-
Tso Egipte Yi Ŋugbedodonyigba La dzi‘Kpɔ Anyigba Nyui la Ða’
-
-
Esi ɣeyiɣia de mlɔeba be Israel-viwo nage ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Israel-viwo mezɔ mɔa tẽ ɖo ta dziehe o. Woto Edomtɔwo ƒe nuto vevi aɖewo me eye woɖo ta dziehe gome heto “mɔ gã” si nye Fia ƒe Mɔ Gã la dzi. (Mo IV, 21:22; Mo V, 2:1-8) Menɔ bɔbɔe be dukɔ blibo—si me ɖeviwo, lãwo, kple woƒe avɔgbadɔwo nɔ—nato mɔ sia o. Ehiã be woanɔ fli me aɖi abu ato agadomɔ xaxɛwo—siwo nye Zered kple Arnon (siwo me goglo wòade meta 520)—hafi agalia togbɛawo.—Mo V, 2:13, 14, 24.
-