Etenuŋɔŋlɔ
b NYA AÐEWO ME ÐEÐE: Gbɔgbɔyɔyɔ nye dzixɔse kple nuwɔna siwo nana ame nɔa kadodo me kple gbɔgbɔ vɔ̃wo la me léle ɖe asi. Nenema kee nye dzixɔse si nye be gbɔgbɔ aɖe le amegbetɔ me si yia edzi nɔa agbe le amea ƒe ku megbe, si tea ŋu ƒoa nu kple agbagbeawo, vevietɔ, to ŋɔliyɔla dzi la hã. Adzewɔwɔ kple afakaka hã nye gbɔgbɔyɔyɔ. Le nyati sia me la, madzikiwɔwɔ fia nuwɔna siwo do ƒome kple vivimeŋusẽwo kple ŋusẽ si gbɔ amegbetɔwo tɔ ŋu. Nenema kee nye dzoɖuɖu ame kple gbesasa de ame hã. Menye ameflunuwɔna si me ameflulaa nɔa eƒe asiwo ʋãm kabakaba le, si ame aɖewo wɔna tsɔ ɖea modzaka na amewo lae wònye o.