Etenuŋɔŋlɔ
a Yehowa di be woakpɔ vovototo le ale si eƒe amewo wɔ nu ɖe eƒe aƒe kɔkɔea ŋu le blema dome adze sii esi wògblɔ be: “Esi wotsɔ woƒe kpui ɖo nye kpui nu, kple woƒe ʋɔtrutiwo ɖo nye ʋɔtrutiwo xa, ale be gli koe tso nye kpli wo dome, eye wotsɔ woƒe ŋunyɔnu siwo wowɔ la ƒo ɖi nye ŋkɔ kɔkɔea.” (Eze. 43:8) Le blema Yerusalem la, gli koe tso Yehowa ƒe gbedoxɔa kple amewo ƒe aƒewo dome. Esi ameawo tra ɖa tso Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo gbɔ la, wotsɔ woƒe nu makɔmakɔwo, woƒe trɔ̃subɔsubɔ gogo Yehowa ƒe aƒea. Yehowa meda asi ɖe nuwɔna mawo dzi kura o!