INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Amekae Ate Ŋu Anɔ Te Ðe Aƒetɔwo Ƒe Aƒetɔ La Nu?
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
    • 14. Nya kae mawudɔla Gabriel gblɔ le kpɔɖeŋudzo sue la ƒe dɔwɔna ŋu, eye nukae adzɔ ɖe dzo ma dzi?

      14 Hafi míate ŋu ase nya siwo míeyɔ va yi gɔme la, ele be míase nya si mawudɔla la agblɔ. Esi mawudɔla Gabriel fia asi fiaɖuƒe ene siwo ado tso Alexander ƒe fiaɖuƒea me ƒe dziɖuɖu megbe la, egblɔ be: “Ne woƒe dziɖuɖu wu nu, eye nu vlo wɔwɔwo nu flɔ la, fia [si ɖo adãmo, NW ], si dze aɖaŋu la, ado. Ŋusẽ anɔ eŋu, ke menye to eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o, agblẽ nu eteƒe makɔ o, eye eƒe nuwɔwɔ adze edzi nɛ, eye wòatsrɔ̃ ame geɖewo kple ame kɔkɔewo ƒe dukɔ la. Eƒe asi ana alakpadada nadze edzi nɛ le eƒe ayedzedze ta, ado eɖokui ɖe dzi le dzi me, eye wòatsrɔ̃ ame geɖewo le vo me; ado eɖokui ɖe dzi ɖe aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ la ŋu, ke woagbãe gudugudu, ame ƒe asi manɔmee.”—Daniel 8:23-25.

  • Amekae Ate Ŋu Anɔ Te Ðe Aƒetɔwo Ƒe Aƒetɔ La Nu?
    Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!
    • WOGBÃ “EƑE NƆƑE KƆKƆE” LA

      20. Amekawoe nye “dziƒoʋakɔ” la kple ‘dzinuvi’ siwo dzo suea te kpɔ be yeadudu ƒo ɖe anyi?

      20 Dzo sue la “[do] eɖokui ɖe dzi ɖe dziƒo ŋu nuwo ŋuti, eye wòdudu dziƒo ŋu nu aɖewo kple dzinuviwo ƒo ɖe anyi.” Le mawudɔla la ƒe numeɖeɖe nu la, “dziƒo ŋu nuwo” kple ‘dzinuvi’ siwo dzo sue la te kpɔ be yeadudu ƒo ɖe anyi la nye “ame kɔkɔewo ƒe dukɔ.” (Daniel 8:10, 24) ‘Ame kɔkɔe’ siawo nye Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na. Esi nubabla yeye si Yesu Kristo ƒe ʋu si wòkɔ ɖi na wòle dɔ wɔm la wɔe be ƒomedodo va le wo kple Mawu dome ta la, wokɔ wo ŋu, wole tsi na wo, heɖe wo ɖe vovo koŋ na Mawu subɔsubɔ. (Hebritɔwo 10:10; 13:20) Esi Yehowa ɖoe be woanye domenyilawo akpe ɖe ye Vi ŋu le dziƒodomenyinyia me ta la, ebua wo ame kɔkɔewoe. (Efesotɔwo 1:3, 11, 18-20) Ekema “dziƒo ŋu nuwo” si le Daniel ƒe ŋutega la me fia ‘ame kɔkɔe’ 144,000 la ƒe ame susɔe siwo le anyigba dzi, amesiwo aɖu fia kple Alẽvi la le dziƒo.—Nyaɖeɖefia 14:1-5.

      21. Amekae le “nɔƒe kɔkɔe” si xexemefiaɖuƒe adrelia di be yeawɔ aƒedoe?

      21 Egbea ame 144,000 la ƒe ame susɔeawoe nye “dziƒo Yerusalem”—Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le abe du ene—kple eƒe gbedoxɔ me ɖoɖoa teƒenɔlawo le anyigba dzi. (Hebritɔwo 12:22, 28; 13:14) Le gɔmesese sia nu la, wole “nɔƒe kɔkɔe” aɖe si dzi xexemefiaɖuƒe adrelia la di be yeafanya ahawɔe aƒedoe. (Daniel 8:13) Esi Daniel nɔ nu ƒom tso kɔkɔeƒe ma ŋu be enye “[Yehowa ƒe] nɔƒe kɔkɔe” hã la, egblɔ be: “[Exɔ] gbesiagbe vɔsa le [Yehowa si] hegbã eƒe nɔƒe kɔkɔe la. Wòtsɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ho aʋa ɖe gbesiagbe vɔsa ŋu; elé nyateƒe ƒu anyi, eye eƒe nuwɔwɔ dze edzi nɛ.” (Daniel 8:11, 12) Aleke esia va emee?

      22. Aleke xexemefiaɖuƒe adrelia wɔ “nu vɔ̃ɖi” tɔŋku aɖe le Xexemeʋa II wɔɣi?

      22 Nɔnɔme ka mee Yehowa Ðasefowo to le Xexemeʋa II wɔɣi? Woti wo yome vevie! Edze egɔme tso Nazi kple Fasi dukɔwo me. Gake eteƒe medidi o ‘wonɔ nyateƒe lém ƒu anyi’ le ‘dzo sue si va kpɔ ŋusẽ ɖe edzi’ la ƒe dziɖuƒe gã bliboa katã me. Woɖo asi Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe ‘aʋakɔa’ kple woƒe dɔ si nye gbeƒãɖeɖe ‘nyanyuia’ dzi le Britain Dziɖuƒea katã kloe. (Marko 13:10) Esime dukɔ siawo zi woƒe amewo dzi ɖe asrafodɔ me la, womelɔ̃ be yewoaɖe Yehowa Ðasefowo le eme le esi wonye subɔlawo ta o, si nye bubumademade Mawu ƒe subɔla si wonye le teokrasiɖoɖo nu la ŋu. Yehowa subɔla nuteƒewɔlawo to nuvlowɔhawo ƒe amedzidzedze kple gbɔɖiame vovovowo me le United States. Xexemefiaɖuƒe adrelia la to esia me te kpɔ be yeaxɔ kafukafuvɔsa—‘nuyi ƒe kutsetse’—si Yehowa ƒe amewo tsɔna nɛ edziedzi wònye woƒe tadedeagu ƒe akpa si wowɔna “gbesiagbe” la. (Hebritɔwo 13:15) Xexemefiaɖuƒe ma wɔ “nu vɔ̃ɖi” si nye be ege ɖe Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe dziɖuƒe si dze nɛ la—si nye “eƒe nɔƒe kɔkɔe.”

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe