-
Ðo To Yehowa Ƒe GbeGbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na) (2019) | March
-
-
“MIÐO TOE”
7. Le Mateo 17:1-5 ƒe nya nu la, nudzɔdzɔ ka mee Yehowa ƒo nu tso dziƒo le, eye nya kae wògblɔ?
7 Xlẽ Mateo 17:1-5. Zi evelia si Yehowa ƒo nu tso dziƒoe nye esime Yesu ƒe “dzedzeme trɔ.” Yesu kplɔ Petro, Yakobo, kple Yohanes yi to kɔkɔ aɖe dzi. Esi wonɔ afi ma la, wo ame etɔ̃a wokpɔ ŋutega wɔnuku aɖe. Yesu ƒe mo klẽ abe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene. Ame eve aɖewo siwo le tsitre ɖi na Mose kple Eliya la va nɔ dze ɖom kple Yesu tso eƒe ku kple eƒe tsitretsitsi ŋu. Togbɔ be apostoloawo nɔ “alɔ̃ dɔm” hã la, wokpɔ ŋutega wɔnuku sia esime woƒe mo va kɔ keŋkeŋ. (Luka 9:29-32) Eyome, alilikpo keklẽ aɖe do vɔvɔli ɖe wo dzi, eye wose gbe aɖe ɖi tso alilikpoa me—Mawu ƒe gbee! Abe ale si Yehowa wɔe le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔɣi ene la, egaɖee fia ake be yekpɔ ŋudzedze ɖe ye Via ŋu eye yelɔ̃e, esi wògblɔ be: “Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye.” Gake le go sia me la, Yehowa gblɔ kpee be: “Miɖo toe.”
-
-
Ðo To Yehowa Ƒe GbeGbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na) (2019) | March
-
-
9. Aɖaŋu nyui kawoe Yesu ɖo na eƒe nusrɔ̃lawo?
9 “Miɖo toe.” Yehowa na eme kɔ nyuie be yedi be míaɖo to ye Via ƒe nyawo ahawɔ wo dzi. Nya kawoe Yesu gblɔ esime wònɔ anyigba dzi? Egblɔ nya vevi geɖe! Le kpɔɖeŋu me, lɔlɔ̃ ʋãe wòfia eyomedzelawo ale si woaɖe gbeƒã nya nyui lae, eye eɖo ŋku edzi na wo enuenu be woanɔ ŋudzɔ. (Mat. 24:42; 28:19, 20) Egblɔ na wo hã be woaʋli sesĩe, eye wòde dzi ƒo na wo be woagana ta o. (Luka 13:24) Yesu te gbe ɖe ale si wòle vevie be ye yomedzelawo nalɔ̃ wo nɔewo, ayi edzi awɔ ɖeka ahawɔ yeƒe sededewo dzi la dzi na wo. (Yoh. 15:10, 12, 13) Aɖaŋu nyui kawoe nye esiawo Yesu ɖo na eƒe nusrɔ̃lawo! Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo mawo le vevie na míawo hã egbea abe ale si wònɔ na eƒe nusrɔ̃lawo ɣemaɣi ene.
-