Yawoɖa, September 3
Ðe anyigba blibo la ƒe Ʋɔnudrɔ̃la la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?—1 Mose 18:25.
Ðe susu nyuiwo li siwo tae míaka ɖe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo katã, esiwo gɔme míese kple esiwo gɔme mímese o dzia? Ɛ̃! Abe ale si Abraham va se egɔme enea, Yehowa si nye “anyigba bliboa ƒe ʋɔnudrɔ̃la” la nye nublanuikpɔla, ede blibo eye eƒe nunya ƒo ɖe sia ɖe ta. Ena hehe Via, eye wòtsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃a katã de esi. (Yoh. 5:22) Yehowa kple Via nya nu si le amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe dzi me. (Mat. 9:4) Eya ta ne wole ʋɔnu drɔ̃m amewoa, woawɔ “nu si le dzɔdzɔe” le ame ɖe sia ɖe gome! Mina míaɖoe kplikpaa be míaka ɖe Yehowa kple eƒe nyametsotsowo katã dzi. Míenya be eyae dze adrɔ̃ ʋɔnu, ke menye míawo o! (Yes. 55:8, 9) Ema tae míegblẽ ʋɔnudɔdrɔ̃wo katã ɖe Yehowa kple Via Yesu si me. Míenya be míaƒe Fia Yesu asrɔ̃ Fofoa adrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eye wòakpɔ nublanui ne ehiã.—Yes. 11:3, 4 w24.05 7 ¶18-19
Fiɖa, September 4
Yehowa nyɔa ŋu ameflula, ke tsi metoa eya kple nu dzɔdzɔe wɔlawo dome o.—Lod. 3:32.
Ele vevie ŋutɔ be míato nyateƒe le dzi me. Míede dzesi nu si tae esia le vevie esi Yesu do go Nataniel zi gbãtɔ. Esi Filipo kplɔ exɔlɔ̃ Nataniel va do go Yesu la, nane dzɔ si ɖe dzesi. Togbɔ be zi gbãtɔ koe nye ema Yesu do go Nataniel hã la, egblɔ tso eŋu be: “Kpɔ ɖa, Israel-vi akuakua, si me alakpa aɖeke mele o ye nye esi.” (Yoh. 1:47) Yesu kpɔe be Nataniel ƒe anukwareɖiɖi ɖe dzesi ŋutɔ. Nataniel mede blibo o abe míawo ke ene. Ke hã, alakpanuwɔwɔ aɖeke menɔ eme o; eɖia anukware le nuwo katã me. Yesu de dzesi esia eye wòkafu Nataniel ɖe eta. Nudidi siwo ana míadze Yehowa ŋu siwo dze le Psalmo 15 lia ƒe akpa gãtɔ ku ɖe ale si míewɔa nu ɖe amewo ŋu la ŋu. Psalmo 15:3 gblɔ be ame si le Yehowa ƒe agbadɔ me “metsɔa eƒe aɖe gblẽa ame ŋu o, mewɔa vɔ̃ ɖe ehavi ŋu o, eye medaa exɔlɔ̃wo ɖe anyi o.” Ne míetsɔa míaƒe aɖe gblẽa amewo ŋu la, ate ŋu agbã dzi na wo vevie.—Yak. 1:26. w24.06 10 ¶7, 9; 11 ¶10
Memleɖa, September 5
Aƒetɔ, gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã naa ta mí ne míeyɔ wò ŋkɔ la.—Luka 10:17.
Ne èdzra ɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu nyuiea, awɔe be nàɖe dzi ɖi ne èle nya nyuia gblɔm na amewo. Yesu kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu wodzra ɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu hafi wòdɔ wo ɖa. (Luka 10:1-11) Esi nusrɔ̃lawo wɔ ɖe Yesu ƒe mɔfiamewo dzia, wote ŋu wɔ dɔ nyui geɖe eye esia na dzi dzɔ wo ale gbegbe. Aleke wòle be míadzra ɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu? Ehiã be míabu nya siwo míagblɔ la ŋu nyuie, eye míagblɔ wo le mía ŋutɔwo ƒe nyagbewo me. Anyo hã be míabu ale si amewo awɔ nui, kple nya siwo woate ŋu abia ŋu do ŋgɔ, eye míabu nu siwo míawo hã míawɔ kple ale si míaɖo nya ŋu na woe ŋu. Ne ète ŋu wɔe alea, àɖe dzi ɖi aɖo nukomo ahado vivi ɖe amewo ŋu. w24.04 16 ¶6-7