã nètsi dzimaɖi alo le nu xama?

2 Be míate ŋu ado dzi le míaƒe xaxawo me la, ele be míabu wo abe ale si Yehowa dii ene. Nu ka tae esia le vevie? Na míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Xaxa siwo vaa mía dzi le agbe me la le abe nu siwo ate ŋu ado afɔku ʋukula ene. Kuxi ɖe sia ɖe kple ale si wòahiã be wòatrɔ ɖe eŋu. Ɣeaɖewoɣi la, abia be wòatrɔ ʋua ɖe ɖusi alo mia, aɖiɖi ʋua ƒe duƒuƒu dzi akpɔtɔ, alo atɔ ʋua kura gɔ̃ hã. Gake hafi wòanya nu si tututu wòawɔ la, ele be wòakpɔ nu si nye afɔku la nyuie. Ke hã tsidzadza sesẽ alo ʋuʋudedi ate ŋu awɔe be makpɔ nu nyuie o. Nenema kee ne xaxawo va la, ehiã be míabu wo le mɔ nyuitɔ nu ale be míate ŋu ato wo me ado dedie. Le nyati sia me la, míadzro nu etɔ̃ aɖewo me. (1) Ale si wòle be míabu xaxawoe, (2) ale si susu manyomanyowo ŋu bubu ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu, kple (3) nu siwo míawɔ ale be ne xaxawo va mía dzi la, Yehowa ƒe susu le wo ŋu nanɔ mía si.

Ʋukula aɖe ƒe ŋgɔgbehuhɔ̃ea lé ɖi ale gbegbe mete ŋu le ŋgɔgbe kpɔm nyuie o eye kasia wòakpɔa elili mɔxenu aɖe.

Ehiã be míabu xaxa siwo me tom míele abe ale si Yehowa dii ene ale be wòanɔ bɔbɔe na mí be míanɔ te ɖe wo nu (Kpɔ memama 2)


ALE SI WÒLE BE MÍABU XAXAWOE

3. Nya ka dzie wòle be míalɔ̃ ɖo?

3 Ame aɖeke mate ŋu asi le xaxawo nu le xexe vɔ̃ɖi sia me o. Zi ale si míede blibo o eye Satana kpɔtɔ le xexe sia dzi ɖum la, xaxawo ava mía dzi. Azɔ hã esi míele xexea ƒe nuwuwu gogom la, dzɔdzɔmefɔkuwo anɔ gã dom ɖe edzi eye ame vɔ̃ɖiwo anɔ vɔɖivɔ̃ɖim ɖe edzi. (Mat. 24:8; 2 Tim. 3:13) Ne ɖe Yehowa le xexe sia ƒe kuxiwo gbɔ kpɔm fifia la, ke adze abe ele asi kpem ɖe Satana ŋu be wòaɖu xexea dzi nyuie ene. Nya lae nye be le xexe sia me ya la, “vɔ̃” ate ŋu adzɔ ɖe ame sia ame dzi.—Nyagb. 9:12.

4. Nɔnɔme sesẽ bubu ka mee Kristotɔ vavãwo tona?

4 Yesu yomedzela vavãwo toa xaxa bubuwo hã me. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo enuenu be woati wo yome. (Mat. 24:9; Yoh. 16:2) Eya ta mewɔa nuku na mí ne xaxawo va mía dzi o. (1 Tes. 3:​3, 4) Míenya be ne míeyi edzi wɔ nuteƒe le nɔnɔme sesẽwo me la, Yehowa kple Yesu woaɖo eteƒe na mí ahana míakpɔ agbe mavɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míaƒe nuteƒewɔwɔ ɖenɛ fiana be míele Yehowa ƒe akpa dzi le nya gã si Satana tsɔ ɖe Yehowa kple mí amegbetɔwo ŋu la me. Satana be ɖokuitɔdidi tae amegbetɔwo subɔa Yehowa ɖo. Be Satana naɖo kpe eƒe nyaa dzi la, etɔa ŋku Yehowa ƒe amewo be yeagblẽ woƒe nuteƒewɔwɔ me. (Hiob 1:​9-11) Eya ta ne míedoa dzi le xaxa siwo vaa mía dzi me la, eɖenɛ fiana be míelɔ̃ Yehowa, eye eya hã kpɔa dzidzɔ ɖe mía ŋu.—Lod. 27:11.

5. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Nyagblɔla 7:​13, 14 me? (Kpɔ nɔnɔmetataawo hã.)

5 Yehowa mexea mɔ ɖe nya vɔ̃ ɖe sia ɖe nu o. Biblia na míenya be Yehowa mewɔa nu vɔ̃ɖi gbeɖe o eye metsɔa nu vɔ̃ɖi tea mí kpɔna o. (Yak. 1:13) Ke nu ka tae Fia Salomo gblɔ be ‘ne ŋkekea me menyo o hã, Mawue wɔ eya hã’? (Xlẽ Nyagblɔla 7:​13, 14.) Aɖaŋu nyui aɖe ko ɖom Salomo le na mí be susu nyui nanɔ mía si ku ɖe xaxa siwo vaa mía dzi la ŋu. Eƒe nyawo mefia be Yehowa gbɔe nu vɔ̃ɖi siwo dzɔna la tso o. Ke boŋ efia be Mawu mexea mɔ ɖe nya vɔ̃wo ƒe dzɔdzɔ nu o. Ke nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya siwo wògblɔ le Nyagblɔla 7:​13, 14 me? Eyae nye be (1) ele be míaɖo ŋku edzi be esi míekpɔtɔ le Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia me ya la, menye ɣesiaɣie nuwo ayi na mí nyuie le ŋkekea me o. Eya ta gbe si gbe ŋkekea nyo na wò la, da akpe na Mawu ɖe eta elabe egbɔe nu nyuiwo katã tso. (2) Salomo ƒe nyawo ɖo ŋku edzi na mí hã be ‘míate ŋu anya nu si tututu ava dzɔ o.’ Esia fia be nya vɔ̃wo ate ŋu adzɔ ɖe ame nyuiwo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa dzi.

Fotoawo: Nuwo nyo na agbledela aɖe le ŋkeke aɖewo dzi, gake nuwo gblẽ nɛ le ŋkeke bubuwo dzi. 1. Eƒe agblemenukuwo wɔ nyuie eye wòtsɔ dzidzɔ le timati ɖiɖi nyui aɖewo gbem. 2. Le ŋkeke bubu dzi la, eƒe agblemenukuwo fiã eye wòle timati gbegblẽ aɖe kpɔm nublanuitɔe.

Zi ale si míekpɔtɔ le Satana ƒe xexe sia me ko la, ele be wòanɔ susu me na mí be menye ɣesiaɣie nuwo ayi na mí nyuie o (Kpɔ memama 5)


6. Susu ka tae Yehowa ɖea mɔ xaxawo vaa mía dzi ɣeaɖewoɣi? (Hebritɔwo 12:​7, 11)

6 Ne míebua xaxa siwo me tom míele le mɔ si sɔ nu la, míade dzesii be Yehowa le kpekpem ɖe mía ŋu be míasrɔ̃ ale si míaɖo ŋu ɖe ye ŋu bliboe, ke menye ɖe mía ɖokui ŋu o. Yehowa dea dzesi xaxa siwo me tom míele, eye wòtena ɖe edzi ne míele fu kpem. Ne eɖe mɔ míele xaxa siwo le abe “bali doblukɔ tsiɖitsiɖi” ene me tom hã la, eyia edzi fiaa mɔ mí, ekana ɖe edzi na mí be yelɔ̃ mí, eye wòdoa ŋusẽ mí be míado dzi. (Ps. 23:4) Xaxawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu hã be míade dzesi míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ale be Mawu nakpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖɔɖɔɖo siwo hiã. (Xlẽ Hebritɔwo 12:​7, 11.) Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be menye Yehowa gbɔe Hiob ƒe tetekpɔwo tso o hã la, Yehowa kpe ɖe Hiob ŋu wòsrɔ̃ ale si wòabɔbɔ eɖokui geɖe wu. (Hiob 42:​1-6) Xaxa ka kee ɖava mía dzi o, míenya be esiwo ŋu Yehowa aɖe mɔ ɖo magblẽ nu le mía ŋu ɖikaa o. Eya ta ne míeyi edzi do dzi nuteƒewɔwɔtɔe la, Yehowa aɖo eteƒe na mí godoo.—Rom. 8:​35-39.

7. Nu ka tae nàte ŋu akpɔ dzidzɔ ne woti yowòme le Yehowa subɔsubɔ ta?

7 Míate ŋu akpɔ dzidzɔ ne wole mía yome tim. Ne wole yowòme tim le wò xɔse ta la, mègasusui be ɖe Yehowa gblẽ ye ɖi o. Ke boŋ ema nye dzesi be wò nu dzea eŋu. (Mat. 5:​10-12) Ne esia le susu me na wò la, ke àyi edzi akpɔ dzidzɔ le yometiti me eye bubu anɔ ŋuwò, abe ale si wònɔ le apostoloawo gome ene. (Dɔw. 5:​40-42) Azɔ hã, ne èyi edzi wɔ nuteƒe le yometiti me la, mɔnukpɔkpɔ asu asiwò nàkpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nyateƒea tso Yehowa ŋu eye woawo hã woaɖi ɖase tso eŋu. (1 Pet. 2:12) Bu Yosef ŋu kpɔ. Yehowa kpe ɖe eŋu heɖo eteƒe nɛ esime wòkpɔtɔ nɔ gaxɔ me gɔ̃ hã, ke menye esime woɖe asi le eŋu hafi wòɖo eteƒe nɛ o. Eye Yehowa ate ŋu awɔe na wò hã nenema ne èle xaxawo me tom.—1 Mose 39:​3, 23.

8. Nu bubu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe ne míele xaxawo me tom?

8 Míaƒe xaxawo manɔ anyi ɖaa o. Blemafofo Hiob ƒe ŋutinyaa ɖoa ŋku edzi na mí be míaƒe xaxawo nu ava yi gbe ɖeka. Le nyateƒe me la, “Yehowa yra Hiob le eƒe agbenɔƒe mamlɛawo me wu ale si wònɔ le gɔmedzedzea.” (Hiob 42:12) Nenema kee xaxa siwo me tom míele egbea nye ɣeyiɣi kpui aɖe ko ƒe nu. Gake le xexe yeyea me la, Yehowa adudu yayrawo akɔ ɖe mía dzi wòagba go, eye míase vivi le agbe me tegbee! Eya ta mina míayi edzi ado dzi le xaxawo me eye míawɔ nu si sɔ le Mawu ŋkume ɖaa, be yayra siawo nasu mía si.—Mat. 24:13.

NUWO ŊU MABUMABU NYUIE ATE ŊU AGBLẼ NU LE MÍA ŊU

9. Ne míele xaxawo me tom eye míebu nuwo ŋu nyuie o la, aleke wòagblẽ nu le mía ŋu?

9 Ne míele xaxawo me tom eye míebu nuwo ŋu nyuie o la, esia ate ŋu agblẽ nyaa ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu awɔ na mí be Yehowae he xaxaa va mía dzi. Nu sia tɔgbi dzɔ ɖe Hiob dzi. Eva nɔ esusum be Yehowa gbɔe yeƒe kuxiawo tso. Esia na wòva nɔ ‘eɖokui bum be yele dzɔdzɔe wu Mawu.’ (Hiob 32:2) Nu ma tɔgbi dzɔ ɖe Naomi hã dzi. Ebu fɔ Yehowa be eyae na xaxawo va ye dzi. (Rut 1:​13, 20, 21) Ne ɖe Hiob kple Naomi lé nuŋububu gbegblẽ ma me ɖe asi la, anye ne woado dziku ɖe Mawu ŋu eye woa kplii dome nagblẽ. (Lod. 19:3) Gake Yehowa kpe ɖe wo ŋu wokpɔe be menye ye gbɔe woƒe kuxiawo tso o. Eye esi woyi edzi wɔ nuteƒe nɛ ta la, eyra wo geɖe.

10. Ne míele xaxawo me tom la, nu kae ate ŋu ava susu me na mí?

10 Togbɔ be míeka ɖe edzi be menye Yehowa gbɔe míaƒe kuxiwo tso o hã la, ate ŋu ava nɔ wɔwɔm na mí be megatsɔ ɖeke le eme na mí o. Nuŋububu alea ate ŋu aɖe dzi le mía ƒo eye wòasesẽ na mí be míayi edzi awɔ nu si sɔ. (Lod. 24:10) Esia tɔgbi dzɔ ɖe Fia David kple nyagblɔɖila Habakuk dzi. Wo ame evea siaa to nɔnɔme sesẽwo me eye eva ɖo ɣeaɖeɣia, ewɔ na wo be Yehowa do toku yewoƒe gbedodoɖawo. (Ps. 10:1; Hab. 1:2) Ke hã, woyi edzi nɔ gbe dom ɖa. Yehowa kpe ɖe esubɔla wɔnuteƒe siawo ŋu, eye akpe ɖe wò hã ŋuwò.—Ps. 10:17.

11. Ne míebua nuwo ŋu nyuie o la, aleke míava nɔ sesem le mía ɖokui me tso xaxa siwo vaa mía dzi ŋu?

11 Ne susu nyui mele mía si ɖe xaxawo ŋu o la, woadze mí kpo eye míava nɔ esusum gɔ̃ hã be menye míawo dzie wòle be wòadzɔ ɖo o. (1 Pet. 4:12) Le kpɔɖeŋu me, esi Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be amewo ati ye yome ahawu ye la, mesɔ ɖe edzi na wo kura o eye womexɔe se be adzɔ o. (Luka 18:​33, 34) Togbɔ be Yesu ɖe nu sia nu me na wo hã la, Petro susui be madzɔ gbeɖe be Yehowa naɖe mɔ Yesu nakpe fu ma o. Eya ta edze agbagba be yeana Yesu natrɔ susu. Gake Yesu nyae be Petro ƒe nuŋububu ma made ye dzi yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu o. Eya ta Yesu gbe nya nɛ. (Marko 8:​31-33) Le Yesu ƒe ku megbe gɔ̃ hã la, esesẽ na eƒe nusrɔ̃lawo kokoko be woase susu si tae Yehowa ɖe mɔ wowui la gɔme. Ke hã, Yesu yi edzi kpe ɖe wo ŋu elabe elɔ̃ wo. Esi Mawu fɔ Yesu ɖe tsitre la, Yesu ‘ɖe Ŋɔŋlɔawo me na wo tsitotsito’ be wòakpe ɖe wo ŋu woase nu si tae wòhiã be yeakpe fu la gɔme. (Luka 24:​25-27, 32, 44-48) Ŋugbledede le nu si Yesu fia wo ŋu dzra wo ɖo ɖe yometiti si nɔ wo ŋgɔ la ŋu. Ne míawo hã míedea ŋugble le nya siwo Biblia gblɔ tso xaxawo kple yometitiwo ŋu la, adzra mí ɖo ɖe wo ŋu.

12. Ne míebua nuwo ŋu nyuie o la, aleke wòate ŋu ana míase le mía ɖokui me?

12 Ne susu nyuitɔ mele mía si ɖe xaxawo ŋu o la, ate ŋu awɔ na mí be womewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o alo be míaƒe nɔnɔmea vloe wu ale si tututu wòle. Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe ku ɖe waingble me dɔwɔla aɖewo ŋu, si na nya sia me kɔ nyuie. Dɔwɔla siawo dometɔ aɖewo to nyatoƒoe elabe womekpɔ dzidzɔ ɖe ga si aƒetɔa xe na wo la ŋu o. Aƒetɔa gblɔ na wo dometɔ ɖeka be: “Xɔ̃, nyemedze agɔ le dziwò o ɖe.” (Mat. 20:​10-13) Menye ɖe aƒetɔa ba wo tae wonɔ nyatoƒoe tom o, ke ale si wonɔ nuwo ŋu bumee mesɔ o. Egbea hã, nɔvi aɖewo meva nɔa nuwo ŋu bum nyuie o. Le kpɔɖeŋu me, esia tea ŋu dzɔna ne eva hiã be woaɖe asi le subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖe ŋu alo ne mɔnukpɔkpɔ si dim wole mesu wo si o. Nu kawoe akpe ɖe mía ŋu míabu nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene le nɔnɔme siawo tɔgbi me?

NU SIWO NÀTE ŊU AWƆ NE XAXAWO VA DZIWÒ

13. Ne xaxawo va dziwò la, aleke nàte ŋu ase le ɖokuiwò me?

13 Anɔ eme be ènya nya siwo Biblia gblɔ tso fukpekpe ŋu la nyuie. Eye ɖewohĩ ètea ŋu zãa mawunyakpukpuiwo tsɔ dea dzi ƒo na ame siwo le xaxawo me tom. Gake ne wò ŋutɔ èɖo nɔnɔme mawo tɔgbi me la, ate ŋu asesẽ be nàbu nuwo ŋu abe ale si Yehowa dii ene. Ðewohĩ awɔ na wò be Yehowae le to hem na ye alo be mele to ɖom yeƒe gbedodoɖawo o. Ne èva le nuwo ŋu bum alea la, nu kae akpe ɖe ŋuwò?

14. Ne èle xaxawo me tom la, nu ka ŋue nàte ŋu ado gbe ɖa tsoe? (Filipitɔwo 4:13)

14 Bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò. Do gbe ɖa na Yehowa nàgblɔ xaxa siwo me tom nèle kple ale si nèle sesem le ɖokuiwò me la nɛ. Gblɔ nu siwo tututu nèdi be wòawɔ na ye. Bia be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nado ŋusẽ wò nàyi edzi ado dzi eye nàte ŋu atso nya me nyuie. Gake ɖo ŋku edzi be Yehowa ate ŋu aɖo wò gbedodoɖaa ŋu le mɔ si mèsusu o nu. (Ef. 3:20) Ate ŋu ato mawudɔlawo alo nɔviwò Kristotɔwo dzi akpe ɖe ŋuwò. (Ps. 34:7) Eya ta lɔ̃ faa nàxɔ kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si tso Yehowa gbɔ, eye nàda akpe ɖe eta. Ka ɖe edzi be Yehowa ana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wò be nàte ŋu anɔ te ɖe kuxi ɖe sia ɖe si ava dziwò la nu.—Xlẽ Filipitɔwo 4:13.

15. Nu kawoe akpe ɖe ŋuwò be nàdo dzi le nɔnɔme sesẽwo me? (Kpɔ fotoa hã.)

15 Nɔ nu siwo ana wò kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli la wɔm. Le xaxaɣiwo la, ɖewohĩ ate ŋu asesẽ be nàyi edzi awɔ nu siwo katã nèwɔna tsã, ke hã dze agbagba nàwɔ esiwo nàte ŋui. Elabe le ɣeyiɣi sesẽwo mee wògahiã vevie le wu be nàbu nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene. (Ps. 119:143) Eya ta ku kutri vevie nànɔ Biblia xlẽm gbe sia gbe, ku nu me tso eŋu, eye nàde ŋugble le eŋu. Dze agbagba nànɔ gbeƒã ɖem edziedzi ale si nàte ŋui. Nɔ kpekpeawo dem eye nànɔ nya ŋu ɖom. Na kadodo nanɔ wò kple nɔviawo dome ɣesiaɣi. Ate ŋu awɔ na wò ɣeaɖewoɣi be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga vie, gake mègawɔe nenema o. Te ɖe nɔviwo ŋu nàde ha kpli wo.—Lod. 18:1.

Nɔviŋutsu aɖe le dɔba dzi eye wòto videokadodo dzi le gome kpɔm le “Gbetakpɔxɔ” Nusɔsrɔ̃a me. Elé eƒe “Gbetakpɔxɔ” kple Biblia ɖe asi kplɔ nusɔsrɔ̃a ɖo.

Dze agbagba nànɔ nu siwo ate wò ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli la wɔm (Kpɔ memama 15)


16. Aleke xaxawo ate ŋu ana nàse le ɖokuiwò me, eye nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ aɖɔ wò susu ɖo? (2 Korintotɔwo 10:​4, 5)

16 Zã Biblia nàtsɔ aɖɔ wò nuŋububu ɖo. Ne nɔnɔme sesẽwo va dziwò la, anɔ bɔbɔe be nànɔ fɔ bum ɖokuiwò alo Yehowa gɔ̃ hã. Gake nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàho nuŋububu mawo siwo le abe “nu siwo li ke sesĩe” ene la ɖa? (Xlẽ 2 Korintotɔwo 10:​4, 5.) Eyae nye nyateƒe si le Mawu ƒe Nyaa me kple Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe agbalẽwo. Le kpɔɖeŋu me, ne èsena le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi be Yehowa melɔ̃ ye o la, nu kae akpe ɖe ŋuwò? Ŋugbledede le apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua ŋu aɖe vi na wò. Paulo to nɔnɔme sesẽ geɖe me le eƒe subɔsubɔdɔa me. Ke hã esi wòte ŋu yi dɔa dzi dzonɔamemetɔe la, esia na wòka ɖe edzi vevie be Yehowa kple Yesu lɔ̃ ye, eye yeƒe nu dzea wo ŋu. (2 Kor. 11:​23-27) Ke ɖe wòwɔna na wò ɣeaɖewoɣi be Yehowa metsɔ nu vɔ̃ siwo nèwɔ va yi la ke wò oa? Ne èsena le ɖokuiwò me alea la, anyo be nàŋlɔ mawunyakpukpui siwo ɖo kpe edzi be Yehowa tsɔna kena faa, eye nànɔ wo xlẽm ahanɔ ŋugble dem le wo ŋu. (Yes. 43:25; Ps. 119:97) Ðe nya vɔ̃ aɖe dzɔ ɖe wò ŋutɔ alo wò ame vevi aɖe dzi si na wòwɔ na wò be Yehowa mekpɔa esubɔlawo ta oa? Ke dze agbagba nàku nu me tso nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li la ŋu eye esia ana nàka ɖe edzi be Mawu kpɔa mía ta be mía kplii ƒomedodoa me nagagblẽ o. (Ps. 91:​9-12) Mía nɔvi geɖewo to nɔnɔme sesẽwo me gake Yehowa kpe ɖe wo ŋu wokpɔtɔ le esubɔm kple dzidzɔ. Àte ŋu axlẽ nu tso woƒe ŋutinyawo hã ŋu.a

17. Ne xaxawo va dziwò la, nu kae wòle be nàwɔ?

17 Ðe nuwo le yiyim na wò nyuie le ŋkeke siawo mea? Ke da akpe na Yehowa eye nàkafui ɖe nu nyui siwo wɔm wòle na wò la ta. (Nyagb. 7:14) Gake ne xaxawo va dziwò la, susu nyui nenɔ asiwò ɖe wo ŋu eye nàyi edzi aka ɖe Yehowa dzi. Ne èwɔe alea la, Yehowa ‘ana mɔ si dzi nàto ado le eme’ la wò, ‘ale be nàte ŋu ado dzi atsɔe.’ (1 Kor. 10:13) Ke ne nya vɔ̃ aɖe dzɔ ɖe mía nɔvi aɖe dzi ɖe, nu kae míawɔ atsɔ akpe ɖe eŋu? Míadzro nya sia me le nyati si kplɔe ɖo me.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Aleke wòle be míabu míaƒe xaxawoe?

  • Ne míebu nuwo ŋu nyuie o la, aleke wòate ŋu agblẽ nu le mía ŋu?

  • Ne nya vɔ̃wo dzɔ la, nu kae míate ŋu awɔ?

HADZIDZI 150 Di Mawu Be Nàkpɔ Ðeɖe

a Yi jw.org be nàxlẽ agbemeŋutinya si ku ɖe Nɔviŋutsu David Maza kple eƒe ƒomea ŋu be nàkpɔ nu si kpe ɖe wo ŋu wodo dzi esi wo viŋutsuawo dometɔ ɖeka ku. Ŋutinyaa ƒe tanyae nye “A Happy Family, Shattered and Rebuilt” (« Une famille heureuse frappée par un drame réussit à se reconstruire »).

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe