-
Ewɔ Nuteƒe Le Dodokpɔwo MeSrɔ̃ Woƒe Xɔse
-
-
Eyi Edzi Wɔ Nuteƒe Esi Woɖɔe Ðo
11. Afi kae Yesu kplɔ eyomedzelawo yi? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)
11 Le nudzɔdzɔ ma megbe kpuie la, Yesu kplɔ eƒe apostoloawo kple nusrɔ̃la aɖewo wozɔ mɔ legbee aɖe yi dziehe gome. Xermon To si tame sno dzana ɖo, si le dziehe ɖaa le Ŋugbedodonyigbaa ƒe liƒo dzi la dzena wokpɔna ɣeaɖewoɣi tso Galilea Ƒua si le blɔ la dzi. Esi wonɔ tetem ɖe toa ŋu ʋɛʋɛʋɛ la, wova kpɔe be ekɔkɔ ŋutɔ, eye wote toa lialia ɖo ta kɔƒe siwo te ɖe Kaisarea Filipi ŋu la me.b Esi wova ɖo nuto sia si nya kpɔ ŋutɔ me, afi si woate ŋu akpɔ Ŋugbedodonyigbaa ƒe anyiehe katã kloe le la, Yesu bia nya vevi aɖe eyomedzelawo.
12, 13. (a) Nu ka tae Yesu di be yeanya ame si amewo buna be yenye? (b) Aleke ale si Petro ɖo nya ŋu na Yesu la ɖee fia be xɔse vavã le esi?
12 Yesu bia wo be: “Ame kae amehaawo le gbɔgblɔm be menye?” Míate ŋu akpɔe ɖaa le susu me be Petro le Yesu ƒe ŋkume kpɔm tututu hede dzesi eƒe Aƒetɔa ƒe tufafa kple eƒe nunya deŋgɔ la le eƒe mo. Yesu di be yeanya nya siwo ame siwo se yeƒe nyawo hekpɔ nu siwo yewɔ la le gbɔgblɔm tso ye ŋu. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nya totro vovovo siwo ame geɖe gblɔna tso ame si wònye ŋu. Gake Yesu di be yeagaku nyaa me ayi ŋgɔe. Nukpɔsusu totro mawo kee nɔ eyomedzela siawo siwo nɔa eŋu kplikplikpli la hã sia? Eya ta ebia wo be: “Ke miawo ya ɖe, ame kae miegblɔna be menye?”—Luka 9:18-20.
-
-
Ewɔ Nuteƒe Le Dodokpɔwo MeSrɔ̃ Woƒe Xɔse
-
-
b Afi si wotso le Galilea Ƒua nu la nye teƒe si yi anyi me wu atsiaƒu ƒe sɔsɔme abe meta 210 ene, eye wozɔ kilometa 50 ƒe mɔ to nuto dzeaniwo me va ɖo teƒe si kɔ wu atsiaƒu ƒe sɔsɔme abe meta 350 ene.
-