-
Asitɔtrɔ Le Hakplɔɖoɖowo Ŋu Hena ‘Ŋutifafa Mawu La’ SubɔsubɔMawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
-
-
“Matsɔ Ŋutifafa Aɖo Tatɔe Na Wò”
6, 7. (a) Yesaya 60:17 me nyawo gɔme ɖe? (b) Nu kae “tatɔ” kple “dɔnunɔla” siwo ŋu woƒo nu tsoe la fia?
6 Abe ale si míedzro eme le agbalẽ sia ƒe Ta 9 lia me ene la, Yesaya gblɔe ɖi be Yehowa ayra eƒe amewo woadzi ɖe edzi. (Yes. 60:22) Gake Yehowa do ŋugbe be yeawɔ nu si gade ŋgɔ wu ema gɔ̃ hã. Egblɔ le nyagblɔɖi ma ke me be: “Mahe sika vɛ ɖe akɔbli teƒe kple klosalo ɖe gayibɔ teƒe, akɔbli ɖe ati teƒe, eye gayibɔ ɖe kpewo teƒe, matsɔ ŋutifafa aɖo tatɔe na wò kple dzɔdzɔenyenye aɖo wò dɔnunɔlae.” (Yes. 60:17) Nyagblɔɖi sia gɔme ɖe? Aleke wòku ɖe mía ŋu egbeae?
Menye ɖe nuawo gblẽ tae woatsɔ bubuwo aɖɔlii o, ke boŋ nuawo nyo gake woatsɔ esiwo ganyo wu aɖo wo teƒe
7 Yesaya ƒe nyagblɔɖia gblɔ be woatsɔ nanewo aɖɔli bubuwo. Ke hã, de dzesii be menye ɖe nuawo gblẽ tae woatsɔ bubuwo aɖɔlii o, ke boŋ nuawo nyo gake woatsɔ esiwo ganyo wu aɖo wo teƒe. Le kpɔɖeŋu me, akɔbli nyo gake sika si wova tsɔ ɖo eteƒe la ganyo wu, eye nenemae wòle le nu bubu siwo woyɔ le nyagblɔɖia me hã gome. Eya ta Yehowa to kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia dzi gblɔe ɖi be yeatrɔ asi le yeƒe amewo ŋu vivivi be nɔnɔme si me wole la naganyo ɖe edzi. Asitɔtrɔ ka ƒomevi ŋue nyagblɔɖi sia ku ɖo? Esi Yehowa ƒo nu tso “tatɔ” kple “dɔnunɔla” ŋu le nyagblɔɖi sia me la, efia be asitɔtrɔ siawo aku ɖe eƒe amewo dzi kpɔkpɔ kple woƒe hakplɔɖoɖowo ŋu.
8. (a) Ame kae hea tɔtrɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe le Yesaya ƒe nyagblɔɖia me la vɛ? (b) Aleke tɔtrɔ siawo ɖea vi na míi? (Kpɔ aɖaka si nye “Ebɔbɔ Eɖokui Hexɔ Ðɔɖɔɖo” hã.)
8 Ame kae ahe hakplɔɖoɖo ŋuti tɔtrɔ siawo vɛ? Yehowa gblɔ be: “Mahe sika vɛ ɖe akɔbli teƒe kple klosalo ɖe gayibɔ teƒe, . . . matsɔ ŋutifafa aɖo tatɔe na wò.” Nyateƒee, Yehowa ŋutɔe hea hakplɔɖoɖo ŋuti tɔtrɔawo vɛ, ke menye amegbetɔ aɖekee o. Tso esime Yehowa ɖo Via Yesu Fiae la, eya koŋ dzi tom wòle le tɔtrɔ siawo hem vɛ. Aleke tɔtrɔ siawo le vi ɖem na míi? Ŋɔŋlɔ ma ke gblɔ be tɔtrɔ mawo ahe “ŋutifafa” kple “dzɔdzɔenyenye” vɛ. Ne míexɔ Mawu ƒe mɔfiame hewɔ asitɔtrɔ siwo hiã la, ewɔnɛ be ŋutifafa nɔa mía dome eye míelɔ̃a dzɔdzɔenyenye. Esia ʋãa mí míeyia edzi subɔa Yehowa, ame si apostolo Paulo yɔ be “ŋutifafa ƒe Mawu.”—Flp. 4:9.
-
-
Asitɔtrɔ Le Hakplɔɖoɖowo Ŋu Hena ‘Ŋutifafa Mawu La’ SubɔsubɔMawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
-
-
Asitɔtrɔ Le Hakplɔɖoɖowo Ŋu Na Mawu Ƒe Amewo Ƒe Ðekawɔwɔ Me Gasẽ Ðe Edzi
22. Aleke dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa nana Kristo hamea ƒe ɖekawɔwɔ me gasẽna ɖe edzi? (Kpɔ aɖaka si nye “Míaƒe Nu Koe Ku” hã.)
22 Abe ale si míekpɔe va yi ene la, Yehowa gblɔe ɖi be yeana yeƒe amewo ƒe ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye nadzi ɖe edzi vivivi. (Yes. 60:17) Nɔnɔme nyui eve siawo nana ɖekawɔwɔ si le hameawo me la me gasẽna ɖe edzi. Le mɔ ka nu? Míenya be “mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe!” (5 Mose 6:4) Eya ta le dzɔdzɔenyenye gome la, eƒe dzidzenu dzɔdzɔewo metoa vovo tso hame me yi hame me alo tso dukɔ aɖe me yi bubu me o. Ke boŋ eƒe dzidzenu siwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu la le ɖeka “le ame kɔkɔewo ƒe hamewo katã me.” (1 Kor. 14:33) Esia fia be nuwo azɔ nyuie le hamea me ne wowɔna ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo dzi. Le ŋutifafa gome la, menye ɖeko míaƒe Fia la di be ŋutifafa nanɔ hamea me ko evɔ o, edi be míanye “ŋutifafawɔlawo” hã. (Mat. 5:9) Eya ta míetiaa “nu siwo naa ŋutifafa nɔa anyi” yome. Míetrea afɔ ɖeɖe be míakpɔ masɔmasɔ siwo ate ŋu ado mo ɖa le mía dome ɣeaɖewoɣi la gbɔ. (Rom. 14:19) Míato esia dzi ana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nakpɔtɔ anɔ hamea me.—Yes. 60:18.
-