Kuɖa, May 22
Nye gbedodoɖa nenɔ abe dzudzɔdonu ʋeʋĩ ene le ŋkuwòme.—Ps. 141:2.
Ɣeaɖewoɣia, woate ŋu abia tso mía si be míaxɔ ŋgɔ ado gbe ɖa. Le kpɔɖeŋu me, nɔvinyɔnu aɖe si le Biblia srɔ̃ ge kple ame aɖe ate ŋu abia tso nɔvinyɔnu si kplɔe ɖo la si be wòado gbe ɖa. Ne nɔvinyɔnu si kplɔe ɖoa menya nusrɔ̃via nyuie oa, ɖewohĩ atiae be yeado gbea ɖa le nusɔsrɔ̃a ƒe nuwuwu boŋ. Esia awɔe be wòade dzesi nu ɖeka eve aɖewo le nusrɔ̃via ŋu le nua srɔ̃ɣi ale be wòanya nu siwo ŋu wòado gbe ɖa tsoe be wòaɖe vi nɛ. Mɔnukpɔkpɔ sua nɔviŋutsu aɖewo si be woado gbe ɖa le kpekpe hena gbeadzi alo hame ƒe kpekpe me. Ele be nɔvi mawo naɖo ŋku kpekpea ƒe taɖodzinu dzi. Mele be woazã gbedodoɖa atsɔ aɖe gbeƒã aɖewo alo agbe nya na nɔviwo o. Le hame ƒe kpekpe akpa gãtɔ ƒe ɖoɖowɔɖi nua, ele be hadzidzi kple gbedodoɖa naxɔ miniti atɔ̃. Eya ta mele be nɔvi si ado gbe ɖa naƒo nu fũu o, vevietɔ le kpekpea ƒe gɔmedzedze.—Mat. 6:7. w22.07 24 ¶17-18
Yawoɖa, May 23
Miase aʋawɔwɔwo kple aʋawɔwɔwo ŋu nyawo. Gake dzika megatso mia ƒo o, elabena ele be nu siawo nava eme godoo, gake nuwuwu la meɖo haɖe o.—Mat. 24:6.
Yesu gblɔe ɖi be le ŋkeke mamlɛawo mea, dɔvɔ̃wo “ava teƒeteƒewo.” (Luka 21:11) Esia nyanya nana míeɖea dzi ɖi. Nu ka tae? Nu si tae nye be míekpɔe be nuwo le dzɔdzɔm abe ale si tututu Yesu gblɔe ɖi ene, taa mewɔa nuku na mí ne dɔvɔ̃wo do o. Míewɔna ɖe aɖaŋu si Yesu ɖo na ame siwo anɔ agbe le nuwuɣia dzi. Egblɔ be: “Dzika megatso mia ƒo o.” Ne dɔ aɖe kaka le miaƒe nutoa mea, ate ŋu agblẽ wò ɖoɖowo me, gake mègana wòagblẽ ɖoɖo siwo nèwɔ ɖe ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple kpekpeawo dede ŋu me o. Nuteƒekpɔkpɔ siwo le míaƒe agbalẽwo kple videowo me akpe ɖe ŋuwò nàkpɔe be mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo yi edzi le Yehowa subɔm le nɔnɔme sesẽ mawo tɔgbi me. w22.12 17 ¶4, 6
Fiɖa, May 24
Vɔ̃ dzɔna ɖe ame sia ame dzi.—Nyagb. 9:11, “Holy Bible—Easy-to-Read Version.”
Blemafofo Yakob lɔ̃ via Yosef vevie, eye Yosef foawo nya esia nyuie. (1 Mose 37:3, 4) Eya ta woʋã ŋui, eye esi mɔnukpɔkpɔ su wo sia, wodzrae na Midiantɔ asitsalawo. Asitsala mawo kplɔ Yosef yi Egipte si gbɔ didi kilometa alafa geɖe, eye wodzrae le afi ma hã na Potifar, si nye Farao ŋu dzɔlawo ƒe amegã. Alea wòdzɔe be nuwo trɔ kpata le Yosef ƒe agbe me. Eya si nye vi malɔ̃nugbɔa va zu kluvi dzro na Egiptetɔ! (1 Mose 39:1) Míawo hã míetoa nɔnɔme sesẽwo me abe ame sia ame ke ene. (1 Kor. 10:13) Gake esi míenye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo taa, míegatoa xaxa bubuwo hã me. Le kpɔɖeŋu me, amewo ɖua fewu le mía ŋu, wotsia tsitre ɖe mía ŋu eye wotia mía yome gɔ̃ hã le míaƒe xɔse ta. (2 Tim. 3:12) Nɔnɔme sesẽ ka kee ɖava dziwò o, Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzedze. w23.01 14-15 ¶3-4