NYATI SI LE AKPAA DZI
Ðe Afɔku Le Gbɔdɔdɔnuwɔnawo Kpɔkpɔ Mea?
Gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔa xɔ aƒe ɖe egbexexea me. Wotea ŋu dzena le boblododowo, nudodowo, filmwo, hadzidziwo, magazinewo kple videofefewo me, eye wodzena le televisionwo kple asitelefonwo kpakple Internet hã dzi. Eye fifia la amewo ɖoa gbɔdɔnuwo ɖe wo nɔewo to Internet dzi gɔ̃ hã. Ame geɖe va da asi ɖe gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ dzi. Le teƒe geɖewo la, ame geɖewo va ƒo wo ɖokuiwo ɖe gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ me fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe.—Kpɔ aɖaka si nye “Gbɔdɔdɔnuwɔnawo Kpɔkpɔ Ŋuti Nya Aɖewo.”
Gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ ƒe mɔnuwo hã le tɔtrɔm. Nufialagã Gail Dines ŋlɔ bena: “Foto siwo wobuna be wonye gbɔdɔdɔnuwɔna ɖigbɔwo tsã la va zu nu siwo ŋu ame geɖewo doa vivi ɖo.”
Nu kae nèsusu tso tɔtrɔ siawo ŋu? Ðe gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ nye modzakaɖenu si me afɔku aɖeke mele oa? Alo ɖe wògblẽa nu le ame ŋu boŋ? Yesu gblɔ be: “Ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui, gake ati [manyomanyo] ɖe sia ɖe tsea ku si menyo na naneke o.” (Mateo 7:17) Ku kae gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ nana ame tsena? Be míakpɔ nya sia ƒe ŋuɖoɖo la, na míadzro nyabiase vevi siwo ku ɖe nuwɔna sia ŋu la me.
Nu kae gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ gblẽna le ame ŋu?
NYA SI NUMEKULAWO GBLƆ: Gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ zua numame na ame bɔbɔe, eye numekulawo kple atikewɔla aɖewo gɔ̃ hã tsɔe sɔ kple kokein sesẽ nono.
Brian,b si Internet dzi gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ zu numame na la gblɔ be: “Mewɔ ɖe sia ɖe be madzudzɔe do kpo. Ðeko wòwɔna abe gbɔgbɔe wònye dze dzinye ene. Meƒona tititi eye ta ɖuam vevie. Medze agbagba be madzudzɔe, gake togbɔ be ƒe geɖee nye esi va yi hã la, ekpɔtɔ ganye numame nam kokoko.”
Zi geɖe la, ame siwo kpɔa gbɔdɔdɔnuwɔnawo la wɔnɛ le bebeme. Wonye bebemenuwɔlawo kple ameflulawo. Mewɔ nuku o be ame siawo dometɔ geɖe ɖea wo ɖokuiwo ɖe aga, ŋu kpea wo, nu tena ɖe wo dzi, woléa blanui eye wodoa dziku kabakaba. Ɣeaɖewoɣi la, wodina gɔ̃ hã be yewoawu yewo ɖokuiwo. Serge, ame si wɔa gbɔdɔdɔnuwɔnawo ƒe kɔpi dana ɖe eƒe asitelefon dzi gbe sia gbe kloe la gblɔ be: “Ðokuinye ŋu ko mebuna, eye dzi ɖena le ƒonye. Mesena le ɖokuinye me be nyemele ɖeke me o, meɖi fɔ, metsi akogo eye be mɔ̃ ɖem. Ekpea ŋu nam vevie be mabia kpekpeɖeŋu eye wòsesẽna nam hã.”
Ne ame kpɔ gbɔdɔdɔnuwɔnawo le vo me alo kpɔe ɣeyiɣi vi aɖe gɔ̃ hã la, ate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe edzi. Nunyalagã Judith Reisman, si nye ame siwo xɔ ŋgɔ le numekukuwɔwɔ le gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ ŋu me la dometɔ ɖeka, gblɔ le United States ƒe Sewɔha ŋkume be: “Gbɔdɔdɔnuwɔna ƒe nɔnɔmetatawo ate ŋu alé ɖe susu me na ame ɖikaa eye wotea ŋu trɔa ame ƒe nuŋububu, eye wonana be nu siwo tsia susu me na ame ɖaa si metea ŋu tutuna ɖa bɔbɔe alo si mate ŋu atutu ɖa o la vaa susu me na ame zi ɖeka le vo me.” Susan, si xɔ ƒe 19, ame si kpɔ gbɔdɔdɔnuwɔna le Internet dzi le vo me la, gblɔ be: “Nu si mekpɔ la tsi susu me nam ɖikaa. Evaa susu me nam le vo me. Ewɔna nam be nyemate ŋu aŋlɔe be keŋkeŋ gbeɖe o.”
NYA VEVITƆ: Gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ wɔa ekpɔla kluvii eye wogblẽa nu le eŋu.—2 Petro 2:19.
Nu kae gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ gblẽna le ƒomewo ŋu?
NYA SI NUMEKULAWO GBLƆ: “Gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ maa srɔ̃tɔwo kple ƒomewo dome.”—The Porn Trap, si Wendy kple Larry Maltz ta.
Gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ gblẽa srɔ̃tɔwo kple ƒomewo dome le mɔ sia nu be
Enana be srɔ̃tɔwo megakana ɖe wo nɔewo dzi o, womeganɔa kplikplikpli o, eye womegalɔ̃a wo nɔewo o.—Lododowo 2:12-17.
Enana be wozua ɖokuitɔdilawo, ame siwo megaɖea woƒe seselelãme fiana o eye wo srɔ̃wo megaɖia kɔ na wo o.—Efesotɔwo 5:28, 29.
Enana be wonɔa gbɔdɔnuwɔna ɖigbɔwo ŋu bum eye wodzroa wo vevie.—2 Petro 2:14.
Enana be ekpɔlawo zia gbɔdɔnuwɔna manyomanyowo ɖe wo srɔ̃wo dzi.—Efesotɔwo 5:3, 4.
Enana be ame siwo menye wo srɔ̃wo o la ƒe nu va nɔa dzi lém na wo alo wowɔa ahasi.—Mateo 5:28.
Biblia gblɔ na srɔ̃tɔwo be ‘womegawɔ nu tovo’ ɖe wo nɔewo ŋu o. (Maleaxi 2:16) Nuteƒemawɔmawɔ nye nu tovo wɔwɔ ƒomevi si ate ŋu agblẽ srɔ̃tɔwo dome ahana woaklã alo agbe wo nɔewo. Kaklã alo srɔ̃gbegbe sia gblẽa nu le wo viwo ŋu.
Gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ tea ŋu gblẽa nu le ɖeviwo ŋu tẽe. Brian si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Esi mexɔ ƒe ewo, eye míenɔ fefe si nye bebe wɔm la, meva ke ɖe fofonye ƒe agbalẽ aɖe si me gbɔdɔdɔnuwɔnawo ƒe nɔnɔmetatawo le la ŋu. Menɔa nɔnɔmetata mawo kpɔm le bebeme, ke hã nyemenya nu si tututu tae wo kpɔkpɔ dzɔa dzi nam nenema o. Nuwɔna gbegblẽ sia tsi asinye metsɔ tsii.” Numekukuwo ɖee fia be gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ tea ŋu nana be ƒewuiviwo va tea gomekpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ me kaba eye wodɔna kple ame vovovowo, wodɔa amewo gbɔ sesẽe, eye womedana sɔna le seselelãme kple susu me o.
NYA VEVITƆ: Gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ gblẽa ame kple eƒe ame veviwo dome eye wòhea dzigbagbã kple vevesese geɖe vanɛ.—Lododowo 6:27.
Nya kae Biblia gblɔ tso gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ ŋu?
MAWU ƑE NYA LA GBLƆ BE: ‘Miwu miaƒe ŋutinuwo le agbe gbegblẽ nɔnɔ, makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro, dzodzro vɔ̃, kple ŋubiabiã, si nye trɔ̃subɔsubɔ, la gome.’—Kolosetɔwo 3:5.
Kpuie ko la, Yehowac Mawu lé fu gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ. Esia mefia be esi medina be amewo nakpɔ gome le gbɔdɔdɔ me tae o. Ewɔ vidzinuwo na mí eye wòɖo tame be srɔ̃tɔwo nawɔ wo ŋu dɔ atsɔ ado dzidzɔ na wo nɔewo, woƒe nu nalé dzi na wo nɔewo, eye woakpɔ gome le nu wɔnuku si nye be woadzi ɖe anyigba dzi la me.—Yakobo 1:17.
Ke nu ka tae míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi be Yehowa lé fu gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ vevie? Bu susu siwo tae la dometɔ ʋɛ aɖewo ŋu kpɔ.
Enyae be gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ gblẽa amewo ƒe agbe dome.—Efesotɔwo 4:17-19.
Elɔ̃ mí eye wòdi be yeakpɔ mía ta be nu nagagblẽ le mía ŋu o.—Yesaya 48:17, 18.
Yehowa di be yeakpɔ srɔ̃ɖeɖewo kple ƒomewo ta.—Mateo 19:4-6.
Edi be míanɔ dzadzɛ le agbenɔnɔ me eye míade bubu ame bubuwo ƒe gomenɔamesiwo ŋu.—1 Tesalonikatɔwo 4:3-6.
Edi be míade bubu míaƒe vidzinuwo ŋu ahazã wo le mɔ si ŋu bubu le la nu.—Hebritɔwo 13:4.
Yehowa nyae be gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ ɖea Satana ƒe susu totro kple eƒe ɖokuitɔdidi ƒe susu le gbɔdɔdɔ ŋu fiana.—1 Mose 6:2; Yuda 6, 7.
NYA VEVITƆ: Gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ gblẽa ame kple Mawu dome.—Romatɔwo 1:24.
Ke hã, Yehowa sea veve ɖe ame siwo le agbagba dzem be yewoadzudzɔ gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ la ŋu vevie. Biblia gblɔ be: “Nublanuikpɔla kple amenuvela enye Yehowa, egbɔa dzi ɖi blewu, eye amenuveve bɔ ɖe esi. Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” (Psalmo 103:8, 14) Ekpe ɖokuibɔbɔlawo be woatrɔ ɖe ye ŋu ne ‘yeakpɔ nublanui na wo, eye yeave wo nu, wòanye kpekpeɖeŋu si sɔ ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.’—Hebritɔwo 4:16; kpɔ aɖaka si nye “Ale Si Nàwɔ Adzudzɔ Gbɔdɔdɔnuwɔnawo Kpɔkpɔ.”
Ame gbogbo aɖewo lɔ̃ xɔ Mawu ƒe kpekpeɖeŋu. Ðe eƒe kpekpeɖeŋua ɖe vi na woa? De dzesi nya si Biblia gblɔ tso ame siwo te ŋu ɖu numame gbegblẽwo dzi la ŋu. Egblɔ be: “Wole tsi na mi nyuie, . . . wona mia ŋuti kɔ, . . . wobu mi ame dzɔdzɔewo le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me kpakple mía Mawu ƒe gbɔgbɔ la.” (1 Korintotɔwo 6:11) Abe ale si apostolo Paulo gblɔe ene la, ame siawo hã ate ŋu agblɔ be: “Le nuwo katã gome la, mekpɔa ŋusẽ tso ame si doa ŋusẽm la gbɔ.”—Filipitɔwo 4:13.
Susan si te ŋu ɖu gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ dzi la gblɔ be: “Yehowa koe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdzudzɔ numame gbegblẽ ma. Ne èbiae be wòakpe ɖe ye ŋu la, ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ agbe dzadzɛ. Magbe kpekpe ɖe ŋuwò o.”
a Nya “gbɔdɔdɔnuwɔnawo kpɔkpɔ” lɔ nuwɔna siwo dzena gaglãa, siwo ŋu wotrɔ asi le be woanyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ekpɔla, exlẽla kple esela me. Ate ŋu anye fotowo alo nuŋɔŋlɔwo loo alo nya siwo wolé ɖe mɔ̃ dzi.
b Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.
c Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.