INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ‘Minɔ Nye Nya La Me’
    Gbetakpɔxɔ—2003 | February 1
    • 16. (a) Amekawoe ɖi ŋunyigba la? (b) Le Nyanyuigbalẽ etɔ̃awo nu la, nukae ŋuawo tsi tre ɖi na?—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.

      16 Amekawo ƒomevie ɖi ŋunyigba la? Yesu ɖe eme be: “Woawo nye amesiwo see, eye wodzo heyi, eye agbagbadzedze kple kesinɔnuwo kple agbe ƒe dzidzɔwo vu tsyɔ wo dzi, eye wometsena ɖina o.” (Luka 8:14) Abe alesi nukuwulaa ƒe nukua kple ŋuawo nɔ tsitsim le ɣeyiɣi ɖeka mee ene la, nenemae ame aɖewo dzea agbagba be yewoaxɔ Mawu ƒe nya la kpakple ‘agbe sia me ƒe dzidzɔdonuwo’ le ɣeyiɣi ɖeka me. Woƒã Mawu ƒe nya ƒe nyateƒea ɖe woƒe dzi me, gake nya la kple nu bubu siwo yome wotina ʋlia woƒe ɣeyiɣi. Woƒe kpɔɖeŋudzia ma. (Luka 9:57-62) Esia xea mɔ na wo be womekpɔa ɣeyiɣi geɖe tsɔ dea ŋugble le Mawu ƒe nya ŋu kple gbedodoɖa o. Wodoa kpo wo ɖokui ƒoƒo ɖe Mawu ƒe nya la me bliboe si wɔnɛ be ŋudzedzekpɔkpɔ si tsoa dzi me si wohiã hena dzidodo la bɔa wo. Ʋɛʋɛʋɛ la, ŋutilãmetaɖodzinuwo va kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe ɖetsɔtsɔ le gbɔgbɔmenuwo me dzi ‘hevuna tsyɔa wo keŋkeŋ.’c Aleke gbegbee amesiwo melɔ̃ Yehowa kple dzi blibo o ƒe nuwuwu wɔ nublanui enye si!—Mateo 6:24; 22:37.

      17. Tiatia kawoe wòle be míawɔ le agbe me bena kpɔɖeŋuŋu siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe lododoa me nagavu atsyɔ mí o?

      17 To gbɔgbɔmenuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ na ŋutilãmenuwo me la, míana xexe sia me ƒe vevesesewo kple dzidzɔdonuwo navu atsyɔ mí o. (Mateo 6:31-33; Luka 21:34-36) Mele be míaŋe aɖaba aƒu Biblia xexlẽ kpakple ŋugbledede le nusi míexlẽ ŋu dzi gbeɖegbeɖe o. Ne míewɔ míaƒe agbe tsɛe alesi wòanya wɔe la, míakpɔ ɣeyiɣi geɖe atsɔ ade ŋugble vevie gbedodoɖatɔe. (Timoteo I, 6:6-8) Mawu subɔla siwo wɔe nenema—siwo ho ŋuawo le anyigbaa dzi le kpɔɖeŋumɔ nu be nuku tsekua nakpɔ nunyiame, ŋdɔ, kple nɔƒe—la le teƒeɖoɖo geɖe kpɔm tso Yehowa gbɔ. Sandra, si xɔ ƒe 26 la gblɔ be: “Ne mede ŋugble le yayra siwo mekpɔ le nyateƒea me ŋu la, mekpɔnɛ dzea sii be naneke mele xexeame si wòanam si sɔ kplii o!”—Psalmo 84:12.

  • ‘Minɔ Nye Nya La Me’
    Gbetakpɔxɔ—2003 | February 1
    • c Le Yesu ƒe lododoa ŋuti nuŋlɔɖi si le Nyanyuigbalẽ etɔ̃awo me nu la, xexe sia me ƒe vevesesewo kple dzidzɔdonu siwo nye: “Xexeame ƒe agbagbadzedzewo” “kesinɔnuwo ƒe beble” “nu mamleawo ƒe amedzodzro” kpakple ‘agbe sia me ƒe dzidzɔdonuwoe’ vu tsyɔ nukua dzi.—Marko 4:19; Mateo 13:22; Luka 8:14; Yeremya 4:3, 4.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2026 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe